Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kafukafuvɔsa Siwo Dzea Yehowa Ŋu

Kafukafuvɔsa Siwo Dzea Yehowa Ŋu

Kafukafuvɔsa Siwo Dzea Yehowa Ŋu

‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo wɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dzea Mawu ŋu.’—Romatɔwo 12:1.

1. Nukae Biblia gblɔ le vɔ siwo wosana le Mose ƒe Sea te ƒe asixɔxɔ si menɔa anyi ɖaa o la ŋu?

“ESI wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na Se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o.” (Hebritɔwo 10:1) Apostolo Paulo ɖo kpe edzi eme kɔ nyuie le eƒe nya sia me be asixɔxɔ si le vɔ siwo wosana le Mose ƒe Sea te ŋu mate ŋu axɔ ameƒomea ɖe agbe tegbee o.—Kolosetɔwo 2:16, 17.

2. Nukatae agbagbadzedze be woase nyatakaka siwo le Biblia me tso Sea ƒe nunana kple vɔsawo ŋuti gɔme tsitotsito menye agbagbadzedze dzodzro o?

2 Ðe esia fia be viɖe aɖeke mele nya siwo le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo me ku ɖe nunanawo kple vɔsawo ŋu la ŋu na Kristotɔwo egbea oa? Le nyateƒe me la, amesiwo katã kpɔ gome le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame katã la xlẽ Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ atɔ̃awo le ƒe ɖeka kple nu vi aɖe me nyitsɔ laa. Wo dometɔ aɖewo dze agbagba be yewoaxlẽe ahase eme nya veviawo katã gɔme tsitotsito. Ðe woƒe agbagbadzedzewo katã nye dzodzroa? Le nyateƒe me la, nyaa mate ŋu anɔ nenema o, elabena “[nusiwo katã] woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Ekema biabia lae nye be, “Nufiafia” kple “akɔfafa” kae míate ŋu akpɔ tso nunana kple vɔsawo ŋuti nyatakaka blibo si le Sea me la me?

Na Míaƒe Nufiafia Kple Akɔfafa

3. Nu vevi kae míehiã?

3 Togbɔ be womebia tso mía si be míasa vɔ ŋutɔŋutɔ abe alesi wobiae le Sea me ene o hã la, va ɖo afi aɖe la, míegahiã nusi vɔsawo wɔ na Israel-viwo la kokoko, si nye míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu. Esi míegasaa vɔ ŋutɔŋutɔ o la, ke mɔ ka dzie míato akpɔ viɖe siawo? Esi Paulo ɖe nusi lãwo ƒe vɔsawo mate ŋu awɔ o fia vɔ la, egblɔ be: “Esime [Yesu va] xexeame la, [egblɔ] be: ‘Vɔsawo kple nunanawo mèdi o, ke boŋ ŋutilã nèdzra ɖo nam; numeme blibowo kple nuvɔ̃vɔsawo medzea ŋuwò o. Tete megblɔ be: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋutinye be, oo Mawu, wò lɔlɔ̃nu mawɔ!’”—Hebritɔwo 10:5-7.

4. Aleke Paulo tsɔ Psalmo 40:7-9 me nyawo ku ɖe Yesu Kristo ŋui?

4 Esi Paulo nɔ nya yɔm tso Psalmo 40:7-9 la, eɖee fia be Yesu meva be yeayi “vɔsawo kple nunanawo,” “numeme blibowo kple nuvɔ̃vɔsawo” dzi o, nusiwo katã megadzea Mawu ŋu esime Paulo nɔ nya mawo ŋlɔm o. Ke boŋ Yesu va kple ŋutilã si Fofoa, si le dziƒo dzra ɖo ɖi, ŋutilã si sɔ kple esi Mawu wɔ esime Wòwɔ Adam la le go sia go me. (Mose I, 2:7; Luka 1:35; Korintotɔwo I, 15:22, 45) Esi Yesu nye Mawu ƒe Vi si de blibo ta la, nyɔnua ƒe “dzidzimevi” si ŋu nya wogblɔ ɖi le Mose I, 3:15 la ƒe ɖoƒe le eyama si. Yesu awɔ afɔɖeɖewo ‘agba ta na Satana,’ togbɔ be ‘woaɖu afɔkpodzi’ na eya ŋutɔ hã. Le mɔ sia nu la, Yesu va zu amesi dzi Yehowa ato aɖe ameƒomea, amesi xɔsetɔwo le mɔ kpɔm na, tso keke Abel dzi.

5, 6. Mɔ si de ŋgɔ wu kae le Kristotɔwo si si dzi woato ate ɖe Mawu ŋu?

5 Esime Paulo nɔ nu ƒom tso ɖoƒe vevi si Yesu wɔ ŋu la, egblɔ be: “Amesi menya nuvɔ̃ aɖeke o la, [Mawu wɔe] ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mía teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.” (Korintotɔwo II, 5:21) Woagate ŋu aɖe nyagbe “ewɔe ne wòanye nuvɔ̃” me hã be ne wòanye “nuvɔ̃vɔsa.” Apostolo Yohanes gblɔ be: “Eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:2) Eyata esi ɣeyiɣi kpui ƒe mɔnu si dzi Israel-viwo to tena ɖe Mawu ŋu nɔ wo si to vɔ siwo wosana dzi la, tete ɖe Mawu ŋu ƒe mɔnu si de ŋgɔ wue le Kristotɔwo si—eyae nye Yesu Kristo ƒe vɔsa. (Yohanes 14:6; Petro I, 3:18) Ne míexɔ tafevɔsa si Mawu na dzi se eye míeɖo to Eyama la, woate ŋu atsɔ míawo hã míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ayra mí. (Yohanes 3:17, 18) Ðe ema menye nusi me míakpɔ akɔfafa le oa? Gake aleke míate ŋu aɖee afia be míexɔ tafevɔsa la dzi se?

6 Esi apostolo Paulo ɖe alesi mɔnu si de ŋgɔ wu le Kristotɔwo si si dzi woato ate ɖe Mawu ŋu me vɔ la, egblɔ mɔ etɔ̃ siwo dzi míato aɖe míaƒe xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nusi Mawu na mí lɔlɔ̃tɔe la ŋu, abe alesi míexlẽnɛ le Hebritɔwo 10:22-25 ene. Togbɔ be amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su ‘be woayi ɖe kɔkɔeƒe la me’—siwo nye Kristotɔ amesiamina siwo woakplɔ ayi dziƒo—ye Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa yi na tẽ hã la, ɖikeke mele eme o be ehiã be amegbetɔ ɖesiaɖe naɖo to nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la, ne wodi be Yesu ƒe avulévɔsa naɖe vi na yewo.—Hebritɔwo 10:19.

Wò Vɔsawo Ŋuti Nakɔ eye Ðiƒoƒo Aɖeke Naganɔ Wo Ŋu O

7. (a) Aleke Hebritɔwo 10:22 ɖe nusi wowɔna ne wole vɔ sam la fiae? (b) Nukae wòle be woawɔ atsɔ kpɔ egbɔ be vɔ si wosa dze Mawu ŋu?

7 Gbã la, Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mina míatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo woklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene.” (Hebritɔwo 10:22) Ðikekemanɔmee la, nya si wozã le afisia la fia nusi wowɔna ne wole vɔ sam le Sea te. Esia sɔ elabena be woaxɔ ame aɖe ƒe vɔsa la, ele be wòawɔe kple susu nyui eye wòanye nusi ŋuti kɔ eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu o. Vɔsalã la nyea nyi alo alẽ, siwo nye lã kɔkɔe siwo “sɔ blibo” eye nu mewɔ wo o. Nenye xe wobe woatsɔ asa vɔe la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnevi. Ne amea ɖo nudidi siawo gbɔ la, “ekema [ele be wòadze] eŋu, eye wòalé avui.” (Mose III, 1:2-4, 10, 14; 22:19-25) Amɔwɔ ʋaʋã, si nye gbegblẽ ƒe dzesi aɖeke menɔa nuɖuvɔsa me o; anyitsi, si ate ŋu anye atikutsetse me tsi, si naa nu ʋãna, la hã mekpena ɖe eŋu o. Ne wole vɔ sam—lã alo wɔ ƒe vɔsa—le vɔsamlekpuia dzi la, wodea dze, si naa nu meƒaƒãna o lae.—Mose III, 2:11-13.

8. (a) Nukae wodi tso amesi le vɔ sam si? (b) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be subɔsubɔ si tsɔm míele na Yehowa dze eŋu?

8 Ke amesi le vɔa sam ya ɖe? Sea gblɔ be ele be amesiame si gbɔna Yehowa gbɔ la ŋu nakɔ ɖiƒoƒo aɖeke naganɔ eŋu o. Ne le susu aɖe ta ame aɖe ŋuti mekɔ o la, ele be wòasa nuvɔ̃vɔ alo fɔɖivɔsa be tenɔnɔ kɔkɔe nagbugbɔ anɔ esi le Yehowa ŋku me ale be eƒe numevɔsa alo akpedavɔsa nadze Eŋu. (Mose III, 5:1-6, 15, 17) Eyata ɖe míekpɔ alesi wòle vevie be tenɔnɔ dzadzɛ nanɔ mía si ɣesiaɣi le Yehowa ŋkume dze siia? Ne míedi be míaƒe subɔsubɔ nadze Mawu ŋu la, ele be míawɔ kaba awɔ ɖɔɖɔɖo le Mawu ƒe se ɖesiaɖe si dzi míeda la ŋu. Ele be míawɔ kaba awɔ mɔnuɖoɖo si Mawu ɖo anyi be yeatsɔ akpe ɖe mía ŋu la ŋudɔ—si nye “hamemegãwo” kple ‘amesi lé avu le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti,’ Yesu Kristo.—Yakobo 5:14; Yohanes I, 2:1, 2.

9. Vovototo vevi kae le vɔ siwo wosa na Yehowa kple esiwo wosa na alakpa mawuwo dome?

9 Le nyateƒe me la, alesi wote gbe ɖe ame ɖokui ɖeɖeɖa tso ɖiƒoƒo ɖesiaɖe gbɔe dzi la nye vovototo vevi si nɔ vɔ siwo wosa na Yehowa kple esiwo dukɔ siwo ƒo xlã Israel me nɔlawo sa na alakpa mawuwo dome. Esi numekugbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso vovototo sia si dze le vɔ siwo wosana le Mose ƒe Sea te ŋu me la, egblɔ be: “Míade dzesii be kadodo aɖeke menɔ woƒe vɔsawo kple afakaka alo afakadzesiwo dome o; mawusubɔsubɔ me howɔwɔ, abidede ame ɖokui ŋu, alo gbedoxɔ me gbolowɔwɔ aɖeke menɔ eme o, se meɖe mɔ ɖe dzodzro vɔ̃ kple vivimevidzidzikɔnuwo ŋu kura o; wometsɔa amegbetɔ aɖeke saa vɔe o; womesaa vɔ na ame kuku aɖeke o.” Nya siawo katã ɖo kpe nyateƒenya ɖeka dzi: Be Yehowa le kɔkɔe, eye medaa asi ɖe nuvɔ̃ alo nufitifitiwɔwɔ ƒomevi aɖeke dzi o. (Xabakuk 1:13) Ele be subɔsubɔ si woatsɔ nɛ kple vɔ ɖesiaɖe si woasa nɛ ŋu nakɔ—le ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me.—Mose III, 19:2; Petro I, 1:14-16.

10. Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 12:1, 2 la, ame ɖokui me dzodzro kae wòle be míawɔ?

10 Le susu sia ta la, ele be míadzro míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me akpɔ be míaƒe subɔsubɔ adze Yehowa ŋu hã. Mele be míasusui akpɔ gbeɖe be zi alesi míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ko la, nusi míewɔna le ɣaɣlaƒe le míaƒe agbe me megale vevie o. Mele be míasusui hã be ne míenya le gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me ko la, megahiã be míawɔ ɖe Mawu ƒe se bubu siwo ku ɖe nuwɔna bubuwo ŋu le míaƒe agbe me dzi o. (Romatɔwo 2:21, 22) Míate ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ ne míeɖe mɔ numakɔmakɔ alo nusi ƒoa ɖi ame le eƒe ŋkume ƒo ɖi míaƒe susu alo nuwɔna o. Paulo ƒe nya siawo nanɔ susu me na wò be: “Mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.”—Romatɔwo 12:1, 2.

Wò Kafukafuvɔsawo Netso Dzi Blibo Me

11. Nuka hãe nyagbe “mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu” si ŋu woƒo nu tsoe le Hebritɔwo 10:23 fia?

11 Emegbe esi Paulo nɔ lɛta ŋlɔm na Hebritɔwo la, ehe woƒe susu yi nyateƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe dzi be: “Mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bena magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla.” (Hebritɔwo 10:23) Nya “mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu” ƒe gɔmesese le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “nyameʋuʋu” eye Paulo ƒo nu tso “kafukafuvɔsa” hã ŋu. (Hebritɔwo 13:15) Esia na míeɖo ŋku vɔ si tɔgbe amewo abe Abel, Noa, kple Abraham ene sa la dzi.

12, 13. (a) Nukae nɔa susu me na Israel-vi ne ele numevɔ sam, eye nukae míawɔ si aɖe gbɔgbɔ ma tɔgbe afia?

12 Ne Israel-vi aɖe le numevɔ sam la, ewɔnɛ ‘tso eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me na Yehowa.’ (Mose III, 1:3) Etoa vɔsa ma dzi ʋua eme le eɖokui si le gaglãgbe alo ɖea gbeƒã yayra gbogbowo kple dɔmenyonu siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo. Ðo ŋku edzi be vovototo si le numevɔsa ŋue nye be wotɔa dzo lã bliboa katã le vɔsamlekpui dzi—si nye dzesi si sɔ si ɖe ɖokuitsɔtsɔna blibo kple adzɔgbeɖeɖe fia. Nenema ke ne míelɔ̃ faa tso dzi blibo me tsɔ ‘kafukafuvɔsa, si nye nuyiwo ƒe kutsetse’ na Yehowa la, ke míele dzixɔse si le mía si ɖe tafevɔsaa me kple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nunana ma ŋu ɖem fia.

13 Togbɔ be Kristotɔwo mesaa vɔ ŋutɔŋutɔ—si nye lã alo nuɖuɖu tsɔtsɔ asa vɔe—o hã la, agba le wo dzi be woaɖi ɖase le Fiaɖuƒe nyanyui la ŋu eye woawɔ nusrɔ̃lawo na Yesu Kristo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ðe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ siwo ʋuna ɖi ŋudɔ kpɔa gome le Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na amewo me ale be ame bubu geɖe nate ŋu anya nu nyui siwo Mawu dzra ɖo ɖi na ameƒomea me tɔ toɖolawoa? Ðe nèlɔ̃na faa zãa wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ fiaa nu ɖetsɔlemetɔwo hekpena ɖe wo ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawoa? Míaƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe abe numevɔsa ƒe ʋeʋẽ lilili ene dzea Mawu ŋu.—Korintotɔwo I, 15:58.

Dzi Nedzɔ Wò Ðe Hadede Kple Mawu Kpakple Amegbetɔwo Ŋu

14. Aleke Paulo ƒe nya siwo le Hebritɔwo 10:24, 25 sɔ kple akpedavɔ sasae?

14 Mlɔeba la, Paulo he susu yi ƒomedodo si anɔ mía kple hati Kristotɔwo dome ne míele Mawu subɔm la dzi. “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Nya “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,” “mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo” kple “míaxlɔ̃ nu mía nɔewo,” nya siawo katã he míaƒe susu yi nusi akpedavɔ sasa le Israel wɔ na Mawu ƒe amewo la dzi.

15. Kadodo kae míekpɔ le akpedavɔsa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dome?

15 Wogaɖea nya “akpedavɔsa” gɔme ɣeaɖewoɣi be ‘ŋutifafavɔsa.’ Hebrigbe me nya si wozã na “ŋutifafa” le afisia ku ɖe nu geɖe ŋu, ɖewohĩ ele fiafiam be gomekpɔkpɔ le vɔsa siawo me naa wonɔa ŋutifafa me kple Mawu kpakple hati subɔlawo. Agbalẽnyala aɖe gblɔ ku ɖe akpedavɔsa ŋu be: “Le nyateƒe me la, esia nye dzidzɔɣeyiɣi si me wozɔna kple Nubabla Mawu le, ɣeyiɣi si me wòɖina va nyea Israel ƒe Amekpekpe le vɔsanua ɖuƒe, abe alesi ko Eya hã nyea Kplɔ̃ɖola na wo ɣesiaɣi ene.” Esia na míeɖo ŋku Yesu ƒe ŋugbedodo dzi be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.” (Mateo 18:20) Ɣesiaɣi si míade Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe la, míekpɔa viɖe tsoa hadede tuameɖo, nufiame dedziƒoname, kple enyanya be mía Aƒetɔ Yesu Kristo le mía dome la me. Ema naa Kristotɔwo ƒe kpekpewo nyea dzidzɔɣeyiɣi akuakua eye wodoa ŋusẽ xɔse.

16. Ne akpedavɔsa le susu me na mí la, nukae nye nu vevitɔ si naa dzidzɔ nɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

16 Le akpedavɔsa me la, woɖea amiawo katã—le alẽa ƒe dɔmenuwo, ayikuawo, aklãa, kple alia, kpakple asikea si me ami geɖe le ŋu—tɔa dzoe wòtua dzudzɔ le vɔsamlekpuia dzi na Yehowa. (Mose III, 3:3-16) Wobu amia be enye lãa ƒe akpa nyuitɔ kekeake. Dzo tɔtɔe le vɔsamlekpuia dzi nye eƒe akpa nyuitɔ kekeake tsɔtsɔna Yehowa ƒe dzesi. Nusi naa Kristotɔwo ƒe kpekpewo nyea dzidzɔe nye nufiame si míexɔna hekpe ɖe kafukafu tsɔtsɔna Yehowa ŋu. Míewɔa esia to gomekpɔkpɔ—kple míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe—le hadzidzi kple dzi blibo, toɖoɖo nyuie, kple ne anya wɔ la, nyaŋuɖoɖo me. Hakpala la gblɔ be: “Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!”—Psalmo 149:1.

Yayra Gãwo tso Yehowa Gbɔ le Mía Lalam

17, 18. (a) Vɔ gã kae Salomo sa le Yerusalem gbedoxɔa ŋukɔgbe? (b) Yayra kae do tso gbedoxɔa ŋukɔkɔ ƒe wɔnaa me na dukɔa?

17 Le Yerusalem gbedoxɔa ŋukɔgbe le ƒe 1026 D.M.Ŋ. ƒe ɣleti adrelia me la, Fia Salomo “tsɔ lãwo sa vɔe le Yehowa ŋku me,” “numevɔ kple nuɖuvɔ, [kpakple] akpedavɔsalã ƒe amiwo” ƒe vɔe wòsa. Hekpe ɖe nusiwo wotsɔ sa nuɖuvɔawoe ŋu la, nyi 22,000 kple alẽ 120,000 ye wotsɔ sa vɔe le ŋkeke ma dzi.—Fiawo I, 8:62-65.

18 Èkpɔ ga si gbegbe wogblẽ kple dɔ si gbegbe wowɔ le wɔna gã sia tɔgbe me la dze siia? Gake edze ƒã be yayra si Israel kpɔ lolo sasasã wu nusi wogblẽ. Le azãɖuɖua ƒe nuwuwu la, Salomo “[do] mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.” (Fiawo I, 8:66) Nyateƒee, abe alesi Salomo gblɔe ene la, “Yehowa ƒe yayra—[ye] wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.”—Lododowo 10:22.

19. Nukae míate ŋu awɔ axɔ yayra gãwo tso Yehowa gbɔ fifia kple tegbetegbe?

19 Míele ɣeyiɣi si me “nuawo ƒe nɔnɔme vavã” la xɔ ɖe “nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli” teƒe. (Hebritɔwo 10:1) Yesu Kristo, amesi nye Nunɔlagã akuakua yi ɖe dziƒo ŋutɔ la me xoxo hetsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒe asixɔxɔ lé avu ɖe amesiwo katã xɔ eƒe vɔsa dzi se la ta. (Hebritɔwo 9:10, 11, 24-26) Míawo hã míate ŋu ato vɔsa gã ma kple míaƒe dzi blibo ƒe kafukafuvɔsa si le kɔkɔe eye ɖiƒoƒo mele eŋu o tsɔtsɔna Mawu me ayi ŋgɔ kple ‘dzidzɔ, eye míaƒe dzi adze eme’ míatsɔ anɔ mɔ kpɔm na yayra gã siwo atso Yehowa gbɔ na mí.—Maleaxi 3:10.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nufiafia kple “akɔfafa” kae míate ŋu akpɔ tso nunana kple vɔsawo ŋuti nyatakaka si le Sea me la me?

• Be woaxɔ ame aɖe ƒe vɔsa la, nukae nye nudidi gbãtɔ si gbɔ wòle be wòaɖo, eye gɔmesese kae le ema ŋu na mí?

• Nukae míate ŋu ana si asɔ kple lɔlɔ̃nu faa numevɔ sasa?

• Mɔ kawo nue míate ŋu atsɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo asɔ kple akpedavɔsa le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa tsɔ Yesu na tafevɔsae ɖe ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Be míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu la, ele be eŋuti nakɔ tso ɖiƒoƒo ƒomevi ɖesiaɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ne míeƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me la, míele gbeƒã ɖem Yehowa ƒe dɔmenyonyo