Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yometiti Na Wokpɔ Dzidziɖedzi le Antioxia

Yometiti Na Wokpɔ Dzidziɖedzi le Antioxia

Yometiti Na Wokpɔ Dzidziɖedzi le Antioxia

ESI Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yometiti nu va sẽ ɖe edzi le Stefano ƒe xɔsetaku megbe la, wo dometɔ geɖe si yi Yerusalem. Teƒe siwo wosi yi dometɔ ɖekae nye Antioxia, le Siria, si le dziehe gome eye egbɔ didi kilometa 550. (Dɔwɔwɔwo 11:19) Nusiwo va dzɔ le afima emegbe kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe ŋutinya bliboa katã dzi. Be míate ŋu ase nusi dzɔ gɔme la, anyo be míanya nu sue aɖe tso Antioxia ŋu.

Ne míaƒo nu tso Roma Fiaɖuƒea me dugãwo, woƒe lolome, dzidzedzekpɔkpɔ, kple vevienyenye ŋu la, Roma kple Alexandria koe ƒo Antioxia ta. Siria dugã sia kpɔ ŋusẽ ɖe Mediterranea ƒe dzieheɣedzeƒe kpa dzi. Antioxia (si woyɔna egbea be Antakya, le Turkey) nɔ Orontes Tɔsisi si dzi tɔdziʋuwo te ŋu tona yia eƒe melidzeƒe, si nye Seleukia Pieria, si gbɔ didi kilometa 32 la to. Ekpɔ ŋusẽ ɖe asimɔ veviawo dometɔ ɖeka si to Roma kple Tigris kpakple Frat Balia me la dzi. Esi wònye asitsaƒe xɔŋkɔ aɖe ta la, etsa asi kple fiaɖuƒe bliboa eye ame ƒomevi ɖesiaɖe tsɔa subɔsubɔhawo ŋu nyawo tsoa Roma fiaɖuƒea ƒe akpa sia akpa vaa emee.

Helatɔwo ƒe subɔsubɔ kple xexemenunya de dzi le Antioxia. Gake ŋutinyaŋlɔla Glanville Downey gblɔ be: “Le Kristo ŋɔli la, le esi amewo nɔ subɔsubɔ si akpɔ ta na woƒe kuxiwo eye wòana woƒe mɔkpɔkpɔwo nava eme dim ta la, vivimeha xoxoawo me nɔnɔ kple xexemenunyawo dzi xɔxɔ se va kpo ɖe ame ŋutɔ gbɔ.” (A History of Antioch in Syria) Yuda-subɔsubɔ ƒe mawuɖekasubɔsubɔ, kɔnuwɔwɔwo, kple eƒe gɔmeɖosewo dze ame geɖe ŋu.

Yudatɔwo ƒe hatsotso gã aɖe nɔ Antioxia tso esime wotso dua le ƒe 300 D.M.Ŋ. me. Wobu akɔnta be woanɔ ame 20,000 vaseɖe 60,000, si nye dua me nɔlawo ƒe alafa memama 10 kple edzivɔ. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Seleukia ƒiaƒomea me fiawoe de dzi ƒo na Yudatɔwo be woava nɔ dua me, eye wona dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi wo. Le ɣeyiɣi ma me la, Hebri Ŋɔŋlɔawo nɔ Helagbe me. Esia de dzo amesiwo nɔ mɔ kpɔm na Yudatɔwo ƒe Mesia la me. Le esia ta la, wowɔ trɔ̃subɔla geɖe wozu Yudatɔwo le Helatɔwo dome. Esiawo katã wɔe be Antioxia zu afisi woate ŋu awɔ Kristotɔ nusrɔ̃lawo le.

Gbeƒãɖeɖe na Trɔ̃subɔlawo

Yesu yomedzela siwo yome woti eye woka hlẽ tso Yerusalem dometɔ akpa gãtɔ ƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na Yudatɔwo ɖeɖeko. Gake le Antioxia la, nusrɔ̃la siwo tso Kipro kple Kirene la ƒo nu na “Helatɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 11:20) Togbɔ be wonɔa gbeƒã ɖem na Yudatɔ Helagbedolawo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi ke hã la, edze abe ɖe gbeƒãɖeɖe le Antioxia nye nu yeye ene. Menye Yudatɔwo ɖeɖekoe woɖe gbeƒã na o. Le nyateƒe me la, Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ Kornelio kple eƒe ƒomea zu nusrɔ̃lawo xoxo. Gake ŋutegae tso Yehowa gbɔ hafi apostolo Petro te ŋu xɔe se be esɔ be woaɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔlawo, alo dukɔ bubu me tɔwo.—Dɔwɔwɔwo 10:1-48.

Le du si me Yudatɔwo ƒe nuto gãwo le ɣeyiɣi didi aɖe eye dzre gã aɖeke menɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome o me la, wonɔ gbeƒã ɖem na amesiwo menye Yudatɔwo o ale be wonɔ nyanyuia xɔm. Edze ƒã be nɔnɔme si sɔ be woakpɔ dzidzedze alea nɔ Antioxia, eye ‘ame geɖewo zu xɔsetɔwo.’ (Dɔwɔwɔwo 11:21) Eye ne trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siawo va zu Kristotɔwo la, wosua te be woate ŋu aɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo gakpɔtɔ le trɔ̃wo subɔm.

Esi hame si le Yerusalem se dzidziɖedzi si kpɔm wonɔ le Antioxia ŋu nya la, wodɔ Barnaba ɖa be wòaɖa ku eme. Tiatia ma nye esi me nunya kple lɔlɔ̃ nɔ. Enye Kiprotɔ, abe alesi wòle le amesiwo dze gbeƒãɖeɖe na amesiwo menye Yudatɔ o la gome ene. Barnaba anya ɖe dzi ɖi le Trɔ̃subɔla siwo nɔ Antioxia la dome. Woawo hã anya bu eyama be etso nuto ɖeka me kpli yewo. * Ate ŋu ase dɔ si wɔm wole la gɔme. Eyata ‘esi wòva, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, dzi dzɔe, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple tameɖoɖo blibo,’ eye “wotsɔ ameha gã aɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 11:22-24.

Ŋutinyaŋlɔla Downey gblɔ be: “Nusiwo na dɔ gbãtɔ si wowɔ le Antioxia kpɔ dzidzedze anye be mehiã be dutanyanyuigblɔla siawo navɔ̃ Yudatɔ zazɛ̃nyahelawo le dugã sia me abe alesi wodo go wo le Yerusalem ene o; eye be aʋafiae nɔ du ma, si nye Siria ƒe fiadu la dzi ɖum, eyata wowɔna ɖe hadome ɖoɖowo dzi ŋutɔ, eye nuvlowɔhawo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ mebɔ abe alesi wònɔ le Yerusalem, afisi wòdze abe ɖe Yudea dzi ɖulawo mete ŋu tsi Yudatɔ zazɛ̃nyahelawo nu (le ɣeyiɣi sia teti ya me o) ene o.”

Le nɔnɔme deamedzi sia si me dɔ geɖe li woawɔ me la, Barnaba anya kpɔe dze sii be ehiã be woakpe ɖe ye ŋu, eye eƒe susu yi exɔlɔ̃ Saul dzi. Nukatae wònye Saul, alo Paulo, dzi koe eƒe susu yi? Anɔ eme be le esi togbɔ be Paulo menye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka o hã la, woɖoe wònye apostolo na trɔ̃subɔlawo tae. (Dɔwɔwɔwo 9:15, 27; Romatɔwo 1:5; Nyaɖeɖefia 21:14) Eyata Paulo dze nyuie anye hadɔwɔla le gbeƒãɖeɖe nyanyuia le Trɔ̃subɔlawo ƒe du si nye Antioxia me. (Galatiatɔwo 1:16) Eyata Barnaba yi Tarso, di Saul, hekplɔe va Antioxia.—Dɔwɔwɔwo 11:25, 26; kpɔ aɖaka si le axa 26-7.

Woyɔ Wo be Kristotɔwo le Mawu ƒe Mɔfiafia Nu

Barnaba kple Saul tsɔ ƒe blibo ɖeka ‘fia nu ameha gã aɖe, eye Antioxiae woyɔ nusrɔ̃lawo le Mawu ƒe mɔfiafia nu gbã be Kristotɔwo.’ Manɔ eme be Yudatɔwoe nye ame gbãtɔ siwo yɔ Yesu yomedzelawo be Kristotɔwo (le Helagbe me) alo Mesiatɔwo (le Hebrigbe me) o, elabena wogbe Yesu be menye Mesia, alo Kristo o, eyata womayɔ eyomedzelawo be Kristotɔwo wòafia be yewobui nenema o. Ame aɖewo susui be trɔ̃subɔlawoe anya tsɔ megbeŋkɔ na wo be Kristotɔwo wòanye fewuɖuɖu alo alɔmeɖeɖe ko. Gake Biblia ya ɖee fia be Mawue na ŋkɔ wo be Kristotɔwo.—Dɔwɔwɔwo 11:26, NW.

Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa dɔwɔnya si wozã kpe ɖe ŋkɔ yeyea ŋu si gɔme woɖena zi geɖe be “woyɔ” la na nusi gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu, nusi nukala gblɔ, alo nusi tso Mawu gbɔ. Eyata agbalẽnyalawo ɖea egɔme be “woaka nu agblɔ nya ɖi,” “nusi Mawu gblɔ,” alo “be woade se alo ana nuxlɔ̃ame si tso Mawu gbɔ, be woafia nusi tso dziƒo.” Esi wònye be woyɔ Yesu yomedzelawo be Kristotɔwo “le Mawu ƒe mɔfiafia nu” ta la, ate ŋu anye be Yehowae fia mɔ Saul kple Barnaba be woana ŋkɔa wo.

Ŋkɔ yeyea tsi wo ŋu. Womagate ŋu ayɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo vodadatɔe gbeɖe azɔ be Yuda-subɔsubɔ ƒe kɔmama aɖe, si wòto vovo na kura, o. Kaka ƒe 58 M.Ŋ. naɖo la, Roma-dziɖuɖumegãwo nya amesiwo Kristotɔwo nye nyuie. (Dɔwɔwɔwo 26:28) Ŋutinyaŋlɔla Tacitus gblɔ be kaka ƒe 64 M.Ŋ. naɖo la, ameha siwo nɔ Roma hã nya ŋkɔa nyuie.

Yehowa Zãa Esubɔla Wɔnuteƒewo

Nyanyuia kpɔ dzidzedze nyuie le Antioxia. Yehowa ƒe yayra kple tame si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖo kplikpaa be yewoayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi wɔe be Antioxia va zu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔnyenye ƒe dɔwɔƒe vevi aɖe. Mawu zã hame si nɔ afima wònye afisi wotsona tsɔa nyanyuia yia dukɔ siwo le didiƒe me. Le kpɔɖeŋu me, Antioxiae nye afisi apostolo Paulo dze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ xɔŋkɔawo dometɔ ɖesiaɖe gɔme tsoe.

Le egbeŋkekewo me la, dzonɔameme kple tameɖoɖo kplikpaa togbɔ be tsitretsiɖeŋuwo li hã de Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe takeke dzi nenema ke, eye wòna mɔnukpɔkpɔ ame geɖe be woase nyanyuia ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. * Eyata ne wotsi tre ɖe ŋuwò le esi nèdea tadedeagu vavãtɔ dzi ta la, nyae be Yehowa nya nusita wòɖe mɔ ɖe eŋu ɖo. Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ele be woana mɔnukpɔkpɔ amewo egbea be woase nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye woava eƒe akpa dzi. Ðewohĩ tame si nàɖo kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe koe anye nusi ahiã be wòakpe ɖe ame aɖe ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ nasu esi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Ne xexeame kɔ la, Kipro ƒukpoa dzena tso Casius To, si le Antioxia ƒe anyieheɣetoɖoƒe, dzi wokpɔna.

^ mm. 18 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 1, 1999, axa 9; Nyɔ!, May 8, 1999, axa 17-18; 1999 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 250-2.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

“Ƒe Siwo Me Womese” Saul “Ŋkɔ O”

ZI MAMLƐTƆ si woyɔ Saul ŋkɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me hafi wova kplɔe yi Antioxia abe ƒe 45 M.Ŋ. lɔƒo ene nye esi nugbe si woɖo be woawui le Yerusalem la medze edzi o eye haxɔsetɔwo ɖoe ɖe Tarso. (Dɔwɔwɔwo 9:28-30; 11:25) Gake ema nye ƒe asieke do ŋgɔ, le ƒe 36 M.Ŋ. me. Nuka wɔm wònɔ le ɣeyiɣi siawo me—ɣeyiɣi si woyɔ be ƒe siwo me womese Saul ŋkɔ o?

Esi Saul tso Yerusalem la, eyi ɖe Siria kple Kilikia nutowo me, eye hame siwo le Yudea se be: “Amesi ti mía yome tsã la, gblɔa xɔse ƒe nyanyui si wògblẽ tsã la, fiana azɔ.” (Galatiatɔwo 1:21-23) Nyatakaka ma anya ku ɖe dɔ si Saul wɔ kple Barnaba le Antioxia ŋu, gake ɖikeke mele eme o be do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã la, menɔ anyi dzro ko o. Kaka ƒe 49 M.Ŋ. naɖo la, hame geɖe nɔ Siria kple Kilikia. Ðeka nɔ Antioxia, gake ame aɖewo bui be dɔ siwo Saul wɔ le ƒe siwo me womenɔ eŋkɔ sem o lae na wote ŋu ɖo bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 11:26; 15:23, 41.

Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be anye ɣeyiɣi ma mee nu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ le Saul ƒe agbe me la dzɔ. Anye ne mate ŋu anɔ eme be esime wònɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔmee wòto nɔnɔme sesẽwo me abe ‘Kristo ƒe subɔla’ ene o. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Ɣekaɣie Saul xɔ ƒoƒo 39 le Yudatɔwo si me zi gbɔ zi atɔ̃? Afikae woƒoe kple atiwo zi etɔ̃ le? Afikae wodee gaxɔ me zi “geɖe” le? Emegbe hafi wodee game le Roma. Nuŋlɔɖi ɖeka le mía si ku ɖe ɣeaɖeɣi si woƒoe hedee game ŋu—eyae nye le Filipi. Ke kpɔtɔeawo ya ɖe? (Dɔwɔwɔwo 16:22, 23) Nuŋlɔla aɖe gblɔ be le ɣeyiɣi sia me la, Saul nɔ “ɖase ɖim tso Kristo ŋu le ƒuƒoƒe siwo le Duta me ale gbegbe be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple dziɖuɖumegãwo siaa ti eyome.”

Saul ɖo tɔdziʋu wògbã zi ene sɔŋ, gake ɖeka si dzɔ kplɔ nɔnɔme sesẽ siwo wòdo goe siwo wòyɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me ɖo ko ŋue Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe tsitotsito. (Dɔwɔwɔwo 27:27-44) Eyata anye be esime wònɔ mɔ siwo ŋuti míenya naneke le o zɔmee etɔ̃ bubuawo dzɔ ɖe edzi. Nusiawo dometɔ aɖe alo wo katã adzɔ le “ƒe siwo me womese eŋkɔ o.”

Woɖɔ nudzɔdzɔ bubu si dze abe ɣeyiɣi sia mee wòanya dzɔ ene le Korintotɔwo II, 12:2-5. Saul gblɔ be: ‘Menya ame aɖe le Kristo me, anɔ ƒe wuiene enye esi si wotsɔ dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke, yi ɖe Paradiso la me, eye wòse nya, siwo mele be wòagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o.’ Edze ƒã be Saul nɔ nu ƒom tso eɖokui ŋu. Esi wònye be ƒe 55 M.Ŋ. lɔƒoe wòŋlɔ nusia ta la, ƒe 14 akplɔ mí ayi ƒe 41 M.Ŋ., si nye “ƒe siwo me womese eŋkɔ o” la ƒe domedome.

Ðikeke mele eme o be ŋutega sia na numekɔkɔ tɔxɛ aɖe Saul. Ðe wòanye bene wòasu te anye ‘trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo’ taea? (Romatɔwo 11:13) Ðe wòkpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòva bua tamee, ŋlɔ nui, heƒo nui emegbe dzia? Ðe ƒe siwo tso Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple esime woyɔe yi Antioxia dome na hehee be wòsu te na agbanɔamedzi siwo wòava dze ŋgɔe emegbe la tsɔtsɔa? Aleke ke míaɖo biabia mawo ŋui o, míate ŋu aka ɖe edzi be esi Barnaba yɔe be wòava kpe ɖe ye ŋu yewoaxɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Antioxia la, Saul si me dzo nɔ la su te blibo na dɔ sia wɔwɔ.—Dɔwɔwɔwo 11:19-26.

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

SIRIA

Orontes

Antioxia

Seleukia

KIPRO

MEDITERRANEA FUA

Yerusalem

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Etame: Egbeŋkekea me Antioxia

Dome: Seleukia ƒe anyiehe

Ete: Seleukia ƒe Melidzeƒe