Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èkpɔ ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋuti nyagblɔɖi si le Yesaya 65:17-19 la lɔ nu geɖe ɖe eme wu Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ tso kluvinyenye me ko?

Elabena esi apostolo Petro kple Yohanes nɔ nu ŋlɔm le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, woŋlɔ nu tso emevava le etsɔme, si ƒe akpa aɖewo nye yayra siwo kpɔtɔ le ŋgɔ gbɔna, ŋu. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1-4)—4/15, axa 10-12.

Nuka dzie woanya tu blema Hela xotutu si ku ɖe mawu-afã-amegbetɔ-afã sẽŋutawo ŋu la ɖo?

Anye nyateƒe si wònye be mawudɔla aɖewo do amegbetɔ ŋutilã va nɔ ŋutasẽsegbe kple agbe gbegblẽ le anyigba dzi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ lae woanya ɖe ami ɖo hetro nenema. (Mose I, 6:1, 2)—4/15, axa 27.

Afɔku kawo ŋue Kristotɔ bibiwo anɔ ŋudzɔ ɖo le srɔ̃kpeƒewo?

Ele vevie be woaƒo asa na aglotutu blibaa, si ate ŋu ado mo ɖa ne aha sesẽ bɔ wono fũ eye ɣe manyatalenuwo ɖuɖu ɖe haƒoƒo bobobo dzi li. Ne womegblɔ be amesiame ate ŋu ava kplɔ̃a ɖoƒe o la, mele be amesiwo womekpe o la nayi o. Ele na ŋugbetɔsrɔ̃a be wòakpɔ egbɔ be Kristotɔ siwo dze anɔ anyi vaseɖe esime wɔnaa nawu enu le gaƒoƒo si sɔ me.—5/1, axa 19-22.

Nukae viŋutsuvi siwo ŋu woƒo nu le le Psalmo 128:3 be wole “abe amiti fẽwo ene” le ŋutsu ƒe kplɔ̃ ŋu la fia?

Zi geɖe la, amiti fẽwo tona ɖe amiti ƒe kpe ŋu. Ne atia ŋutɔ va tsi eye megate ŋu le ku tsem o la, ŋusẽ ɖoa yeye siwo dze ƒo xlãe la ŋu. Nenema ke dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ be vi tsekuwo le yewo si siwo le Yehowa subɔm aduadu kpli yewo.—5/15, axa 27.

Viɖe kawoe ɖeviwo kpɔna tsoa ƒomegbenɔnɔ nyui me?

Enyea gɔmeɖokpe nyui na wo be nukpɔsusu nyui nanɔ wo si ɖe tanyenye ŋu, be woakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔnɔdzidzenu nyuiwo ŋu, eye ƒomedodo si me dzidzɔ le nɔa woa kple ame bubuwo dome. Nɔnɔme sia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã be woadze xɔlɔ̃ Mawu.—6/1, axa 18.

Nukae wowɔ le Ɣedzeƒe Ʋĩ dukɔ aɖe me be woatsɔ ade dzi ƒo na amewo woanya be Kristotɔwo katã nye nɔviwo?

Woxlɔ̃ nu hameawo katã be woagayɔ bubudeŋkɔwo na ame aɖewo o. Ke boŋ be woayɔ amewo katã sɔsɔe be nɔviwo.—6/15, axa 21, 22.

Ðe Yehowa Ðasefowo xɔa atike si wotsɔ ʋumenu wɔea?

Míexɔe se be se si Biblia de be ‘míatsri ʋu’ la tsi tre ɖe ʋu ŋutɔŋutɔ alo emenu veviwo (ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, kple ʋumenugbagbevi gbabɛwo) dodo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Le nu suesue siwo woɖena tsoa ʋumenugbagbevi veviawo me gome la, Kristotɔ ɖesiaɖe nɔa te ɖe nusi Biblia gblɔ kple eya kple Mawu dome ƒomedodo dzi wɔa eya ŋutɔ ƒe nyametsotso.—6/15, axa 29-31.

Ðe woate ŋu akpɔ dzidzeme egbea nyateƒea?

Ẽ. To Biblia dzi la, Yesu Kristo le mɔ fiam amewo yi tadedeagu dzadzɛtɔ kple dzidzeme si woɖɔ le Yesaya 32:18 gbɔe. Gakpe ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ le amesiwo si dzidzeme sia le susum si be ŋutifafa mavɔ ava su wo si le anyigba dzi wòanye Psalmo 37:11, 29 ƒe emevava.—7/1, axa 7.

Akpa kae George Young wɔ le egbe teokrasi ŋutinya me?

Tso ƒe 1917 me la, eɖee fia be yenye Fiaɖuƒe nyanyuia ƒe akaɖitsɔla le dukɔ geɖe me. Eƒe subɔsubɔdɔa kplɔe tsa le Canada bliboa katã, yi Carib-ƒukpowo dzi, Brazil kple dukɔ bubu siwo le Anyiehe Amerika, Titina Amerika, Spain, Portugal, afisi woyɔna tsã be Soviet Union, kple United States.—7/1, axa 22-7.

Nuka fiam Korintotɔwo I, 15:29 le esi wògblɔ be ame aɖewo ‘na wonyrɔ wo le ame kukuwo nyenye ta’?

Nusi fiam wòle enye be ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristotɔwo la, wonyrɔa wo ɖe agbenɔnɔ si kplɔa ame yia ku me eye emegbe woava tsi tre ayi dziƒogbenɔnɔ me la me.—7/15, axa 17.

Nuka wɔmee apostolo Paulo nɔ le ɣeyiɣi si woyɔ be ƒe siwo me womese eŋkɔ o la me?

Anye be enɔ kpekpeɖeŋu nam wonɔ hamewo ɖom le Siria kple Kilikia alo nɔ ŋusẽ dom wo. Nɔnɔme sesẽ siwo woyɔ le Korintotɔwo II, 11:23-27 la anya dzɔ le ɣeyiɣi sia me, si fia be enɔ subɔsubɔdɔa dzi vevie.—7/15, axa 26, 27.

Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nudidiwo nagakɔkɔ wu mí o?

Ðo ŋku edzi be Yehowa nye nugɔmesenamela. Gbedodoɖa na eyama ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe tamebubu nada asɔ, eye wòɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui. Kpekpeɖeŋu bubue nye be míaɖo dze kple xɔlɔ̃ bibi aɖe axɔ nukpɔsusu bubuwo.—8/1, axa 29, 30.