Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu

Ŋusẽ Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu

Ŋusẽ Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu

“Meɖe asi le nusiawo katã ŋuti . . . bene madze si [Yesu Kristo] kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ.”—FILIPITƆWO 3:8-10.

1, 2. (a) Aleke osɔfo aɖe ɖɔ tsitretsitsi lae ƒe aɖewoe nye si va yi? (b) Aleke ame kukuwo ƒe tsitretsitsia anɔ?

LE ƑE 1890-awo ƒe gɔmedzedze la, nyadzɔdzɔgbalẽwo ka nya ta tso nuƒo tɔxɛ aɖe si osɔfo aɖe ƒo le Brooklyn, New York, U.S.A. ŋu. Egblɔ be tsitretsitsia anye ƒu kple lãkusi siwo katã nye amea ƒe ŋutilã hafi wòku la nuƒoƒoƒu ake kple agbe dede wo me, eɖanye dzoe fiae wòku alo afɔkue dzɔ ɖe edzi, lã aɖee ɖui alo wòtrɔ zu aɖu si naa nukuwo wɔna o. Nuƒolaa gblɔ be le gaƒoƒo 24 ƒe ŋkeke aɖe dzi la, yame katã abla kɔtɔɔ kple ame kuku biliɔn nanewo ƒe asiwo, abɔwo, afɔwo, asibidɛwo, ƒuwo, lãmekawo, kple lãkusiwo. Akpa siawo anɔ ŋutilã ma ke ƒe akpa bubuwo dim. Emegbe luʋɔwo atso dziƒo kple dzomaʋɔ me ava age ɖe ŋutilã siawo siwo wofɔ ɖe tsitre la me.

2 Susu mele eme be ame ƒe ŋutilã xoxoa ƒe akpa suesue vovovowo fɔfɔƒoƒu mee tsitretsitsia ato ava o, eye luʋɔ makumaku mele amegbetɔwo si o. (Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4) Mehiã be Yehowa, tsitretsitsi Mawu la, nagbugbɔ ŋutilã xoxoa ƒe akpa suesuesueawo atsiã o. Ate ŋu awɔ ŋutilã yeye na amesiwo wòafɔ ɖe tsitre. Yehowa na ŋusẽ Via, Yesu Kristo, be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, be woate ŋu anɔ agbe tegbee. (Yohanes 5:26) Eyata Yesu gblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 11:25, 26) Ŋugbedodo dodzidzɔname ka gbegbee nye si! Edoa ŋusẽ mí Yehowa ƒe Ðasefowo be míanɔ te ɖe dodokpɔwo, kple ku gɔ̃ hã nu.

3. Nukatae wòhiã be Paulo naʋli tsitretsitsia ta?

3 Tsitretsitsia mewɔ ɖeka kple nufiafia si nye be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo si—si nye nukpɔsusu si nɔ Hela xexemenunyala Plato si—la o. Eyata nukae dzɔ esi apostolo Paulo ɖe gbeƒã na Helatɔ ame ŋkuta siwo le Areopagoa me le Atene, eye wòƒo nu tso Yesu ŋu be Mawu fɔe ɖe tsitre? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, ame aɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 17:29-34) Amesiwo kpɔ Yesu Kristo esi wofɔe ɖe tsitre la dometɔ geɖe kpɔtɔ nɔ agbe, eye togbɔ be woɖu fewu le wo ŋu hã la, woʋu eme be efɔ tso ame kukuwo dome. Gake aʋatsonufiala siwo nɔ Korinto-hamea me la gbe be tsitretsitsi aɖeke meli o. Eyata Paulo ʋli Kristotɔwo ƒe nufiafia sia ta vevie le Korintotɔwo I, ta 15. Eƒe nyaʋiʋlia me dzodzro tsitotsito ɖo kpe kakaɖedzi kple ŋusẽ si le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu dzi ɖikekemanɔmee.

Yesu ƒe Tsitretsitsi Ŋuti Kpeɖodzi Sẽŋu

4. Yesu ƒe tsitretsitsi teƒekpɔkpɔ ƒe kpeɖodzi kae Paulo na?

4 De dzesi alesi Paulo dze eƒe nyaʋiʋlia gɔmee. (Korintotɔwo I, 15:1-11) Ne taɖodzinu aɖeke mele Korintotɔwo ƒe xɔsetɔwo zuzu ŋuti o la, ke dzodzroe wolé xɔxɔnyanyui la me ɖe asi. Kristo ku le míaƒe nuvɔ̃wo ta, woɖii, eye wofɔe ɖe tsitre. Le nyateƒe me la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia Kefa (Petro), “emegbe la ame wuieve la.” (Yohanes 20:19-23) Eɖe eɖokui fia ame 500 aɖewo, ɖewohĩ ɣemaɣie wòde se be: ‘Miheyi ɖawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19, 20) Yakobo kpɔe, eye nenema ke enye apostolo wɔnuteƒeawo katã hã. (Dɔwɔwɔwo 1:6-11) Esi Saul gogo Damasko la, Yesu ɖe eɖokui fia eya si nɔ “abe fu gegee ene”—abe ɖe wofɔe yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ mee xoxo ene. (Dɔwɔwɔwo 9:1-9) Korintotɔawo va zu xɔsetɔwo elabena Paulo ɖe gbeƒã na wo, eye woxɔ nyanyui la.

5. Aleke Paulo ƒe nyawo yie, si woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 15:12-19?

5 De dzesi alesi Paulo ƒe nyawo le yiyimee. (Korintotɔwo I, 15:12-19) Esi eteƒekpɔlawo ɖe gbeƒã Kristo bena etsi tre la, aleke woagblɔ bena ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o? Ne Yesu metsi tre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe kple xɔse si le mía si nye dzodzro, eye míenye alakpatɔ siwo ɖia ɖase tsia tre ɖe Mawu ŋuti bena efɔ Kristo ɖe tsitre. Ne womafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ke ‘míegale míaƒe nuvɔ̃wo me,’ eye amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la hã tsrɔ̃. Gawu la, “ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔwo wu amewo katã.”

6. (a) Nya kae Paulo gblɔ tsɔ ɖo kpe Yesu ƒe tsitretsitsi dzii? (b) Nukae nye “futɔ mamlɛtɔ” la, eye aleke woaɖee ɖae?

6 Paulo ɖo kpe edzi be Yesu tsi tre. (Korintotɔwo I, 15:20-28) Zi alesi wònye Kristoe nye amesiwo dɔ alɔ̃ le ku me la dome “ŋgɔgbetɔ” ko la, woafɔ ame bubuwo hã ɖe tsitre. Esi wònye amegbetɔ Adam tomaɖola dzie ku to va la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to amegbetɔ ke me va—eyae nye Yesu. Woafɔ amesiwo nye etɔwo le eƒe anyinɔɣia me. Kristo “aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu” siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖa, eye wòaɖu Fia halase esime Yehowa atsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Woato asixɔxɔ si le Yesu ƒe vɔsa ŋu dzi aɖe “futɔ mamlɛtɔ”—si nye ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ—gɔ̃ hã ɖa. Emegbe Yesu agbugbɔ Fiaɖuƒe la ana eƒe Mawu kple Fofoa, eye wòatsɔ eɖokui ade “amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.”

Woanyrɔ Wo le Ame Kukuwo Ta?

7. Amekawoe ‘xɔa nyɔnyrɔ le ame kukuwo ta,’ eye nya sia gɔme ɖe?

7 Wobia amesiwo tsi tre ɖe tsitretsitsia ŋu la be: “Nuka wɔm amesiwo na [wonyrɔ wo] le ame kukuwo ta la le?” (Korintotɔwo I, 15:29) Paulo ƒe nyaa mefia be woanyrɔ agbagbeawo le ame kukuwo ta o, elabena ele na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woawo ŋutɔ nasrɔ̃ nu, axɔ ase, ahana woanyrɔ wo. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 2:41) Mɔ si nu ‘wonyrɔa’ Kristotɔ amesiaminawo ‘le ame kukuwo ta’ enye nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe agbenɔnɔ aɖe si akplɔ ame ayi ku kple tsitretsitsi me la me. Nyɔnyrɔxɔxɔ sia tɔgbe dzea egɔme ne Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒã dziƒomɔkpɔkpɔa ɖe wo me eye wòwua enu ne wofɔ wo tso ame kukuwo dome yi makumakunyenye ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le dziƒo.—Romatɔwo 6:3-5; 8:16, 17; Korintotɔwo I, 6:14.

8. Ne Satana kple esubɔlawo awu Kristotɔwo gɔ̃ hã la, nuka dzie woate ŋu aka ɖo?

8 Abe alesi Paulo ƒe nyawo fia ene la, tsitretsitsimɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ Kristotɔwo wonɔa te ɖe afɔku nu gaƒoƒo sia gaƒoƒo hedzea ŋgɔ ku ŋkeke sia ŋkeke le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ta. (Korintotɔwo I, 15:30, 31) Wonya be Yehowa ate ŋu afɔ yewo ɖe tsitre ne wòɖe mɔ Satana kple esubɔlawo wu yewo gɔ̃ hã. Mawu koe ate ŋu atsrɔ̃ woƒe luʋɔ, alo agbe, le Gehenna, si nye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ.—Luka 12:5.

Ŋudzɔnɔnɔ Hiã

9. Ne tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ƒe ŋusẽ alé mí ɖe te le agbe me la, nukae wòle be míaƒo asa na?

9 Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa lé Paulo ɖe te. Esi wònɔ Efeso la, eƒe futɔwo anya tsɔe ƒu gbe ɖe fefewɔƒe be wòawɔ avu kple lã wɔadãwo. (Korintotɔwo I, 15:32) Ne nu ma dzɔ la, ke woɖee, abe alesi wokpɔ Daniel ta tso dzatawo si mee ene. (Daniel 6:16-22; Hebritɔwo 11:32, 33) Esi tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nɔ Paulo si ta la, mewɔ nu abe Yudatɔ xɔsegbela siwo nɔ anyi le Yesaya ŋɔli la ene o. Wogblɔ be: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Yesaya 22:13) Ne tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ƒe ŋusẽ alé mí ɖe te abe alesi wòlé Paulo ɖe tee ene la, ke ele be míaƒo asa na amesiwo si gbɔgbɔ manyomanyo sia tɔgbe le. Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Le nyateƒe me la, gɔmeɖose sia ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovo ŋu.

10. Aleke míana ŋusẽ nanɔ míaƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋui?

10 Paulo gblɔ na amesiwo me ɖikeke nɔ le tsitretsitsia ŋu bena: “Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le ame aɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.” (Korintotɔwo I, 15:34) Le “nuwuɣi” sia me la, ele be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu kpakple Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ la. (Daniel 12:4; Yohanes 17:3) Esia ana ŋusẽ nanɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si le mía si la ŋu.

Ŋutilã Kae Woatsɔ Atsi Tree?

11. Aleke Paulo wɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe tsitretsitsi ƒe kpɔɖeŋui?

11 Azɔ Paulo ɖo biabia aɖewo ŋu. (Korintotɔwo I, 15:35-41) Ðewohĩ be ame aɖe nana ɖikeke naɖo amewo me ɖe tsitretsitsia ŋu la, abia be: “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Eye ŋutilã ka wole tsɔtsɔ ge adoe mahã?” Abe alesi Paulo ɖee fia ene la, hafi nuku si woƒã ɖe tome namie la, ekuna gbã. Nenema ke ele be amegbetɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii hã naku. Alesi nuku si woƒã miena kple nɔnɔme yeyee la, nenema ke Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre ƒe ŋutilã to vovo tso amegbetɔ tɔ gbɔe. Togbɔ be nɔnɔme si nɔ esi le agbe me hafi wòku kee aganɔ esi hã la, nuwɔwɔ yeye kurae wòanye woafɔ ɖe tsitre ahatsɔ gbɔgbɔmeŋutilã anae be wòate ŋu anɔ dziƒo. Gake woafɔ amesiwo anɔ anyigba dzi la ɖe amegbetɔŋutilã me.

12. Nukae nyagbɔgblɔ “dziƒoŋutilãwo” kple “anyigba dzi ŋutilãwo” fia?

12 Paulo gblɔ be, amegbetɔŋutilã to vovo na lãwo tɔ. Lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋutilã le vovovo. (Mose I, 1:20-25) Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe “dziƒoŋutilãwo” ƒe ŋutikɔkɔe le vovo na “anyigba dzi ŋutilãwo.” Nenema ke ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ƒe ŋutikɔkɔe le vovovo. Gake amesiamina siwo wofɔ la ƒe ŋutikɔkɔe de ŋgɔ sasasã wu.

13. Le Korintotɔwo I, 15:42-44 ƒe nya nu la, nukae woƒãna eye nukae wofɔna ɖe tsitre?

13 Esi Paulo ƒo nu tso vovototoawo ŋu vɔ la, egblɔ kpee be: “Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le.” (Korintotɔwo I, 15:42-44) Egblɔ be: “Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me.” Le afisia la, Paulo anya nɔ nu ƒom tso amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo ŋu. Woƒãa wo ɖe gbegblẽ me le ku me, woafɔ wo ɖe tsitre ɖe magblẽmagblẽ me, nuvɔ̃ manɔŋui. Togbɔ be xexeame do ŋukpe wo hã la, woafɔ wo ayi dziƒogbenɔnɔ me eye woado kple Kristo le ŋutikɔkɔe me. (Dɔwɔwɔwo 5:41; Kolosetɔwo 3:4) Woƒãa “luʋɔŋutilã” le ku me, eye wofɔa “gbɔgbɔŋutilã” ɖe tsitre. Esi woate ŋu awɔ esia le Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii gome la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be woate ŋu afɔ ameƒomea me tɔ bubuwo va agbe me le anyigba dzi.

14. Aleke Paulo tsɔ Kristo sɔ kple Adam?

14 Emegbe Paulo tsɔ Kristo sɔ kple Adam. (Korintotɔwo I, 15:45-49) Ame gbãtɔ, Adam, zu “luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) “Adam mamlɛtɔ”—si nye Yesu—“zu gbɔgbɔ, si na agbe.” Etsɔ eƒe agbe na tafevɔsae ɖe eyomedzela amesiaminawo ta gbã. (Marko 10:45) Esi wonye amegbetɔwo ta la, ‘ame si wowɔ kple anyi ƒe nɔnɔmee le wo ŋu,’ gake ne wofɔ wo ɖe tsitre la, wovanɔa abe Adam mamlɛtɔ la ene. Gake Yesu ƒe vɔsaa aɖe vi na amegbetɔ toɖolawo katã, kple amesiwo woafɔ va anyigba dzi hã.—Yohanes I, 2:1, 2.

15. Nukatae womefɔa Kristotɔ amesiaminawo ɖe ŋutilã me o, eye aleke wofɔa wo le Kristo ƒe anyinɔɣia mee?

15 Ne Kristotɔ amesiaminawo ku la, womefɔa wo ɖe ŋutilã me o. (Korintotɔwo I, 15:50-53) Ŋutilã kple ʋu si gblẽna mate ŋu anyi magblẽmagblẽ kple Dziƒofiaɖuƒea ƒe dome o. Mahiã be amesiamina aɖewo nadɔ alɔ̃ le ku me ɣeyiɣi didi o. Ne wonya wu woƒe anyigba dzi subɔsubɔ nu le nuteƒewɔwɔ me le Yesu ƒe anyinɔɣia me ko la, ‘woatrɔ woƒe nɔnɔme enumake, le aɖabaƒoƒo ɖeka me.’ Woafɔ wo enumake ayi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le magblẽmagblẽ kple ŋutikɔkɔe me. Mlɔeba Kristo ƒe dziƒo “ŋugbetɔ” la ƒe xexlẽme anye ame 144,000.—Nyaɖeɖefia 14:1; 19:7-9; 21:9; Tesalonikatɔwo I, 4:15-17.

Woɖu Ku Dzi!

16. Le Paulo kple nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ ƒe nya nu la, nukae adzɔ ɖe ku si ƒe dome míenyi tso nuvɔ̃me Adam gbɔ la dzi?

16 Paulo gblɔ aʋadziɖuɖutɔe be woami ku tegbee. (Korintotɔwo I, 15:54-57) Ne nusi gblẽna hekuna lava do magblẽmagblẽ kple makumaku la, ekema nya siawo ava eme bena: ‘Womi ku tegbee.’ “Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?” (Yesaya 25:8; Hosea 13:14) Ku ƒe ti enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃ ƒe ŋusẽe nye Se, si bua fɔ nuvɔ̃lawo be wodze ku. Gake le Yesu ƒe vɔsa kple tsitretsitsia ta la, nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso nuvɔ̃me Adam gbɔ la magaɖu mía dzi azɔ o.—Romatɔwo 5:12; 6:23.

17. Aleke Korintotɔwo I, 15:58 me nyawo ka mí egbeae?

17 Paulo gblɔ be: “Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.” (Korintotɔwo I, 15:58) Nya mawo yi na amesiamina susɔe siwo li egbea kple Yesu ƒe “alẽ bubuwo,” ne woɖaku le ŋkeke mamlɛ siawo me gɔ̃ hã. (Yohanes 10:16) Agbagba siwo wodze le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me mazu dzodzro o, elabena tsitretsitsi le wo lalam. Ekema mina mí Yehowa subɔlawo míado vevie nu le Aƒetɔ la ƒe dɔa me ahanɔ ŋkeke ma lalam, esime míate ŋu ado ɣli kple dzidzɔ be: ‘Ku, afika wò dziɖuɖu la le?’

Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa Va Eme!

18. Aleke gbegbee Paulo ƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa sẽŋui?

18 Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, ta 15 ɖee fia kɔte be tsitretsitsimɔkpɔkpɔa kpɔ ŋusẽ ɖe edzi le agbe me. Kakaɖedzi blibo nɔ esi be wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome eye be woafɔ ame bubuwo hã tso ameƒomea ƒe yɔdo me. Ðe xɔse sẽŋu sia tɔgbe le asiwòa? Paulo bu ŋutilãmenudidi vivivo “aɖukpo dzi nuwoe” eye ‘wòɖe asi le nusianu ŋu’ bene wòate ŋu ‘adze si Kristo kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ.’ Apostoloa lɔ̃ faa be yeaku abe Kristo ene kple mɔkpɔkpɔ be yeade “ame kukuwo ƒe tsitretsitsi [si do ŋgɔ] la gbɔ.” Tsitretsitsi sia si wogayɔ hã be “tsitretsitsi gbãtɔ la” nye esi me Yesu yomedzela amesiamina 144,000 kpɔ gome le. Ẽ, wofɔa wo yia gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le dziƒo, gake woafɔ “ame kuku mamlɛawo” ava anyigba dzii.—Filipitɔwo 3:8-11; Nyaɖeɖefia 7:4; 20:5, 6.

19, 20. (a) Amekawoe le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me siwo woafɔ va anyigba dzii? (b) Amekawoe nèle mɔ kpɔm na be woafɔ?

19 Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa va zu nu wɔnuku ŋutɔŋutɔ aɖe na amesiamina siwo wɔ nuteƒe ɖaseɖe ku me. (Romatɔwo 8:18; Tesalonikatɔwo I, 4:15-18; Nyaɖeɖefia 2:10) Amesiwo atsi agbe le “xaxa gã” la me akpɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ƒe emevava le anyigba dzi ne “atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14; 20:13) Amesiwo woafɔ va anyigba dzi la dometɔ ɖekae nye Hiob, amesi ƒe viŋutsuvi adre kple vinyɔnuvi etɔ̃ ku la. Kpɔ alesi dzi adzɔe ne ele dzaa dom na wo ɖa—eye aleke gbegbe wòado dzidzɔ na woe nye si be nɔviŋutsu adre bubu kple nɔvinyɔnu dzetugbe etɔ̃ bubu le yewo si!—Hiob 1:1, 2, 18, 19; 42:12-15.

20 Yayra ka gbegbee nye si wòanye ne wofɔ Abraham kple Sara, Isak kple Rebeka—ẽ, kple ame bubu geɖe, hekpe ɖe “nyagblɔɖilawo katã” ŋu—va agbe me le anyigba dzi! (Luka 13:28) Nyagblɔɖila mawo dometɔ ɖekae nye Daniel, amesi wodo ŋugbe na be woafɔe ɖe tsitre le Mesia dziɖuɖua te. Ƒe 2,500 aɖewoe nye si Daniel le ɖiɖim ɖe eme le yɔdo me, gake le tsitretsitsia ƒe ŋusẽ ta la, eteƒe madidi o woafɔe ‘wòava xɔ eƒe gome’ anye ‘anyigba blibo la dzi megãwo’ dometɔ ɖeka. (Daniel 12:13; Psalmo 45:17) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye be menye blematɔ nuteƒewɔlawo ɖeɖekoe míado dzaa na o, ke na wò ŋutɔ fofowò, dawò, viwòŋutsu, viwònyɔnu, alo lɔlɔ̃tɔ bubu siwo futɔ, si nye ku xɔ dzoe le gbɔwò la!

21. Nukatae mele be míahe ɖe megbe le nunyuiwɔwɔ na ame bubuwo me o?

21 Ðewohĩ mía xɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃tɔ aɖewo le Mawu subɔm ƒe geɖee nye sia, eye wozu ame tsitsiwo. Tsitsi ate ŋu awɔe be tenɔnɔ ɖe agbemekuxiwo nu nasesẽ na wo. Aleke gbegbe wòanye lɔlɔ̃ɖeɖefiae be míana kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si míate ŋui la wo fifia! Ekema ne wòava eme be ku naxɔ wo adzoe la, mave mí be míedo kpo kpekpeɖeŋu si wòle be míana wo hafi la nana wo o. (Nyagblɔla 9:11; 12:1-7; Timoteo I, 5:3, 8) Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa maŋlɔ nu nyui siwo míewɔ na ame bubuwo, metsɔ le ƒe si woxɔ kple nɔnɔme si me wole me, la be o. Paulo ŋlɔ bena: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Galatiatɔwo 6:10; Hebritɔwo 6:10.

22. Vaseɖe esime tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nava eme la, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

22 Yehowae nye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Eƒe Nya faa akɔ na mí hekpena ɖe mía ŋu be míatsɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔ sẽŋu la afa akɔ na ame bubuwoe. Vaseɖe esime míakpɔ mɔkpɔkpɔ ma me vava teƒe esime woafɔ ame kukuwo ava anyigba dzii la, mina míanɔ abe Paulo, amesi xɔ tsitretsitsia dzi se la ene. Vevietɔ mina míasrɔ̃ Yesu, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ be ŋusẽ le Mawu si wòafɔ ye ɖe tsitre va eme nɛ la ƒe kpɔɖeŋu. Eteƒe madidi o amesiwo le ŋkuɖodziyɔdowo me ase Kristo ƒe gbe eye woado go. Mina esia nafa akɔ na mí eye wòana dzi nadzɔ mí. Gake ƒo wo katã ta la, mina míada akpe na Yehowa, amesi wɔe be to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la, woate ŋu aɖu ku dzi!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Yesu ƒe tsitretsitsi teƒekpɔlawo ƒe kpeɖodzi kae Paulo na?

• Nukae nye “futɔ mamlɛtɔ” la, eye aleke woaɖee ɖae?

• Le Kristotɔ amesiaminawo gome la, nukae woaƒã eye nukae woafɔ ɖe tsitre?

• Amekawoe le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me siwo nàdi be yeakpɔ ne wofɔ wo va anyigba dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Apostolo Paulo ʋli tsitretsitsia ta sesĩe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Hiob, eƒe ƒomea, kple ame bubu geɖe ƒe tsitretsitsi anye dzidzɔ manyagblɔ!