Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kakaɖedzi Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu!

Kakaɖedzi Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu!

Kakaɖedzi Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu!

‘Mɔkpɔkpɔ le asinye na Mawu bena, tsitretsitsi li.’—DƆWƆWƆWO 24:15.

1. Nukatae míate ŋu akpɔ mɔ na tsitretsitsia?

YEHOWA na gɔmesese siwo ŋu kakaɖedzi le mí siwo ta wòle be míakpɔ mɔ na tsitretsitsia. Eƒe nya na míenya be ame kukuwo afɔ, atsi tre ava agbeme ake. Eye kakaɖedzi li be tameɖoɖo si le esi na amesiwo dɔ alɔ̃ le ku me ava eme godoo. (Yesaya 55:11; Luka 18:27) Le nyateƒe me la, Mawu ɖe ŋusẽ si le esi wòatsɔ afɔ ame kukuwo ɖe tsitre la fia xoxo.

2. Aleke tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ate ŋu aɖe vi na míi?

2 Xɔse si anɔ mía si ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ be yeato ye Vi, Yesu Kristo, dzi afɔ ame kukuwo me ate ŋu alé mí ɖe te le xaxaɣiwo me. Kakaɖedzi si le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na míaƒe Dziƒofofoa vaseɖe ku me gɔ̃ hã. Ðewohĩ ne míede ŋugble le amesiwo wofɔ ɖe tsitre ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me ŋu la, ŋusẽ agaɖo míaƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu. Aƒetɔ Dziɖula Gã Yehowa ƒe ŋusẽ mee wowɔ nukunu siawo katã le.

Woxɔ Woƒe Ame Kukuwo Agbagbe le Tsitretsitsi Me

3. Nukae wona ŋusẽ Eliya wòwɔ esi ahosi si nɔ Zarpat viŋutsu ku?

3 Esi apostolo Paulo nɔ xɔse wɔnuku si gbegbe Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ɖe fia me tom la, eŋlɔ bena: “Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me.” (Hebritɔwo 11:35; 12:1) Nyɔnu mawo dometɔ ɖeka nye ahosi dahe aɖe si nɔ Foinike-du si nye Zarpat me. Esi wòwɔ dɔmenyo na Mawu ƒe nyagblɔɖila Eliya ta la, wɔ kple ami gakpɔtɔ nɔ esi to nuku mɔ nu le dɔwuame si me anye ne woa kple viaŋutsuvi woaku le hafi me. Emegbe esi ɖevia ku la, Eliya kɔe mlɔ aba dzi, do gbe ɖa, dra ɖe ŋutsuvia dzi zi etɔ̃, eye wòɖe kuku be: “Yehowa, nye Mawu, gbugbɔ ɖevi sia ƒe luʋɔ gava emee dzro!” Mawu na ŋutsuvia ƒe luʋɔ, alo agbe, gbugbɔ ɖo eme. (Fiawo I, 17:8-24) Kpɔ alesi ahosi ma akpɔ dzidzɔe esi wòxɔ eƒe xɔse ƒe teƒeɖoɖo to tsitretsitsi gbãtɔ si ŋutinya woŋlɔ ɖi la me—si nye ye ŋutɔ via lɔlɔ̃ si wofɔ ɖe tsitre la ɖa!

4. Nukunu kae Elisa wɔ le Sunem?

4 Nyɔnu bubu si xɔ eƒe ame kuku agbagbe to tsitretsitsi me nɔ du si nye Sunem me. Enye ŋutsu tsitsi aɖe srɔ̃ si wɔ dɔmenyo na nyagblɔɖila Elisa kple eƒe subɔvi. Edzi viŋutsuvi wònye teƒeɖoɖo si wòxɔ. Gake le ƒe geɖe megbe la, eyi ɖayɔ nyagblɔɖila va eƒemee eye wòkpɔe be ŋutsuvia ku. Esi Elisa do gbe ɖa heɖe afɔ aɖewo megbe la, “dzo ɖo lã me na ɖevi la.” ‘Ŋutsuvi la nyè zi adre sɔŋ, eye emegbe wòʋu ŋku.’ Ðikekemanɔmee la, dzi dzɔ ŋutsuvia kple dadaa siaa ale gbegbe le tsitretsitsi sia ta. (Fiawo II, 4:8-37; 8:1-6) Gake aleke gbegbe woakpɔ dzidzɔ wue nye si ne wofɔ wo va agbe me le anyigba dzi le “tsitretsitsi, si nyo wu”—si me mɔnukpɔkpɔ asu wo si le be womagaku azɔ o la me! Susu si ta míada akpe na tsitretsitsi ƒe Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, ka gbegbee nye si!—Hebritɔwo 11:35.

5. Aleke nukunu aɖe to Elisa dzi dzɔ le eƒe ku megbee gɔ̃ hã?

5 Le Elisa ƒe ku kple eɖiɖi vɔ megbe gɔ̃ hã la, Mawu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na ŋusẽ nɔ eƒe ƒuwo ŋu. Míexlẽ be: “Esime [Israel-vi aɖewo le] ŋutsu aɖe ɖim, eye wokpɔ [Moabitɔwo ƒe] adzohawo la, wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Ke esi ŋutsu [si ku] la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi.” (Fiawo II, 13:20, 21) Aleke gbegbe wòawɔ nuku na ŋutsu ma ahadzɔ dzi nɛ hãe nye si! Kpɔ dzidzɔ si wòanye ne wofɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ɖe tsitre le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo si medoa kpo nu o le susu me ɖa!

Mawu ƒe Vi Fɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre

6. Nukunu kae Yesu wɔ le teƒe aɖe si te ɖe Nain-dua ŋu, eye dɔ kae nudzɔdzɔ sia awɔ ɖe mía dzi?

6 Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, na susu siwo me kɔ, siwo ta míaxɔ ase be ame kukuwo ate ŋu afɔ, kple mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe tegbee la mí. Nane si dzɔ le teƒe aɖe si te ɖe Nain-du ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii be nukunu sia ate ŋu adzɔ to Mawu ƒe ŋusẽ si wòna me. Gbeɖeka Yesu do go fanamela siwo kɔ ɖekakpui aɖe si ku do go yina ɖiɖi ge ɖe dua godo. Ahosi aɖe ƒe tenuvie wònye. Yesu gblɔ nɛ be: “Mègafa avi o!” Eye wòka asi aɖaka la ŋu gblɔ bena: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Eye wòfɔ bɔbɔ nɔ anyi heƒo nu. (Luka 7:11-15) Le nyateƒe me la, nukunu sia na míaƒe dzixɔsea me gasẽ ɖe edzi be kakaɖedzi le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu.

7. Nukae dzɔ ku ɖe Yairo ƒe vinyɔnuvi ŋu?

7 Bu nudzɔdzɔ aɖe si ku ɖe Yairo, amesi nye ƒuƒoƒe si nɔ Kapernaum la ƒe amegã hã ŋu kpɔ. Ebia Yesu be wòava kpe ɖe ye vinyɔnuvi ƒe 12 vi, si gbɔ melɔ̃a nu le o, si ɖo kudonu la ŋu. Eteƒe medidi o woka nya ta be nyɔnuvia ku. Esi Yesu xlɔ̃ nu Yairo si nuxaxa yɔ fũ la be xɔse nanɔ esi la, ekplɔe ɖo yi eƒeme, afisi ameha aɖe nɔ avi fam le. Esi Yesu gblɔ na wo be, “Ðevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle” la, woko nu. Eku vavã, gake ɖe Yesu di be yeaɖee afia be woate ŋu afɔ amewo ɖe agbe abe alesi woate ŋu anyɔ amesi dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ lae ene. Esi Yesu lé nyɔnuvia ƒe alɔnu la, egblɔ be: “Tsi tre!” Nyɔnuvi la tsi tre enumake, eye ‘edzilawo lulu’ ɖe tsitrenu. (Marko 5:35-43; Luka 8:49-56) Ðikekemanɔmee la, ƒometɔwo ‘alulu ŋutɔ’ ne wofɔ woƒe lɔlɔ̃tɔ kukuwo va agbe mee le paradisonyigba dzi.

8. Nukae Yesu wɔ le Lazaro ƒe yɔdo to?

8 Lazaro ku ŋkeke ene sɔŋ esime Yesu yi eƒe yɔdo gbɔ hena womli kpe si wotsɔ ɖo enu ɖa. Esi Yesu do gbe ɖa gaglãa bena nukpɔlawo nanyae be Mawu ƒe ŋusẽ zãmee yele vɔ megbe la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: “Lazaro lee, do go!” Eye wòdo go! Ameɖivɔ siwo wotsɔ bla eƒe asiwo kple afɔwo kpɔtɔ nɔ eŋu, eye taku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ be: “Mitui, eye mina wòayi.” Esi ame geɖe siwo nɔ afima be yewoafa akɔ na Lazaro nɔvinyɔnu Maria kple Marta kpɔ nukunu sia la, woxɔ Yesu dzi se. (Yohanes 11:1-45) Ðe nudzɔdzɔ sia mena mɔkpɔkpɔ su asiwò be woafɔ wò lɔlɔ̃tɔ kukuwo le Mawu ƒe xexe yeyea me oa?

9. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre fifia?

9 Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela nɔ gaxɔ me la, Yesu dɔ be woaɖagblɔ dzidzɔnya siawo nɛ be: “Ŋkunɔwo le nu kpɔm, . . . ame kukuwo le tsitre tsim.” (Mateo 11:4-6) Esi Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre esime wònɔ anyigba dzi ta la, ɖikeke mele eme o be agate ŋu awɔ esia esi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ ŋusẽtɔ si Mawu na ŋusẽe. Yesue nye “tsitretsitsi la kple agbe la” eye akɔfafa ka gbegbee nye si wònye be míanya be le etsɔ si gbɔna kpuie me la, ‘amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ase eƒe gbe; eye woado go’!—Yohanes 5:28, 29; 11:25.

Tsitretsitsi Bubuwo Do Ŋusẽ Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

10. Aleke nàƒo nu tso zi gbãtɔ si amesi nye apostolo fɔ ame kuku ɖe tsitre la ƒe nyatakaka ŋui?

10 Esi Yesu dɔ eƒe apostolowo ɖa be woanye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo la, egblɔ be: “Migbɔ agbe ame kukuwo.” (Mateo 10:5-8) Gake hafi woate ŋu awɔ esia la, ele be woaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu. Le Yope le ƒe 36 M.Ŋ. la, nyɔnu mawuvɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Dorcas (Tabita) la dɔ alɔ̃ le ku me. Ewɔ dɔ nyui geɖe, siwo ƒe ɖee nye awu tɔtɔ na ahosi dahewo, amesiwo fa avi vevie le eƒe ku la ŋuti. Nusrɔ̃lawo dzrae ɖo hena ɖiɖi eye wodɔ be woayɔ apostolo Petro vɛ, ɖewohĩ be wòava fa akɔ na yewo. (Dɔwɔwɔwo 9:32-38) Enyã amesiame le dziƒoxɔa me, eye wòdo gbe ɖa gblɔ be: “Tabita, tsi tre!” Eʋu eƒe ŋkuwo, fɔ bɔbɔ nɔ anyi, lé Petro ƒe asi eye wòkɔe ɖe dzi. Zi gbãtɔ sia si amesi nye apostolo fɔ ame kuku ɖe tsitre la na ame geɖe va zu xɔsetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 9:39-42) Esia hã na susu bubu mí si ta míakpɔ mɔ na tsitretsitsia.

11. Tsitretsitsi kae nye mamlɛtɔ si dze le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me?

11 Tsitretsitsi mamlɛtɔ si dze le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me dzɔ le Troa. Esi Paulo tɔ ɖe afima le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, edidi eƒe nuƒoa ɖe dzi va ɖo zãtitina. Le ɖeɖiteameŋu kple ɖewohĩ le dzoxɔxɔ si tso akaɖi geɖe si le takpeƒea kple alesi amewo sɔ gbɔe ta la, alɔ̃ mu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutixo wòge tso dziƒoxɔ dzisasrã etɔ̃lia ƒe fesre nu va dze anyi. Esi woyi ‘ɖakɔe la, eku,’ menye ɖime ko wòyi o. Paulo dze Eutixo dzi, lée alɔ eve, eye wògblɔ na eteƒekpɔlawo bena: “Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme.” Paulo nɔ gbɔgblɔm be wogbugbɔ ɖekakpuia ƒe agbe de eme. ‘Akɔfafa’ si nua teƒe kpɔlawo kpɔ la ‘wu gbɔgblɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:7-12) Egbea la, Mawu subɔlawo kpɔa akɔfafa geɖe esi wonya be tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ava eme na amesiwo wɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔa kpli yewo hafi va ku.

Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa—Eli tso Blema Ke

12. Dzixɔse kae Paulo ɖe gblɔ esi wònɔ Roma-mɔ̃mefia Felike ŋkume?

12 Esi Paulo nɔ Roma-mɔ̃mefia Felike ŋkume wònɔ nya drɔ̃m nɛ la, eʋu eme be: “Mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se, eye mɔkpɔkpɔ, . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:14, 15) Aleke Mawu ƒe Nya ƒe akpa aɖewo, abe “Se la” ene, tɔ asi ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre dzii?

13. Nukatae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒo nu tso tsitretsitsi ŋu esi wògblɔ nyagblɔɖi gbãtɔ?

13 Tsitretsitsi dze le Mawu ŋutɔ hã ƒe nyagbɔgblɔ me esi wògblɔ nyagblɔɖi gbãtɔ le Eden. Esi Mawu nɔ tohenya gblɔm ɖe “da xoxo la,” si nye Satana Abosam ŋu la, egblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 12:9; Mose I, 3:14, 15) Afɔkpodzi ɖuɖu na nyɔnua ƒe dzidzimevia fia Yesu Kristo wuwu. Ne Dzidzimevi ma agba ta na da la emegbe la, ke ahiã be woafɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.

14. Nukae wòfia be ‘menye ame kukuwo ƒe Mawu Yehowa nye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe’?

14 Yesu gblɔ be: “Bena ame kukuwo atsi tre la, Mose hã gblɔe fia le ŋuve la gbɔ, esi wòyɔ Aƒetɔ la bena: ‘Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Ke Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe; elabena wo katã wole agbe nɛ.” (Luka 20:27, 37, 38; Mose II, 3:6) Abraham, Isak, kple Yakob woku, gake kakaɖedzi nɔ tame si Mawu ɖo be yeafɔ wo ɖe tsitre la ŋu ale gbegbe be ɖeko wòbu amesiawo abe ɖe wole agbe ene.

15. Susu ka tae Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se?

15 Susu si ta wòle be Abraham naxɔ tsitretsitsia dzi se la nɔ esi, elabena esi woa kple srɔ̃a, Sara, wotsi ŋutɔ eye woƒe vidzidziŋutete ku la, Mawu na agbe ɖo woƒe vidziŋutetewo me nukutɔe. Ðeko esia nɔ abe tsitretsitsi ene. (Mose I, 18:9-11; 21:1-3; Hebritɔwo 11:11, 12) Esi wo viŋutsu, Isak xɔ ƒe 25 lɔƒo la, Mawu gblɔ na Abraham be wòatsɔe asa vɔe. Gake esi Abraham be yeatu hɛa Isak dzi wòaku la, Yehowa ƒe dɔla lé eƒe asi. Abraham “[susu] bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta.”—Hebritɔwo 11:17-19; Mose I, 22:1-18.

16. Abraham le alɔ̃ dɔm le ku me fifia le nuka lalam?

16 Abraham kpɔ mɔ na tsitretsitsi si ava le Mesia, Dzidzimevi, si ŋugbe wodo la ƒe dziɖuɖu te. Mawu ƒe Vi la de dzesi Abraham ƒe xɔse do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu. Eyata esi wònye amegbetɔ Yesu Kristo la, egblɔ na Yudatɔwo be: “Mia fofo Abraham dzɔ dzi be, yeakpɔ nye ŋkeke la.” (Yohanes 8:56-58; Lododowo 8:30, 31) Abraham le alɔ̃ dɔm fifia le ku me, eye wòle tsitretsitsi va agbe me le anyigba dzi le Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe te lalam.—Hebritɔwo 11:8-10, 13.

Kpeɖodzi tso Se la Kple Psalmowo Me

17. Aleke ‘nusiwo katã woŋlɔ ɖe Se la me’ fia asi Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi lae?

17 Tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si nɔ Paulo si la le ɖekawɔwɔ me kple ‘nusiwo woŋlɔ ɖe Se la me.’ Mawu gblɔ na Israel-viwo be: ‘Mitsɔ lubabla gbãtɔwo vɛ na nunɔla. Eye le Nisan ƒe ŋkeke 16 lia dzi la, wòanyè lubablawo le Yehowa ŋku me, bena miaƒe nu nadze eŋu.’ (Mose III, 23:9-14) Ðewohĩ se siae nɔ susu me na Paulo wòŋlɔ bena: “Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.” Esi Yesu nye “ŋgɔgbetɔ” ta la, wofɔe ɖe tsitre le Nisan 16, ƒe 33 M.Ŋ. me. Emegbe le eƒe anyinɔɣi la, woafɔ ‘megbetɔwo’—siwo nye eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la hã.—Korintotɔwo I, 15:20-23; Korintotɔwo II, 1:21; Yohanes I, 2:20, 27.

18. Aleke Petro ɖee fia be wogblɔ Yesu ƒe tsitretsitsi ŋutinya ɖi le Psalmowo me?

18 Psalmowo hã ɖo kpe tsitretsitsia dzi. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi la, apostolo Petro yɔ nya tso Psalmo 16:8-11 gblɔ be: “Dawid gblɔ le [Kristo ŋuti] bena: ‘Mekpɔa Aƒetɔ la le ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusi me, be ke maɖe le tenye o. Esia ta nye dzi kpɔ dzidzɔ, eye nye aɖe tso aseye; ẽ, nye ŋutilã hã adzudzɔ le mɔkpɔkpɔ me. Elabena magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be, wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o.’” Petro gblɔ kpee be: “Esi [Dawid kpɔe] ɖi la, eƒo nu le Kristo ƒe tsitretsitsi la ŋuti bena, womegblẽe ɖe tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o. Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre.”—Dɔwɔwɔwo 2:25-32.

19, 20. Ɣekaɣie Petro yɔ nya tso Psalmo 118:22 me, eye aleke nya sia ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋui?

19 Ŋkeke aɖewo megbe la, Petro nɔ Sanhedrin la ŋkume eye wògayɔ nya tso Psalmowo me ake. Esi wobia apostolo la alesi wòwɔ da gbe le tekunɔ nubiala aɖe ŋui la, egblɔ be: “Ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ. [Yesu sia] nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya trɔ zu dzogoekpe. Eye menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.”—Dɔwɔwɔwo 4:10-12.

20 Le afisia la, Petro yɔ nya tso Psalmo 118:22 hetsɔe ku ɖe nusi wògblɔ tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu. Esi subɔsubɔhakplɔlawo zi Yudatɔwo dzi la, wogbe Yesu. (Yohanes 19:14-18; Dɔwɔwɔwo 3:14, 15) Esi ‘xɔtulaawo gbe kpea’ ta la, wowu Kristo, gake ‘kpea va zu dzogoedzikpe,’ si fia eƒe tsitretsitsi yi ŋutikɔkɔe me le dziƒo. Abe alesi hakpala la gblɔe ɖi ene la, “Yehowa gbɔ esia tso.” (Psalmo 118:23) ‘Kpea’ wɔwɔ ‘dzogoedzikpee’ fia edodo ɖe dzi wòazu Fia si Wotia.—Efesotɔwo 1:19, 20.

Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa Léa Mí Ðe Te

21, 22. Mɔkpɔkpɔ kae Hiob ɖe fia si woŋlɔ ɖe Hiob 14:13-15, eye aleke mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu afa akɔ na amesiwo ame ku na egbeae?

21 Togbɔ be míekpɔe wofɔ ame aɖeke ɖe tsitre kpɔ o hã la, míede dzesi nudzɔdzɔ aɖewo le Ŋɔŋlɔawo me si na kakaɖedzi mí le tsitretsitsia ŋu. Eyata mɔkpɔkpɔ si nɔ ame dzɔdzɔe Hiob si ate ŋu anɔ míawo hã si. Esi wònɔ fu kpem la, eɖe kuku be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye [wò Yehowa] nadzram ɖo, . . . naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe! Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? . . . Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:13-15) Mawu ƒe ‘asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzroe,’ eye wòadi vevie be yeafɔ Hiob ɖe tsitre. Mɔkpɔkpɔ ka gbegbee nye si nya mawo na mí!

22 Míaƒe ƒomea me tɔ mawuvɔ̃la aɖe ate ŋu adze dɔ vevie abe Hiob ene eye ate ŋu aku gɔ̃ hã. Nuxaxa ate ŋu ana amesiwo amea ku na nafa avi abe alesi Lazaro ƒe kua na Yesu gɔ̃ hã fa avii ene. (Yohanes 11:35) Gake aleke gbegbe wònye akɔfaname enye si be míenya be Mawu ayɔ amesiwo le eƒe susu me eye woatɔ nɛ! Ðeko wòanɔ abe mɔ dzie wotso gbɔ ene—menye kple dɔléle alo nuwɔame aɖeke o, ke boŋ woanɔ lãmesẽ blibo me.

23. Aleke ame aɖewo ɖe alesi woka ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi fiae?

23 Kristotɔ tsitsi aɖe ƒe ku wɔ dɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi woŋlɔ bena: “Taflatse xɔ míaƒe babadoname si tso míaƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke ɖe dawò ƒe kua ta. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòaxɔ be míado wòezɔ nɛ—ne etrɔ gbɔ le lãmesẽ me eye wònya kpɔ!” Dzila aɖewo siwo ƒe viŋutsu ku la gblɔ be: “Aleke gbegbe míele mɔ kpɔm na gbesigbe Jason afɔe enye si! Alé ŋku ɖe eɖokui ŋu godoo eye wòakpɔ Paradiso si wònɔ mɔ kpɔm na vevie la. . . . Nu dedzolãmename kae nye si gbegbe wòanye na mí amesiwo lɔ̃e be míawo hã míanɔ afima.” Ẽ, aleke gbegbe míada akpee nye si be kakaɖedzi le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke ɖoɖo si Mawu wɔ be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre dzixɔxɔse aɖe vi na míi?

• Nudzɔdzɔ kawoe woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me siwo naa míekpɔa mɔ na tsitretsitsi la?

• Nukatae míate ŋu agblɔe be tsitretsitsia nye mɔkpɔkpɔ li tso blema ke?

• Mɔkpɔkpɔ si léa ame ɖe te kae ate ŋu anɔ mía si ɖe ame kukuwo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ me la, Eliya na agbe gaɖo ahosi aɖe ƒe viŋutsuvi me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Esi Yesu fɔ Yairo vinyɔnuvia ɖe tsitre la, nyɔnuvia dzilawo lulu ɖe tsitre nu

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi la, apostolo Petro ʋu eme dzideƒotɔe be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome