Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ðeklemiɖelawo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwòa?

Ðe Ðeklemiɖelawo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwòa?

Ðe Ðeklemiɖelawo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwòa?

“ÐEKLEMIÐELA nye amesi mekpɔa nɔnɔme nyui aɖeke le ame ŋu o, eye medoa kpo vodada kpɔkpɔ gbeɖe o. Enye amesi wɔa nu abe favieʋuto ene, enɔa ŋudzɔ le viviti me, eye mekpɔa kekeli o, ebiãa ŋku nɔa lãvi maɖinuwo dim, eye mekpɔa lã ɖɔʋu aɖeke léna o.” Wogblɔ be Amerikatɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla Henry Ward Beecher, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia mee gblɔ nya sia. Ame geɖe asusui be eɖɔ egbegbe ɖeklemiɖelawo wòsɔ pɛpɛpɛ. Gake blema Hela ye nya “ɖeklemiɖela” dzɔ tso, eye menye amesi ɖea nɔnɔme sia fiana koe wòfia o. Wozãe na xexemenunyalawo ƒe hatsotso aɖe ƒe alafa geɖe.

Aleke Ðeklemiɖelawo ƒe nukpɔsusua wɔ va do? Nukae wofiana? Ðe wòanyo be Ðeklemiɖela ƒe nɔnɔme nanɔ Kristotɔ sia?

Blema Ðeklemiɖelawo—Woƒe Dzɔtsoƒewo Kple Dzixɔsewo

Blema Hela nye afisi wolɔ̃a numedzodzro kple nyahehe fũ le. Le ƒe alafa siwo do ŋgɔ na Míaƒe Ɣeyiɣia me la, amewo abe Socrates, Plato, kple Aristotle ene fia xexemenunya siwo na wova xɔ ŋkɔ. Woƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe amewo dzi, eye nukpɔsusu mawo gale Ɣetoɖoƒedukɔwo me vaseɖe egbe.

Socrates (ƒe 470-399 D.M.Ŋ.) fia nu be menye ŋutilãmenuwo didi alo ŋutilãmevivisese ye ana woakpɔ dzidzɔ mavɔ o. Egblɔ be ne ame tsɔ eƒe agbe katã ɖo anyi heti nudzeamewɔwɔ yome hafi wòakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Socrates bu nudzeamewɔwɔ be eyae nye nyuiwɔwɔ si wu ɖesiaɖe. Be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, etsri ŋutilãme dzidzemenuwo kple agbagba dzodzro dzedze le esi wòsusu be nusiawo ahe yeƒe susu ta. Eƒo eɖokui ɖe numagbɔmewɔwɔ kple nuteameɖokui me, eye wònɔ agbe bɔbɔe.

Socrates to nufiafia ƒomevi si woyɔna be Socrates ƒe mɔ vɛ. Le esime nufiala akpa gãtɔ doa nukpɔsusuwo ɖa hegblɔa nyawo tsɔ ɖoa kpe wo dzii la, Socrates ya wɔ nusi to vovo na ema. Eɖoa to sea xexemenunyafiala bubuwo ƒe nufiafiawo eye wòdzea agbagba be yeaʋu go vodada siwo le woƒe nukpɔsusuawo me. Nuwɔna sia va wɔe be woɖea ɖeklemi ame bubuwo hedoa vlo wo.

Socrates yomedzelawo dometɔ ɖekae nye xexemenunyala si ŋkɔe nye Antisthenes (ƒe 445-365 D.M.Ŋ. lɔƒo). Eya kple ame bubu geɖewo gatsɔ nane kpe Socrates ƒe nufiafia vevi la, ale be wogblɔ be nudzeamewɔwɔ koe nye nu nyui. Le woawo gbɔ la, menye ɖeko vivisese yomenɔnɔ hea ame ƒe susu ko o, ke enye nuvɔ̃ ƒomevi aɖe hã. Esi woɖea wo ɖokui ɖe aga akpa ta la, wodoa vlo wo havi amegbetɔwo ale gbegbe. Wova yɔ wo be Ðeklemiɖelawo. Anye Helagbe me nya (ky·ni·kosʹ) si fia momakɔmakɔ kple amemabunuwɔwɔ mee woɖe ŋkɔ Ðeklemiɖela tsoe. Efia “avume.” *

Ŋusẽ si Wòkpɔ Ðe Woƒe Agbenɔnɔ Dzi

Togbɔ be woate ŋu abu Ðeklemiɖelawo ƒe nukpɔsusu aɖewo abe ŋutilãmenudidi kple agbeblibaɖuɖu tsitsri ene be wodze na kafukafu hã la, Ðeklemiɖelaawo gawɔ woƒe nukpɔsusuawo ŋudɔ wògbɔ eme. Esia dze le Ðeklemiɖela si wonya wu ɖesiaɖe—si nye xexemenunyala Diogenes—ƒe agbenɔnɔ me.

Wodzi Diogenes le ƒe 412 D.M.Ŋ. me le Sinope, si nye dugã aɖe le Ƒu Yibɔa to. Eya kple fofoa ʋu yi Athens, afisi wòva ke ɖe Ðeklemiɖelawo ƒe nufiafia ŋu le. Antisthenes ye fia nu Diogenes, eye wòva xɔ Ðeklemiɖelawo ƒe nukpɔsusuwo dzi se. Socrates nɔ agbe bɔbɔe, eye Antisthenes metsi dzi ɖe vivisese ŋu o. Gake Diogenes ya te nuwo eɖokui kura. Be wòatsɔ aɖo kpe alesi wògbe nu le ŋutilãme dzidzemekpɔkpɔ gbɔ dzii la, wogblɔ be Diogenes va nɔ gudugba me ɣeyiɣi kpui aɖe!

Wogblɔ be esi Diogenes nɔ nu nyuitɔ kekeake yome tim la, gbeɖeka esi akaɖi lé ɖe asi zɔ to Athens dua me le ŋdɔkutsu dzatsɛ, be yele nudzeamewɔla dim! Nuwɔna ma he amewo ƒe susu eye mɔ ma dzie Diogenes kple Ðeklemiɖela bubuwo to fia nu. Wogblɔ be Alexander Gãtɔ bia Diogenes kpɔ be nukae nye nusi wòdi wu ɖesiaɖe hã. Woka nya ta be Diogenes gblɔ be nusi ko dim yele enye be Alexander nate ɖe axa dzi be wòagaxe ɣe si nɔ ye ɖum la ŋkume o!

Diogenes kple Ðeklemiɖela bubuwo nɔ agbe abe nubialawo ene. Womekpɔa ɣeyiɣi dea ha kple amewo o, eye wogbea dudɔwo wɔwɔ. Ðewohĩ esi Socrates ƒe nufiafiamɔnua kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ta la, womegava dea bubu amewo ŋu o. Wova nya Diogenes ɖe eƒe gbɔɖiamenya tɔamewo gbɔgblɔ ta. Wogblɔna le Ðeklemiɖelawo ŋu be wonye ‘avumewo,’ gake wotsɔ megbeŋkɔ na Diogenes ŋutɔ be Avu. Eku le ƒe 320 D.M.Ŋ. me lɔƒo esime wòxɔ anɔ ƒe 90. Womè ŋkuɖodzikpe si dzi avu ƒe nɔnɔme dze le ɖe eƒe yɔdo dzi.

Xexemenunyala bubuwo hã va da asi ɖe Ðeklemiɖelawo ƒe nukpɔsusu aɖewo dzi emegbe. Gake emegbe la, nuwɔna trama siwo wonya na Diogenes kple amesiwo va dze eyome emegbe la wɔe be womegava dea bubu Ðeklemiɖelawo ŋu o. Mlɔeba eva bu kura.

Egbegbe Ðeklemiɖelawo—Ðe Wòle Be Nàɖi Woa?

The Oxford English Dictionary ɖɔ egbegbe ɖeklemiɖela be enye “amesi dina be yeaɖi gbɔ ame alo akpɔ vodada le ame ŋu. . . . Amesi ƒe nuwɔna ɖee fia be mekpɔa anukwareɖiɖi alo nyuiwɔwɔ aɖeke le amegbetɔwo ƒe taɖodzinuwo kple nuwɔnawo me o, eye wòdina be yeaɖe esia afia to alɔmeɖenyawo kple gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ me; enye vodadadila si ɖia gbɔ ame.” Nɔnɔme siawo dzena le amesiwo dome míele ŋu, gake le nyateƒe me la, womesɔ kple Kristotɔ ƒe amenyenye o. De ŋugble le Biblia ƒe nufiafia kple gɔmeɖose siwo gbɔna ŋu kpɔ.

“Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Menɔa [vodada didi] dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o.” (Psalmo 103:8, 9) Wogblɔ na Kristotɔwo be ‘woazu Mawu srɔ̃lawo.’ (Efesotɔwo 5:1) Ne Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖoe be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve geɖe afia tsɔ wu be “yeaɖi gbɔ ame alo akpɔ vodada le ame ŋu” la, ekema ele be Kristotɔwo nadze agbagba awɔ nu nenema ke.

Yesu Kristo, amesi tsɔ Yehowa ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ la, ‘gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí, bene míadze eƒe afɔɖoƒewo yome tututu.’ (Petro I, 2:21; Hebritɔwo 1:3) Ɣeaɖewoɣi la, Yesu kloa nu le subɔsubɔ me alakpanuwɔnawo dzi eye wòɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo ɖe go. (Yohanes 7:7) Ke hã ekafua anukwareɖilawo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ le Natanael ŋu be: “Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.” (Yohanes 1:47) Ɣeaɖewoɣi ne Yesu wɔ nukunu la, dɔnɔa ƒe xɔse ŋue eƒe susu nɔna. (Mateo 9:22) Azɔ esi ame aɖewo susu be nusi nyɔnu aɖe na tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia sɔ gbɔ akpa la, Yesu medo vloe o, ke egblɔ be: “Afisi ke woaɖe gbeƒã nyanyui sia afia le le xexeme blibo la katã la, woagblɔ nusi nyɔnu sia wɔ la hã hena ŋkuɖoɖo edzi.” (Mateo 26:6-13) Yesu nye xɔlɔ̃ si dzi woate ŋu aka ɖo kple zɔhɛ lɔ̃ame na eyomedzelawo, “elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.”—Yohanes 13:1.

Esi Yesu nye ame deblibo ta la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòakpɔ vodada le ame madeblibowo ŋu hafi. Gake le esi teƒe be wòaɖe makamakaɖeamedzi kple vodadadidi ƒe nɔnɔme afia la, edi boŋ be yeana dzidzeme amewo.—Mateo 11:29, 30.

‘Lɔlɔ̃ xɔa nuwo katã dzi sena.’ (Korintotɔwo I, 13:7) Nya ma to vovo kura na nɔnɔme si le ɖeklemiɖelawo si, amesiwo bua susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ƒe tamesusu kple nuwɔnawo ŋu. Ele eme baa be ayemenuwɔlawo bɔ ɖe xexeame; eyata ŋuɖɔɖɔɖo hiã ya. (Lododowo 14:15) Ke hã lɔlɔ̃ ya le klalo be yeaxɔ nuwo dzi ase elabena ekana ɖe ame dzi, mebua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu madzemadzee o.

Mawu lɔ̃ esubɔlawo eye wòkana ɖe wo dzi. Enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wu alesi woawo ŋutɔ gɔ̃ hã nyae. Gake Yehowa mebua susu vɔ̃ ɖe eƒe amewo ŋu gbeɖe o, eye mebiaa nu geɖe tso wo si wu esi woate ŋu awɔ o. (Psalmo 103:13, 14) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu léa ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo le amewo si ŋu, eye wòkana ɖe wo dzi henaa mɔnukpɔkpɔwo kple tanyenyenɔƒe esubɔla nuteƒewɔlawo, togbɔ be wonye ame madeblibowo hã.—Fiawo I, 14:13; Psalmo 82:6.

“Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye medoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.” (Yeremya 17:10) Yehowa ate ŋu adzro ame ƒe dzi me anya nusi tututu le eme. Míawo míate ŋui o. Eyata ehiã be míakpɔ nyuie le susu aɖewo bubu ɖe amewo ŋu me.

Ne míeɖe mɔ ɖeklemiɖeɖe ƒe nɔnɔme ɖo mía me eye emegbe wòva kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu dzi la, ate ŋu ade mama mía kple haxɔsetɔwo dome. Ate ŋu agblẽ ŋutifafa si le Kristo-hamea me dome. Eyata mina míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, amesi dina be woawɔ nusi le eteƒe gake wòbua susu nyui ɖe eyomedzelawo ŋu ne ele nu wɔm kpli wo. Eva zu wo xɔlɔ̃ si dzi wokana ɖo.—Yohanes 15:11-15.

“Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ na wo nenema ke.” (Luka 6:31) Míate ŋu azã Yesu Kristo ƒe nuxlɔ̃ame sia le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, mí katã míedina be woaƒo nu na mí le dɔmekɔkɔ kple bubu me. Ekema ele na mí be míaƒo nu na amewo le dɔmekɔkɔ kple bubu me. Esime Yesu klo nu le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe alakpanufiafiawo ŋu kple ŋkubiã gɔ̃ hã la, mewɔe ɖeklemiɖeɖetɔe gbeɖe o.—Mateo 23:13-36.

Mɔ Siwo Dzi Míato Aɖu Ðeklemiɖeɖe Dzi

Ne wotrɔ mí to eme kpɔ la, anɔ bɔbɔe be míaɖe mɔ ɖeklemiɖeɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Míate ŋu awɔ avu kple seselelãme sia ne míese egɔme be Yehowa wɔa nu ɖe eƒe ame madeblibowo ŋu kakaɖeamedzitɔe. Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe nɔnɔme si le Mawu subɔla bubuwo si ŋu—wonye ame madeblibo siwo le agbagba dzem be yewoawɔ nu dzɔdzɔe.

Nyadzɔɖeamedzi veamewo ate ŋu awɔe be ame aɖewo maka ɖe ame bubuwo dzi o. Nyateƒee, nunya manɔ eme be míaka ɖe ame madeblibowo dzi bliboe o. (Psalmo 146:3, 4) Gake le Kristo-hamea me la, ame geɖe dina le nyateƒe me be yewoade dzi ƒo na ame bubuwo. Wò ya bu ame akpe nane siwo le abe dadawo, fofowo, nɔvinyɔnuwo, nɔviŋutsuwo, kple viwo ene na amesiwo ƒe ƒometɔwo ku ŋu kpɔ. (Marko 10:30) Bu ame geɖe siwo zua ame xɔlɔ̃wo le hiãɣiwo ŋu kpɔ. *Lododowo 18:24.

Menye ɖeklemiɖeɖe ye wotsɔ dzea si Yesu yomedzelawo o, ke boŋ lɔlɔ̃ ye, elabena egblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Eyata mina míaɖe lɔlɔ̃ afia, eye mina míaƒe susu nanɔ nɔnɔme nyui siwo le hati Kristotɔwo si ŋu. Nuwɔwɔ nenema akpe ɖe mía ŋu míatsri Ðeklemiɖela ƒe nɔnɔmewo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Ate ŋu anɔ eme hã be Ky·noʹsar·ges, si nye kamedeƒe aɖe si le Athens, afisi Antisthenes fia nu le mee woɖe ŋkɔ Ðeklemiɖela tsoe.

^ mm. 27 Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ,” si dze le May 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðeklemiɖela si xɔ ŋkɔ wu ɖesiaɖe, Diogenes

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye Great Men and Famous Women me