Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Lɔ̃ Yehowa Xɔ Asi le Eŋku Me

Amesiwo Lɔ̃ Yehowa Xɔ Asi le Eŋku Me

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Amesiwo Lɔ̃ Yehowa Xɔ Asi le Eŋku Me

WONYA Lebanon nyuie tso Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke le eƒe dzɔdzɔmenuwo ta. (Psalmo 72:16; Yesaya 60:13) Nusi ŋu wodea asixɔxɔe vevie wue nye eƒe sederti gã siwo yome wotina vevie be woatsɔ atu xɔe, le alesi wodze ani, ʋẽna lilili, henɔa anyi eteƒe didina ta. Nane si xɔ asi wu do tso Lebanon le ƒe alafa gbãtɔa me. Marko ƒe Nyanyuia ka nya ta be “ameha gã aɖe” siwo tso Tiro kple Zidon, ‘siwo nɔ blema Lebanon-nutoa me, va Yesu gbɔ, esi wose nusiwo wòwɔ.’—Marko 3:8.

Nenema ke Lebanon yi edzi le ku siwo xɔ asi ŋutɔ le Yehowa ŋkume la tsem egbea. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ɖo kpe esia dzi.

• Wobia tso sɔhɛ Ðasefo si nye Wissam si be wòaƒo nuƒo na eƒe sukuxɔmeviwo aɖabaƒoƒo 30. Wissam ɖoe be anye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ye be yeaɖi ɖase. Eyata ezã agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? tsɔ dzra nuƒo aɖe si ƒo nu tso nuwɔwɔ ŋu ɖo. Gake esi Wissam ƒe nufiala kpɔ nuƒo si wòdzra ɖo la, egblɔ be esi nuƒoa ku ɖe nyati vevi sia gbegbe ŋu ta la, Wissam ate ŋu adidi nuƒoa ɖe edzi wòaxɔ aɖabaƒoƒo 45.

Esi Wissam dze eƒe nuƒoa gɔme la, eƒe nufiala tso nya le enu hedɔ be woaɖayɔ sukua ƒe tatɔ vɛ. Eteƒe medidi o sukua ƒe tatɔ va ɖo eye Wissam gadze eƒe nuƒoa gɔme ake. Esi tatɔa se nyabiase siwo Wissam bia tsɔ dze eƒe nuƒoa gɔmee la, elé dzi nɛ ale gbegbe eye wògblɔ be ele be sukuviawo dometɔ ɖesiaɖe naxɔ nuƒogbalẽa ƒe fotokɔpi ɖeka.

Eteƒe medidi o nufiala bubu aɖe si tso eme va yina de dzesi dzidzɔkpɔkpɔ si nɔ edzi yim le sukuxɔa me eye wòbia nusi nɔ dzɔdzɔm ta se. Esi woɖo eŋu nɛ la, ebia be ɖe Wissam le agbagba dzem be yeaɖo kpe nuwɔwɔ alo nɔnɔmetɔtrɔ dzi mahã. Woɖo eŋu nɛ be “Nuwɔwɔ.” Esi nufialaa se be Yehowa Ðasefoe Wissam nye la, egblɔ na klass la be: “Miakpɔe le eƒe nuƒoa me be nuwɔwɔ dzie dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpee ke menye nɔnɔmetɔtrɔ o.”

Wova kpɔe be Creation-gbalẽa ɖeka le nufiala sia si eye ezãnɛ tsɔ fiaa nu le yunivɛsitia! Hafi wòadzo la, ebia be yeate ŋu akplɔ yeƒe sukuviwo vɛ le ŋufɔke ale be Wissam naƒo nu na wo hã. Ðaseɖiɖi nyui aɖe do tso eme na Yehowa.

• Nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ Nina si xɔ ƒe 22 wum. Tasia ƒe vi tsɔ Biblia aɖe nɛ gbeɖeka hekplɔe yi Pentekoste-ha me. Nina xlẽ Biblia la kple dzidzɔ eye wòkpɔe le eƒe nuxexlẽa me be ele be Kristotɔwo naɖe gbeƒã, eyata edze gbeƒãɖeɖe na eƒe ame nyanyɛwo gɔme. Amesiame si wòƒo nu na biae be: “Yehowa Ðasefoe nènyea?” Esia na wòtɔtɔ ŋutɔ.

Ƒe ade megbe la, Yehowa Ðasefowo yi Nina ƒe aƒeme eye woƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nɛ. Gbã la, edze agbagba be yeadi vodada le woƒe nufiafiawo ŋu. Gake ekpɔe be susu le woƒe ŋuɖoɖoawo katã me eye wotu wo ɖe Biblia dzi.

Nusiwo Nina va srɔ̃ mlɔeba—tso Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa; yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ; kple bubuawo ŋu—na wòka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ. Nina nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla ƒe adre enye esia. Nyateƒee, Yehowa yraa amesiwo si lɔlɔ̃ vavãtɔ le na eyama.—Korintotɔwo I, 2:9.