Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia le Taiwan Mɔligblewo Me

Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia le Taiwan Mɔligblewo Me

Míenye Amesiwo Si Xɔse Le

Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia le Taiwan Mɔligblewo Me

TSI dzana sɔgbɔ le Taiwan zi geɖe, si na be woxaa mɔli le agbɔsɔsɔ gã me zi eve le ƒe ɖeka me. Gake tsi medzana le edzaɣi ɣeaɖewoɣi o, eye nukuwo kuna. Ðe agbledela naa ta ne esia dzɔa? Gbeɖe. Enya be kutrikuku hiã. Eviaa nuku yeyewo hegbugbɔ dona ɖe agbleawo me. Agbledela la ŋea nu le agbɔsɔsɔ gã me ne nɔnɔmeawo va ka ɖe eme emegbe. Nuƒãƒa kple nuŋeŋe le gbɔgbɔ me dea sɔsɔ ge kplii ɣeaɖewoɣi.

Kutrikuku le Gbɔgbɔ Me Nuŋeŋea Me

Yehowa Ðasefo siwo le Taiwan wɔ dɔ sesĩe ƒe geɖe siwo va yi be yewoaƒã Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe nukuwo ahaŋe wo le nuto aɖewo siwo dze abe womatse ku o ene me. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Miao-li Nutoa me. Amewo meɖo to boo le agbagba siwo wodzena ɣeaɖewoɣi be woaɖi ɖase le nutoa me la me o. Eyata le ƒe 1973 me la, wode dɔ asi na srɔ̃tɔ mɔɖela vevi aɖewo be woanye ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo awɔ dɔ le afima. Ame aɖewo tsɔ ɖe le nyanyuia me le gɔmedzedzea me. Gake eteƒe medidi o ɖetsɔleme ma nu va fa. Eyata woɖe mɔɖela veviawo yi nuto bubu me.

Wogaɖo mɔɖela vevi eve bubu ɖe afima le ƒe 1991 me. Gake nudzɔdzɔwo ɖee fia ake be nɔnɔme siwo le afima mate ŋu ana nuwo natsi le gbɔgbɔ me o. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woɖo mɔɖela veviawo ɖe afisi wobu be anye anyigba tseku wu la dzi. Esia na anyigba la tsi anyi ɣeyiɣi aɖe.

Agbagba Siwo Wogadze Na Wokpɔ Dzidzedze

Wotso nya me le September 1998 me be woadze agbagba adi nuto siwo atse ku wu le Taiwan anyigbamama gã si womede asi na hame aɖeke o me. Aleke woawɔ esiae? To dɔ dede asi na ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi 40 be woawɔ dɔ le anyigbamama siwo womede asi na hame aɖeke o dometɔ siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me.

Dugã eve siwo te ɖe wo nɔewo ŋu le Miao-li Nutoa me hã nɔ anyigbamama siwo wotia na dɔa wɔwɔ me. Wode dɔ asi na nɔvinyɔnu ene siwo nye trewo be woawɔ dɔ le afima ɣleti etɔ̃ atsɔ ado anyigbamama la kpɔ. Woɖo nyatakaka lédzinamewo ɖa tso ɖetsɔlemetɔ geɖe siwo ŋu wonɔ kekem ɖo le woƒe afima ɖoɖo ɣeyiɣi kpuie aɖe megbe la ŋu. Kaka woawu ɣleti etɔ̃ ƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le nutoa me nu la, wonɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm. To hamemegã aɖe si nɔ hame aɖe si te ɖe wo ŋu ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, woɖo agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo aɖe hã.

Nɔvinyɔnu siawo dometɔ etɔ̃ na eme kɔ be enye yewoƒe didi be yewoayi edzi anɔ be lém na “nuku” matsimatsi siwo nɔ tsitsim nyuie ŋutɔ la. Eyata wowɔ wo dometɔ eve mɔɖela veviwo, eye etɔ̃lia yi edzi nye gbesiagbe mɔɖela wɔ dɔ le afima. Hamemegã aɖe si nɔ hame aɖe si te ɖe afima me ʋu yi nutoa me be wòakpe ɖe wo ŋu. Amesiwo wu 60 ye de dutoƒonuƒo gbãtɔ si woƒo le nutoa me. Fifia la, hame si te ɖe ƒuƒoƒo yeye sia ŋu le kpekpem ɖe wo ŋu be woawɔ kpekpewo le Kwasiɖagbewo edziedzi tsɔ kpe ɖe woƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ geɖe ŋu. Woate ŋu aɖo hame yeye ɖe nutoa me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.

Kutrikuku He Yayrawo Va Taiwan ƒe Nuto Bubuwo Me

Amewo xɔ nyaa le nuto bubuwo me alea ke. Woɖo Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo yeye ɖe I-lan Nuto si le ƒukpoa ƒe dzieheɣedzeƒe gome, afisi ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela veviawo ɖe gbeƒã le.

Esi ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi aɖe nɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm fiẽsi aɖe la, edo go ɖekakpui aɖe eye wòtsɔ amekpegbalẽvi si dzi woŋlɔ hame ƒe kpekpeɣiwo ɖo fiae. Ebia enumake be: “Ðe mate ŋu ade kpekpeawo etsɔ si gbɔna ƒe fiẽ mahã? Ne mate ŋui la, ke nukae mado?” Mɔɖela sia va te aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ enyi wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kple ɖetsɔlemetɔwo. Eteƒe medidi o Biblia-nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe dze ɖoɖowɔwɔ gɔme be yewoazu nyanyuigbeƒãɖelawo kple taɖodzinua be yewoava xɔ nyɔnyrɔ.

Ame bubu aɖe si le du sia ke me nye sɔlemedela ƒe geɖe gake mete ŋu kpɔ ame aɖeke ne wòafia Bibliae o. Ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ esi wòse nu tso Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu. Wode dzi ƒo nɛ be wòato nusi srɔ̃ ge wogbɔna kplii me do ŋgɔ. Esi ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevia yi be yeasrɔ̃ nua kplii la, ekpɔe be nyɔnua wɔ eƒe “dɔdasia” le mɔ sia nu be eƒle agbalẽ eye wòŋlɔ biabia siwo le agbalẽ si srɔ̃ ge wogbɔna me la ɖe eme. Emegbe eŋlɔ eƒe ŋuɖoɖowo na biabia ɖesiaɖe. Eŋlɔ ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ me nyawo hã ɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽa me. Kaka nɔvinyɔnua nayi be yeawɔ nusɔsrɔ̃ gbãtɔ kplii la, nyɔnua dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ gbãtɔ etɔ̃awo ŋu xoxo!

Nusiawo ƒomevi ke dzɔ le Dongshih si nye du aɖe si le titina Taiwan me. Ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela veviawo na agbalẽ gbadza siwo wu 2,000 le dzinu etɔ̃ siwo wotsɔ wɔ dɔ le afima me. Wonɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 16 wɔm le dzinu etɔ̃lia me. Anyigbaʋuʋu si dzɔ le titina Taiwan le September 21, 1999, dzi tsrɔ̃ dua ƒe akpa gãtɔ gake ɖetsɔlemetɔ aɖewo yi edzi le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm, togbɔ be ehiã be woazɔ mɔ gaƒoƒo ɖeka hafi ade kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe wo ŋu wu me hã. Ẽ, kutrikuku hiã hafi woaŋe nu le agbɔsɔsɔ gã me, eɖanye ŋutilã me nukuwo loo alo gbɔgbɔ me tɔwo o.

[Anyigbatata si le axa 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

CHINA

Taiwan Tɔdomekpo

TAIWAN

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.