Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔ Ðeka Kolia si Dzi Woato Aɖe Fuléle Ða

Mɔ Ðeka Kolia si Dzi Woato Aɖe Fuléle Ða

Mɔ Ðeka Kolia si Dzi Woato Aɖe Fuléle Ða

“Fuléle aɖeke meli si metso vɔvɔ̃ gbɔ o. . . . Nusi míevɔ̃na nae míeléa fui eyata afisi fuléle le la, vɔvɔ̃ be ɖe afima.”​—CYRIL CONNOLLY, AGBALẼWO ŊU ÐIKELA KPLE WO ME TOLA.

HADOMEGBENƆNƆŊUTINUNYALA geɖe xɔe se be fuléle le keke amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ƒe gogloeƒe ke. Dunyaheheŋutinunyala aɖe gblɔ be “anye be ɖe wode eƒe akpa gã aɖe ame me tso dzɔdzɔme gɔ̃ hã,” be wowɔe de amegbetɔwo ƒe nɔnɔme me.

Eme kɔ be amesiwo srɔ̃a nu tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu ƒoa nya ta alea. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋu Biblia me nuŋlɔɖi gblɔ le be wodzi ‘ɖe vodada kple nuvɔ̃ me’ ŋue wole nu srɔ̃m le. (Psalmo 51:7) Esi Wɔla la ŋutɔ gɔ̃ hã nɔ nu ƒom tso amegbetɔ madeblibo ŋu ƒe akpe geɖe enye si va yi la, ‘ekpɔe be amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.’—Mose I, 6:5.

Nazãbubu, vovototodedeameme, kple fuléle si dona tsoa wo me siaa tso blibomademade kple ɖokuitɔdidi si dome amegbetɔwo nyi gbɔ. (Mose V, 32:5) Nublanuitɔe la, ɖoɖo ka kee le amegbetɔ habɔbɔ alo dziɖuɖu aɖe si o, wo dometɔ aɖeke mete ŋu wɔ se si trɔ amegbetɔ ƒe dzi le nya siawo gome kpɔ o. Johanna McGeary si ŋlɔa nyadzɔdzɔwo tso duta gblɔ be: “Aleke ke xexeame godoo ƒe kpovitɔ aɖe sẽ ŋui o, ɖeke meli si ate ŋu alé avu ahaɖe fuléle si na wokɔ ʋu gbogbo ɖi le Bosnia, Somalia, Liberia, Kashmir, kple Caucasus ɖa o.”

Gake hafi míadze egbɔkpɔnuwo didi gɔme la, ele be míase nusi koŋ gbɔ fulélenuwɔna siwo teƒe míekpɔna tso la gɔme.

Vɔvɔ̃ Gbɔe Fuléle Tsona

Fuléle dzena le mɔ vovovo nu. Agbalẽŋlɔla Andrew Sullivan ƒo nyaa ta nyuie be: “Fuléle aɖe li si vɔ̃na, eye fuléle aɖe li si doa dziku dzro ko; fuléle aɖe li si ɖea ŋusẽ fiana, eye ŋusẽmanɔŋutɔwo ƒe fuléle li; hlɔ̃biabia tɔ li, eye fuléle si tso ŋuʋaʋã gbɔ li. . . . Ameteɖeanyila ƒe fuléle li, eye fukpela ƒe fuléle li. Fuléle si hona vivivi li, eye fuléle si nu va fana li. Eye fuléle si flãna kpoyi zi ɖeka li, eye fuléle si meflãna o li.”

Ðikeke mele eme o be nusiwo koŋ na wowɔa avu fuléletɔe le míaƒe ɣeyiɣi siawo me dometɔ aɖewo nye hadomenyawo kple ganyawo. Zi geɖe la, teƒe siwo ganyawo de ame ʋɛ aɖewo ko dzi le ye nazãbubu sesẽwo kple fulélenuwɔna vɔ̃ɖiwo yia edzi le. Azɔ hã zi geɖe la, fuléle nɔa nutoa ƒe akpa si amedzrowo va le zi ƒom ɖo eye wodi be woagblẽ agbenɔnɔ dome la me.

Ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be ame yeye siawo aʋli dɔwɔɖui kple yewo, awɔ dɔ axɔ fetu sue, alo woana nunɔamesiwo ƒe asi naɖiɖi. Eɖanye be vɔvɔ̃ siawo le eteƒe loo alo womele eteƒe o nye nya bubu kura. Vɔvɔ̃ na ganyawo ƒe gbegblẽ kple vɔvɔ̃ be nutoa ƒe dzidzenuwo alo agbenɔnɔ dome agblẽ nye susu sẽŋu siwo gbɔ nazãbubu kple fuléle tsona.

Afɔ kae nye gbãtɔ si wòle be woaɖe atsɔ aɖe fuléle ɖa? Eyae nye be amewo natrɔ woƒe nɔnɔme.

Nɔnɔmewo Tɔtrɔ

McGeary gblɔ be: “Ne amesiwo wòle na be woatrɔ lɔ̃ le wo ɖokui si ko hafi tɔtrɔa anye vavãtɔ.” Eye aleke woatrɔ amewo ƒe lɔlɔ̃nui? Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ŋusẽkpɔɖeamedzinu sesẽtɔ kekeake, si ʋãa ame wu ɖesiaɖe, eye eƒe fuléle nu tsitsi lia ke wu ɖesiaɖe la tso Mawu ƒe Nya, Biblia, me. Nusitae nye be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”—Hebritɔwo 4:12.

Nyateƒe wònye be nazãbubu kple fuléle ɖeɖeɖa medzɔna le eɖokui si o, eye medzɔna enumake o. Gake anya wɔ. Yesu Kristo, amesi na nu dea dzi gbɔ na ame wu amesiame eye wònaa amewo ƒe dzitsinya ɖana la te ŋu wɔe be amewo trɔ. Ame miliɔn geɖe te ŋu le wɔwɔm ɖe Yesu Kristo ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi, si nye: ‘Milɔ̃ miaƒe ketɔwo eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo tia mia yome la ta.’—Mateo 5:44.

Le eƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ me la, Yesu na Mateo, amesi nye nudzɔla tsã, eye wònye amesi Yudatɔwo ɖe le woƒe ha me va nye exɔlɔ̃ siwo dzi wòkana ɖo wu la dometɔ ɖeka. (Mateo 9:9; 11:19) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu ɖo subɔsubɔmɔnu dzadzɛ aɖe anyi si me Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔ siwo wosa ɖe aga heléa fui tsã la hã ava nɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. (Galatiatɔwo 3:28) Amesiwo nɔ xexe blibo si wonya ɣemaɣi me la va zu Yesu Kristo yomedzelawo. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Wova nya amesiawo le lɔlɔ̃ gã si nɔ wo si ta. (Yohanes 13:35) Esime fuléla aɖewo ƒu kpe Yesu ƒe nusrɔ̃la Stefano wòku la, nya mamlɛ siwo wògblɔe nye be: “Aƒetɔ, megaɖo nuvɔ̃ sia teƒe na wo o.” Stefano di nyui na amesiwo lé fui.—Dɔwɔwɔwo 6:8-14; 7:54-60.

Nenema ke egbeŋkekea me Kristotɔ vavãwo hã wɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuia dzi hewɔa nu nyui, menye na wo nɔvi Kristotɔwo ko o, ke na amesiwo léa fu wo hã. (Galatiatɔwo 6:10) Wole agbagba dzem vevie be yewoaɖe fuléle vɔ̃ɖi ɖa le yewoƒe agbe me. Ne wode dzesi ŋusẽkpɔɖeamedzinu sẽŋu siwo ate ŋu anyɔ fuléle ɖe wo me la, wowɔa afɔɖeɖe nyuiwo hetsɔa lɔlɔ̃ ɖoa fuléle teƒe. Ẽ, abe alesi blema nunyala aɖe gblɔe ene la, “fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.”—Lododowo 10:12.

Apostolo Yohanes gblɔ be: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” (Yohanes I, 3:15) Yehowa Ðasefowo xɔ nya ma dzi se. Ewɔe be wole wo nu ƒom ƒu fifia—tso gbe vovovo dolawo dome, dekɔnu vovovo tɔwo dome, subɔsubɔha, kple dunyaheha vovovo me—be woazu xexeame godoo ƒe nɔvisihabɔbɔ vavã si wɔ ɖeka, si me fuléle mele o.—Kpɔ aɖaka siwo kpe ɖe nyatia ŋu.

Woaɖe Fuléle Ða!

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Ke amesiwo le ƒuƒoƒo aɖe me dzie wòade. Gake esia mana fuléle navɔ keŋkeŋ le míaƒe anyigba bliboa katã dzi o.’ Nyateƒee, ne fuléle mele mewò o hã la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò kokoko. Eyata ele be míakpɔ Mawu sinu na xexeame godoo ƒe kuxi sia gbɔ kpɔnu vavãtɔ.

Mawu ɖoe be eteƒe madidi o woaɖe fuléle ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi. Nusia adzɔ le dziƒo dziɖuɖu si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia ƒe dziɖuɣi te, ebe míado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Ne woɖo gbedodoɖa ma ŋu bliboe la, nɔnɔme siwo nyɔa fuléle ɖe ame me maganɔ anyi o. Woaɖe nɔnɔme siwo me woléa fu amewo le ɖa. Nunyanya, nyateƒe, kple dzɔdzɔenyenye axɔ ɖe togblẽnyawo, numanyamanya, kple nazãbubu teƒe. Le nyateƒe me le ɣemaɣi la, Mawu ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le ŋkuwo me, ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.’—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Nyanyui aɖe li fifi laa gɔ̃ hã! Kpeɖodzi siwo ŋu ɖikeke aɖeke mele o la li siwo fia be míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ me. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe fuléle abu le anyigba sia dzi. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:3-14) Le xexe si ƒe ŋugbe Mawu do me la, nɔvisiléle ƒe nɔnɔme vavãtɔ anɔ anyi elabena woana ameƒomea nagade blibo.—Luka 23:43; Petro II, 3:13.

Gake mehiã be nàlala ɣeyiɣi ma naɖo hafi nàse vivi na nɔvisiléle vavãtɔ o. Le nyateƒe me, abe alesi wòdze le aɖaka siwo kpe ɖe nyatia ŋu me ene la, Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kpɔ nɔƒe le ame miliɔn geɖe ƒe dzi me xoxo, si anye ne fulélee anɔ wo me hafi. Míele wò hã kpem be nàva nɔ nɔvisihabɔbɔ lɔ̃ame sia me!

[Aɖaka si le axa 5]

“Anye ne Nukae Yesu Awɔ?”

Yevu etɔ̃ aɖewo siwo le Texas kɔƒenuto aɖe me le United States dze James Byrd, Jr., si nye ameyibɔ dzi le June 1998 me. Wokplɔe yi teƒe didi aɖe si amewo mele o heƒoe, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe afɔwo ƒo ƒu. Wode kae ɖe ʋu aɖe ŋu eye wohee le mɔ dzi kilometa atɔ̃ vaseɖe esime ametia va lɔ glikpɔ si woɖo ɖe mɔdodoa to. Woyɔ wɔna sia be enye ƒe ewo siawo (ƒe 1990 ƒeawo) ƒe fuléle me hlɔ̃dodo dziŋɔtɔ kekeake.

James Byrd nɔvinyɔnu etɔ̃ nye Yehowa Ðasefowo. Susu kae wobuna ɖe hlɔ̃nu dziŋɔ sia wɔlawo ŋu? Nya si wotsɔ nusɔsɔe gblɔ enye be: “Be woafia fu ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ahade kae wòaku la na wotsia yaa hesea veve manyagblɔ. Nukae ame awɔ le anyra vɔ̃ɖi sia ta? Meva tame na mí be míawɔ wɔɖenui, agblɔ dɔmevenyawo, alo fuléle naɖo mía me míakaka ameŋugblẽnyawo o. Nusi va tame na mí enye be: ‘Anye ne nukae Yesu awɔ? Aleke wòawɔ nu ɖe eŋui?’ Ŋuɖoɖoa dze ƒã. Anye ne ŋutifafa kple mɔkpɔkpɔ nyae wòagblɔ.”

Ŋɔŋlɔ siwo kpe ɖe wo ŋu be womeɖe mɔ fuléle ho ɖe woƒe dzime o dometɔ ɖeka enye Romatɔwo 12:17-19. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, . . . ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’”

Woyi edzi be: “Míeɖo ŋku nyateƒenya siwo wogblɔ le míaƒe agbalẽwo me dzi be numadzɔmadzɔwɔwɔ alo hlɔ̃dodo aɖewo adzi ŋɔ ale gbegbe be asesẽ ŋutɔ be woagblɔ be, ‘Metsɔe ke wò’ eye woaɖe asi le nyaa ŋu. Tsɔtsɔke le go siawo me abia ko be woaɖe asi le dziku ŋu be ame nate ŋu ayi eƒe agbenɔnɔ dzi ale be woagava dze ŋutilãmedɔ alo tagbɔdɔ aɖeke le dzikuléleɖedɔme ta o.” Kpeɖodzi wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye si si ɖe ŋusẽ si le Biblia si be wòaxe mɔ na fuléle sesẽ ƒe aƒexɔxɔ ɖe ame me!

[Aɖaka si le axa 6]

Fuléle Trɔ Zu Xɔlɔ̃wɔwɔ

Le ƒe siawo me la, ame gbogbo aɖewo ʋu yi Greece va le dɔ dim. Gake alesi ganyawo le gbegblẽm ɖe edzi wɔe be dɔwɔɖui kpɔkpɔ dzi ɖe kpɔtɔ, eye nusia na dɔdidi nu va sẽ ɖe edzi. Ewɔe be fuléle gã aɖe va le gbevovovodolawo dome ɖe wo nɔewo ŋu. Nusia ƒe kpɔɖeŋu vevi ɖekae nye hoʋiʋli si le Albania kple Bulgaria tɔ siwo ʋu va afima dome. Hoʋiʋli sesẽ ɖo ameha eve siawo dome le Greece ƒe akpa geɖe.

Le du si nye Kiato me, le Peloponnisos ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, Bulgaria-ƒome aɖe kple Albania-ŋutsu aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo eye wova nya wo nɔewo. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ na fuléle si nɔa gbevovovodolawo ƒe ƒuƒoƒo eve siawo me tɔwo dome nu va fa. Ewɔe hã be nɔvisiléle vavãtɔ ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ va ɖo amesiawo dome. Ivan, si nye Bulgariatɔ kpe ɖe Loulis, Albaniatɔ la ŋu gɔ̃ hã be wòkpɔ xɔ ɖe eya Ivan ƒe aƒe xa. Zi geɖe la, ƒome eve siawo naa nuɖuɖu kple nunɔamesi ʋɛ siwo le wo si la wo nɔewo. Ŋutsu eveawo nye Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo fifia eye wowɔa dɔ aduadu le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Ðikeke mele eme o be nutoa me tɔwo kpɔa Kristotɔwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ sia.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Woaɖe fuléle ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le anyigbaa dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te