Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukatae Wòle Vevie?

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukatae Wòle Vevie?

Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukatae Wòle Vevie?

AMEKAE medzɔa dzi na be wona ŋusẽ kpovitɔwo be woalé adzodala siwo va fia míaƒe nunɔamesiwo alo doa ŋɔdzi na míaƒe ƒomea o? Eye ɖe medzea mía ŋu be ŋusẽ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo si be woahe to na adzodalawo bene woatsɔ akpɔ nutoa tae oa?

Míaƒe susu ate ŋu ayi dudɔ nyui bubuwo abe mɔdodowo dzadzraɖo, kɔkɔenyenye gbɔ kpɔkpɔ, kple sukudede—siwo zi geɖe la, wotsɔa adzɔ siwo dziɖuɖumegãwo xɔna kpɔa wo gbɔe la—dzi. Kristotɔ vavãwoe nye ame gbãtɔ siwo lɔ̃na ɖe edzi be bubudede tatɔ siwo woɖo wòsɔ ŋu le vevie. Gake afikae bubu sia dede se ɖo? Eye agbenɔnɔ ƒe akpa kawo mee wòle be woade bubu tatɔwo ŋu le?

Tatɔ Siwo Le Nutoa Me

Biblia gblɔ na amewo katã, woɖanye xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo o, be woade bubu dumegã siwo wɔa dɔ hena nutoa ƒe nyonyo la ŋu. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ nu tso esia ŋu ɖo ɖe haxɔsetɔwo le Roma, eye anyo be míade ŋugble le nusi wògblɔ ŋu, abe alesi wòdze le Romatɔwo 13:1-7 ene.

Paulo nye Roma dukɔmevi, eye Roma enye xexemeŋusẽ le ɣeyiɣi ma me. Paulo ƒe lɛta, si wòŋlɔ le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woanye dukɔmevi kpɔɖeŋunyuiɖolawo. Eŋlɔ bena: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.”

Paulo ɖe eme le afisia be amegbetɔ ƒe tatɔnyenye aɖeke manɔ anyi ne menye Mawue ɖe mɔ ɖe eŋu o. Le susu ma nu la, nɔƒe aɖe si seɖoƒe li nae le dziɖuɖumegãwo si le Mawu ƒe tameɖoɖo me. Eyata efia be ‘amesi ke adze aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, tsi tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti.’

Togbɔ be dziɖuɖumegãwo akafu dukɔmevi siwo wɔa nu nyui hã la, wona ŋusẽ tatɔ siawo be woahe to na nugbegblẽwɔlawo. Ele be nugbegblẽwɔlawo navɔ̃ mɔ si tatɔwo kpɔ anye ‘hlɔ̃biala,’ le esi dziɖuɖua nye “Mawu ƒe subɔla” le nusia wɔwɔ me ta.

Paulo wu eƒe numeɖeɖea nu be: “Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ. Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo nɔ nenem nusia wɔwɔ dzi.”

Nusiwo wotsɔna adzɔwo wɔnɛ ƒe agbanɔamedzi nye dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na tɔ, ke menye adzɔa xelaa ƒe nya o. Esi Kristotɔ nye dukɔmevi ɖianukware ta la, ewɔa nu be dzitsinya nyui nanɔ esi ɣesiaɣi. Enya be ne yebɔbɔ ye ɖokui na dziɖuɖumegãwo hexe adzɔ siwo wobia la, menye nusi nuto si me yele la bia tso ye si ko wɔmee yele o, ke yele agbe nɔm ɖe Mawu ƒe nudidiwo hã nu.

Ƒomea Kple Tanyenye

Ke tanyenye si le ƒomea me ya ɖe? Zi geɖe le vidzĩ ƒe agbemeŋkeke gbãtɔwo me la, etoa avifafa alo ɣlidodo gɔ̃ hã dzi dina be woakpɔ ye gbɔ. Gake dzila nyanu anya nusi vidzĩa ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo nye eye mawɔ nu le dzimagbɔɖi me o. Wonaa mɔnukpɔkpɔ ɖevi aɖewo faa, esime wole tsitsim, eye woɖea mɔ na wo be woaɖo dzidzenuwo na wo ɖokui. Esi womekpɔ nuteƒe o ta la, woate ŋu aƒo wo ɖokui ɖe nuvlowɔwɔ alo nugbegblẽ bubu me, eye wòagblẽ nu le ƒomea kple nutoa siaa ŋu, abe alesi dumegã geɖe nya nyuie ene.

Rosalind Miles, amesi ŋlɔ Children We Deserve gblɔ be: “Dzilawo hea ɖeviwo hehe ɖe megbe fũ akpa. Ne wonya dzi ɖevi teti koe wòle be woadze egɔme.” Tso gɔmedzedzea me ne dzilawo ƒoa nu wòfiana be wonye tatɔ lɔ̃ame belénamelawo, eye woƒe nuwɔnawo toa mɔ ɖeka la, eteƒe madidi o wo viwo alɔ̃ ɖe tanyenyea dzi axɔ amelɔlɔ̃ ƒe hehe si woanɔ wo nam.

Tanyenye le ƒomea me ŋuti nyatakaka gbogbo aɖe le Biblia me. Le Lododowo ƒe agbalẽa me la, nunyala Salomo he susu yi ɖekawɔwɔ si wòle be ɖeviwo nakpɔ wòanɔ wo dzila mawuvɔ̃lawo dome dzi gblɔ be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:8) Ne dzilawo yi edzi wɔ ɖeka alea le wo viwo ŋkume wòda sɔ la, ɖeviawo anya woƒe nɔƒe. Ðewohĩ woadze agbagba be yewoatrɔ dzila ɖeka ɖe evelia ŋu kple susu be yewoate ŋu atsɔ yewoƒe mɔ, gake dzilawo ƒe tanyenye si le ɖeka nye takpɔkpɔ na ɖeviawo.

Biblia ɖe nu me be srɔ̃ŋutsua koŋ dzie viawo kple srɔ̃a siaa ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ƒe agba le. Woyɔ esia be tanyenye. Aleke wòle be wòawɔ tanyenye sia ŋudɔe? Paulo ɖee fia be alesi Kristo nye hamea ƒe Tae la, nenemae ŋutsua nye srɔ̃a ƒe tae. Paulo gblɔ kpee emegbe be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo ha lɔ̃ hame [eƒe gbɔgbɔmeŋugbetɔ] la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ne ŋutsu srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye wòwɔ tanyenyea ŋudɔ lɔlɔ̃tɔe la, srɔ̃nyɔnua ‘ade bubu deto’ eŋu. (Efesotɔwo 5:33) Ðevi siwo le aƒe sia ƒomevi me hã akpɔ asixɔxɔ si le tatɔ siwo Mawu ɖo ŋu eye wòade dzi ƒo na wo be woabɔbɔ ɖe ete.—Efesotɔwo 6:1-3.

Aleke dzilaɖekɛwo kple amesiwo ƒe kpeɖeŋutɔwo ku ate ŋu anɔ te ɖe nya sia nui? Woɖanye fofo alo dada o, woate ŋu atrɔ ɖe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe tanyenye ŋu tẽ. Ɣeawokatãɣi la, Yesu ƒoa nu kple ŋusẽ—esi wòxɔ tso Fofoa gbɔ kple esi le Ŋɔŋlɔ si tso gbɔgbɔ me la me.—Mateo 4:1-10; 7:29; Yohanes 5:19, 30; 8:28.

Biblia na gɔmeɖose xɔasi gbogbo aɖewo ku ɖe kuxi siwo ɖeviwo doa goe ŋu. Ne dzila di gɔmeɖose siawo hewɔ ɖe wo dzi la, ate ŋu aɖo aɖaŋu si me lɔlɔ̃ le eye wòakpe ɖe ɖeviawo ŋu la na wo. (Mose I, 6:22; Lododowo 13:20; Mateo 6:33; Korintotɔwo I, 15:33; Filipitɔwo 4:8, 9) Dzilawo ate ŋu awɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be woakpe ɖe wo ŋu woana hehe wo viwo hã ŋudɔ be woanya vi siwo wòaɖe ne wode bubu Ŋɔŋlɔawo ƒe ŋusẽ ŋu. *

Kristo-hamea Kple Tanyenye

“Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” (Mateo 17:5) Nya siawo, si Yehowa Mawu ŋutɔ gblɔ la, da asi ɖe Yesu dzi be enye amesi ƒoa nu kple Mawu ƒe ŋusẽ. Woŋlɔ nusiwo wògblɔ la ɖi ɖe Nyanyuigbalẽ eneawo me siwo míate ŋu akpɔ axlẽ bɔbɔe.

Esi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, ena eƒe nusrɔ̃lawo nya be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.” (Mateo 28:18) Esi Yesue nye eƒe hamea ƒe Ta ta la, menye ɖeko eƒe ŋku nɔ eƒe afɔɖoƒe yomedzela amesiaminawo ŋu le anyigba dzi ko o, ke tso esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, ezã wo wonye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” hetsɔa nyateƒea toa wo dzi. (Mateo 24:45-47; Dɔwɔwɔwo 2:1-36) Nukae wòwɔ te ŋu kpɔ nusiawo katã gbɔ ale be ŋusẽ le Kristo-hamea ŋu? ‘Esi wòyi dzi me ʋĩ la, ena nunana siwo nye amewo.’ (Efesotɔwo 4:8) ‘Nunana siawo siwo nye amewo’ nye Kristotɔ hamemegãwo, amesiwo gbɔgbɔ kɔkɔea tia hena ŋusẽ wo be woakpɔ haxɔsetɔwo ƒe gbɔgbɔmenuwo gbɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:28.

Susu sia tae Paulo ɖo aɖaŋu be: “Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” Esi wònye be ŋutsu nuteƒewɔla siawo dzea Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu ta la, nunya le eme be míasrɔ̃ woƒe xɔse. Paulo gblɔ kpee be: “Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, [“mide bubu woƒe tanyenye ɖe mia dzi ŋu ɣesiaɣi,” The Amplified Bible] elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo ana akɔnta le wo ŋuti ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.”—Hebritɔwo 13:7, 17, NW.

Nukae adzɔ ne míeŋe aɖaba ƒu mɔfiafia sia dzi? Kristo-hame gbãtɔ me tɔ aɖewo wɔ alea tututu eye wozu xɔsegbelawo. Woyɔ Himenaio kple Fileto ŋkɔ be wonye ŋutsu siwo trɔ ame aɖewo ƒe xɔse tsyɔ anyi kple amesiwo ƒe nuƒoƒo ƒuƒluwo ‘tsi tre ɖe nusi le kɔkɔe ŋu.’ Nusiwo dzi wote tɔ ɖo dometɔ ɖekae nye be tsitretsitsia, eɖanye gbɔgbɔmetɔ alo kpɔɖeŋutɔ o, va yi xoxo, eyata tsitretsitsi aɖeke megale ŋgɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o.—Timoteo II, 2:16-18.

Tatɔ siwo woɖo lae ge ɖe nyaa me. Kristotɔ hamemegãwo te ŋu tsi nya siawo nu elabena esi wonye Yesu Kristo teƒenɔlawo ta la, wozã ŋusẽ si tso Ŋɔŋlɔa me. (Timoteo II, 3:16, 17) Aleae wòle le Kristo-hame, si woɖɔ be enye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la” hã me egbea. (Timoteo I, 3:15) Womaɖe mɔ gbeɖe be aʋatsonufiafiawo nava gblẽ “nya, siwo le blibo,” si ta wokpɔ nyuie le Biblia me hetsɔ de mía si la dome o.—Timoteo II, 1:13, 14.

Togbɔ be bubu si wodea tatɔwo ŋu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba le xexeame hã la, esi míenye Kristotɔwo ta la, míenyae be míaƒe viɖe tae woɖo tatɔ siwo dze le nutoa me, le ƒomea me, kple le Kristo-hamea me la anyi ɖo. Bubudede tatɔwo ŋu le vevie na míaƒe ŋutilãme, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nyonyo. Ne míexɔ tatɔ si Mawu ɖo hede bubu eŋu la, tatɔ vevitɔwo kekeake—siwo nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo—akpɔ mía ta eme nanyo na mí tegbee.—Psalmo 119:165; Hebritɔwo 12:9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Kpɔ agbalẽ siwo nye Questions Young People Ask—Answers That Work kple Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, siwo Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ta.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Tanyenye le ƒomea me ŋuti nyatakaka gbogbo aɖe le Biblia me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Dzilaɖekɛwo ate ŋu atrɔ ɖe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe tanyenye ŋu tẽ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Kristotɔwo nyae be yewoƒe viɖe tae woɖo tatɔ siwo dze le ƒomea me, le Kristo-hamea me, kple le nutoa me la anyi ɖo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Photo by Josh Mathes, Collection of the Supreme Court of the United States