Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Alesi Woalala!

Nya Alesi Woalala!

Nya Alesi Woalala!

“Makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.”—MIXA 7:7.

1, 2. (a) Aleke nɔnɔme manyomanyo gblẽ nu le Israel-viwo ŋu le gbeadzii? (b) Nukae ate ŋu adzɔ ɖe Kristotɔ si metu nɔnɔme nyuitɔ ɖo o dzi?

NƆNƆME si le mía si ate ŋu ana míabu susu nyui alo susu gbegblẽ ɖe agbemenya geɖe ŋu. Esime Israel-viwo nɔ gbeadzi la, wona mana wo nukutɔe. Ðe wòle be woatsa ŋku akpɔ anyigba mawɔnua ahada akpe tso dzi ƒe gogloeƒe na Yehowa be ena nunyiame yewo hafi. Ema anye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia hafi. Ðe ema teƒe la, Egipte nuɖuɖu vovovoawo dzie woɖo ŋkui heto nyatoƒoe be manaa mevivi o. Nɔnɔme manyomanyo ka gbegbee nye si!—Mose IV, 11:4-6.

2 Nenema ke egbea hã Kristotɔ ƒe nɔnɔme ate ŋu ana dzi nanɔ edzɔm ɖe nuwo ŋu loo alo dzi naɖe le eƒo. Ne nukpɔsusu nyuitɔ mele Kristotɔ si o la, anɔ bɔbɔe be dzi magadzɔe o, eye anye ŋkubiãnya elabena Nexemya gblɔ be: “Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye [míaƒe] mɔ̃ sesẽ.” (Nexemya 8:10) Dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme nyui wɔnɛ be ŋusẽ nɔa mía ŋu eye wònaa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.—Romatɔwo 15:13; Filipitɔwo 1:25.

3. Aleke nukpɔsusu nyui kpe ɖe Yeremya ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo mee?

3 Nukpɔsusu nyui nɔ Yeremya si togbɔ be enɔ ɣeyiɣi sesẽwo me hã. Togbɔ be ekpɔ Yerusalem ƒe anyidzedze dziŋɔa teƒe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me hã la, susu nyui kpɔtɔ nɔ esi le nɔnɔmeawo ŋu. Yehowa maŋlɔ Israel be o, eye dukɔa ato eme ado. Yeremya ŋlɔ ɖe Konyifahawo ƒe agbalẽa me be: “Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ele yeye ŋdi sia ŋdi, eye wò amenuveve tri akɔ!” (Konyifahawo 3:22, 23) Le ŋutinya katã me la, Mawu ƒe subɔla siwo ɖo nɔnɔme sesẽwo me dze agbagba be nɔnɔme nyuitɔ, si nye dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme gɔ̃ hã, nanɔ yewo si.—Korintotɔwo II, 7:4; Tesalonikatɔwo I, 1:6; Yakobo 1:2.

4. Nukpɔsusu kae nɔ Yesu si, eye aleke wòkpe ɖe eŋui?

4 Ƒe alafa ade le Yeremya megbe la, nukpɔsusu nyui kpe ɖe Yesu ŋu wòdo dzi. Míexlẽ be: “[Yesu] do dzi kpe [fuwɔameti] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Hebritɔwo 12:2) Tsitretsiɖeŋu alo yometiti ka kee Yesu do goe o—eɖanye fukpekpe le fuwɔametia ŋue hã—eƒe susu nɔ “dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ” dzi. Dzidzɔ mae nye mɔnukpɔkpɔ si wòanye be wòaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti kpakple mɔkpɔkpɔ si le esi be yeayra ameƒomea me tɔ toɖolawo geɖe ŋutɔ le etsɔme.

Srɔ̃ Alesi Woalala

5. Nɔnɔme kae nye kpɔɖeŋu ɖeka si me lala ƒe nɔnɔme akpe ɖe mía ŋu le be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe nyawo ŋu?

5 Ne míetu Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ɖo la, míadzudzɔ dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu o ne nuwo meva eme le ɣeyiɣi si míedii me kple alesi míedii o hã. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.” (Mixa 7:7; Konyifahawo 3:21) Míawo hã míate ŋu anya alesi woalala. Aleke? Le mɔ geɖe nu. Mɔawo dometɔ ɖekae nye be, ɖewohĩ míasusu be nɔvi aɖe si le tanyenye nɔƒe da vo eye ehiã be woaɖe afɔ kaba aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Lala ƒe nɔnɔme awɔe be míabu tame be, ‘Ðe wòda vo nyateƒea, alo nyee mekpɔe nyuie oa? Ne eda vo nyateƒe la, ɖe wòanye be Yehowa ɖe mɔ be nedzɔ nenema le esi wòsusu be amea ava trɔ eye mahiã be woaɖe afɔ kple ŋkubiã kpatakpata atsɔ aɖɔe ɖo o taea?’

6. Aleke lala ƒe nɔnɔme akpe ɖe amesi le avu wɔm kple eya ŋutɔ ƒe kuxi ŋui?

6 Lala ƒe nɔnɔme ahiã ne kuxi aɖe le mía ŋu hele fu ɖem na mí alo míele avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe. Tsɔe be míebia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, gake kuxia gakpɔtɔ li. Nukae míawɔ? Ele be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ akpɔ kuxia gbɔe eye emegbe míaɖo dzi ɖe Yesu ƒe nyawo ŋu be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔ; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.” (Luka 11:9, NW) Nɔ gbedodoɖa dzi eye nàkpɔ Yehowa sinu. Yehowa aɖo wò gbedodoɖawo ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi le alesi wòdii nu.—Tesalonikatɔwo I, 5:17.

7. Mɔ ka nue lala ƒe nɔnɔme awɔe be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe alesi wotrɔa asi le Biblia gɔmesese ŋu vivivi ŋuti?

7 Ne Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam la, alesi míese Ŋɔŋlɔawo gɔmee gakɔna ɖe edzi. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ míabu be nya aɖe me kɔkɔ tsi megbe akpa. Ne emeɖeɖe mele vavam le ɣeyiɣi si míedii me o la, ɖe míalɔ̃ alalaa? Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔe be esɔ be yeaɖe “Kristo ƒe nya ɣaɣla la” ɖe go vivivi le ƒe 4,000 kple edzivɔ lɔƒo dome. (Efesotɔwo 3:3-6) Ekema ɖe susu aɖe le mía si si ta wòle be míatsi dzia? Ðe míekea ɖi be womeɖo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖeke be wòana ‘nuɖuɖu’ Yehowa ƒe amewo ‘le ɣeyiɣi nyui dzi’ oa? (Mateo 24:45) Nukata wòle be míate mawumedzidzɔ mía ɖokui le esi míese nusianu gɔme keŋkeŋ o ta? Ðo ŋku edzi be Yehowae tsoa nya me le ɣeyiɣi si me wòaɖe eƒe ‘nya ɣaɣlawo’ ɖe go kple alesi wòawɔe ŋuti.—Amos 3:7.

8. Aleke Yehowa ƒe dzigbɔgbɔɖi ɖe vi na ame geɖee?

8 Dzi ate ŋu aɖe le ame aɖewo ƒo elabena wosusu be esi yewosubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe megbe la, ɖewohĩ yewomanɔ agbe akpɔ “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” teƒe o. (Yoel 3:3, 4) Ke hã dzi ate ŋu aɖo wo ƒo ne wokpɔ nu nyui si ate ŋu ado tso nyaa me. Petro ɖo aɖaŋu be: “Mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ.” (Petro II, 3:15) Yehowa ƒe dzigbɔɖi wɔe be dzinyuitɔ miliɔn bubu geɖe va srɔ̃ nyateƒea. Ðe menyo ŋutɔ oa? Gakpe ɖe eŋu la, zi alesi Yehowa yi edzi le dzi gbɔm ɖi ko la, zi nenemae ɣeyiɣi sua mía si be ‘míatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya awɔ mía ŋutɔwo míaƒe xɔxɔdɔ lae.’—Filipitɔwo 2:12; Petro II, 3:11, 12.

9. Ne nane xea mɔ be míete ŋu wɔa geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o la, aleke lala ƒe nɔnɔme akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔmea mee?

9 Lala ƒe nɔnɔme kpena ɖe mía ŋu be dzi meɖena le mía ƒo ne tsitretsiɖeŋu, dɔléle, tsitsi, alo kuxi bubuwo le mɔ xem na mí le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me o. Yehowa di tso mía si be míasubɔ ye tso dzi blibo me. (Romatɔwo 12:1) Azɔ Mawu ƒe Vi, amesi ‘hiãtɔwo kple ame dahewo ƒe nu wɔa nublanui na’ mebiaa nu tso mía si wu esi míate ŋu ana o; eye Yehowa hã mele nenema o. (Psalmo 72:13) Eyata ena dzi ɖoa mía ƒo be míawɔ nusi míate ŋui, anɔ lalam dzigbɔɖitɔe vaseɖe esime nɔnɔmewo natrɔ—eɖanye le nuɖoanyi sia me loo alo esi gbɔna me o. Ðo ŋku edzi be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

10. Mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nɔnɔme kae amesi si lala ƒe nɔnɔme le ate ŋu aƒo asa na? Ðe eme.

10 Lala ƒe nɔnɔme kpena ɖe mía ŋu hã be míatsri ɖokuidodoɖedzi. Amesiwo va zu xɔsegbelawo dometɔ aɖewo melɔ̃ be yewoalala o. Ðewohĩ wosusu be ehiã be woawɔ asitɔtrɔ aɖewo, anye le Biblia gɔmesese aɖe gome loo alo le hakplɔɖoɖo aɖewo me. Azɔ hã wodo kpo lɔlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔe ʋãa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la be wòawɔ asitɔtrɔwo le Eƒe ɣeyiɣi si sɔ me, ke menye esime míawo míesusu be ehiã o. Eye ele be asitɔtrɔ ɖesiaɖe nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye kple míaƒe nukpɔsusu o. Xɔsegbelawo ɖe mɔ ɖokuidodoɖedzi tɔtɔ woƒe tamesusu eye wòɖia wo nu. Gake nenye ɖe wotu Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ɖo la, anye ne woyi edzi le dzidzɔ kpɔm eye wokpɔtɔ le Yehowa ƒe amewo dome.—Filipitɔwo 2:5-8.

11. Aleke míate ŋu azã ɣeyiɣi si míetsɔ le lalamee wòaɖe vi, eye ameka ƒe kpɔɖeŋue míasrɔ̃?

11 Gake be lala ƒe nɔnɔme nanɔ ame si mefia be woanye kuviatɔ alo alɔgblɔdɔwɔla o. Nuwo li míawɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be míavu ɖe ɖokuisi Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu eye míato esia wɔwɔ me atsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me vevie abe alesi tututu nyagblɔɖila wɔnuteƒewo kple mawudɔlawo gɔ̃ hã tsɔ ɖe le wo mee ene. Esi Petro nɔ nu ƒom tso ɖetsɔleme sia ŋu la, egblɔ be: “Ðeɖe sia yome mɔ [nyagblɔɖilawo] . . . di vevie. Nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.” (Petro I, 1:10-12) Menye ɖokuisinusɔsrɔ̃ koe le vevie o ke kpekpeawo dede ɣesiaɣi kple gbedodoɖa hã le vevie. (Yakobo 4:8) Amesiwo ɖenɛ fiana be yewohiã gbɔgbɔmenuwo ale be woɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu hedea ha kple hati Kristotɔwo edziedzi la, ɖenɛ fiana be Kristo ƒe nukpɔsusu su yewo si.—Mateo 5:3.

Bu Nyateƒe Matrɔmatrɔa Ŋu

12. (a) Ðokuisinɔnɔ kae Adam kple Xawa di? (b) Nukae do tso alesi ameƒomea dze Adam kple Xawa yomee me?

12 Esi Mawu wɔ amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔawo la, ena nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo ɖoɖo ƒe gome nɔ eya ŋutɔ si me. (Mose I, 2:16, 17) Adam kple Xawa di be yewoanɔ yewo ɖokui si Mawu ƒe mɔfiafia manɔmee, eye emetsonue nye xexe si me míele egbea. Apostolo Paulo gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Alesi amegbetɔ ƒe ŋutinya le ƒe akpe ade enye sia tso Adam ŋɔli la ɖo kpe Yeremya ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi, esi wògblɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Be míalɔ̃ be Yeremya ƒe nyawo nye nyateƒe mefia be ɖe nu glo mí o. Nyateƒe matrɔmatrɔae nye ma. Ena míekpɔ nusi do tso ƒe alafa gbogbo siwo me “amegbetɔ [ɖu] fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e” le esi amegbetɔwo ɖu wo ɖokui dzi Mawu manɔmee ta.—Nyagblɔla 8:9.

13. Nyateƒe matrɔmatrɔ kae le susu me na Yehowa Ðasefowo ku ɖe nusi amegbetɔwo ate ŋu awɔ ŋu?

13 Le nɔnɔme si me ameƒomea le ta la, Yehowa Ðasefowo dze sii be seɖoƒe li na nusi míate ŋu awɔ le fifi nuɖoanyia me. Nukpɔsusu nyui awɔe be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm, gake mekpɔa nusianu gbɔ o. Le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, Amerika subɔsubɔhakplɔla aɖe ta agbalẽ aɖe si woƒle ŋutɔ si woyɔ be The Power of Positive Thinking. Agbalẽa ɖo aɖaŋu be woate ŋu aɖu mɔxenu akpa gãtɔ dzi ne wobu susu nyui ɖe wo ŋu. Susu nyui bubu nyo nyateƒe. Gake nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be nunya, ŋutete, ŋutilãmenunɔamesiwo, kple nu bubu geɖe ɖoa seɖoƒe na nusi mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ. Eye ne míabu xexeame godoo ŋu la, kuxi siwo li la lolo na amegbetɔwo akpa be woakpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe—nukpɔsusu nyui ka kee ɖale amewo si o!

14. Nukpɔsusu gbegblẽe le Yehowa Ðasefowo sia? Ðe eme.

14 Le nyateƒe matrɔmatrɔ si le susu me na Yehowa Ðasefowo ta la, wohea nya ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi be susu gbegblẽe le wo si. Gake wodi vevie be yewoagblɔ Amesi ko ate ŋu aɖɔ dzɔgbevɔ̃e si me ameƒomea le la ɖo tegbee ŋuti nya na amewo. Wosrɔ̃a Kristo ƒe tamesusu le go sia hã me. (Romatɔwo 15:2) Eye wole dɔ dzi hele kpekpem ɖe amewo ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Mawu dome. Wonya be mlɔeba la, esiae aɖe vi nyuitɔ kekeake na wo.—Mateo 28:19, 20; Timoteo I, 4:16.

15. Aleke Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ wɔnɛ be amewo va ɖɔa ʋui?

15 Yehowa Ðasefowo meŋe aɖaba ƒu hadomekuxi siwo ƒo xlã wo dzi o—vevietɔ nuwɔna ƒoɖi siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖo. Hafi ɖetsɔlemetɔ nava zu Yehowa Ðasefo la, ewɔa tɔtrɔwo, eye zi geɖe ehiãna be wòaɖu nuwɔna gbegblẽ mame siwo medzea Mawu ŋu o dzi. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Ewɔe be Yehowa Ðasefowo kpe ɖe toɖolawo ŋu woɖu ahamumu, atikevɔ̃ɖizazã ƒe numame, agbegbegblẽnɔnɔ, kple tsatsadada si zu numame dzi. Amesiwo wɔ tɔtrɔ alea srɔ̃ alesi woatsɔ agbanɔamedzi eye wotoa mɔ dzɔdzɔe dzi kpɔa woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Timoteo I, 5:8) Ne wokpe ɖe ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo ŋu alea la, eɖea nutoa me kuxiwo dzi kpɔtɔna—atikevɔ̃ɖizãlawo, ŋutasẽnuwo wɔwɔ le ƒomewo me, kple bubuawo dzi ɖena kpɔtɔna. Esi Yehowa Ðasefowo ŋutɔwo hã nye dumevi sedziwɔlawo eye wokpena ɖe ame bubuwo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòanyo ta la, woɖea dukplɔha siwo ƒe dɔ wònye be woakpɔ hadomekuxiwo gbɔ ƒe agbawo dzi kpɔtɔna.

16. Nukatae Yehowa Ðasefowo meƒoa wo ɖokui ɖe xexeame ƒe tɔtrɔkpata nuwɔnawo me o?

16 Eyata ɖe Yehowa Ðasefowo trɔ asi le amewo ƒe agbenɔnɔ ŋu le xexeamea? Le ƒe ewo siwo va yi me la, Ðasefo siwo biã ŋku ɖe dɔ ŋu ƒe xexlẽme si susɔ vie wòade 3,800,000 la dzi ɖe edzi ɖo 6,000,000 kloe. Ema nye ame 2,200,000 lɔƒo siwo gava kpee, eye wo dometɔ geɖe ɖe asi le numadzɔmadzɔwɔwɔwo ŋu esi wova zu Kristotɔwo. Ame geɖe ƒe agbenɔnɔe nye ma ɖɔ ɖo! Ke hã xexlẽme sia nye nu sue aɖe ko ne míetsɔe sɔ kple alesi xexeamenɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzii le ɣeyiɣi ma ke me—si nye 875,000,000! Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe toɖolawo ŋu, togbɔ be wonya be ameƒomea me tɔ ʋɛ aɖewo koe alé agbemɔa atsɔ hã. (Mateo 7:13, 14) Esi Ðasefowo le lalam be nuwo nava trɔ nyuie le xexeame godoo, si Mawu ko ate ŋu awɔ la, womeƒoa wo ɖokui ɖe xexeame ƒe tɔtrɔkpata nuwɔna siwo wotsɔa susu nyuiwo dzea egɔmee gake wòva wua enu ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame kple ʋunyaʋunyawɔwɔ me la me o.—Petro II, 3:13.

17. Nukae Yesu wɔ tsɔ kpe ɖe amesiwo dome wònɔ ŋu, gake nukae mewɔ o?

17 Le nuwɔwɔ alea me la, alesi Yesu ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esime wònɔ anyigba dzi tututu srɔ̃mee Yehowa Ðasefowo le. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Yesu da gbe le amewo ŋu nukutɔe. (Luka 6:17-19) Efɔ ame kukuwo ɖe tsitre gɔ̃ hã. (Luka 7:11-15; 8:49-56) Gake meɖe dɔléle si nye kuxi ɖa loo alo ɖu ku si nye futɔ dzi o. Enya be Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi mede haɖe o. Le ame deblibo ƒe ŋutete deŋgɔ siwo nɔ Yesu si ta la, anye ne awɔ geɖe atsɔ aɖɔ dunyahenya kple hadomekuxi sesẽwo ɖo hafi. Edze abe Yesu ŋɔlimetɔ aɖewo di be wòaxɔ ŋusẽ aɖɔ nuwo ɖo ene hafi, gake egbe. Míexlẽ be: “Esi ameawo kpɔ dzesi, si wòwɔ la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame. Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi ɖe to la dzi.”—Yohanes 6:14, 15.

18. (a) Aleke Yesu ɖe lala ƒe nɔnɔme fia ɣesiaɣi? (b) Aleke Yesu ƒe dɔwɔna trɔ tso ƒe 1914 me?

18 Yesu gbe dunyahehe alo dɔ si nye hadomekpekpeɖeŋunana koŋ elabena enya be ɣeyiɣi si me yeaxɔ fiaɖuŋusẽ ada dɔ na amesiame le afisiafi meɖo haɖe o. Esi wòyi dziƒo hezu gbɔgbɔmeme makumaku gɔ̃ hã la, elɔ̃ be yealala bene Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi naɖo hafi yeaɖe afɔ. (Psalmo 110:1; Dɔwɔwɔwo 2:34, 35) Gake tso esime woɖoe zi dzi wòzu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 1914 me la, ele dɔ dzi ‘le aʋa dzi ɖum eye be yeawu yeƒe aʋadziɖuɖua nu.’ (Nyaɖeɖefia 6:2; 12:10) Edze mía ŋu ale gbegbe be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe eƒe fianyenye te, gake ame bubu siwo be Kristotɔwoe yewonye la gbe be yewomadze si nusiwo Biblia fia tso Fiaɖuƒea ŋu o!

Lala—Ðe Wòɖea Dzi le Ame Ƒo alo na Dzi Dzɔa Amea?

19. Ɣekaɣie lala ‘naa dzi sea veve,’ eye ɣekaɣie wòna dzi dzɔa ame?

19 Salomo nya be lala ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo. Eŋlɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” (Lododowo 13:12) Le nyateƒe me ne ame aɖe le mɔ kpɔm na nusi ŋu kpeɖodzi mele o la, mɔkpɔkpɔbuɖeame ate ŋu ana eƒe dzi nase veve. Gake mɔkpɔkpɔ na dzidzɔnyawo—ate ŋu anye srɔ̃ɖeɖe, vidzidzi, alo ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃tɔ aɖe—ate ŋu ana dzidzɔmɔkpɔkpɔ nanɔ mía me ɣeyiɣi didi aɖe hafi emevagbea naɖo. Dzidzɔa nu sẽna ɖe edzi ne míezã ɣeyiɣi si míetsɔ le lalamee tsɔ le dzadzraɖowo wɔm ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu.

20. (a) Nudzɔdzɔ wɔnuku kawoe míele mɔ kpɔm na kakaɖedzitɔe? (b) Aleke dzi ate ŋu adzɔ mí esi míele lalam be Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme?

20 Ne kakaɖedzi blibo le mía si be nusiwo míele mɔ kpɔm na ava eme—ne míenya ɣeyiɣi si me woava eme o gɔ̃ hã—la, mele be ne míalala ɣeyiɣia ‘nana míaƒe dzi nase veve’ o. Mawu subɔla wɔnuteƒewo nya be Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua tu aƒe. Woka ɖe edzi be yewoakpɔ ku kple dɔléle ƒe nuwuƒe. Wole mɔ kpɔm vevie hetsɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si me woado dzaa na ame kuku biliɔn geɖe, siwo dome woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku hã le lalam. (Nyaɖeɖefia 20:1-3, 6; 21:3, 4) Le ɣeyiɣi sia si me nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ɖo afɔku me me la, mɔkpɔkpɔ like si li be woakpɔ eteƒe woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi ɖe anyigba dzi la doa dzidzɔ na wo. (Yesaya 35:1, 2, 7) Ekema aleke gbegbe wòanyo enye si be míazã lala ɣeyiɣia nyuie, ‘awɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me’! (Korintotɔwo I, 15:58) Yi edzi nànɔ gbɔgbɔmenuwo ɖum. Dze agbagba nàna mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu tsã. Di amesiwo ƒe dzi ʋã wo be woasubɔ Yehowa. De dzi ƒo na haxɔsetɔwo. Zã ɣeyiɣi ɖesiaɖe si ŋu Yehowa agaɖe mɔ ɖo la bliboe. Ekema Yehowa sinu kpɔkpɔ mana ‘nàse veve le dzi me’ gbeɖe o. Ke boŋ ana dzidzɔ nayɔ mewò fũ!

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Yesu ɖe lala ƒe nɔnɔme fiae?

• Nɔnɔme kawo mee wòhiã be Kristotɔ nalala le?

• Nukatae wòdze Yehowa Ðasefowo ŋu be yewoakpɔ Yehowa sinu?

• Aleke Yehowa sinu kpɔkpɔ ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Yesu do dzi le dzidzɔ si woɖo ɖi nɛ la ta

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Le subɔsubɔ ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã la, dzi agate ŋu anɔ mía dzɔm

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ame miliɔn geɖe ɖɔ woƒe agbenɔnɔ ɖo esi wova zu Yehowa Ðasefowo