Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuidodoɖedzi Na Woɖua Ŋukpe

Ðokuidodoɖedzi Na Woɖua Ŋukpe

Ðokuidodoɖedzi Na Woɖua Ŋukpe

“Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe [anyi] la, si me nunya le.”—LODODOWO 11:2.

1, 2. Nukae nye ɖokuidodoɖedzi, eye mɔ kawo nue wògblẽ nu le?

LEWI-VI ŋubiãla aɖe nɔ ŋgɔ na aglãdzeha aɖe wotsi tre ɖe amesiwo Yehowa ɖo tatɔwoe ŋu. Fiavi ɖoƒekɔkɔdila aɖe ɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe be yeaxɔ ye fofo ƒe fiazikpui. Fia dzimagbɔɖila aɖe ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒe mɔfiame si me kɔ ƒã dzi. Nɔnɔme ɖeka aɖe dze le Israel-vi etɔ̃ siawo ŋu: eyae nye ɖokuidodoɖedzi.

2 Ðokuidodoɖedzi nye dzi ƒe nɔnɔme si ate ŋu agblẽ nu le amesiame ŋu. (Psalmo 19:14) Dada kpɔa ŋusẽ ɖe ɖokuidoɖedzila dzi wòwɔa nusi womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ o. Nusia kplɔa ame yia dzɔgbevɔ̃e me zi geɖe. Le nyateƒe me la, ɖokuidodoɖedzi gblẽ fiawo dome eye wòna fiaɖuƒewo dze anyi. (Yeremya 50:29, 31, 32; Daniel 5:20) Ezu mɔ̃ ɖe Yehowa subɔla aɖewo gɔ̃ hã eye wògblẽ wo dome.

3. Aleke míasrɔ̃ nu tso ɖokuidodoɖedzi ƒe afɔkuwo ŋui?

3 Susu nyui aɖe tae Biblia gblɔ be: “Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe [anyi] la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Biblia na kpɔɖeŋu aɖewo mí siwo ɖo kpe lododo sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Kpɔɖeŋu siawo dometɔ aɖewo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míakpɔ afɔku si wònyena ne ame aɖe wɔ nusi ƒe mɔ womeɖe nɛ o. Eyata mina míadzro alesi ŋubiabiã, ɖoƒekɔkɔdidi, kple dzimagbɔɖi na ŋutsu etɔ̃ siwo ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me wɔ nu ɖokuidodoɖedzitɔe eye wòna woɖu ŋukpe la me.

Korax—Aglãdzela Ŋubiãla

4. (a) Amekae nye Korax, eye ŋutinya me nudzɔdzɔ kawo mee ɖikeke mele o be ekpɔ gome le? (b) Le Korax ƒe tsitsime la, nu tovo kae wòde zi amewo me wowɔ?

4 Korax nye Lewi-vi tso Kehat ƒomea me, eye woa kple Mose kpakple Aron wonye tɔgãtɔɖivi dzidzime ɖeka viwo. Edze ƒã be ewɔ nuteƒe na Yehowa ƒe geɖe. Mɔnukpɔkpɔ su Korax si be eya hã nɔ amesiwo woɖe nukutɔe woto Ƒudzĩa me dome, eye anye be enɔ eme wowɔ ɖe Yehowa ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ dzi tsrɔ̃ Israel-vi siwo subɔ sikanyivi le Sinai toa gbɔ. (Mose II, 32:26) Gake emegbe la, Korax va zu aglãdzeha nunɔla ale be wotso ɖe Mose kple Aron ŋu eye Ruben-vi siwo nye Datan, Abiram, kple On, kpakple Israel-megã 250 kpe ɖe wo ŋu. * Wogblɔ na Mose kple Aron be: “Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kɔkɔe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?”—Mose IV, 16:1-3.

5, 6. (a) Nukatae Korax dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be anye be Korax bu nɔƒe si nɔ esi le Mawu ƒe ɖoɖo me nu tsɛe?

5 Nukatae Korax dze aglã le nuteƒewɔwɔ ƒe geɖe megbe? Ðikeke mele eme o be Mose mete Israel-viwo ɖe anyi le wo kpɔkplɔ me o, elabena eyae nye amesi “fa wu amesiwo katã [nɔ] anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Ke hã edze abe ɖe Korax ʋã ŋu Mose kple Aron ene eye woƒe tatɔnyenye ve dɔme nɛ, ale be ena wògblɔ—vodadatɔe—be wotso le wo ɖokui si ɖokuitɔdiditɔe ɖo wo ɖokui dukɔa nu.—Psalmo 106:16.

6 Anye kokoko be Korax ƒe kuxia ƒe akpa aɖee nye be mede asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo nɔ esi le Mawu ƒe ɖoɖo me ŋu o. Ele eme baa be Lewi-vi siwo tso Kehat ƒomea me menye nunɔlawo o, gake woawoe nye Mawu ƒe Sea fialawo. Azɔ ne wòahiã be woakɔ avɔgbadɔa ayi teƒe bubui la, woawoe kɔa eŋunuwo kple agba siwo wozãna le eme. Menye dɔ maɖinue wònye o, elabena amesiwo le dzadzɛ le subɔsubɔ kple agbenɔnɔ gome dzaa koe ate ŋu aka asi nu kɔkɔeawo ŋu. (Yesaya 52:11) Eyata esi Mose kpe kple Korax la, nya si wònɔ ebiam enye be, Ðe nèbua wò dɔdasia nu tsɛe ale gbegbe be nèdi be yeaganye nunɔla hã akpeea? (Mose IV, 16:9, 10) Korax do kpo ekpɔkpɔ dze sii be nusi ŋu bubu le wu ɖesiaɖee nye be wòasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le alesi wòɖoe nu—ke menye ɖoƒe alo nɔƒe tɔxɛ si asu esi ye o.—Psalmo 84:11.

7. (a) Aleke Mose kpɔ Korax kple etɔwo ƒe nya la gbɔe? (b) Aleke Korax ƒe aglãdzedzea va wu enu ɖe gbegblẽ mee?

7 Mose gblɔ na Korax kple etɔwo be woaƒo ƒu ɖe agbadɔa ŋgɔ le ŋufɔke eye woatsɔ dzudzɔdosonuwo kple atike ʋeʋĩ ɖe asi vɛ. Womena ŋusẽ Korax kple etɔwo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ o, elabena womenye nunɔlawo o. Ne wotsɔ dzudzɔdosonuawo kple atike ʋeʋĩ la va do la, ke afia kɔte be ŋutsu siawo see le wo ɖokui me kokoko be yewokpɔ mɔ anye nunɔlawo—togbɔ be zã blibo su wo si bene woagbugbɔ abu nyaa ŋu gɔ̃ hã. Esi wova do le ŋufɔke la, Yehowa tɔ dzɔ be wòdo dziku. Le Ruben-viawo gome la, ‘anyigba ke nu mi wo.’ Dzo tso Mawu gbɔ va fiã ame mamlɛawo tsɔ kpe ɖe Korax ŋu. (Mose V, 11:6; Mose IV, 16:16-35; 26:10) Korax ƒe ɖokuidodoɖedzia klo bubu le eŋu mlɔeba—Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o!

Tsri ‘Ŋuʋaʋã ƒe Gbɔgbɔ’

8. Aleke ‘ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔ’ ate ŋu adze le Kristotɔwo domee?

8 Korax ƒe ŋutinyaa nye nuxlɔ̃ame na mí. Esi wònye be ‘ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔ’ le amegbetɔ madeblibowo me ta la, ate ŋu adze le Kristo-hamea gɔ̃ hã me. (Yakobo 4:5) Le kpɔɖeŋu me, ɖoƒekɔkɔnɔnɔ ate ŋu adzro mí. Ðewohĩ míaʋã ŋu amesiwo si mɔnukpɔkpɔ siwo dim míele la le, abe Korax ene. Alo ɖewohĩ míate ŋu ava nɔ abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ si ŋkɔe nye Diotrefo ene. Eɖea ɖeklemi apostoloawo ƒe tanyenye vevie ŋutɔ, eye edze ƒã be esi wòdi be yeaɖu amegã tae. Le nyateƒe me la, Yohanes ŋlɔ be Diotrefo “le didim be, yeaɖo tɔ ɖe wo nu.”—Yohanes III, 9.

9. (a) Nɔnɔme kae wòhiã be míatsri ku ɖe hamea me gbanɔamedziwo ŋu? (b) Nukpɔsusu nyui kae le be wòanɔ mía si ɖe nɔƒe si le mía si le Mawu ƒe ɖoɖo me ŋu?

9 Ele eme be megblẽ ne ŋutsu Kristotɔ le hamea me gbanɔamedziwo minyam o. Paulo de ewɔwɔ nenema ƒe dzi ƒo gɔ̃ hã. (Timoteo I, 3:1) Gake mele be míabu subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo be wonye bubunɔameŋu ƒe dzesi gbeɖe, abe nane si ne esu mía si ko la, ke efia be míexɔ ŋgɔyiyi ƒe dzeside ene o. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: “Amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.” (Mateo 20:26, 27) Edze ƒã be manyo be míaʋã ŋu amesiwo si agbanɔamedzi gãwo le, abe ke ɖe míaƒe asixɔxɔ le Mawu gbɔ nɔ te ɖe míaƒe “ɖoƒe” le eƒe habɔbɔa me dzi ene o. Yesu gblɔ be: “Mi katã la nɔviwo mienye.” (Mateo 23:8) Ẽ, eɖanye gbeƒãɖela alo mɔɖela, amesi xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o alo amesi nye nuteƒewɔla ɣeyiɣi didi ye ame aɖe nye o—nɔƒe xɔasi aɖe le amesiwo katã subɔa Yehowa tso luʋɔ blibo me si le eƒe ɖoɖoa me. (Luka 10:27; 12:6, 7; Galatiatɔwo 3:28; Hebritɔwo 6:10) Yayrae wònye nyateƒe be míele dɔ wɔm aduadu kple ame miliɔn geɖe siwo le agbagba dzem be yewoatsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye, “Mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ” la awɔ dɔe.—Petro I, 5:5.

Absalom—Ðokuitɔdila si Dia Ðoƒekɔkɔ

10. Amekae nye Absalom, eye aleke wòdze agbagba be yeana yeƒe nu nadze amesiwo vaa ʋɔnu le fia la gbɔ ŋui?

10 Fia Dawid viŋutsu etɔ̃lia, Absalom, ƒe agbenɔnɔ fia nane mí tso ɖoƒekɔkɔdidi ŋu. Nugbeɖola ɖokuitɔdila sia dze agbagba be yeawɔ nu be yeƒe nu nadze amesiwo vaa fia la gbɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Gbã la, esi ahama be Dawid metsɔ ɖeke le woƒe nuhiahiãwo me o. Emegbe eɖe asi le ayemenuwɔwɔa ŋu heyi nyaa gbɔ tẽ. Absalom gblɔ be: “Ðe wònye ame aɖee atsɔm aɖo ʋɔnudrɔ̃la ɖe anyigba la dzi, eye amesiame ahe dzrenya kple ʋɔnudrɔ̃nya ava gbɔnyee la, ne matso afia nɛ!” Absalom ƒe nugbeɖoɖoa mese ɖe afima o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe te ɖe eŋu be, yeabɔbɔ nɛ la, edoa eƒe asi ɖa lénɛ, eye wògbugbɔa nu nɛ. Alea Absalom wɔ na Israel blibo, si va ʋɔnu drɔ̃ ge le fia la gbɔ.” Nukae do tso eme? “Absalom fi Israel-ŋutsuwo ƒe dzi.”—Samuel II, 15:1-6.

11. Aleke Absalom dze agbagba be yeaxɔ Dawid ƒe fiazikpui le esii?

11 Absalom ɖo tame kplikpaa be yeaxɔ ye fofo ƒe fianyenye le esi. Ƒe atɔ̃ do ŋgɔ la, Absalom na wowu Dawid viŋutsu tsitsitɔ, Amnon, abe ke hlɔ̃ biam wònɔ ɖe nɔvianyɔnu Tamar gbɔ dɔdɔ sesẽe ta ene. (Samuel II, 13:28, 29) Gake le ɣemaɣi gɔ̃ hã la, anye be Absalom ƒe ŋku nɔ fiazikpuia ŋu, ale be ekpɔe be Amnon wuwu anye mɔ nyuitɔ si dzi yeato aɖee ɖa be magaʋlii kpli ye o. * Aleke ke nyaa le o, esi ɣeyiɣia de la, Absalom wɔ afɔɖeɖea. Ena woɖe gbeƒãe le dukɔ bliboa me be yezu fia.—Samuel II, 15:10.

12. Ƒo nu tso alesi Absalom ƒe ɖokuidodoɖedzi klo bubu le eŋui ŋu.

12 Nuwo tsɔ afɔ na Absalom ɣeyiɣi ʋɛ aɖe, elabena ‘nugbeɖoɖoa nu va nɔ sesẽm, eye ameha si nɔ Absalom ŋu la, nɔ agbɔ sɔm ɖe dzi.’ Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva hiã be Fia Dawid nasi le eƒe agbe ta. (Samuel II, 15:12) Gake medidi kura o la, Absalom ƒe tameɖoɖoa nu tso esime Yoab wui hetsɔe ƒu gbe ɖe do aɖe me hefɔ kpewo li kɔ ɖe edzi. Bu eŋu kpɔ ko—esi ŋutsu ɖoƒekɔkɔdila sia si di be yeaɖu fia ku la, womeɖii bubutɔe gɔ̃ hã o! * Ðokuidodoɖedzi klo bubu le Absalom ŋu nyateƒe.—Samuel II, 18:9-17.

Tsri Ðoƒekɔkɔdidi Ðokuitɔdiditɔe

13. Aleke ɖoƒekɔkɔdidi ƒe nɔnɔme ate ŋu age ɖe Kristotɔ ƒe dzi mee?

13 Alesi Absalom va kpɔ ŋusẽ eye emegbe wòdze anyi la nye nufiame na mí. Le egbe ƒe ameŋumabumabu xexea me la, ebɔ be amewo ɖɔa kesekuku na woƒe tatɔwo, henɔa agbagba dzem be yewoƒe nu nadze wo ŋu ale be woaɖo ŋku yewo dzi alo be ɖewohĩ kple susu be mɔnukpɔkpɔ aɖe nasu yewo si loo alo woado yewo ɖe ŋgɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, tatɔawo ate ŋu anɔ adegbe ƒom na wo teviwo, le mɔkpɔkpɔ me be yewoƒe nu nadze wo ŋu eye woade yewo dzi. Ne míekpɔ nyuie o la, ɖoƒekɔkɔdidi ƒe nɔnɔme ma ate ŋu age ɖe míaƒe dzi me. Edze ƒã be nusia dzɔ ɖe ame aɖewo dzi le ƒe alafa gbãtɔa me, wòva hiã be apostoloawo naxlɔ̃ nu amesiawo vevie.—Galatiatɔwo 4:17; Yohanes III, 9, 10.

14. Nukatae wòle be míatsri ɖoƒekɔkɔdidi kple ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme?

14 Nɔƒe mele Yehowa si le eƒe habɔbɔa me na ɖokuidoɖedzila nugbeɖola siwo dzea agbagba be ‘yewoadi gãnyenye na yewo ɖokui’ o. (Lododowo 25:27) Le nyateƒe me la, Biblia xlɔ̃ nu be: “Yehowa [atsrɔ̃] nume ŋanɛ tɔwo kple aɖe, siwo gblɔa nya gãwo.” (Psalmo 12:4) Nume ŋanɛ nɔ Absalom si. Egblɔ nya gãwo na amesiwo ŋu wòdi be yeadze—ewɔ nusiawo katã kple susu be tanyenye ƒe ɖoƒe si dzroe la nasu ye si. Gake aleke gbegbe wònye yayrae nye si be míele nɔvihabɔbɔ si wɔna ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi me, si nye be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.”—Filipitɔwo 2:3.

Saul—Fia Dzimagbɔɖila

15. Ɣeaɖeɣi la, aleke Saul ɖee fia be yenye ɖokuibɔbɔla?

15 Ɣeaɖeɣi la, Saul, amesi va zu Israel-fia, nye ɖokuibɔbɔla. Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ esime wònye ɖekakpui ŋu kpɔ. Esi Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel ƒo nu nyui tso eŋu la, Saul gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ðe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye esi gblɔm nèle nam?”—Samuel I, 9:21.

16. Aleke Saul ɖe dzimagbɔɖi fiae?

16 Gake emegbe la, Saul ƒe ɖokuibɔbɔa bu. Esi wonɔ aʋa wɔm kple Filistitɔwo la, esi yi Gilgal, afisi wogblɔ nɛ be wòalala Samuel be wòava sa vɔ aƒo koko na Mawu le. Esi Samuel meva ɖo le ɣeyiɣiɖoɖia dzi o la, Saul ŋutɔ sa numevɔa ɖokuidodoɖedzitɔe. Esi wòwu enu teti koe Samuel va do. Samuel biae be: “Nuka nèwɔ?” Saul ɖo ŋu bena: “Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o . . . la, eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ.”—Samuel I, 13:8-12.

17. (a) Ne èbu Saul ƒe nuwɔnawo ŋu gbã la, nukatae wòadze abe ɖe wòsɔ ene? (b) Nukatae Yehowa bu fɔ Saul ɖe eƒe dzimagbɔɖi ta?

17 Ne èbu nyaa ŋu gbã la, Saul ƒe nuwɔnawo adze nu nyui aɖee. Àkpɔe be Mawu ƒe amewo ‘ɖo hiã me,’ ‘woɖo xaxa me,’ eye vɔvɔ̃ ɖo wo le esi mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo ta. (Samuel I, 13:6, 7) Ðikekemanɔmee la, megblẽ be míaɖe afɔ awɔ nu ne nɔnɔmeawo bia nenema o. * Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa ate ŋu anya nusi le amewo ƒe dzi me eye ate ŋu anya míaƒe dzimesusuwo. (Samuel I, 16:7) Eyata anya kpɔ nanewo le Saul ŋu siwo womegblɔ tẽ le Biblia me o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ Yehowa kpɔe be dadae na Saul megbɔ dzi ɖi o. Ðewohĩ eku dzi na Saul vevie be ele na ye—amesi nye Israel katã ƒe fia—be yealala amesi wòkpɔ be enye nyagblɔɖila amegã ɖeɖi megbelelehela! Aleke ke nyaa le o, Saul susui be Samuel ƒe blewuwɔwɔ nye mɔnukpɔkpɔ na ye be ye ŋutɔ yeawɔ nua aŋe aɖaba aƒu se siwo wode nɛ eme kɔ ƒã dzi. Nukae do tso eme? Samuel mekafu afɔ si Saul ɖe o. Ke boŋ eka ŋkume na Saul gblɔ be: “Wò fiaɖuɖu mali ke o . . . elabena mèlé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.” (Samuel I, 13:13, 14) Afisia hã la, ɖokuidodoɖedzi na woɖu ŋukpe.

Kpɔ Nyuie le Dzimagbɔɖi Ŋu

18, 19. (a) Ƒo nu tso alesi dzimagbɔɖi ate ŋu ana Mawu subɔla egbegbetɔ nawɔ nu ɖokuidodoɖedzitɔe ŋu. (b) Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui le alesi nuwo yia edzi le Kristo-hamea mee ŋu?

18 Woŋlɔ Saul ƒe ɖokuidodoɖedzi nuwɔnaa ɖe Mawu ƒe Nyaa me be wòaɖe vi na mí. (Korintotɔwo I, 10:11) Ele bɔbɔe ŋutɔ be míado dziku le mía nɔviwo ƒe blibomademade nuwɔnawo ta. Ðewohĩ abe Saul ene la míagbɔ dzi ɖi o, eye míasusu be ne wòahiã be woakpɔ nyawo gbɔ nyuie la, ke ele be mía ŋutɔwo míakpɔ wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔvi aɖe bi le hakpɔkplɔdɔ aɖewo me. Ewɔna ɖe game dzi, enya hamea ƒe ɖoɖo yeye ɖesiaɖe, eye ebi ɖe nuƒoƒo kple nufiafia me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ekpɔe be ame bubuwo mede ye nu le ɖoɖo dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ me o, eye womebi de ye nu tututu o. Ðe esia ana wòakpɔ mɔ agbe dzigbɔgbɔɖia? Ðe wòle be wòaɖe ɖeklemi nɔviawo, eye ɖewohĩ wòafia be ne menye yee le agbagba dzem o la, anye ne naneke matsɔ afɔ o eye hamea masẽ ŋu oa? Nusia wɔwɔ anye ɖokuidodoɖedzi!

19 Le nyateƒe me la, nukae tea Kristotɔwo ƒe hamea ƒoa ƒu ɖekae? Dɔdzikpɔkpɔ ƒe ŋutetewoea? bibi ɖe dɔ ŋu yea? sidzedze ƒe todede yea? Ele eme baa be nusiawo naa hamea tsɔa afɔ nyuie ya. (Korintotɔwo I, 14:40; Filipitɔwo 3:16; Petro II, 3:18) Gake Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ koŋue woatsɔ adze si ye yomedzelawo. (Yohanes 13:35) Susu ma tae togbɔ be hamemegã lɔ̃amewo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu hã la, wodze sii be hamea menye asitsadɔwɔƒe si hiã dɔdzikpɔha si ƒe nya me sẽ o; ke boŋ wonye alẽha si hiã beléle lɔlɔ̃tɔe. (Yesaya 32:1, 2; 40:11) Gɔmeɖose siawo ŋudɔmawɔmawɔ le ɖokuidodoɖedzi ta hea dzre vɛ zi geɖe. Gake mawumeɖoɖo dzi wɔwɔ hea ŋutifafa vanɛ.—Korintotɔwo I, 14:33; Galatiatɔwo 6:16.

20. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Korax, Absalom, kple Saul ŋu ɖee fia kɔte be ɖokuidodoɖedzi na woɖua ŋukpe, abe alesi Lododowo 11:2 gblɔe ene. Gake mawunyakpukpui ma ke gblɔ kpee be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe [anyi] la, si me nunya le.” Nukae nye ɖokuibɔbɔ? Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akɔ nɔnɔme sia me na mí, eye aleke míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui egbeae? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Esi Ruben ye nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi ta la, anye be eve dɔme na eƒe dzidzimevi siwo Korax trɔ susu na wodze aglã la be Mose—si nye Lewi ƒe dzidzimevi—ye nye tatɔ ɖe wo nu.

^ mm. 11 Womegaƒo nu tso Dawid viŋutsu evelia Xileab ŋu le edzidzi vɔ megbe o. Anye be eku do ŋgɔ na Absalom ƒe aglãdzedzea.

^ mm. 12 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wobua ameɖiɖi nuwɔna vevi aɖee. Eyata evɔ̃ɖi ŋutɔ ne wogbe ame aɖe ɖiɖi eye efiaa Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe amea ŋu zi geɖe.—Yeremya 25:32, 33.

^ mm. 17 Le kpɔɖeŋu me, Pinexas ɖe afɔ kaba tsɔ tsi dɔvɔ̃ si wu Israel-vi akpe geɖe nu, eye Dawid de dzi ƒo na eŋume siwo dɔ nɔ wuwum be woava yewoaɖu ŋkumeɖobolo si tso “mawuƒe la me.” Mawu mebu fɔ nuwɔna eve mawo be wonye ɖokuidodoɖedzi o.—Mateo 12:2-4; Mose IV, 25:7-9; Samuel I, 21:1-6.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye ɖokuidodoɖedzi?

• Aleke ŋuʋaʋã na Korax wɔ nu ɖokuidodoɖedzitɔe?

• Nukae míesrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si ku ɖe Absalom ɖoƒekɔkɔdila la ŋu me?

• Aleke míawɔ atsri dzimagbɔɖi si Saul ɖe fia?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Saul megbɔ dzi ɖi o eye wòwɔ nu ɖokuidodoɖedzitɔe