Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe?

Nukatae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe?

Nukatae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe?

Bill nye ƒome ƒe ta si le eƒe ƒe 50-awo me eye wònye xɔtuɖaŋufiala. Le ƒea katã me la, eya ŋutɔ zãa eƒe ga hetsɔa kwasiɖa geɖe kpea asi ɖe ɖoɖo wɔwɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple wo tutu ŋu na Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo. Emma nye ɖetugbi tre si xɔ ƒe 22 si de suku yi ŋgɔ eye ɖaseɖiɖi nyui hã le esi. Le esi teƒe be wòati eya ŋutɔ ƒe taɖodzinuwo kple dzidzɔkpɔkpɔ ko yome la, ezãa gaƒoƒo 70 kple edzivɔ ɣleti sia ɣleti tsɔ wɔa subɔla ƒe dɔe henɔa kpekpem ɖe amewo ŋu be woase Biblia gɔme. Maurice kple Betty xɔ dzudzɔ le dɔ me. Le esi teƒe be woaɖi ɖe eme azɔ la, woʋu yi dukɔ bubu me be yewoakpe ɖe amesiwo le afima ŋu bene woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigbaa ŋu.

AMESIAWO mebua wo ɖokui be yewole etɔxɛ alo ɖe dzesi o. Wonye amewo ko abe amesiame ene eye wole nusi wobu be esɔ wɔm. Nukatae wozãa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ŋutetewo, kple nunɔamesiwo tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋui? Nusi ʋãa woe nye lɔlɔ̃ deto si le wo si na Mawu kple wo havi. Lɔlɔ̃ sia nyɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ vavãtɔ ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe me.

Ne míebe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ la, nuka fiam míele? Be woatsɔ ame ɖokui asa vɔ mebia be woanɔ agbe vivimasemase alo ate nu ame ɖokui o. Mehiã be míate nu mía ɖokui wòagbɔ eme ale be dzidzɔ kple dzidzeme nabu ɖe mí o. Abe alesi The Shorter Oxford English Dictionary ɖe emee ene la, kpuie ko la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ fia “asi ɖeɖe le ame ŋutɔ ƒe nudidiwo, dzidzɔkpɔkpɔ, kple dzodzrowo ŋu le dɔwɔna alo ame bubuwo ƒe nyonyo ta.”

Yesu Kristo—Kpɔɖeŋu Vevitɔ

Mawu ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, enye amesi si ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ le ƒe kpɔɖeŋu vevitɔ. Esime wònɔ agbe do ŋgɔ na amegbetɔzuzu la, dzidzɔ kple dzidzeme anya nɔ eƒe agbenɔnɔ me ale gbegbe. Ƒomedodo kplikplikpli nɔ wo kple Fofoa kpakple gbɔgbɔmenuwɔwɔwo dome. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Vi la zã eƒe ŋutetewo le dɔwɔna sesẽ dodzidzɔnamewo me henye “dɔnunɔla.” (Lododowo 8:30, 31) Le nyateƒe me la, enɔ nɔnɔme siwo de ŋgɔ sasasã wu ɖesiaɖe si me kesinɔtɔ gãtɔ kekeake le anyigba dzi ate ŋu anɔ me. Esi wònye be le Yehowa Mawu megbe eyae li ta la, mɔnukpɔkpɔ ƒe nɔƒe kɔkɔ ye nɔ esi le dziƒo.

Gake Mawu ƒe Vi la ‘ɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme me.’ (Filipitɔwo 2:7) Elɔ̃ faa ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siwo katã nɔ esi ŋu heva zu amegbetɔ eye wòtsɔ eƒe agbe xe tafee be wòatsɔ aɖɔ nusiwo Satana gblẽ la ɖo. (Mose I, 3:1-7; Marko 10:45) Esia fia be eva nɔ amegbetɔ nuvɔ̃mewo dome le xexe si le Satana Abosam ƒe ŋusẽ te me. (Yohanes I, 5:19) Ebia hã be wòanɔ te ɖe xaxawo kple numadeamedziwo nu. Gake nuka ke esia wɔwɔ bia tso Yesu Kristo si o, eɖoe kplikpaa be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Mateo 26:39; Yohanes 5:30; 6:38) Esia do lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si kple eƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ vevie. Afikae wòlɔ̃ faa be yeawɔe ase ɖo? Apostolo Paulo gblɔ be: “Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.”—Filipitɔwo 2:8.

‘Mina Susu Ma Ke Nanɔ Miawo Hã Mia Me’

Wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Paulo xlɔ̃ nu be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me.” (Filipitɔwo 2:5) Aleke míawɔ esiae? Mɔ ɖekae nye be “amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Lɔlɔ̃ vavãtɔ “media ye ŋutɔ tɔ o.”—Korintotɔwo I, 13:5.

Ðetsɔlemetɔ aɖewo tsɔ wo ɖokui sa vɔe ɖokuitɔmadimaditɔe hesubɔ ame bubuwo zi geɖe. Gake egbea la, ame geɖe zu ɖokuiŋubulawo. Tɔnye ko nenyo ƒe nɔnɔmee le xexeame si. Ehiã be míanɔ ŋudzɔ ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu elabena ne wòte ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nukpɔsusu kple nɔnɔme dzi la, ate ŋu adzɔ be míatsɔ mía ŋutɔ ƒe didiwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ekema ɖokuiŋububu akpɔ ŋusẽ ɖe nusianu si míawɔ—alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋusẽ, míaƒe nunɔamesiwo—dzi. Eyata ehiã be míawɔ aʋa sesĩe atsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia ŋu.

Ɣeaɖewoɣi la, aɖaŋuɖoɖo si me susu vɔ̃ aɖeke mele o ate ŋu ana ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me nu nafa. Esi apostolo Petro kpɔ afisi Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ nuwɔna nɔ ekplɔm yinae la, egblɔ be: ‘Aƒetɔ, ve ɖokuiwò nu.’ (Mateo 16:22) Edze ƒã be esesẽ nɛ be wòalɔ̃ ɖe alesi Yesu lɔ̃ faa be yeaku ɖe Fofoa ƒe dziɖulanyenye kple ameƒomea ƒe xɔxɔ ta la dzi. Eyata edze agbagba be yeagbe nya na Yesu be wòagaɖe afɔ ma o.

‘Gbe Nu le Ðokuiwò Gbɔ’

Aleke Yesu wɔ nui? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògbe nya na Petro gblɔ bena: Te ɖokuiwò ɖa yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ la ko.” Emegbe Yesu yɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo bena: “Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti], eye wòadze yonyeme.”—Marko 8:33, 34.

Esi Petro ɖo aɖaŋu sia na Yesu ƒe 30 kple edzivɔ megbe la, eva ɖee fia be yese ɖokuitsɔtsɔsavɔ gɔme azɔ. Mede dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woaɖe dzi ɖi akpɔ nublanui na wo ɖokui o. Ke boŋ Petro xlɔ̃ nu wo be woabla woƒe tamesusu ƒe aliwo dzi eye woagana woƒe anyinɔnɔ naɖi alesi wonɔ agbee ɖe xexeame ƒe nudzodzrowo nu tsã o. Togbɔ be dodokpɔwo anɔ anyi hã la, ele be woatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me.—Petro I, 1:6, 13, 14; 4:1, 2.

Agbe si ŋu viɖe le wu ɖesiaɖe, si mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu anɔ enye nana be nusiwo katã le mía si nazu Yehowa tɔ ahadze Yesu Kristo yome nuteƒewɔwɔtɔe kple nana be Mawu nafia mɔ míaƒe nuwɔnawo. Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Alesi wòse le eɖokui me be nuwɔwɔ hiã kpata kple akpedada na Yehowa ʋãe wòɖe asi le xexeame ƒe nudidiwo alo mɔkpɔkpɔ siwo ate ŋu ablu afɔ nɛ be magawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la ŋuti. Egblɔ be: “Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana [woazã] nye ŋutɔ” le ame bubuwo subɔsubɔ me. (Korintotɔwo II, 12:15) Paulo zã eƒe ŋutetewo tsɔ do Mawu ƒe nuwo ɖe ŋgɔe, menye eya ŋutɔ tɔ o.—Dɔwɔwɔwo 20:24; Filipitɔwo 3:8.

Aleke míawɔ alé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu akpɔ ne nukpɔsusu si le mía si sɔ kple apostolo Paulo tɔ? Míate ŋu abia nya siawo tɔgbe mía ɖokui be: Aleke mezãa nye ɣeyiɣi, nye ŋusẽ, nye ŋutetewo, kple nye nunɔamesiwoe? Ðe mezãa nusiawo kple nunana xɔasi bubuwo tsɔ dia viɖe na ɖokuinyea, alo ɖe mezãa wo tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋua? Ðe mede ŋugble le gomekpɔkpɔ le agbeɖeɖedɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia me geɖe wu ŋu, be ɖewohĩ mava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖelaa? Ðe mate ŋu aƒo ɖokuinye ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple wo dzadzraɖo ƒe dɔwɔnawo me geɖe wua? Ðe mele mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ wɔm be matsɔ ana kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tua? Ðe metsɔa nye nu nyuitɔ kekeake naa Yehowa?—Lododowo 3:9.

“Dzidzɔ Geɖe le Nana Me”

Gake ɖe nunya le eme nyateƒe be ame natsɔ eɖokui asa vɔea? Nunya le eme ŋutɔ! Paulo ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ na wònyae be teƒeɖoɖo geɖe le nɔnɔme sia ɖeɖefia me. Ena wòkpɔ dzidzɔ gã kple dzidzeme manyagblɔ. Eɖe esia me na ame tsitsi siwo tso Efeso esime wòkpe kpli wo le Mileto. Paulo gblɔ be: “Le nuwo katã me mefia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ [le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe mɔ nu] be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Ame miliɔn geɖe kpɔe be nɔnɔme sia ƒomevi ɖeɖe fia na wokpɔa dzidzɔ manyagblɔ fifia. Ana woakpɔ dzidzɔ le etsɔme hã ne Yehowa ɖo eteƒe na amesiwo tsɔ eya kple ame bubuwo ƒe didiwo ɖo nɔƒe gbãtɔ na woawo ŋutɔ tɔ.—Timoteo I, 4:8-10.

Esime wobia Bill nusi na wòkua kutri ɖe kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo me la, egblɔ be: “Kpekpe ɖe hame siwo wogblɔna be wole sue wu ŋu le mɔ sia nu nana mekpɔa dzidzeme geɖe. Aɖaŋu ɖesiaɖe si le asinye kple alesi mebi le nanewo me zazã be wòaɖe vi na ame bubuwo dzɔa dzi nam.” Nukatae Emma ɖoe be yeatsɔ yeƒe ŋusẽ kple ŋutetewo akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea? “Mevaa susu me nam be mawɔ nusi to vovo na esia o. Esi megakpɔtɔ nye ɖetugbi si ate ŋu awɔe la, medi be mawɔ alesi nu mate ŋui be madze Yehowa kple ame bubuwo ŋu. Ŋutilãmeviɖe aɖewo tsɔtsɔ sa vɔe nye nu sue ŋutɔ. Nusi wòle be mawɔ ko wɔmee mele le nusi Yehowa wɔ nam ta.”

Mete ɖe Maurice kple Betty dzi kura be yewomenɔ agbe heɖi ɖe eme le ƒe geɖe siwo wotsɔ wɔ dɔ sesẽe tsɔ kpɔ woƒe ƒomea dzi megbe o. Fifia si woxɔ dzudzɔ le dɔ me la, wodi be yewoayi edzi azã yewoƒe agbe atsɔ anɔ nane si ŋu viɖe le la wɔm. Wogblɔ be: “Míedi be míanɔ anyi ko ade asi ata me fifia o. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu le dutadukɔ me naa mɔnukpɔkpɔ mí be míayi edzi anɔ nane si ŋu tameɖoɖo le la wɔm.”

Èdi vevie be yeatsɔ ye ɖokui asa vɔea? Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Aʋawɔwɔ aɖe yia edzi le míaƒe amegbetɔ madeblibo ƒe nudzodzrowo kple míaƒe didi vevie be míado dzidzɔ na Mawu dome. (Romatɔwo 7:21-23) Gake enye aʋa si dzi míate ŋu aɖu ne míena Yehowa fia mɔ alesi míenɔa agbee. (Galatiatɔwo 5:16, 17) Aɖo ŋku ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe dɔ siwo míewɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me dzi godoo eye wòayra mí geɖe. Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu ‘aʋu dziƒo nu, eye wòadudu yayra aƒo ɖe mía dzi wòagbɔ eme.’—Maleaxi 3:10; Hebritɔwo 6:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ Yesu si. Ele asiwòa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Paulo dze agbagba ɖesiaɖe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu