Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋui

Alesi Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋui

Alesi Viɖe Geɖe Ate Ŋu Anɔ Wò Agbe Ŋui

BLEMA lododo aɖe gblɔ be: “Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia! Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.” (Lododowo 23:4, 5) Ne míagblɔe bubui la, nunya manɔ eme be míawɔ fu mía ɖokui anɔ agbagba dzem be míazu kesinɔtɔwo o, elabena kesinɔnuwo ate ŋu aƒo ya adzo abe hɔ̃e kɔ wo dzoe ene.

Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ŋutilãmekesinɔnuwo ate ŋu abu vĩ. Dzɔdzɔmefɔku, ganyawo ƒe gbegblẽ, alo nuɖiɖeame bubu aɖewo ate ŋu ana woabu le zãdodo ɖeka me. Gakpe ɖe ŋu la, dzi ɖena le amesiwo si ŋutilãmenu geɖe su gɔ̃ hã ƒo zi geɖe. Bu John, amesi ƒe dɔe nye be wòaɖe modzaka na dunyahelawo, kamedefefewɔlawo, kple fiahawo, ŋu kpɔ.

John gblɔ be: “Meƒo ɖokuinye katã ɖe nye dɔa me. Meva kpɔ ga geɖe, medzea amedzrodzeƒe xɔasiwo, eye ɣeaɖewoɣi la, yameʋu kɔa nye ɖeka yia dɔmee gɔ̃ hã. Gbã la, mesea vivi nɛ, gake ʋɛʋɛʋɛ la, eva tim. Edze nam be amesiwo meɖea modzaka na mebua nu ŋu yia ŋgɔe o. Tsɔɖui aɖeke menɔ nye agbe ŋu o.”

Abe alesi John va kpɔe ene la, ame ƒe dzi medzea eme ne wòle agbe gbɔgbɔmedzidzenuwo manɔmee o. Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, efia alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ mavɔe. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3, NW) Ekema eme kɔ ƒã be anyo wu be woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Gake nu bubu aɖewo hã ate ŋu awɔe be viɖe geɖe nanɔ agbe ŋu.

Ƒowòmetɔwo Kple Xɔwòwo Le Vevie

Ðe nàse vivi na agbe ne kadodo aɖeke mele mia kple ƒowòmetɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo dome oa? Edze ƒã be màse vivi o. Mía Wɔla la wɔ mí kple didi be míalɔ̃ ame ne woalɔ̃ míawo hã. Emae nye susuawo dometɔ ɖeka si ta Yesu te gbe ɖe ‘mía havi lɔlɔ̃ abe mía ŋutɔwo ɖokui ene’ dzi. (Mateo 22:39) Ƒome nye nunana tso Mawu gbɔ eye wònye teƒe nyui aɖe si míate ŋu aɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia le.—Efesotɔwo 3:14, 15.

Aleke míaƒe ƒome awɔe be viɖe geɖe wu nanɔ míaƒe agbe ŋu? Nya lae nye be míate ŋu atsɔ ƒome si wɔ ɖeka asɔ kple abɔ dzeani aɖe si me míate ŋu abe ɖo aɖi ɖe eme tso gbesiagbegbenɔnɔ me xaxawo nu míaƒe dzi nadze eme. Nenema ke míate ŋu ade ha tuameɖo le ƒomea me eye woado vivi ɖe mía ŋu wòana míaɖu akogotsitsi ƒe seselelãmewo dzi. Gake ƒomea me mate ŋu anye gbɔdzɔeteƒe nenema le eɖokui si naneke mawɔmawɔ tso eŋui o. Gake ne míena ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ le sesẽm ɖe edzi la, míeva tena ɖe mía nɔewo ŋu wu tsã, eye agbenɔnɔ vivina ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe mía srɔ̃ ŋu kple fɔléle ɖe eŋu alɔ̃e ahade bubu eŋu le abe gae míetsɔ le dɔ aɖe me dem gbesiagbe eye wòava ɖe vi gbogbo aɖewo emegbe ene.—Efesotɔwo 5:33.

Ne viwo le mía si la, ele be míadze agbagba be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ anyi si me míanyi wo le. Vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu, nana be dzeɖoɖo nanɔ mía dome faa, kpakple gbɔgbɔmenuwo fiafia wo manɔ bɔbɔe ya o. Gake ɣeyiɣi kpɔkpɔ kple agbagbadzedze nenema ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme geɖe ŋutɔ. Dzila kpɔdzidzedzewo bua ɖeviwo be wonye yayra, be wonye domenyinu tso Mawu gbɔ si wòle be yewoalé be na nyuie.—Psalmo 127:3.

Xɔlɔ̃ nyuiwo hã nana be dzidzeme kple viɖe nɔa agbe ŋu. (Lododowo 27:9) Míate ŋu ato lɔlɔ̃ ɖeɖefia amewo me adze xɔ̃ geɖe. (Petro I, 3:8) Xɔlɔ̃ vavãwo kpena ɖe mía ŋu míegafɔna ɖe te ne míedze anyi. (Nyagblɔla 4:9, 10) Eye “xɔlɔ̃ [vavã trɔna] dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Aleke gbegbe xɔlɔ̃ vavã naa dzidzeme amee nye si! Ɣe ƒe toɖoɖo nya kpɔna wu, nuɖuɖu vivina wu, eye ha nya sena wu ne ame xɔlɔ̃ le ame gbɔ. Gake ƒome wɔɖeka kple xɔlɔ̃ siwo dzi woate ŋu aka ɖo la nye nu vevi eve ko le agbe si ŋu viɖe le me. Nu bubu kawoe Mawu wɔ siwo ate ŋu ana viɖe geɖe naganɔ míaƒe agbe ŋu ɖe edzi?

Míaƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Abe alesi míede dzesii do ŋgɔ ene la, Yesu Kristo fia be dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kple míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiã kpɔkpɔ dze sii. Esi wowɔ mí la, wona gbɔgbɔmemenyenye kple agbenyuinɔnɔ ƒe ŋutetewo mí. Eyatae Biblia he susu yi “gbɔgbɔmeme” kple “dzime ƒe ame ɣaɣla” dzi.—Korintotɔwo I, 2:15; Petro I, 3:3, 4.

Le An Expository Dictionary of New Testament Words si W. E. Vine ŋlɔ ƒe nya nu la, kpɔɖeŋudzi la tsi tre ɖi na “amea ƒe tamebubu kple nyuiwɔwɔwo katã, eƒe tamesusu kple seselelãmewo siaa.” Vine gblɔ kpee tsɔ ɖe nu me be: “Ne míagblɔe bubui la, wozãa dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu tsɔ tsia tre ɖi na afisi amea ƒe seselelãme ɣaɣla siwo nu wònɔa agbe ɖo dzɔ tso.” Wogblɔ le agbalẽ ma ke me be “le gogloƒe si dzia le ta la, eya mee ‘amenyenye makpɔmakpɔ la,’ . . . amea ŋutɔŋutɔ le.”

Aleke míawɔ akpɔ “gbɔgbɔmeme” la alo “amenyenye makpɔmakpɔ la,” si nye “dzime ƒe ame ɣaɣla” la ƒe nuhiahiãwo gbɔ? Míeɖea nusia wɔwɔ ƒe afɔ vevitɔ ɖeka tsɔ kpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ ne míelɔ̃ ɖe nya si hakpala si gbɔgbɔ ʋã wògblɔ dzi, edzi ha be: “Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.” (Psalmo 100:3) Godoo ne míelɔ̃ ɖe nya sia dzi la, ana míakpɔe be míabu akɔnta na Mawu. Ne míedi be woabu mí akpe ɖe “eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe” ŋu la, ele be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe Nya, Biblia.

Nu gbegblẽ wònyea? Ao, elabena nyanya be Mawu tsɔa ɖe le míaƒe nuwɔna me na viɖe nɔa míaƒe agbe ŋu ɖe edzi. Edea dzi ƒo na mí be míanye ame ɖɔʋuwo—taɖodzinu nyui aɖee wònye vavã. Psalmo 112:1 gblɔ be: “Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.” Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe kple eƒe sewo dzi wɔwɔ tso dzi blibo me ate ŋu ana viɖe geɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu.

Nukatae toɖoɖo Mawu na míaƒe dzi dzea eme? Esi dzitsinya, si nye nunana Mawu na ameƒomea katã, le mía si tae. Dzitsinya nye nunyuiwɔwɔmedzrola si daa asi ɖe nusi míewɔ alo míedi be míawɔ dzi loo alo gbenɛ. Alesi dzitsinya ɖea fu na ame eye woxaxanae la dzɔ ɖe mí katã dzi kpɔ. (Romatɔwo 2:15) Gake míaƒe dzitsinya ate ŋu akafu mí hã. Ne míewɔ nu ɖokuitɔmadimaditɔe ɖe Mawu kple mía havi amegbetɔwo ŋu la, míaƒe dzi dzea eme eye dzi dzɔa mí. Míekpɔnɛ be “dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Susu vevi aɖe tae nya sia le alea ɖo.

Mía Wɔla wɔ mí ale gbegbe be mía havi amegbetɔwo ƒe didiwo kple nuhiahiãwo kaa mí. Mía ŋutɔwo míaƒe dzi kpɔa dzidzɔ ne míekpe ɖe amewo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míena nu amesi hiã tu la, Mawu bunɛ be yee míewɔ nyui na.—Lododowo 19:17.

Tsɔ kpe ɖe dzidzeme kpɔkpɔ le ememe ŋu la, ɖe fɔléle ɖe míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖe nua? Asitsala aɖe si le Titina Ɣedzeƒe si ŋkɔe nye Raymond xɔe se be ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nenema. Egblɔ be: “Nye taɖodzinu koŋue nye be makpɔ ga. Gake tso esime melɔ̃ le nye dzi me be Mawu aɖe li eye be egblɔ eƒe tameɖoɖowo ɖe Biblia me la, nye nɔnɔme trɔ kura. Fifia agbemenuhiahiãwo didi va xɔ nɔƒe evelia le nye agbe me. Le esi medzea agbagba be madze Mawu ŋu ta la, meƒo asa na nusi fuléle gblẽna le ame ŋu. Togbɔ be fofonye ku le avuwɔwɔ aɖe me hã la, medzrom be mabia hlɔ̃ amesiwo wui o.”

Abe alesi Raymond va kpɔe ene la, “gbɔgbɔmeme” la ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu afa nuteɖeamedzi sesẽwo nu. Gake ne míekpe akɔ kple kuxi siwo míedoa goe gbesiagbe o la, dzidzeme manɔ agbe me kura o.

“Mawu ƒe Ŋutifafa” Ate Ŋu Asu Mía Si

Le hloloetsotso ƒe xexe sia me la, ƒã hafi ŋkeke ʋɛ aɖewo va yina naneke madzɔmadzɔe. Afɔkuwo dzɔna, tameɖoɖowo me gblẽna, eye amewo trɔa mí toa eme. Kplamatsɛdonu siawo ate ŋu ana dzi madzɔ mí o. Gake Biblia do dzidzeme deto ƒe ŋugbe na amesiwo le Yehowa Mawu subɔm—si nye “Mawu ƒe ŋutifafa.” Aleke míawɔ akpɔ ŋutifafa sia?

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Le esi teƒe be míanɔ agbagba dzem be míawo ɖeɖe míatsɔ míaƒe kuxiwo la, ehiã be míado gbe ɖa vevie, atsɔ míaƒe gbesiagbenuteɖeamedziwo ada ɖe Mawu dzi. (Psalmo 55:23) Ne míele tsitsim le gbɔgbɔ me eye míeva dze si alesi Mawu kpena ɖe mía ŋui la, míaxɔe ase ɖe edzi be ato Via, Yesu Kristo, dzi ase kukuɖeɖe mawo.—Yohanes 14:6, 14; Tesalonikatɔwo II, 1:3.

Ne míeva ka ɖe Yehowa Mawu, ‘Gbedodoɖasela’ la, dzi nyuie vɔ la, míate ŋu akpe akɔ nyuie kple dodokpɔwo abe dɔmavɔleameŋuwo, amegã kuku, alo ne ame ku na mí ene. (Psalmo 65:3) Gake hafi viɖe vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu la, ahiã be míabu etsɔme hã ŋu.

Kpɔ Dzidzɔ ɖe Mɔkpɔkpɔ si Le Ŋgɔ Ŋu

Biblia do “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si anye dziƒodziɖuɖu dzɔdzɔe si tsɔa ɖe le ame me si aɖu amegbetɔƒomea me tɔ toɖolawo dzi la ƒe ŋugbe. (Petro II, 3:13) Le xexe yeye sia si ƒe ŋugbe Mawu do me la, ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ ɖe aʋawɔwɔ kple numadzɔmadzɔwɔwɔ teƒe. Menye dzodzro aɖe si ɖoa ame me gabunae wònye o, ke boŋ kakaɖedzi si ate ŋu asẽ ŋu ɖe edzi gbesiagbee wònye. Nyanyui wònye vavã eye wònye susu si ta woatso aseye ɖo nyateƒe.—Romatɔwo 12:12; Tito 1:2.

Fifia la, John, amesi ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me, se le eɖokui me be viɖe geɖe va le yeƒe agbe ŋu. Egblɔ be: “Togbɔ be nyemetsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me tsã o hã la, mexɔ Mawu dzi se ɣesiaɣi. Gake nyemewɔ naneke tso dzixɔse sia ŋu o vaseɖe esime Yehowa Ðasefo eve va gbɔnye. Mebia nya geɖe wo tre ɖe enu, eye nyaawo ƒe ɖewoe nye, ‘Nuka wɔm míele le afisia? Afikae míeɖo tae?’ Ŋuɖoɖo fadziname siwo wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi nam la na tameɖoɖo va su asinye zi gbãtɔ le nye agbe me. Gɔmedzedzea koe nye ma. Nyateƒea ƒe tsikɔ va nɔ wuyem si wɔe be metrɔ asi le nye agbenɔnɔdzidzenuwo katã ŋu. Togbɔ be ŋutilãmenu geɖe megale asinye o hã la, mekpɔe be menye hotsuitɔ gã aɖe le gbɔgbɔ me.”

Ðewohĩ ègblẽ wò gbɔgbɔmemenyenye ɖi naneke mawɔmawɔ le eŋui ƒe geɖe, abe John ene. Gake ne èna “dzi nyanu” ɖo asiwò la, àgate ŋu agbɔ agbee. (Psalmo 90:12) Ne èɖo tame kplikpaa eye nèdze agbagba la, dzidzɔ, ŋutifafa, kple mɔkpɔkpɔ vavã ate ŋu asu asiwò. (Romatɔwo 15:13) Ẽ, viɖe geɖe agate ŋu anɔ wò agbe ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Gbedodoɖa ate ŋu ana “Mawu ƒe ŋutifafa” mí

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ènya nusi ate ŋu ana dzidzeme geɖe nanɔ ƒomegbenɔnɔ mea?