Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Aʋawɔnuwo Tutu Dzi Yi Agbe Ðeɖe Dzi

Tso Aʋawɔnuwo Tutu Dzi Yi Agbe Ðeɖe Dzi

Agbemeŋutinya

Tso Aʋawɔnuwo Tutu Dzi Yi Agbe Ðeɖe Dzi

ABE ALESI ISIDOROS ISMAILIDIS GBLƆE ENE

Menɔ klodzi eye aɖatsi nɔ dodom le mo nam blobloblo. Medo gbe ɖa be: “O, Mawu, nye dzitsinya le gbɔgblɔm nam be nyemagate ŋu ayi edzi awɔ dɔ le aʋawɔnuwo wɔƒe azɔ o. Medze agbagba vevie di dɔ bubu ʋuu wòglom. Matsɔ asiɖeɖe le dɔ ŋu gbalẽ si meŋlɔ ana etsɔ. Taflatse, Yehowa, mègana dɔ nawu mía vi eneawo o.” Aleke mewɔ ɖo nyametsotso sia gbɔ?

AGBENƆNƆ mesesẽ le Drama, dziehe Greece, afisi wodzim ɖo le ƒe 1932 me o, eye ŋutifafa nɔ anyi. Fofonye ƒoa nu nam tso nusi wòdi be mava wɔ ŋu. Ede dzi ƒo nam be mayi United States aɖade suku. Esime woha Greece ƒiaƒiaƒia le Xexemeʋa II me megbe la, nya si Greecetɔwo lɔ̃a gbɔgblɔ enye be: “Miate ŋu afi míaƒe nunɔamesiwo, gake miate ŋu afi nusi le míaƒe susu me gbeɖe o.” Meɖoe kplikpaa be made sukukɔkɔ be nane si ame aɖeke mate ŋu afi akpɔ gbeɖe o nasu asinye.

Tso nye ɖevime ke la, menɔ sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo si Greece Orthodɔks Sɔlemeha ɖo la dometɔ vovovo me. Wogblɔ na mí le afima be míaƒo asa na kɔmama vɔ̃ɖiwo. Meɖo ŋku ƒuƒoƒo ɖeka si dzi wotɔ asii tẽ—si nye Yehowa Ðasefowo—dzi, le esi wosusu be woawoe nye Kristo ƒe futɔ ta.

Esi mewu asinudɔsrɔ̃suku nu le ƒe 1953 me le Athens la, mezɔ mɔ yi Germany be makpɔ dɔ awɔ aganɔ suku dem le ɣeyiɣi ma ke me hã. Gake medze edzi nenema o, eyata meɖo ta dukɔ bubuwo me. Le Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, ga va vɔ le ŋunye keŋkeŋ le Belgium melidzeƒe. Meɖo ŋku edzi be mezɔ yi sɔlemexɔ aɖe me va nɔ anyi nɔ avi fam sesĩe ale gbegbe be aɖatsi nɔ dodom le mo nam blobloblo ɖe anyigba le ŋkunyeme. Medo gbe ɖa be ne Mawu kpe ɖe ŋunye mete ŋu yi United States la, nyemati ŋutilãmenuwo yome o, ke boŋ suku koe made ahadze agbagba anye Kristotɔ nyui kple dumevi nyui. Mlɔeba meva ɖo afima le ƒe 1957 me.

Agbe Yeye le United States

Agbenɔnɔ le United States menɔ bɔbɔe na amesi ʋu yi afima eye ga mele esi o, eye mese gbea hã o. Mewɔa dɔ vovovo eve le zã me eye mesẽa ŋkume yia suku le ŋkeke me. Mede kɔledzi geɖe eye mexɔ dzeside si meyi ŋgɔ boo o. Emegbe meyi California Yunivɛsiti le Los Angeles eye mexɔ dzɔdzɔmenunya ŋuti dzeside ku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽŋununya zazã ŋu. Nya siwo fofonye gblɔ nam ku ɖe sukudede ŋu ye nɔ ŋusẽ domem le ƒe sesẽ siawo me.

Ɣemaɣi lɔƒo la, medo go Greece-nyɔnuvi dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Ekaterini, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1964 me. Míedzi mía viŋutsuvi gbãtɔ le ƒe etɔ̃ megbe, eye le ƒe si mede ene o le ema yome la, míegadzi ŋutsuvi eve kple nyɔnuvi ɖeka. Le nyateƒe me la, menɔ bɔbɔe be manɔ ƒome dzi kpɔm aganɔ nu srɔ̃m le yunivɛsiti o.

Menɔ dɔ wɔm na U.S. Yame Srafowo ƒe adzɔha si wɔa aʋawɔtuwo kple yameʋawɔnuwo le Sunnyvale, California. Mekpe asi ɖe yame kple dzinu dzi yiyi ɖoɖo ŋuti dɔwɔna vovovowo ŋu, hekpe ɖe Agena kple Apollo ɖoɖoawo ŋu. Mexɔ kafukafu dzesiwo gɔ̃ hã ɖe dɔ si mewɔ le Apollo 8 kple Apollo 11 dzinudzidededɔwo me ta. Ema megbe la, meyi sukua dzi eye meva ƒo ɖokuinye ɖe dɔ vovovo siwo ku ɖe asrafowo ƒe yameʋawɔtuwo ŋu wɔwɔ me vevie. Le afisia si meɖo fifia ta la, mebui be nusianu si medi su asinye azɔ—srɔ̃nyɔnu nyui, vi vavã ene, dɔwɔɖui nyui, kple aƒe nyui aɖe.

Hati si Ðo Tame Kplikpaa

Le ƒe 1967 ƒe gɔmedzedze la, medo go ŋutsu aɖe le dɔwɔƒe si ŋkɔe nye Jim, amesi ƒe dɔme nyo eye wòbɔbɔ eɖokui ale gbegbe. Jim ɖoa nukomo ɣesiaɣi eye ne mekpee be wòava no kɔfi kplim le ɖiɖiɖemeɣi la, megbena o. Ewɔa mɔnukpɔkpɔ siawo ŋudɔ tsɔ ƒoa nu nam tso Biblia me nyatakakawo ŋu. Jim gblɔ nam be yenɔ nu srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo.

Ewɔ nuku nam esi mese be Jim nɔ ha dem kple subɔsubɔha sia. Aleke wòdzɔe be ŋutsu nyui sia nava nye Kristo ƒe futɔwo ƒe kɔmama me nɔla? Ke hã nyemete ŋu tsi tre ɖe alesi Jim tsɔ ɖe le eme namee kple eƒe dɔmenyonyo la ŋu o. Edze abe gbesiagbe la, agbalẽ yeye aɖe nɔa esi nam be maxlẽ ene. Le kpɔɖeŋu me eva nye ɔfis gbeɖeka gblɔ be: “Isidoros, Gbetakpɔxɔ me nyati sia ƒo nu tso alesi woatu ƒomegbenɔnɔ ɖoe ŋu. Tsɔe yi aƒemee eye mia kple srɔ̃wò miaxlẽe.” Megblɔ nɛ be maxlẽ nyatia, gake emegbe esi meyi nugodo la, mevuvu magazinea kakɛkakɛ hetsɔe ƒu gbe ɖe gbelɔnu me.

Menɔa agbalẽ kple magazine ɖesiaɖe si Jim tsɔna nam la dome gblẽm, ƒe etɔ̃ sɔŋ. Esi nazãbubu le menye ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, gake medi hã be Jim nakpɔtɔ anye xɔ̃nye ta la, mebui be anyo be manɔ eƒe nyawo sem le ŋkume ko.

Gake le numedzodzro mawo me la, mekpɔe be nusiwo mexɔ se hewɔna dometɔ akpa gãtɔ menɔ te ɖe Biblia dzi o. Mede dzesii be Mawuɖekaetɔ̃, dzomavɔ, kple luʋɔmakumaku nufiafiawo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o. (Nyagblɔla 9:10; Xezekiel 18:4; Yohanes 20:17) Esi menye Greece Orthodɔks hamevi dadala ta la, nyemedi be malɔ̃ ɖe edzi gaglã be nyateƒe tomee Jim nɔ o. Gake esi wònye Bibliae wòzãna ɣesiaɣi eye megblɔa eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu gbeɖe o ta la, meva de dzesii mlɔeba be gbedasi vevi aɖe nɔ ŋutsu sia si nam tso Biblia me.

Srɔ̃nye va kpɔe dze sii be nane nɔ dzɔdzɔm, eye wòbiam be ɖe meƒo nu kple xɔ̃nye si nye Ðasefo la hã. Esi meɖo eŋu be ẽ la, egblɔ be: “Na míayi sɔleme bubu ɖesiaɖe ke menye Yehowa Ðasefowo o.” Gake eteƒe medidi o, mía kple srɔ̃nye kpakple mía viwo míedea Ðasefowo ƒe kpekpewo edziedzi.

Nyametsotso Sesẽ Aɖe

Esi mele Biblia srɔ̃m la, meva do go nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke Mawu si lɔ̃ ŋutifafa ƒe subɔla akpɔ gome le aʋawɔtu gblẽnuwo toto vɛ kple wo wɔwɔ me?’ (Psalmo 46:10) Mexɔ ɣeyiɣi hafi metso nya me be ele be matrɔ nye dɔwɔɖuia o.

Enye nyateƒe be tɔtrɔ sia wɔwɔ menɔ bɔbɔe o. Dɔwɔɖui si ŋu wodea bubui ye nɔ asinye. Ƒe geɖe ƒe dɔsesẽwɔwɔ, sukudede, kple nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe mee meto hafi ɖo afisia. Nɔnɔme sesẽ vovovowo mee meto ɖo afisia, fifia nyee nye sia dze ŋgɔ asiɖeɖe le nye dɔwɔɖuia ŋu. Gake lɔlɔ̃ deto si le asinye na Yehowa kple nye didi vevie be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ɖu dzi mlɔeba.—Mateo 7:21.

Meɖoe be madi dɔ le adzɔha aɖe me le Seattle, Washington. Gake kasia manya la, dɔ si mewɔ ɖeka kple Yesaya 2:4 kuraa o la wɔmee maganɔ. Medze agbagba be mawɔ dɔ bubu aɖewo ko gake medze edzi o, eye nye dzitsinya ganɔ fu ɖem nam ake. Eva dze nam ƒã be nyemate ŋu anɔ dɔa wɔm eye dzitsinya nyui naganɔ asinye le ɣeyiɣi ma ke me o.—Petro I, 3:21.

Eme va kɔ na mí ƒã be ele be míawɔ tɔtrɔ vevi aɖewo. Mede ɣleti ade o míewɔ tɔtrɔ le míaƒe agbenɔnɔ me eye míeɖe míaƒe ƒomea ƒe gazazã dzi ɖo esi míezãna tsã ƒe afã. Emegbe míedzra aƒe xɔasi si nɔ mía si la heƒle sue aɖe ɖe Denver, Colorado. Fifia mesu te aɖe afɔ mamlɛa—si nye asiɖeɖe le dɔa ŋu. Meŋlɔ nye asiɖeɖe le dɔ ŋu gbalẽa, eye mekɔ nu me na wo tso nye dzitsinya ŋu. Esi ɖeviawo mlɔ anyi le zã ma me megbe la, mía kple srɔ̃nye míedze klo do gbe ɖa na Yehowa, abe alesi wòdze le nyati sia ƒe gɔmedzedzea mee ene.

Megade ɣleti ɖeka o, míeʋu yi Denver, eye le kwasiɖa eve megbe le July 1975 me la, mía kple srɔ̃nye míexɔ nyɔnyrɔ. Ɣleti ade sɔŋ va yi gake nyemekpɔ dɔ aɖeke o, eye ga si míedzra ɖo la nɔ vɔvɔm vivivi. Kaka míage ɖe ɣleti adrelia me la, ga si susɔ ɖe gadzraɖoƒe na mí megade ga si míexena ɣleti sia ɣleti ɖe aƒea ta o. Mete dɔ ɖesiaɖe ƒomevi si ŋu make ɖo la didi be mawɔ, gake le ema megbe teti ko la, meke ɖe mɔ̃ɖaŋudɔ aɖe ŋu. Fetua anɔ abe ga si mexɔna tsã ƒe afã ko ene; ke hã elolo sasasã wu esi mebia Yehowa be wòanam. Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye si be metsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ!—Mateo 6:33.

Mía Viwo Nyinyi Be Woalɔ̃ Yehowa

Fifia la, mía kple Ekaterini ƒe ŋku biã ɖe dɔ sesẽ si nye mía vi eneawo nyinyi ɖe mawumegɔmeɖosewo nu ŋu. Dzidzɔtɔe le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wo katã va zu Kristotɔ tsitsi, siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi koŋ ɖe dɔ vevi si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ wɔwɔ ŋu. Mía viŋutsu etɔ̃awo, Christos, Lakes, kple Gregory do le Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku eye woɖo wo ɖe teƒe vovovowo fifia, wole hamewo srãm kpɔ hele ŋusẽ dom wo. Toula, si nye mía vinyɔnua, le lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le New York. Ewɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi esi míekpɔ be wo katã tsɔ dɔwɔɖui siwo dze abe wonyo ŋutɔ ene kple esiwo me woakpɔ ga geɖe le sa vɔe be yewoasubɔ Yehowa.

Ame geɖe bia be nuka gbɔe wòtso be míete ŋu nyi mía viwo dzidzedzekpɔkpɔtɔe alea. Ele eme be mɔnu gobi aɖeke meli na vinyinyi ya o, gake míedze agbagba vevie be míaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa kple havi ɖe woƒe dzi me. (Mose V, 6:6, 7; Mateo 22:37-39) Ðeviawo srɔ̃e be míate ŋu agblɔ na Yehowa be míelɔ̃e ko o, negbe ɖeko míaƒe nuwɔnawo ɖee fia nenema hafi.

Zi ɖeka le kwasiɖa me, le Memleɖagbewo koŋ la, ƒome bliboa kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Míewɔa ƒome nusɔsrɔ̃ edziedzi le Dzoɖa fiẽsiwo le nuɖuɖu megbe, eye míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ɖekaɖeka. Esime ɖeviawo metsi boo o la, míewɔa ɣeyiɣi kpuikpuiwo ƒe nusɔsrɔ̃ kpli wo dometɔ ɖesiaɖe ɖekaɖeka zi geɖe kwasiɖa ɖesiaɖe, eye esi wonɔ tsitsim wu la, míewɔa nusɔsrɔ̃a wòdidina vie zi ɖeka le kwasiɖaa me. Le nusɔsrɔ̃ siawo wɔwɔ me la, mía viawo lɔ̃na faa dzroa woƒe kuxiwo me kpli mí.

Míekpɔ gome le modzakaɖeɖe tuameɖowo hã me ɖekae le ƒomea me. Míeƒoa ƒu ɖekae ƒoa haƒonuwo, eye ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe dina be yeaƒo ha si vivia enu vevie la. Le kwasiɖanuwuwu aɖewo la, míekpea ƒome bubuwo hena hadede tuameɖowo. Ƒome bliboa zɔa mɔ le mɔkeɣi aɖewo hã. Le mɔzɔzɔ mawo dometɔ ɖeka me la, míetsɔ kwasiɖa eve ɖi tsa le Colorado towo dzi eye míewɔ dɔ kple hame si le afima le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Mía viwo ɖo ŋku edzi dzidzɔtɔe be yewotsɔ yewo ɖokui nana faa wɔa dɔ le dɔwɔƒe vovovo me le nutome gã takpekpewo me, eye yewokpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo ŋu le teƒeteƒewo. Azɔ esi míekplɔ ɖeviawo yi Greece be woasrã woƒe ƒometɔwo kpɔ la, wokpɔ Ðasefo nuteƒewɔla geɖe siwo nɔ gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta. Esia wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe eye woɖoe kplikpaa be yewoalé dzi ɖe ƒo ahanɔ nyateƒea me maʋãmaʋãe.

Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖeviawo dometɔ aɖewo wɔa vodada alo wɔa tiatia siwo mesɔ tututu o le xɔlɔ̃dzedze me. Le ɣebubuɣiwo la, míawo hã míewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o, le alesi míaƒe nya me sẽna akpa le nya aɖewo me ta. Gake esi míetrɔ ɖe ‘Yehowa ƒe nuxɔxlɔ̃’ si dze le Biblia me ŋu la, ekpe ɖe mía ŋu míeɖɔ nyawo ɖo wònyo na mí katã.—Efesotɔwo 6:4; Timoteo II, 3:16, 17.

Dzidzɔɣi Gãtɔ Kekeake le Nye Agbeme

Esi mía viawo ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la, mía kple Ekaterini míete ŋugbledede le nusi míate ŋu awɔ atsɔ akeke akpa si míate ŋu awɔ le agbeɖeɖedɔa me ɖe edzi la ŋu vevie. Eyata le ƒe 1994 me la, mexɔ dzudzɔ le dɔme eye mí ame evea siaa medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Míeɖea gbeƒã na sukuvi siwo le kɔledzi kple yunivɛsiti siwo le míaƒe nutoa me eye míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo dometɔ aɖewo. Esi mete ŋu nyaa nusiwo me tom wole—elabena menɔ nɔnɔme si me wole me kpɔ ƒe ʋɛ aɖewo koe nye si va yi ta la—mekpɔ dzidzedze geɖe le kpekpeɖeŋu nana wo be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si be mesrɔ̃ nu kple sukuvi siwo tso Bolivia, Brazil, Chile, China, Egypt, Ethiopia, Mexico, Thailand, kple Turkey! Mekpɔ gome le telefon dzi ɖaseɖiɖi hã me, vevietɔ na amesiwo doa mía degbe.

Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋunye le alesi Greecegbe ma aɖe namee kple tsitsi ta hã la, medzea agbagba ɣesiaɣi be manɔ klalo akpe ɖe amewo ŋu eye be Yesaya ƒe gbɔgbɔ nanɔ asinye, amesi gblɔ be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Edzɔ dzi nam be míekpe ɖe amesiwo wu ade ŋu be wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi sia koŋ mee míekpɔ dzidzɔ le wu ɖesiaɖe.

Ɣeaɖeɣi va yi la, nye agbe katã nɔ te ɖe aʋawɔnu vɔ̃ɖiwo tutu be woatsɔ awu hanyevi amegbetɔwoe dzi. Gake Yehowa to eƒe amenuveve me ʋu mɔ na mía kple nye ƒomea be míeva zu esubɔla ɖeadzɔgbewo eye be míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ŋuti nya gbɔgblɔ na amewo. Ne mede ŋugble le nyametsotso sesẽ si mewɔ ŋu la, meɖoa ŋku nya siwo le Maleaxi 3:10 dzi be: “[Midom] kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã?” Le nyateƒe me la, ewɔe alea na mí—eye míaƒe dzi dze eme!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Lakes: Fofonye melɔ̃a alakpanuwɔlawo ƒe nya o. Edze agbagba vevie be yemanye alakpanuwɔla o, vevietɔ le kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖoɖo na eƒe ƒomea me. Egblɔnɛ na mí zi geɖe be: “Ne ètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa la, efia nane. Ele be nàlɔ̃ faa be yeatsɔ nuwo asa vɔe na Yehowa. Kristotɔnyenye gɔme katãe nye ma.” Nya siawo tsi nye susu me eye wòkpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu le nuwo tsɔtsɔ sa vɔ na Yehowa me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Christos: Mekpɔ ŋudzedze ɖe dzinyelawo ƒe luʋɔ blibo ƒe ɖokuitsɔtsɔna Yehowa kple alesi wotsɔ moveviɖoɖo kpɔ woƒe dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia gbɔe ŋu ale gbegbe. Le míaƒe ƒomea me la, míewɔ nusianu ɖekae—tso míaƒe subɔsubɔ dzi va ɖo míaƒe mɔkekewo yiyi dzi. Togbɔ be nu geɖe nɔ anyi dzinyelawo ate ŋu awɔ hã la, wometi nu gãwo yome o eye wotsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ. Egbea menyae be ne metsɔ ɖokuinye katã de Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la, dzi adzɔm ale gbegbe.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Gregory: Nusi ƒo dzinyelawo ƒe dzideƒonamenya siwo wogblɔ nam be madzi nye subɔsubɔdɔa ɖe edzi tae nye woƒe kpɔɖeŋu kple kpeɖodzi si fia be dzi le wo dzɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me eye esiae ʋãm be magbugbɔ ŋugble ade le nye nɔnɔmewo, nye dzimaɖitsitsiwo, kple subɔsubɔdɔa gɔmedzedze ŋuti tamebubuwo ŋu ahatsɔ ɖokuinye ade Yehowa ƒe dɔa me bliboe. Meda akpe na dzinyelawo le esi wokpe ɖe ŋunye be dzi le dzɔyem le esi metsɔ ɖokuinye katã de subɔsubɔdɔa me ta.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Toula: Dzinyelawo te gbe ɖe edzi ɣesiaɣi be nu vevitɔ kekeake si ate ŋu anɔ mía si enye ƒomedodo si anɔ mía kple Yehowa dome eye be nusi ko míate ŋu awɔ be dzidzɔ vavãtɔ nasu mía si enye be míawɔ míaƒe ŋutete katã le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Wona Yehowa le na mí abe ame ŋutɔŋutɔ ene. Fofonye gblɔna na mí zi geɖe be dzidzɔ manyagblɔ aɖe nɔa ame me ne etsɔ dzitsinya dzadzɛ ɖamlɔ anyi le zã me eye wònya be yedze agbagba wɔ yeƒe ŋutete be dzi nadzɔ Yehowa.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Esime menye asrafo le Greece, ƒe 1951

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Ekaterini le ƒe 1966 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nye ƒomea le ƒe 1996 me: (tso miame yi ɖusime, megbe) Gregory, Christos, Toula; (ŋgɔgbe) Lakes, Ekaterini, kple nye