Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Anɔ Dzadzɛ Le Agbegbegblẽnɔnɔ Ƒe Xexeme

Àte Ŋu Anɔ Dzadzɛ Le Agbegbegblẽnɔnɔ Ƒe Xexeme

Àte Ŋu Anɔ Dzadzɛ Le Agbegbegblẽnɔnɔ Ƒe Xexeme

ŊUTSUA ƒe ŋutigbalẽ le yie eye wòdze ɖeka. Nyɔnua dze aɖaŋu eye wòdze tugbe. Wowɔa dɔ le dɔwɔƒe ɖeka. Nyɔnua tsɔa ɖe le eme na ŋutsua vevie. Ŋutsua kafua nyɔnua. Wonaa nu wo nɔewo. Eteƒe medidi o wozu lɔlɔ̃tɔwo. Ŋutsua ɖe asi le srɔ̃a ŋu le nyɔnua ta. Le nuwuwu la, nyɔnua gbe be yemagbe ye srɔ̃ o eye be yewoadzudzɔ yewoƒe zɔzɔa. Ŋutsua tsɔ dzi afã kple afã dze agbagba be yeatrɔ yi ye srɔ̃ gbɔ. Gake esi meɖe vevesese vavã aɖeke fia o ta la, medze edzi nɛ o. Togbɔ be amesiwo katã nyaa ka se veve hã la, amesiame tsɔ eƒe mɔ.

Womegabua gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ be enye nu nyui le xexe sia me o. Edze abe vivisese kple dzidzemekpɔkpɔ didi megbemakpɔmakpɔe va bɔ ɖe afisiafi ene. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Edze abe ahasiwɔwɔ xɔ xexeame katã ene eye, le teƒe aɖewo la, ɖeko wòle abe srɔ̃ɖeɖe ene.”

Gake Yehowa Mawu di be “bubu” nanɔ srɔ̃ɖeɖe me “le amewo katã dome” eye “woagaƒo ɖi” srɔ̃ɖeba la o. (Hebritɔwo 13:4) Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, . . . [manyi] mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Eyata be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ehiã be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ le agbegbegblẽnɔnɔ ƒe xexe sia me.

Aleke míakpɔ mía ɖokui ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ƒo xlã mí gbɔe? Blema Israel Fia Salomo ɖo eŋu le Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 5 lia me. Mina míadzro nya si le esi wòagblɔ la me.

Tamebubu Ŋutete Akpɔ Tawò

Israel-fia la dze egɔme be: “Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu.” Egblɔ kpee be: “Ƒu to anyi ɖe nye gɔmesese ŋu, ne nàdzra tamebubu ɖo, eye wò nuyiwo nalé sidzedze ɖe asi.”Lododowo 5:1, 2.

Be míate ŋu atsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tetekpɔwo ŋu la, míehiã nunya—si nye alesi míate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze awɔ dɔe—kple gɔmesese, alo ŋutete si ana míate ŋu ade vovototo nu nyui kple gbegblẽa dome eye be míatia nyuia. Woxlɔ̃ nu mí be míalé to ɖe nunya kple gɔmesese ŋu be wòadzɔ míaƒe tamebubu ŋutete ŋu. Aleke míawɔ esiae? Ne míele Mawu ƒe Nya, Biblia, srɔ̃m la, ehiã be míalé ŋku ɖe alesi Yehowa wɔa nuwoe ŋu ahalé to ɖe eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo ŋu. To esia wɔwɔ me la, míanɔ mɔ nyuitɔwo fiam míaƒe tamebubu ŋutetewo. Tamebubu ŋutete si asu mía si to mɔ sia nu la awɔ ɖeka kple mawumenunya kpakple sidzedze. Ne míewɔ ŋutete sia ŋudɔ nyuie la, akpɔ mía ta be agbegbegblẽnɔnɔ ƒe mɔ̃wo maɖe mí o.

Kpɔ Nyuie le Numevivi Ŋu

Susu si tae tamebubu ŋutete le vevie bene míate ŋu anɔ agbe dzadzɛ le xexe ƒoɖi sia me enye be agbegbegblẽnɔla ƒe mɔwo flua ame. Salomo xlɔ̃ nu be: “Nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyitsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami; ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee.”Lododowo 5:3, 4.

Le lododo sia me la, woyɔ ame gbegblẽa be enye “nyɔnu tutɔ”—si nye gbolo. * Nya siwo wòtsɔna blea amesi dim wòle nui la vivina abe anyitsi ene eye wòzrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu amiti ƒe ami. Ðe menye aleae wodzea gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ susuwo dodo ɖe ame gbɔe oa? Le kpɔɖeŋu me, bu nusi me agbalẽŋlɔla dzetugbe aɖe si xɔ ƒe 27, si ŋkɔe nye Amy to ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ŋutsu aɖe nɔ dɔwɔƒea si tsɔa ɖe le eme nam vevie eye wòkafuam ɖe nusianu si mewɔna ta. Evivina ŋutɔ ne amewo kpɔa nusi nèwɔna dzea sii. Gake mekpɔe dze sii nyuie be gbɔdɔdɔ ta koŋue wòtsɔ ɖe le eme nam ɖo. Nyemana afɔ siwo ɖem wòle la nablem o.” Zi geɖe la, ameblelawo ƒe numevivinyawo nya sena na ame negbe ɖe míenya woƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ ko hafi. Esia tae wòhiã be míawɔ míaƒe tamebubu ŋutete ŋudɔ ɖo.

Agbegbegblẽnɔnɔ me tsonuwo vena wua atsa eye wòɖana wua yi nuevee—evena ŋutɔ hewua ame. Zi geɖe la, agbenɔnɔ sia me tsonu veveawo nyea dzitsinya ƒe fuɖename, gbɔmeyafufɔfɔ, alo nulɔdɔ aɖe xɔxɔ. Eye bu alesi gbegbe nu tena ɖe ame mawɔnuteƒea srɔ̃ dzii ŋu kpɔ. Nuteƒemawɔmawɔ zi ɖeka pɛ ate ŋu ade abi gã ame ŋu si womate ŋu aŋlɔ be le agbe me o. Ẽ, agbegbegblẽnɔnɔ vena ŋutɔ.

Esi fia nunyalaa nɔ nu ƒom tso nyɔnu dzegoa ƒe agbenɔnɔ ŋu la, eyi edzi be: “Eƒe afɔ ɖi abu yina ku gbɔ, eye tsiẽƒe ku ɖe eƒe afɔ ŋu goŋgoŋ. Eƒe toƒewo le ʋuʋum, ke medze sii o, ne magalé agbemɔ la atsɔ o.” (Lododowo 5:5, 6) Nyɔnu agbegbegblẽnɔla la ƒe mɔwo kplɔe ɖo ta ku me—eƒe afɔɖeɖewo ɖo ta tsiẽƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo me. Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒee nye esi, esi nulɔdɔwo, vevietɔ AIDS, le kakam kabakaba ale! Nusi adzɔ ɖe edzi la kee adzɔ ɖe amesiwo wɔ ɖeka kplii le eƒe mɔ gbegblẽwo dzi la dzi.

Fia la xlɔ̃ nu ɖetsɔlemetɔe tso dzime be: “Eyata mi viwo, miɖo tom, eye migate ɖe aga le nye numenyawo ŋu o. Na wò mɔ naƒo asa nɛ, eye magagogo eƒe aƒe ƒe ʋɔtru o.”Lododowo 5:7, 8.

Ehiã be míanɔ adzɔge ɖaa alesi míate ŋui tso agbegbegblẽnɔlawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔ. Nukatae wòle be míaɖe asi le mía ɖokuiwo ŋu na woƒe mɔwo ale be míava nɔ to ɖom hadzidzi gbegblẽwo, anɔ modzakaɖeɖe gbegblẽwo kpɔm, alo anɔ amamaɖeɖegbalẽwo xlẽm? (Lododowo 6:27; Korintotɔwo I, 15:33; Efesotɔwo 5:3-5) Eye aleke wòanye abunenuwɔnae nye si be míade ha kpli wo alo ado awu ahadzra ɖo ŋumaɖɔɖotɔe ale be woƒe susu nava mía dzi!—Timoteo I, 4:8; Petro I, 3:3, 4.

Emetsonuwo Vloe Akpa

Susu bubu ka tae wòle be míate mía ɖokui ɖa kura tso ame dzego gbɔ? Salomo ɖo eŋu be: “Ne magatsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo na ame tutɔwo kple wò ƒewo na ŋutasẽla o; ne ame bubu magatsɔ wò kesinɔnuwo aɖi ƒoe, eye nusi newɔ dɔ kpɔ la, nayi ame tutɔ ƒe me o; eye ne eɖo mlɔeanu na wò, eye wɔna le vɔvɔm le wò ŋutilã kple lãkusi ŋu la, màganɔ hũ ɖem [o].”—Lododowo 5:9-11.

Salomo to esia dzi ɖo kpe nu vlo siwo dona tsoa agbegbegblẽnɔnɔ me dzi. Ahasiwɔwɔ kpakple gbɔɖiameɖokui alo bubu si megavanɔa ame ŋu o ye zɔna aduadu. Le nyateƒe me la, ɖe manye gbɔɖiame ŋutɔ be ame nanye kɔɖinu dzro aɖe ko na ame ŋutɔ ƒe seselelãme gbegblẽwo alo na ame bubu tɔ oa? Ðe esia manye mía ɖokui dada ɖe anyi be míadɔ kple amesi menye mía srɔ̃ oa?

Ke nukae ‘míaƒe ƒewo, míaƒe ŋusẽ, kple nusiwo míewɔ dɔ kpɔ tsɔtsɔ na ame tutɔwo, alo dutatɔwo’ lɔ ɖe eme? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Nusi fiam mawunyakpukpui siawo le la me kɔ: Nusi dona tsoa nuteƒemawɔmawɔ me vloe; elabena nusianu si ame wɔ dɔ wòsu esi—ɖoƒe, ŋusẽ, nudzedziname—ate ŋu abu to nyɔnua ƒe ŋukeklẽ loo alo nusi nutoa me tɔwo adi be yewoaxɔ ɖe eteƒe dzi.” Agbegbegblẽnɔnɔ ate ŋu abu nu gbogbowo na ame!

Ne abunetɔ ɖi gbɔ eɖokui eye eƒe nunɔamesiwo vɔ la, aɖe hũ agblɔ be: “Ao, nukaŋuti mehelé fu amehehe, eye nye dzi do vlo mokaname, nyemeɖo to amesiwo le nu fiamem la, ƒe gbe o, eye nyemeƒu to anyi ɖe nye nufialawo ŋu oa? Ekpɔtɔ vie mege ɖe dzɔgbevɔ̃ewo tsyo ƒomevi me le takpekpewo kple amehawo dome kloe!”Lododowo 5:12-14.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nuvɔ̃wɔla la tea nusi agbalẽnyala aɖe yɔ be “‘ɖe menyae ɖe’ gbogbo aɖe gbɔgblɔ be: ɖe menyae la, ne meɖo to fofonye; ɖe menyae la, ne nyemetsɔ nye mɔ o; ɖe menyae la, ne meɖo to amewo ƒe aɖaŋuɖoɖo.” Gake etsia megbe fũ akpa hafi wova dzea si esia. Amesia si zu ame makɔmakɔ fifia la ƒe agbe dome gblẽ xoxo eye womagade bubu eŋu o. Aleke gbegbe wòle vevie be míade ŋugble le agbegbegblẽnɔnɔ me tsonuwo ŋu hafi aƒo mía ɖokui ɖe emee nye si!

“No Tsi tso Wò Tsido Me”

Ðe Biblia gbe nuƒoƒo tso gbɔdɔdɔ ŋua? Kura o. Gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome kple vivi si wosena nye nunana siwo tso Mawu gbɔ. Gake srɔ̃tɔwo ɖeɖe dome koe wòle be ƒomedodo kplikplikpli sia nanɔ. Eyata Salomo xlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsu be: “No tsi tso wò tsido me, tsidzidzi tso wò vudo me! Ðe wò tsi adzi agba go, eye wò tɔʋuwo asi ɖe gbagbagbea? Wò ɖeka tɔwò ke woanye, eye ame bubu makpe ɖe ŋuwò o!”Lododowo 5:15-17.

“Wò tsido” kple “wò vudo” nye hakpanya siwo wozã na srɔ̃nyɔnu si gbɔ womelɔ̃a nu le o. Wotsɔ gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me kplii sɔ kple tsi si naa dzidzeme ame la nono. To vovo na tsiduƒe siwo le dutoƒo la, wobua tsido alo vudo be enye ame ŋutɔ ƒe nunɔamesi. Eye woɖo aɖaŋu na ŋutsua be woa kple srɔ̃a woadzi vi ɖe aƒeme tsɔ wu be wòadzi vi akaka ɖe gbagbagbe, si fia be, ɖe nyɔnu vovovo gbɔ. Edze ƒã be aɖaŋu si ɖom wole na ŋutsu enye be wòawɔ nuteƒe na srɔ̃a.

Nunyala la yi edzi be: “Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa.”Lododowo 5:18, 19.

“Vudo,” alo tsidziƒe, fia gbɔdɔdɔ me vivisese tsoƒe. Ame kple srɔ̃a dome gbɔdɔdɔ nye “yayra”—Mawue nae. Eyata woxlɔ̃ nu ŋutsu be wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. Le eƒe nukpɔkpɔ nu la, srɔ̃anyɔnua dze eŋu hedze tugbe abe zinɔ ene eye wònyo henya kpɔ abe sãde ene.

Eyome Salomo bia nya eve siwo mehiã ŋuɖoɖo o be: “Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nanɔ ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?” (Lododowo 5:20) Ẽ, nukaŋuti wòle be woable amesi si srɔ̃ le nu ade gbɔdɔdɔ nuwɔna me kple amesi menye srɔ̃a o si wòado goe le dɔwɔƒe, le suku, alo teƒe bubu?

Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na srɔ̃tɔ Kristotɔwo be: “Esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, nanɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene.” (Korintotɔwo I, 7:29) Nukae esia bia? Wodi tso Yesu Kristo yomedzelawo si be ‘woadi mawufiaɖuƒe la gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Eyata mele be srɔ̃tɔwo ƒe ɖetsɔtsɔ le wo nɔewo me naxɔ susu na wo ale gbegbe be woatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe evelia le woƒe agbe me o.

Ðokuidziɖuɖu Hiã

Woate ŋu aɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo dzi. Ele be amesiwo di be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu naɖu wo dzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a [ye ŋutɔ ŋutilã] le kɔkɔenyenye kple bubu me.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3, 4.

Ekema mele be sɔhɛwo natsi dzi ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ne gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo te nyɔnyɔ ɖe wo me o. Srɔ̃ɖeɖe bia ɖokuitsɔtsɔna, eye be woate ŋu anɔ te ɖe agbanɔamedzi sia nu bia be ame natsi. (Mose I, 2:24) Anyo be ame nalala vaseɖe esime ‘wòato sɔhɛnyenye me nɔnɔ ŋu’—si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo nu sẽna eye wòate ŋu ana womabu nu ŋu nyuie o. (Korintotɔwo I, 7:36) Eye aleke gbegbe wòanye bometsinu kple nuvɔ̃ enye si be ame tsitsi si di be yeaɖe srɔ̃ la naƒo eɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me le esi mekpɔ ame aɖeke aɖe o ta!

“Ame Vɔ̃ɖi Ŋutɔ ƒe Vodadawo Lénɛ”

Susu vevi si ta gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nye nu gbegblẽ enye be Yehowa—Agbenala kple Amesi de gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete amegbetɔwo me—meda asi ɖe edzi o. Eyata esi Fia Salomo nɔ nu vevitɔ si ta wòle be míanɔ agbe dzadzɛ gblɔm la, egblɔ be: “Elabena amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã.” (Lododowo 5:21) Ẽ, naneke mele ɣaɣla le Mawu ‘amesi míabu akɔnta na’ la ŋkume o. (Hebritɔwo 4:13) Gbɔdɔdɔ ƒe makɔmakɔnyenye ƒomevi ɖesiaɖe, aleke ke míetsɔe ɣlae kple nusiwo emetsonuawo anye le ŋutilã me kple le hadome o, agblẽ mía kple Yehowa dome godoo. Aleke gbegbee wòanye abunenuwɔwɔ be woabu ŋutifafa si le ame kple Mawu dome le ɣeɣiɣi kpui aɖe ƒe vivisese gbegblẽ ta enye si!

Adze abe ɖe womele to aɖeke hem na amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me ŋumakpemakpee la o ene—gake eteƒe madidi o. Salomo gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ. Eku, elabena eɖo ko le amehehe me, eye eƒe bometsitsi gbogboawo na wòle nagbanagba kum.”Lododowo 5:22, 23.

Nukatae wòle be mía dometɔ aɖe naku nagbanagba? Ne èbu eŋu kpɔ la, Lododowo ƒe agbalẽa xlɔ̃ nu mí do ŋgɔ le ameblemɔnu siwo zãm xexeame le ŋu. Eye wòtsɔ nusi gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ gblẽna le mía ŋu—míaƒe lãmesẽ, míaƒe nunɔamesiwo, míaƒe ŋusẽ, kple míaƒe bubu—ɖo mía ŋkume. Esi míenya esia do ŋgɔ ta la, mele be míanye amesiwo ava nɔ “ɖe menyae ɖe” gbogbo aɖewo gblɔm o. Ẽ, aɖaŋu siwo Yehowa ɖo le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me me tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu awɔe be míanɔ agbe dzadzɛ le agbegbegblẽnɔnɔ ƒe xexeme.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Wozãa nya ‘ame tutɔ’ na amesiwo gbe nusi Sea bia wɔwɔ eye esia wɔe be wote wo ɖokui ɖa tso Yehowa gbɔ. Eyatae woyɔa gbolo be “nyɔnu tutɔ” ɖo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Agbegbegblẽnɔnɔ me tsonuwo vena wua atsa

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

‘Kpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu’