Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Mele Be Míaƒe Nudidiwo Nakɔkɔ Wu Mí O?

Nukatae Mele Be Míaƒe Nudidiwo Nakɔkɔ Wu Mí O?

Nukatae Mele Be Míaƒe Nudidiwo Nakɔkɔ Wu Mí O?

MƆKPƆKPƆ siwo va eme kple taɖodzinu siwo gbɔ woɖo naa ame ƒe dzi dzea eme. Gake le nyateƒe me la, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple taɖodzinuwo dometɔ geɖe mevaa eme abe alesi míedii ene tututu o. Mɔkpɔkpɔbuɖeame edziedzi le agbe me ate ŋu ana dzi madzɔ mía ŋutɔwo kple ame bubuwo gɔ̃ hã o. Nunyala aɖe gblɔe wòsɔ nyuie be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.”—Lododowo 13:12.

Nusiwo naa mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãmewo ɖoa ame me dometɔ aɖewoe nye kawo? Aleke míawɔ be míada asɔ le taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokui me? Gakpe ɖe eŋu la, nukatae wòaɖe vi na mí ne míewɔ esia?

Taɖodzinuwo Kple Mɔkpɔkpɔbuɖeamewo

Alesi nuwo le du dzii le agbe me egbea ta la, zi alesi míele agbagba dzem be míazɔ kplii la, zi nenemae wòwɔna abe ɖe míele megbe tsim ene. Ɣeyiɣi mele ame sum kura o, nusianu va zu avu kple kɔ, eye ne míete ŋu wɔ nusi míedi be míawɔ o la, míava nɔ fɔ bum mía ɖokui. Míate ŋu ava nɔ sesem le mía ɖokui me gɔ̃ hã abe ɖe míena mɔkpɔkpɔ le bubum ɖe ame bubuwo ene. Srɔ̃nyɔnu vidada aɖe si ŋkɔe nye Cynthia, amesi nya nyaƒoɖeamenu si gbegbe le vinyinyi me gblɔ be: “Alesi nyemetoa mɔ ɖeka dzi ɖɔa vinyewo ɖo ɣesiaɣi o, kple esese le ɖokuinye me be nyemete ŋu le hehe si tututu dze la tsɔm na wo o tena ɖe dzinye ale gbegbe.” Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Stephanie gblɔ le eƒe sukudede ŋu be: “Ɣeyiɣi sɔgbɔ mele asinye mawɔ nusianu si medi be mawɔ o, eye ema naa metsia dzi ale gbegbe.”

Taɖodzinu siwo kɔkɔ fũ akpa ɖoɖo na ame ɖokui trɔna zua blibodede didi tso ame ɖokui si bɔbɔe, eye esia ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo. Ðekakpui srɔ̃tɔ aɖe si ŋkɔe nye Ben ʋu eme be: “Ne medzro nye nuwɔnawo, susuwo, alo seselelãmewo me kpɔ la, mekpɔnɛ zi geɖe be woate ŋu anyo ɖe edzi awu hafi. Medina ɣesiaɣi be mawɔ nuwo wòade blibo, eye esia wɔnɛ be metsia dzi, dzi ɖena le ƒonye, eye mɔkpɔkpɔ buna ɖem.” Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Gail, gblɔ be: “Didi be woawɔ nuwo wòade blibo ƒe nukpɔsusu si anɔ ame si menana wobua kpododonu ŋu o. Míedina be míanye vidada kple srɔ̃nyɔnu nyuitɔwo kekeake. Ele be míaƒe dɔwɔnawo naɖe vi be dzi nadzɔ mí, eyata míaƒe agbagbadzedze siwo meɖe vi o ɖea fu na mí ŋutɔ.”

Nu bubu si hã ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe amee nye lãmegbegblẽ kple tsitsi. Azɔli si meganya zɔna o kple ŋusẽ si vɔna le ame ŋu naa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo va dzena nyuie eye wònaa dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo nu gasẽna ɖe edzi. Elizabeth gblɔ be: “Metsi dzi le ɖokuinye me le esi nyemete ŋu wɔ nusiwo wɔwɔ le bɔbɔe ŋutɔ eye amesiame te ŋu wɔnɛ la hafi dze dɔ o ta.”

Nya siawo nye nusiwo ate ŋu ana dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo naɖo ame me la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Ne míeɖu seselelãme mawo dzi o la, woate ŋu ana míasusu gɔ̃ hã be amewo melɔ̃ míaƒe nya gbɔ o. Eyata nu ŋutɔŋutɔ kawoe míate ŋu awɔ, anɔ te ɖe dziɖeleameƒowo nu, ahanye amesiwo da sɔ le taɖodzinuwo ɖoɖo me?

Mɔ Siwo Dzi Míato Ada Asɔ le Taɖodzinuwo Ðoɖo Me

Gbã, ɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe nuwɔnawo da sɔ eye wònye nugɔmesenamela. Psalmo 103:14 ɖo ŋku edzi na mí be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” Esi Yehowa nya míaƒe ŋutete kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, nusi míate ŋu awɔ koe wòdina tsoa mía si. Eye nusiwo wòdi tso mía si dometɔ ɖekae nye be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi ahazɔ le mía Mawu ŋku me.’—Mixa 6:8.

Yehowa xlɔ̃ nu mí hã be míatrɔ ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me. (Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Gake mɔ kawo nu ema kpena ɖe mía ŋu le? Gbedodoɖa naa míaƒe susu nɔa te hedana sɔna. Gbedodoɖa si tso dzime nye lɔlɔ̃ ɖe edzi be míehiã kpekpeɖeŋu—enye ɖokuibɔbɔɖeanyi ƒe dzesi. Yehowa le didim vevie be yeaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si ƒe kutsetsewo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, kple ɖokuidziɖuɖu mí. (Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbedodoɖa ɖea dzimaɖitsitsi kple dziɖeleameƒo hã ɖa. Elizabeth gblɔ be to gbedodoɖa me la, “àkpɔ akɔfafa si màte ŋu akpɔ tso teƒe bubu aɖeke o.” Kevin ɖo kpe edzi be: “Medoa gbe ɖa biaa dzi fatu kple susu si me kɔ be mate ŋu anɔ te ɖe kuxi si do mo ɖa nu. Yehowa medo ŋukpem kpɔ gbeɖe o.” Apostolo Paulo nya asixɔxɔ vevi si le gbedodoɖa ŋu. Ema tae wòkafui be: ‘Mina Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.’ (Filipitɔwo 4:6, 7) Ẽ, nuƒoƒo kple Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokui kple na ame bubuwo me.

Gake ɣeaɖewoɣi la, míehiã ame aɖe ƒe dzideƒonamenya enumake. Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi nyo. Dzeɖoɖo kple ame xɔlɔ̃ tsitsi si dzi woate ŋu aka ɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu yeye nasu mía si le nusi na mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí alo na míetsi dzimaɖi la ŋu. (Lododowo 15:23; 17:17; 27:9) Sɔhɛ siwo dziɖeleameƒo ɖe fu na va kpɔe be aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ tso dzilawo gbɔ kpena ɖe ame ŋu be woada asɔ. Kandi gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Mɔfiame si dzinyelawo nam lɔlɔ̃tɔe na nukpɔsusu nyui si da sɔ va su asinye azɔ si na be nye nu va doa dzidzɔ na amewo wotena ɖe ŋunye.” Ẽ, ŋkuɖodzinya si le Lododowo 1:8, 9 sɔ nyuie le afisia be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o; elabena seƒoƒotsihe nyui wònye na wò ta kple kɔgɛ na wò kɔ.”

Wogblɔ nusi dona tso didi be woawɔ nuwo woade blibo me le abebubu sia me wòsɔ nyuie be: “Didi be agbe nasɔ ɖe alesi tututu míedii nu nye nuxaxa dodo na ame ɖokui.” Be míaƒo asa na esia la, ele be míawɔ tɔtrɔ le alesi míebua nuwo ŋui me. Ðokuibɔbɔ kple ŋuɖɔɖo—míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti nukpɔsusu nyui si anɔ mía si—ye ana míada asɔ le taɖodzinuwo ɖoɖo na mía ɖokui me koŋ. Esɔ be Romatɔwo 12:3 xlɔ̃ nu mí be ‘míagabu mía ɖokui gã wu alesi dze o.’ Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Filipitɔwo 2:3 de dzi ƒo na mí be míatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo gã wu mía ɖokui.

Elizabeth si míeyɔ va yi tsi dzi le eɖokui me le eƒe dɔlélea ta. Le egome la, ehiã be wòagbɔ dzi ɖi ade dzesi Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu eye nyanya be meŋlɔa míaƒe subɔsubɔ be o nafa akɔ nɛ. Colin megate ŋu zɔna o le dɔléle aɖe si na wògbɔdzɔ ta. Le gɔmedzedzea me la, enɔ susum be viɖe maganɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ŋu o ne yetsɔe sɔ kple esi yewɔna esime lãmesẽ nɔ ye si. Esi wòde ŋugble le mawunyakpukpui siawo abe Korintotɔwo II, 8:12 ene ŋu la, ete ŋu ɖu seselelãme siawo dzi. Kpukpui sia gblɔ be: “Ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” Colin gblɔ be: “Togbɔ be nusi mate ŋu awɔ la dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ hã la, mate ŋu awɔ nane kokoko, eye ema dzea Yehowa ŋu.” Woɖo ŋku nu dzi na mí le Hebritɔwo 6:10 be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . be o.”

Ekema aleke míawɔ anya ne míaƒe taɖodzinuwo da sɔ? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye taɖodzinuwo le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe taɖodzinuwoa?’ Galatiatɔwo 6:4 gblɔ be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.” Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: “Nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” Ẽ, esi míenye Kristotɔwo ta la, kɔkuti aɖe li wòle be míatsɔ, gake ele “bɔbɔe” hele “wodzoe,” eye Yesu do ŋugbe be ne míesrɔ̃ alesi míatsɔe nyuie la, míaƒe dzi adze eme.—Mateo 11:28-30.

Taɖodzinu Siwo Da Sɔ Nyea Yayra

Toɖoɖo aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya me kple edziwɔwɔ le taɖodzinu siwo da sɔ ɖoɖo na mía ɖokui me hea viɖewo vɛ na mí fifia kple le etsɔme siaa. Wo dometɔ ɖekae nye be, esia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe ŋutilã dzi. Jennifer, amesi Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ɖe vi na gblɔ be: “Ŋusẽ kple dzonɔameme geɖe le menye ɖe agbe ŋu.” Esɔ be Lododowo 4:21, 22 xlɔ̃ nu mí be míana Yehowa ƒe nyagbɔgblɔwo nanɔ ŋku dzi kple dzi me na mí, “elabena agbe wonye na amesiwo katã ƒe asi su wo dzi la, eye woyɔa dɔ woƒe ŋutilã blibo la.”

Viɖe bubue nye susume kple seselelãme ƒe akɔdzeanyi si anɔ mía si. Theresa gblɔ be: “Esi mena nye dzi kple susu ku ɖe Mawu ƒe Nya ŋu la, mekpɔe be dzi dzɔam ɣesiaɣi.” Ele eme be dzi aɖe le mía ƒo le agbe me ɣeaɖewoɣi ya. Gake wo tsɔtsɔ anɔ bɔbɔe na mí wu. Yakobo 4:8 xlɔ̃ nu be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” Yehowa do ŋugbe hã be yeado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu eye yeatsɔ ŋutifafa ayra mí.—Psalmo 29:11.

Taɖodzinu siwo da sɔ ɖoɖo na mía ɖokui kpena ɖe mía ŋu míelia ke le gbɔgbɔ me. Esia hã nye yayra. Ana be míaƒe susu nanɔ nusiwo le vevie wu le agbe me dzi. (Filipitɔwo 1:10) Esia awɔe be taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo si ana dzidzɔ kple dzidzeme geɖe mí la nava su mía si. Ana be míalɔ̃ faa be míagblẽ mía ɖokui ɖe Yehowa si me, esi míenyae be ana nuwo nayi le mɔ si ade mía dzi nu. Petro gblɔ be: “Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi.” (Petro I, 5:6) Ðe nane gali si ŋu viɖe anɔ wu be Yehowa nado mí ɖe dzia?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Taɖodzinu siwo da sɔ ɖoɖo na mía ɖokui ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe dziɖeleameƒowo kple mɔkpɔkpɔbuɖeamewo nu