Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Womedzi Vi O?

Nukatae Womedzi Vi O?

Nukatae Womedzi Vi O?

DELE kple Fola, * nye srɔ̃tɔ siwo nɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria hewɔ dɔ le afima kpɔ. Le woƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzedze le alɔdzedɔwɔƒea megbe kpuie la, Fola dada ɖi tsa va srã wo kpɔ. Ezɔ mɔ tso teƒe didi aɖe be yeava dzro nya aɖe si ŋu wòtsi dzi ɖo vevie, si na wòtsi zãdomadɔlɔ̃e ŋutɔ la me kpli wo.

Egblɔ na wo be: “Miewɔ nu nyui siawo nam. Mieɖoa nu ɖem, eye mieɖia tsa va srãam kpɔna. Lɔlɔ̃ɖeɖefia mawo dze ŋunye ale gbegbe. Gake wodoa nuxaxa nam hã, elabena mebua eŋu ɣesiaɣi be amekae awɔ nusiawo tɔgbe na mi ne mietsi abe nye ene? Ƒe evee nye sia mieɖe srɔ̃, miedzi vi o. Miekpɔe be ɣeyiɣi de be miadzo le Betel ate vidzidzi oa?”

Dada ƒe nukpɔsusue nye be: Ɣeyiɣi si Dele kple Fola nɔ Betel la sɔ gbɔ. Fifia ɣeyiɣi de be woabu woƒe etsɔme ŋu. Enye nyateƒe be ame bubuwo ate ŋu awɔ dɔ si wɔm wole. Mehiã be Dele kple Fola naɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu o, gake woate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu, esi aɖe mɔ na wo be woadzi vi eye dzidzɔ si le dzilanyenye me nasu wo si.

Nusi Ŋu Dada Tsi Dzi Ðo

Nusi ŋu Dada tsi dzi ɖo me kɔ. Didi be woadzi vi nye didi si ƒo ke ɖe to sesĩe le dekɔnu ɖesiaɖe me ɣeawokatãɣi. Vidzidzi na dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ ƒe seselelãme sẽŋu ɖoa ame me. Biblia gblɔ be: “Fufɔfɔ enye fetu.” Ẽ, vidzidziŋutete nye nunana xɔasi aɖe si tso mía Wɔla lɔ̃ame la gbɔ.—Psalmo 127:3.

Le dukɔ geɖe me la, woƒoa nya ɖe srɔ̃tɔwo nu vevie be woadzi vi. Le kpɔɖeŋu me le Nigeria, afisi nyɔnu ɖesiaɖe dzia vi ade le le mama dedie nu la, enye nusi bɔ be woase nyuidinamelawo nagblɔ na srɔ̃ɖela yeyewo le srɔ̃kpeƒea be: “Míele mɔ kpɔm be kaka ɣleti asieke nava la, míase vidzĩ ƒe avifafa le miaƒe aƒeme.” Amewo te ŋu tsɔa vidzĩbati wɔa srɔ̃kpekpe nunanae na ŋugbetɔa kple srɔ̃a. Lɔ̃xowo nɔa ŋku lém ɖe ɣletigbalẽa ŋu tsitotsito. Ne ƒe ɖeka kple nane va yi eye nyɔnua mefɔ fu o la, wokua eme kpɔna be yewoanya ne kuxi aɖe li si gbɔ yewoate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo be woakpɔ hã.

Le vidada geɖe gome la, nusita woɖea srɔ̃ ɖoe nye be woadzi vi ale be ƒomea nagabu o. Fola dada gblɔ nɛ be: “Esi mèle vi dzi ge o ɖe, nukatae nèɖe srɔ̃? Ame aɖee dzi wò; ele be wò hã nàdzi wò ŋutɔ tɔwòwo.”

Le ema megbe la, nya ŋutɔŋutɔ aɖewo li siwo ŋu wòle be woade ŋugble le. Le Afrika dukɔ geɖe me la, dziɖuɖuwo mewɔ ɖoɖo boo aɖeke ɖe ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu o. Ðeviwo koŋue nye amesiwo kpɔa wo dzila tsitsiwo dzi, abe alesi ko dzila mawo hã kpɔ wo dzi esi wonye ɖeviwo ene. Eyata Fola dada ƒe nukpɔsusue nye be ne vi mele ye viwo ŋutɔ si o la, wogbɔna akogo tsi ge le ƒe aɖewo megbe, ame aɖeke matsɔ ɖeke le eme na wo o, eye woada ahe le woƒe tsitsime, eye ne woku la, ame aɖeke manɔ anyi aɖi wo o.

Le Afrika ƒe teƒe geɖe la, wobua vimadzimadzi be enye fiƒode. Le nuto aɖewo me la, wonaa nyɔnuwo ɖenɛ fiana gɔ̃ hã be yewoate ŋu adzi vi hafi woɖea wo. Nyɔnu geɖe siwo mete ŋu le fu fɔm o tsɔa dzitsitsi dia atike kple dɔdada siwo ana woafɔ fu la vevie be woagatsi ko o.

Le nɔnɔme siawo ta wobua srɔ̃tɔ siwo ŋutɔ ɖoe be yewomadzi vi o be wole nu nyui aɖe tem wo ɖokui. Zi geɖe wobua wo be woto vovo, womekpɔa nu yia ŋgɔ o, eye woƒe nu wɔ nublanui.

Dzidzɔ Kple Agbanɔamedzi

Yehowa ƒe amewo nya be togbɔ be dzidzɔ le vidzidzi me hã la, agbanɔamedzi hã kpe ɖe eŋu. Biblia gblɔ le Timoteo I, 5:8 be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”

Ele be dzilawo nakpɔ woƒe ƒomea me tɔwo ƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ, eye esia wɔwɔ bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe. Womebunɛ be esi wònye Mawue naa vi ame ta la, ele be Mawu nakpɔ wo dzi o. Wonya be vinyinyi le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe agbanɔamedzi si Mawu tsɔ na dzilawo; menye agbanɔamedzi si wòle be woada ɖe ame bubu dzi o.—Mose V, 6:6, 7.

Vinyinyi ƒe agbanɔamedzia va le sesẽm ɖe edzi vevietɔ le “ŋkeke mamlɛ” siawo ‘siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (Timoteo II, 3:1-5) Le ganyawo ƒe nɔnɔme si le gbegblẽm ɖe edzi megbe la, amewo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔna siwo le dzidzim ɖe edzi na be kuxi siwo le vinyinyi me le sesẽm ɖe edzi egbea. Togbɔ be ele alea hã la, srɔ̃tɔ Kristotɔ gbogbo aɖewo le xexeame godoo xɔ agbanɔamedzi sia eye wole vi siwo vɔ̃a Mawu nyim “le [Yehowa ƒe] hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me” dzidzedzetɔe. (Efesotɔwo 6:4) Yehowa lɔ̃a dzila siawo eye woyraa wo le woƒe dɔsesẽwɔwɔ ta.

Nusita Ame Aɖewo Medzi Vi O

Gake vi mele srɔ̃tɔ Kristotɔ geɖe si o. Wo dometɔ aɖewo tsi ko gake womexɔa ame bubuwo ƒe vi le ɖeviwo dzikpɔƒe wòzua wo tɔ o. Srɔ̃tɔ bubu siwo ate ŋu adzi vi ɖoe be yewomadzii o. Menye esi srɔ̃tɔ siawo gbe agbanɔamedzi xɔxɔ alo wole kuxi siwo le dzilanyenye me vɔ̃m tae woɖoe be yewomadzi vi o. Ke boŋ woɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo, si vinyinyi maɖe mɔ woawɔ kple woƒe ŋusẽ katã o. Wo dometɔ aɖewo nyea dutanyanyuigblɔlawo. Bubuwo subɔa Yehowa le mɔzɔzɔdɔa me alo le Betel.

Abe Kristotɔwo katã ene la, wokpɔe be dɔ kpata aɖe li si wòle be yewoawɔ. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” Wole dɔ sia wɔm egbea. Dɔ vevi aɖee wònye, esi ‘nuwuwua’ anye tsɔtsrɔ̃ na amesiwo mese nyanyui la o ta.—Mateo 24:14; Tesalonikatɔwo II, 1:7, 8.

Ɣeyiɣi si me míele sɔ kple ɣeyiɣi si me Noa kple eƒe ƒomea kpa aɖakaʋu gã si xɔ wo ɖe agbe le Tsiɖɔɖɔ gã la me. (Mose I, 6:13-16; Mateo 24:37) Togbɔ be Noa viŋutsu etɔ̃awo ɖe srɔ̃ hã la, wo dometɔ aɖeke medzi vi o vaseɖe Tsiɖɔɖɔa megbe. Susu siwo tae dometɔ ɖeka anye be srɔ̃tɔ siawo di be yewoatsɔ yewoƒe susu kple ŋusẽ katã awɔ dɔ si dze ŋgɔ wo. Susu bubu anye be womedi be yewoadzi vi ɖe xexe vɔ̃ɖi gblẽku ma si me “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ . . . eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la” me o.—Mose I, 6:5.

Togbɔ be esia mefia be enye nu gbegblẽ be woadzi vi egbea o hã la, srɔ̃tɔ Kristotɔ geɖe medi be yewoadzi vi o ale be yewoate ŋu awɔ dɔ kpata si Yehowa de asi na eƒe amewo be woawɔ la bliboe. Srɔ̃tɔ aɖewo lala ɣeyiɣi aɖewo va yi hafi wodzi vi; bubuwo ɖoe be yewomadzi vi o eye wobunɛ be yewoava dzii le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me. Nuŋumabumabu yi ŋgɔ ye esia nyea? Ðe nu le wo ŋu tom le agbe mea? Ðe woƒe nu wɔ nublanuia?

Agbenɔnɔ si me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔkpɔkpɔ Le

Dele kple Fola, siwo míeyɔ va yi, ɖe srɔ̃ ƒe ewo enye sia fifia, eye wogaɖoe kokoko be yewomadzi vi o. Dele gblɔ be: “Míaƒe ƒometɔwo gaƒonɛ ɖe mía nu kokoko be míadzi vi. Míaƒe dedienɔnɔ le etsɔme ŋu koŋue wotsi dzi ɖo. Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe alesi wotsɔ ɖe le eme na míi la ŋu ɣesiaɣi, gake míetsɔa aɖaŋudzedze ɖea nu me na wo be míele dzidzɔ kpɔm le nusi wɔm míele la me. Míeɖea nu me na wo tso míaƒe dedienɔnɔ ŋu be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa, amesi tsɔa ɖe le eme na amesiwo katã wɔa nuteƒe heɖia anukware nɛ ɣesiaɣi la ŋu. Míegaɖea eme hã be vidzidzi menye kpeɖodzi be woava kpɔ wo dzilawo dzi le woƒe tsitsime godoo o. Ame aɖewo metsɔ ɖeke le eme na wo dzilawo boo o, bubuwo mete ŋu naa kpekpeɖeŋu wo o, eye ɖewo kuna doa ŋgɔ na wo dzilawo. Gake kakaɖedzi le míaƒe etsɔme ŋu le Yehowa gbɔ.”

Dele kple ame bubuwo abe eya ene ɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo na esubɔla nuteƒewɔlawo ŋu kple dzinɔameƒo be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Woxɔe se hã be “Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi be mase nu o.”—Yesaya 59:1.

Susu bubu si ta dzi le wo ƒo enye be wokpɔ alesi Yehowa kpɔa esubɔla nuteƒewɔlawo tae. Fia Dawid ŋlɔ bena: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi . . . kpɔ o.” Bu nya ma ŋu kpɔ. Ènya Yehowa subɔla nuteƒewɔla aɖe si ‘wogblẽ ɖi kpɔa’?—Psalmo 37:25.

Le esi teƒe be amesiwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le Yehowa subɔm natrɔ akpɔ megbe wòave wo la, woa kple wo hati Kristotɔwo dea ŋugble le eŋu eye woƒe dzi dzea eme. Nɔviŋutsu Iro Umah le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 45 sɔŋ eye wònye dzikpɔla mɔzɔla fifia le Nigeria. Egblɔ be: “Togbɔ be mía kple srɔ̃nye míedzi vi o hã la, míeɖoa ŋku edzi be Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa ɣesiaɣi. Naneke mehiã mí kpɔ o. Magblẽ mí ɖi ne míele tsitsim ɖe edzi o. Ƒe siawo siwo míetsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa mee dzi dzɔ mí le wu le agbe me. Enye dzidzɔ na mí be míete ŋu subɔa mía nɔviwo, eye mía nɔviwo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm míele ŋu eye wokpena ɖe mía ŋu.”

Togbɔ be srɔ̃tɔ geɖe medzi vi ŋutɔŋutɔ o hã la, wodzi vi bubu aɖewo: Woawoe nye nusrɔ̃la Kristotɔ siwo le Yehowa subɔm. Apostolo Yohanes xɔ ƒe 100 lɔƒo esime wòŋlɔ bena: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 4) Yohanes ƒe ‘vi’—siwo wòfia ‘nyateƒeae’—ƒe nuteƒewɔwɔe na dzi dzɔe ŋutɔ.

Dzidzɔkpɔkpɔ sia tɔgbe bɔ egbea. Bernice, si nye Nigeriatɔ, ɖe srɔ̃ ƒe 19 sɔŋ enye sia gake eya ŋutɔ ɖoe be yemadzi vi o. Ele mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 14 sɔŋ enye si va yi. Esi wòle ɣeyiɣi si magate ŋu adzi vi o me ɖom le agbe me la, mete ɖe edzi be yetsɔ yeƒe agbe ɖo anyi na nusrɔ̃lawɔwɔdɔa o. Egblɔ be: “Dzi dzɔam ne mekpɔ nye gbɔgbɔmeviwo le tsitsim. Ne nye ŋutɔ ɖe medzi vi gɔ̃ hã la, kakaɖedzi mele asinye be mía kpli wo dome anɔ kplikplikpli wu esiwo ŋu mekpe ɖo wosrɔ̃ nyateƒea o. Wowɔa nu ɖe ŋunye abe nyee dzi wo ŋutɔŋutɔ ene, wodzroa woƒe dzidzɔnyawo kple kuxiwo me kplim eye wobiaam be maɖo aɖaŋu na yewo. Woŋlɔa lɛta nam, eye míesrãa mía nɔewo kpɔna.

“Ame aɖewo ƒe susue nye be fiƒodee wònye ne womedzi vi o. Wogblɔna be àkpe fu le wò tsitsime. Gake nyemekpɔe nenema o. Menya be zi alesi metsɔ dzi blibo subɔ Yehowa ko la, aɖo eteƒe nam ahakpɔ dzinye. Matsɔm aƒu gbe gbeɖe ne meku nyagã o.”

Mawu Lɔ̃ Wo Hedea Asixɔxɔ Wo Ŋu

Nu geɖe li siwo ta amesiwo dzi vi eye wonyi wo ‘wole zɔzɔm le nyateƒea me’ ada akpe ɖo. Mewɔ nuku o be Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne ame aɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye”!—Lododowo 23:24, 25.

Woyra Kristotɔ siwo si dzidzɔkpɔkpɔ si le vidzidzi ɖe xexeame mesu o la le mɔ bubuwo nu. Srɔ̃tɔ siawo dometɔ geɖe wɔ akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me le mɔ geɖe nu. Le ƒe siwo va yi me la, nuteƒekpɔkpɔ, nunya, kple ŋutete si kpe ɖe wo ŋu wona kpekpeɖeŋu xɔasi geɖe le Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ me la su wo si. Wo dometɔ geɖe xɔ ŋgɔ na dɔa.

Togbɔ be womedzi vi o le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ta hã la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔmeƒome lɔ̃ame si ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ deto fiana ɖe nusiwo wotsɔ sa vɔe ŋu la yra woe. Ðeko wòle abe alesi Yesu gblɔe ene be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ [ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, “ɖe asi le”] xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo . . . kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.

Aleke gbegbe amesiwo katã wɔa nuteƒe xɔ asi na Yehowa enye si! Apostolo Paulo na kakaɖedzi ame siawo katã, esiwo si vi le, kple vimanɔsitɔwo siaa be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Wotsɔ gbɔgbɔmeƒome lɔ̃ame yra srɔ̃tɔ siwo medzi vi o