Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vɔsa Siwo Dze Mawu Ŋu

Vɔsa Siwo Dze Mawu Ŋu

Vɔsa Siwo Dze Mawu Ŋu

“Woɖo nunɔlagã sia nunɔlagã, bena wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana.”—HEBRITƆWO 8:3.

1. Nukatae amewo sena le wo ɖokui me be ehiã be yewoatrɔ ɖe Mawu ŋu?

BIBLIA ŋutinyaŋlɔla Alfred Edersheim ŋlɔ bena: “Edze abe vɔ sasa nye amegbetɔ ƒe ‘dzɔdzɔmedidi’ abe alesi gbedodoɖa nyee ene; vɔ sasa ɖea nusi amea sena le eɖokui me fiana, ke gbedodoɖa ɖea eƒe seselelãme ku ɖe Mawu ŋu fiana.” Tso ɣeyiɣi si me nuvɔ̃ ge ɖe xexeame la, ehe fɔɖiɖi, teteɖa tso Mawu ŋu, kple wɔnamanɔameŋu ƒe vevesese vɛ. Ðeɖekpɔkpɔ tso nusiawo me hiã. Ele bɔbɔe be míase egɔme be ne amewo ge ɖe nɔnɔme wɔnublanui siawo me la, wosena le wo ɖokui me be ehiã be yewoatrɔ ɖe Mawu ŋu wòakpe ɖe yewo ŋu.—Romatɔwo 5:12.

2. Vɔ gbãtɔ siwo wosa na Mawu ŋuti nuŋlɔɖi kawoe míekpɔ le Biblia me?

2 Kain kple Abel ye nye amesiwo sa vɔ gbãtɔ siwo dze le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me la na Mawu. Míexlẽ be: “Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenu aɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. Abel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ.” (Mose I, 4:3, 4) Emegbe míekpɔe be esi Mawu kpɔ Noa ta le Tsiɖɔɖɔ gã si tsrɔ̃ eŋɔlimetɔwo ƒe dzidzime vɔ̃ɖia ɖa me la, eʋãe ‘wòmè nu le vɔsamlekpui’ dzi na Yehowa. (Mose I, 8:20) Esi Mawu ƒe ŋugbedodowo kple yayrawo ʋã Mawu subɔla nuteƒewɔla, kple exɔlɔ̃, Abraham la, ‘eɖi vɔsamlekpui eye wòyɔ Yehowa ŋkɔ le afima’ enuenu. (Mose I, 12:8; 13:3, 4, 18) Emegbe xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔ kekeake va Abraham dzi, esime Yehowa gblɔ nɛ be wòatsɔ viaŋutsu Isak asa numevɔe na ye. (Mose I, 22:1-14) Togbɔ be nuŋlɔɖi siawo le kpuie hã la, wona numekɔkɔ geɖe mí tso vɔ sasa ƒe nyatia ŋu, abe alesi míakpɔe ene.

3. Akpa kae vɔsawo wɔna le subɔsubɔ me?

3 Biblia me nudzɔdzɔ siawo kple bubuwo na eme kɔ be vɔ ƒomevi aɖe sasa nye tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe tso blema ke hafi Yehowa va na sewo ku ɖe eŋuti tẽ. Le ɖekawɔwɔ me kple nya ma la, numekugbalẽ aɖe ɖe “vɔsa” gɔme be “subɔsubɔkɔnu si me wotona tsɔa nane naa mawu aɖe le, be woaɖo ƒomedodo nyui gɔme anyi le amegbetɔ kple nusi wòbuna be enye nu kɔkɔe la dome, alé eme ɖe asi, alo agbugbɔ aɖoe te.” Gake nya sia fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te siwo ŋu wòle be míalé ŋku ɖo tsitotsito, siwo ƒe ɖee nye: Nukatae vɔsa hiã le subɔsubɔ me? Vɔsa kawo ƒomevie dzea Mawu ŋu? Eye gɔmesese kae le blema vɔsawo ŋu na mí egbea?

Nukatae Vɔsa Hiã?

4. Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ la, nukae do tso eme na wo?

4 Esime Adam wɔ nuvɔ̃ la, ɖe wòɖo koŋ wɔe. Sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atikutsetse si wòɖu la nye tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna si wòɖo koŋ wɔ. Tomaɖomaɖo nuwɔna ma ƒe tohehee nye ku, abe alesi Mawu gblɔe eme kɔ ƒã ene be: “Gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:17) Mlɔeba Adam kple Xawa xɔ nuvɔ̃ ƒe fetu la—wotsrɔ̃.—Mose I, 3:19; 5:3-5.

5. Nukatae Yehowa do ŋgɔ wɔ afɔɖeɖe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo nu, eye nukae Wòwɔ na wo?

5 Ke Adam ƒe dzidzimeviwo ya ɖe? Esi wonyi nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ ta la, wobɔbɔ wo ɖe teteɖa tso Mawu ŋu, wɔnamanɔameŋu, kple ku si tututu te ame eve gbãtɔawo nɔ la te. (Romatɔwo 5:14) Gake menye dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ ƒe Mawu koe Yehowa nye o, ke—le nyateƒe me la, vevitɔe—nye lɔlɔ̃. (Yohanes I, 4:8, 16) Eyata edo ŋgɔ wɔ afɔɖeɖe be yeatsɔ akpɔ nyaa gbɔe. Esi Biblia gblɔ be “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku” megbe la, eyi edzi gblɔ be, “ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.”—Romatɔwo 6:23.

6. Nukae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ku ɖe nusi Adam ƒe nuvɔ̃ gblẽ la ŋu?

6 Nusi Yehowa Mawu wɔ mlɔeba tsɔ ɖo kpe nunana ma dzi enye be ena nane si woatsɔ atsyɔ nusi Adam ƒe nuvɔ̃a gblẽ la dzi. Le Hebrigbe me la, nya ka·pharʹ anya fia gbã be “tsyɔ nu edzi” alo ɖewohĩ “tutui ɖa,” eye wogaɖea egɔme be “avuléle.” * Ne míagblɔe bubui la, Yehowa wɔ ɖoɖo nyui aɖe si dzi woato atsyɔ nu nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la dzi, eye wòaɖe nusiwo dome wògblẽ la ɖa ale be woaɖe amesiwo dze na nunana ma xɔxɔ tso nuvɔ̃ kple ku ƒe fɔbubu la me.—Romatɔwo 8:21.

7. (a) Mɔkpɔkpɔ kae dze le to si Mawu he na Satana me? (b) Fe kae wòle be woaxe ɖe ameƒomea ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku me ta?

7 Woƒo nu tso ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me ŋu le ame eve gbãtɔawo ƒe nuvɔ̃ me dzedze megbe teti ko. Esi Yehowa nɔ tohehe si ava Satana, si da la tsi tre ɖi na dzi gblɔm la, egblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) To nyagblɔɖinya ma me la, mɔkpɔkpɔ ƒe kekeli aɖe do na amesiwo katã axɔ ŋugbedodo ma dzi se. Gake fe aɖe li wòle be woaxe ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ma ta. Dzidzimevi si ŋugbe wodo la mava ava tsrɔ̃ Satana dzaa ko evɔ o; ele be wòaɖu afɔkpodzi na Dzidzimevi la, si fia be ele be wòaku, togbɔ be menye tegbetegbe o hã.

8. (a) Mɔ ka nue Kain mede ame dzi le o? (b) Nukatae Abel ƒe vɔsa dze Mawu ŋu?

8 Ðikeke mele eme o be Adam kple Xawa bu amesi Dzidzimevi si ŋugbe wodo la anye ŋu vevie. Esime Xawa dzi eƒe ŋutsuvi gbãtɔ, si nye Kain la, egblɔ be: “Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.” (Mose I, 4:1) Ðe wònɔ bubum be ɖewohĩ ye viae ava nye Dzidzimevi la? Ne ebui nenema alo mebui o hã la, Kain kple eƒe nunana, meva de edzi o. Gake nɔviaŋutsu Abel ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoa dzi se eye wòʋãe wòtsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi aɖewo sa vɔe na Yehowa. Míexlẽ be: “Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye.”—Hebritɔwo 11:4.

9. (a) Nuka dzie Abel xɔ se, eye aleke wòɖee fiae? (b) Nuka gbɔe Abel ƒe nunanaa kpɔ?

9 Abel ƒe xɔse menye Mawu dzixɔxɔse dzro ko be eli, esi anɔ Kain hã si ye o. Abel xɔ ŋugbe si Mawu do be yeato Dzidzimevi aɖe dzi aɖe amegbetɔ nuteƒewɔlawo la dzi se. Womeɖe alesi ema adzɔe fia Abel o, gake ede dzesii le Mawu ƒe ŋugbedodoa me be ele be woaɖu afɔkpodzi na ame aɖe. Ẽ, edze ƒã be eƒo nya ta be ele be woakɔ ʋu ɖi—si nye susu si koŋ ta wosaa vɔ ɖo. Abel tsɔ nunana si me agbe kple ʋu le na Agbedzɔtsoƒe la, ɖewohĩ abe Yehowa ƒe ŋugbedodo si me vava wònɔ mɔ kpɔm na vevie la ƒe dzesi ene. Xɔse ɖeɖefia siae na Abel ƒe vɔsaa dze Yehowa ŋu, eye eɖe vɔsa ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ fia le mɔ sue aɖe nu—mɔ si dzi amegbetɔ nuvɔ̃mewo ate ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu be wòakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Mose I, 4:4; Hebritɔwo 11:1, 6.

10. Aleke nusi Yehowa bia tso Abraham si be wòatsɔ via Isak asa vɔe na gɔmesese si le vɔsa ŋu dze kɔte?

10 Wona gɔmesese gãtɔ kekeake si le vɔsa ŋu dze kɔte esime Yehowa gblɔ na Abraham be wòatsɔ via Isak asa numevɔe na ye. Togbɔ be womesa vɔ ma ŋutɔŋutɔ o hã la, enye nusi Yehowa ŋutɔ gbɔna wɔwɔ ge mlɔeba la ƒe dzesi—si nye eƒe Tenuvi si wòatsɔ asa vɔe wòanye vɔ gãtɔ kekeake si woasa be Eƒe tameɖoɖo na ameƒomea nava eme. (Yohanes 3:16) Yehowa to Mose ƒe Sea me vɔsa kple numemewo dzi ɖo nyagblɔɖi me kpɔɖeŋuwo ɖi be yeatsɔ afia nusi eƒe dukɔ tiatia la awɔ akpɔ woƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke eye be wòaɖo kpe woƒe xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la dzi. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusiawo me?

Vɔsa Siwo Dzea Yehowa Ŋu

11. Vɔ vovovo eve kae Israel nunɔlagã sana, eye le taɖodzinu kawo ta?

11 Apostolo Paulo gblɔ be: “Woɖo nunɔlagã sia nunɔlagã, bena wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana.” (Hebritɔwo 8:3) De dzesii be Paulo ma vɔ siwo nunɔlagã sana le blema Israel la ɖe akpa eve me, siwo nye “nunanawo” kple “numemewo” alo ‘nuvɔ̃vɔwo.’ (Hebritɔwo 5:1) Zi geɖe la, amewo naa nu tsɔ ɖea woƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ fiana, eye wotoa edzi dzea xɔlɔ̃, naa woƒe nu nyoa ame ŋu, alo toa edzi amewo lɔ̃a wo. (Mose I, 32:20; Lododowo 18:16) Nenema ke woate ŋu atsɔ vɔsa siwo woɖo anyi le Sea me la be wonye ‘nunana’ siwo dzi woato adi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃. * Sea bia be woawɔ ɖɔɖɔɖowo ne woda vo, eye be woaɖɔ nuwo ɖo la, wosaa ‘nuvɔ̃vɔwo.’ Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo, vevietɔ eƒe agbalẽ Evelia, Etɔ̃lia, kple Enelia, gblɔ nya geɖe tso vɔsa kple numeme vovovo siwo nɔ anyi ŋu. Togbɔ be manɔ bɔbɔe be míase nusianu gɔme ahaɖo ŋku wo dzi ɖekaɖeka o hã la, ehiã be míalé ŋku ɖe nyati vevi aɖewo siwo ku ɖe vɔsa hamehame siwo nɔ anyi va yi la ŋu.

12. Biblia ƒe akpa kawoe míakpɔ vɔsasa alo nunanawo ŋuti mɔfiamewo le Sea me la le?

12 Míade dzesii be le Mose III, ta 1 va ɖo 7 me la, woƒo nu tso vɔsa vevi vovovo atɔ̃—siwo nye numevɔsa, nuɖuvɔsa, akpedavɔ, nuvɔ̃vɔsa, kple fɔɖivɔsa—ŋu ɖekaɖeka, togbɔ be le nyateƒe me la, wosaa wo dometɔ aɖewo ɖekae hã. Míede dzesii be woƒo nu tso vɔsa siawo ŋu zi gbɔ zi eve le ta siawo me, le susu vovovowo ta: zi gbãtɔ le Mose III, 1:2 va ɖo 6:7, eye wotɔ asi nusi wòle be woatsɔ asa vɔe le vɔsamlekpuia dzi la dzi, eye zi evelia le Mose III, 6:8 va ɖo 7:36 la, wofia akpa siwo woaɖe ɖi na nunɔlawo kple esiwo woagblẽ ɖi na nunala la. Emegbe le Mose IV, ta 28 kple 29 me la, míekpɔ nusi míayɔ be ɖoɖowɔɖi si dzi woazɔ ɖo pɛpɛpɛ, si me wogblɔ vɔ siwo wòle be woasa gbesiagbe, kwasiɖa sia kwasiɖa, dzinu sia dzinu, kple esiwo woasa le ƒe sia ƒe takpekpewo me.

13. Ƒo nu tso vɔ siwo amewo sana le wo ɖokui si wònyea nunana na Mawu la ŋu

13 Vɔ siwo ameawo ŋutɔ sana le wo ɖokui si wònyea nunana alo mɔ si dzi wotona tena ɖe Mawu ŋu adi eƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu lae nye numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, kple akpedavɔsawo. Agbalẽnyala aɖewo susui be Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si wozãna na “numevɔsa” fia “dziyiyi ƒe vɔsa” alo “vɔsa si lia yina dziƒo.” Esia sɔ elabena le numevɔ sasa me la, wotɔa dzo lã si wotso la le vɔsamlekpui dzi eye eƒe ʋeʋẽ lilili la ɖoa ta Mawu gbɔ le dziƒo. Nusi to vovo le numevɔsaa ŋue nye be ne wohlẽ lãa ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu vɔ la, wotɔa dzo lã bliboa katã na Mawu. Nunɔlawo “[tɔa] dzo wo katã le vɔsamlekpuia dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.”—Mose III, 1:3, 4, 9; Mose I, 8:21.

14. Aleke wosaa nuɖuvɔe?

14 Woƒo nu tso nuɖuvɔsa ŋu le Mose III, ta 2 me. Lɔlɔ̃nu faa vɔ si wotsɔa wɔ memee, si wobluna kple ami eye wotsɔa kotoklobo kpena ɖe eŋu sana ye wònye. “Nunɔla naku eƒe wɔ memee, si dzi ami le la, [asiʋlo] ɖeka, eye wòatɔ dzoe kpakple [kotoklobo] la katã le vɔsamlekpui la dzi, hena ŋkuɖoɖo dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.” (Mose III, 2:2) Kotoklobo nye atike ʋeʋĩ siwo wotɔa dzoe le numemlekpui dzi le avɔgbadɔ kple gbedoxɔa me la dometɔ ɖeka. (Mose II, 30:34-36) Edze ƒã be nusiae nɔ susu me na Fia Dawid esime wògblɔ be: “Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.”—Psalmo 141:2.

15. Taɖodzinu ka tae wosaa akpedavɔ ɖo?

15 Lɔlɔ̃nu faa vɔ bubu si wosanae nye akpedavɔsa, si ŋu woƒo nu tsoe le Mose III, ta 3 me. Woagate ŋu aɖe ŋkɔa gɔme be “ŋutifafa me nɔɣi ƒe vɔsa.” Le Hebrigbe me la, nya “ŋutifafa” fia nu geɖe wu vovo tso aʋawɔwɔ kple fuɖename dzaa ko me. Agbalẽ si nye Studies in the Mosaic Institutions gblɔ be: “Le Biblia me la, efia esia, eye egafia ŋutifafa ƒe ƒomedodo me nɔnɔ kple Mawu, nudzedziname, kple dzidzɔ.” Eyata womesaa akpedavɔ be woatsɔ awɔ ŋutifafa kple Mawu abe ɖe wotsɔe le eƒe dziku nu famee ene o, ke boŋ be woatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia, alo atsɔ ado dzidzɔ ɖe ŋutifafa si le Mawu kple amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo dome la ŋu. Nunɔlawo kple nua nalawo ɖua vɔsanuawo ne woɖe ʋua kple amia le eme tsɔ sa vɔe na Yehowa vɔ megbe. (Mose III, 3:17; 7:16-21; 19:5-8) Le kpɔɖeŋumɔ nyui aɖe nu la, nunala la, nunɔlawo, kple Yehowa Mawu le nu ɖum ɖekae, si le eɖem fia be ŋutifafa le wo dome.

16. (a) Tameɖoɖo kae le nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ŋu? (b) Aleke vɔsa mawo to vovo na numevɔsae?

16 Vɔ siwo wosana tsɔ biaa nuvɔ̃ tsɔtsɔke alo ɖe Seawo dzi dada ta enye nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa. Togbɔ be vɔsa siawo hã lɔ dzotɔtɔ nu le vɔsamlekpui dzi ɖe eme hã la, vovototo le wo kple numevɔsa dome, le susua nu be wometsɔa lã bliboa saa vɔe na Mawu o, lãa ƒe ami kple eƒe akpa aɖewo koe wozãna. Wotsɔa lãa ƒe akpa mamlɛa ƒua gbe ɖe asaɖaa godo, alo le vɔsaa aɖewo gome la, nunɔlawo ɖunɛ. Gɔmesese le vovototo sia ŋu. Wosaa numevɔa wònyea nunana si dzi wotona tena ɖe Mawu ŋu, eyata wotsɔa lã bliboa katã naa Mawu ɖeɖeko. Eyatae zi geɖe la, wosaa nuvɔ̃vɔsa alo fɔɖivɔsa gbã hafi numevɔsa kplɔnɛ ɖo, si le fiafiam be hafi nuvɔ̃wɔla ƒe nunana nadze Mawu ŋu la, nuvɔ̃tsɔtsɔke hiã.—Mose III, 8:14, 18; 9:2, 3; 16:3, 5.

17, 18. Nukatae wosaa nuvɔ̃vɔ ɖo, eye tameɖoɖo kae le fɔɖivɔsawo ŋu?

17 Sea dzi dada le manyamanya me, nuvɔ̃ si wowɔ le ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta dzaa ko tae woxɔa nuvɔ̃vɔsa ɖo. “Ne ame aɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi” la, ekema ele be nuvɔ̃wɔla la nana nuvɔ̃vɔsa wòasɔ ɖe nɔƒe si le esi le nutoa me nu. (Mose III, 4:2, 3, 22, 27) Gake woɖea nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ɖa; vɔsasa ɖe wo ta aɖeke meli na wo o.—Mose II, 21:12-15; Mose III, 17:10; 20:2, 6, 10; Mose IV, 15:30; Hebritɔwo 2:2.

18 Woƒo nu tso gɔmesese kple tameɖoɖo si le fɔɖivɔsa ŋu eme kɔ nyuie le Mose III, ta 5 kple ta 6 me. Ame ate ŋu awɔ nuvɔ̃ le manyamanya me. Gake eƒe vodadaa ate ŋu agblẽ nu le gomenɔamesi si le ehaviwo si ŋu alo wòada le Yehowa Mawu dzi, eye ele be woakpɔ nusi wògblẽ la gbɔ alo adzrae ɖo. Woƒo nu tso nuvɔ̃ ƒomevi vovovowo ŋu. Wo dometɔ aɖewo nye nuvɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me (5:2-6), ɖewo nye vodada ‘le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me’ (5:14-16), eye ɖewo, togbɔ be womewɔ wo le manyamanya me koŋ o hã la, wonye nuvɔ̃ siwo wowɔ le dzodzro vɔ̃wo alo ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta (6:1-3). Tsɔ kpe ɖe nuvɔ̃ siawo me ʋuʋu ŋu la, wobia tso agɔdzela la si be wòaɖo nusiwo wògblẽ la teƒe le afisiwo wòahiã le, eye emegbe wòasa fɔɖivɔ na Yehowa.—Mose III, 6:4-7.

Nane si Nyo Wu ƒe Vava

19. Togbɔ be Sea kple eŋuti vɔsawo nɔ Israel si hã la, nukatae woƒe nu medze Mawu ŋu o?

19 Wotsɔ Mose ƒe Sea kple eŋuti vɔsa gbogboawo kple nunanaawo na Israel-viwo be wòakpe ɖe wo ŋu woate ɖe Mawu ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye be wòanye mɔ si dzi woato be wòanɔ ŋudzedze kpɔm ɖe wo ŋu ahanɔ wo yram vaseɖe esime Dzidzimevi si ŋugbe wodo la nava. Apostolo Paulo, amesi nye Yuda-vidzidzi la gblɔe ale: “Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afia na mí to xɔse me.” (Galatiatɔwo 3:24) Nublanuitɔe la, Israel-dukɔa mewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame ma o, ke boŋ wozã mɔnukpɔkpɔ ma ɖe mɔ gbegblẽ nu. Esia ta, woƒe vɔsa gbogboawo va nyɔa ŋu na Yehowa, amesi gblɔ be: “Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.”—Yesaya 1:11.

20. Nukae dzɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me le Sea kple eƒe vɔsawo gome?

20 Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo, hekpe ɖe eƒe gbedoxɔa kple nunɔlanyenye ŋu, va nuwuwu. Tso ema dzi la, vɔsasa, le alesi wogblɔe le Sea me nu, megali o. Ðe wòfia be vɔ sasa, si nye Sea ƒe akpa vevi aɖe la, bu gɔmesese ɖesiaɖe si le eŋu na Mawu subɔlawo egbea? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta la ɖe nu me be: “Gɔmesese gbãtɔ si le ‘avuléle’ ŋu le alesi wozãe le Biblia me nu la fia be ‘woatsyɔ nu nane dzi’ alo ‘woaɖɔli nane kple nane,’ eye ele be nusi wotsɔ le nua ɖɔlimee, alo tsɔ le nu bubu dzi ‘tsyɔmee’ nasɔ kplii tututu. . . . Be woalé avu ɖe nusi Adam bu nu pɛpɛpɛ la, ele be woana nuvɔ̃vɔsa si ŋu amegbetɔ deblibo ƒe agbe ƒe asixɔxɔ le.”

^ mm. 11 Hebrigbe me nya si gɔme woɖena zi geɖe be “nunana” enye qor·banʹ. Esi Marko nɔ fɔ si Yesu bu agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe woƒe nugbegblẽwɔwɔwo ta ŋlɔm ɖi la, eɖe eme be “korban” gɔme enye “nunana na Mawu.”—Marko 7:11.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukae ʋã blematɔ nuteƒewɔlawo be woasa vɔwo na Yehowa?

• Nukatae vɔsawo hiã?

• Vɔ vevi kawoe Sea bia tẽ be woasa, eye tameɖoɖo kawoe le wo ŋu?

• Abe alesi Paulo gblɔe ene la, tameɖoɖo vevi kae le Sea kple eƒe vɔsawo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Woxɔ Abel ƒe vɔsa elabena eɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse fia

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Èkpɔ ŋudzedze ɖe gɔmesese si le nukpɔkpɔ sia ŋu la ŋua?