Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mesia ŋu nyagblɔɖi xɔŋkɔ aɖe le Yesaya ta 53. Kpukpui 10 gblɔ be: ‘Enyo Yehowa ŋutɔ ŋu be yegbãe gudugudu.’ Nya sia gɔme ɖe?

Ele bɔbɔe be míakpɔ nusita woabia nya tso Yesaya 53:10 ŋu. Kristotɔ vavãwo mebunɛ be anyo mía Mawu veveseɖeamenula si melɔ̃a nu le ame gbɔ o la ŋu be yeagbã ame gudugudu alo ana wòadze dɔ o. Biblia na míeka ɖe edzi be funyafunya wɔwɔ ame maɖifɔwo mevivia Mawu nu o. (Mose V, 32:4; Yeremya 7:30, 31) Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Yehowa anya ɖe mɔ amewo nakpe fu ɣeaɖewoɣi le susu siwo wɔ ɖeka kple eƒe nunya kple lɔlɔ̃ ta. Gake menye eyae na Via lɔlɔ̃a, Yesu, kpe fu kura o. Ekema nuka tututu gblɔm kpukpui sia le?

Ne míedzro kpukpui bliboa me hede dzesi teƒe eve siwo nyagbe ‘nyo eŋu’ dze le la, akpe ɖe mía ŋu be míase nusi gblɔm wole gɔme. Yesaya 53:10 xlẽ be: ‘Yehowa di be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etsɔ eɖokui wɔ fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didi, eye nusi nyo Yehowa ŋu adze edzi to eƒe asi dzi.’

Nya si ko gblɔm Biblia bliboa le fia be “nusi nyo Yehowa ŋu,” (NW) si wogblɔ le kpukpuia ƒe nuwuƒe la, lɔ eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ to Fiaɖuƒea dzi ɖe eme. Tameɖoɖo sia si dzi Yehowa awɔ ɖo la aʋli eƒe dziɖulanyenye ta eye wòawɔe be woaɖe nuvɔ̃ si ƒe dome amewo nyi la le amegbetɔ toɖolawo ŋu—si nye míaƒe nuvɔ̃wo. (Kronika I, 29:11; Psalmo 83:19; Dɔwɔwɔwo 4:24; Hebritɔwo 2:14, 15; Yohanes I, 3:8) Nusi le vevie le nya sia katã mee nye be ele be Mawu ƒe Vi la nava zu amegbetɔ eye wòatsɔ tafevɔsaa ana. Abe alesi míenyae ene la, Yesu kpe fu le nusia wɔwɔ me. Biblia gblɔ na mí be ‘esrɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe me.’ Eyata fukpekpea ɖe vi na Yesu.—Hebritɔwo 5:7-9.

Yesu nya do ŋgɔ be fukpekpe aɖe sinu anɔ dɔ nyui si yegbɔna wɔwɔ ge la me. Edze ƒã le eƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 12:23, 24 me nenema, afisi míexlẽ le be: “Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.” Ẽ, Yesu nya be ahiã be yeawɔ nuteƒe vaseɖe ku me gɔ̃ hã. Nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be: “Fifi ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo. Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.”—Yohanes 12:27, 28; Mateo 26:38, 39.

Nya siawo nue míate ŋu ase Yesaya 53:10 me nyawo gɔme le. Yehowa nya nyuie be nusi me ye Via ato la abia be woagbãe gudugudu le gɔmesese aɖe nu. Gake esi wònɔ susu me na Yehowa be nu nyui nyoameŋu si aɖe vi geɖe ye ado tso eme ta la, nusi me Yesu ato la nyo eŋu. Gɔmesese sia nue ‘wònyo Yehowa ŋu be woagbãe gudugudu le,’ alo be yeagbã Mesia la gudugudu. Eye nusi Yesu gbɔna wɔwɔ ge eye wòte ŋu va wɔ la nyo eya ŋutɔ hã ŋu. Le nyateƒe me abe alesi Yesaya 53:10 wu nyaa nui ene la, ‘nusi nyo Yehowa ŋu dze edzi to eƒe asi dzi.’