Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋua?

Ðe Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋua?

Ðe Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋua?

MENYE ɣesiaɣie nu ƒe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ nyea alesi wòdzena ŋku kpɔna o. Gagbalẽ si ƒe home nye gãtɔ kekeake si wotso kpɔ le United States ye nye esi dzi woŋlɔ $10,000 ɖo. Evɔ agbalẽ si wozã tsɔ tsoe ƒe home mede naneke o.

Ewɔ na wò kpɔ be pepa suesue siwo ƒe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ mede naneke o la ate ŋu ana viɖe vavã nanɔ wò agbe ŋua? Ame geɖe bunɛ be woate ŋui. Ame miliɔn geɖe wɔa dɔ zã kple keli be yewoakpɔ ga geɖe alesinu yewoate ŋui. Ɣeaɖewoɣi la, wonɔa ga yome heŋea aɖaba ƒua woƒe lãmesẽ, wo xɔlɔ̃wo, kple woƒe ƒome gɔ̃ hã dzi. Vi kae wòɖena? Ðe ga—alo nusi wòate ŋu aƒle—ate ŋu ana woakpɔ dzidzeme vavã si anɔ anyi ɖaa?

Numekulawo gblɔ be zi geɖe alesinu míadi be míato ŋutilãmenunɔamesiwo dzi akpɔ dzidzemee la, zi nenemae ekpɔkpɔ sesẽnae. Nyadzɔdzɔŋlɔla Alfie Kohn ƒo nya ta be, “kpuie ko la, ga mate ŋu aƒle dzidzeme o. . . . Amesiwo ƒe nu vevitɔ le agbe mee nye be yewoakpɔ ho tsia dzimaɖi heléa blanui si tɔgbe mebɔ o eye woƒe ameti bliboa menɔna nyuie o.”—International Herald Tribune.

Togbɔ be numekulawo dze sii be nane si wu ga hiã hafi viɖe nanɔ ame ƒe agbe ŋu hã la, ame geɖe ƒe susu to vovo. Nya sia mewɔ nuku kura o, elabena wotsɔa boblodonya si ade 3,000 sɔŋ ɖea fu na amesiwo le Ɣetoɖoƒe-dukɔwo me gbesiagbe. Eɖanye ʋu loo alo kpetikee wole boblo domee o, susua koe nye be: ‘Ƒle adzɔnu sia, eye dzi adzɔ wò wu.’

Nukae do tso ŋutilãmenuwo kafukafu atraɖii alea me? Gbɔgbɔmedzidzenuwo dzie woŋea aɖaba ƒunɛ zi geɖe! Le nyatakaka si dze le Newsweek magazine me nu la, Cologne, Germany, ƒe bisiɔpgã gblɔ nyitsɔ laa be “womegaƒoa nu tso Mawu ŋu le mía dome o.”

Ðewohĩ ètsɔ wò ŋusẽ katã kloe dzea agbagba be agbemenuhiahiãwo nasu ye si. Ðewohĩ èsee le ɖokuiwò me be ɣeyiɣi sue aɖeke hã mele ye ŋu yeawɔ nu bubu aɖeke o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ àkpɔe be viɖenu bubu aɖe anya nɔ agbe ŋu tsɔ wu be yeanɔ hloloe tsom agbadree vaseɖe esime wò lãmesẽ alo tsitsi naɖo asi dziwò.

Ðe wò dzi adze eme wu ne àlé fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu wua? Nukae ana viɖe geɖe wu nanɔ wò agbe ŋu?