Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodi—Kpekpeɖeŋu

Wodi—Kpekpeɖeŋu

Wodi—Kpekpeɖeŋu

BRAZIL nyɔnu aɖe do ɣli gblɔ be: “Mawu ŋlɔm be!” Esi srɔ̃aŋutsu ku le egbɔ kpata megbe la, ese le eɖokui me be viɖe aɖeke megale yeƒe agbe ŋu o. Ète kpɔ be yeafa akɔ na amesi lé blanui alea alo amesi ɖewohĩ le kpekpeɖeŋu dim kpɔa?

Dzi ɖe le ame aɖewo ƒo ale gbegbe be ɖeko wowu wo ɖokui—eye wo dometɔ geɖe nye sɔhɛwo. Le nya si nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Folha de S. Paulo gblɔ nu la, numekuku aɖe si wowɔ le Brazil ɖee fia be “ameɖokuiwuwu le sɔhɛwo dome dzi ɖe edzi alafa memama 26.” Le kpɔɖeŋu me, bu Walter, * si nye ɖekakpui le São Paulo, ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Dzilawo, aƒe, nɔƒe, kple xɔlɔ̃ siwo ŋu wòate ŋu aɖo ŋu ɖo aɖeke menɔ esi o. Esi Walter di be yeatsi yeƒe fukpekpea nu ta la, eɖoe be yeadzo age tso tɔdzisasrã aɖe dzi adze anyi.

Vi eve nɔ Edna, si nye vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si hafi wòva do go ŋutsu bubu. Le ɣleti ɖeka ko megbe la, wova nɔ ŋutsua dadaa, si yɔa gbɔgbɔwo eye wònye ahatsunola la gbɔ le eƒeme. Edna gadzi vi bubu, eva te ahatsu nono, eye eva lé blanui ale gbegbe be ete kpɔ be yeawu ye ɖokui. Mlɔeba la, wova xɔ viawo le esi.

Ke ame tsitsiwo ya ɖe? Maria lɔ̃a nukokoedoame kple nuƒoƒo hafi. Gake esi wònɔ tsitsime ɖom la, eva te dzi tsitsi ɖe dɔnɔdzikpɔdɔ si wɔm wònɔ ŋu le esi wònɔ vɔvɔ̃m be yeava wɔ vodada ta. Ena wòlé blanui ŋutɔ. Esi eya ŋutɔ te ɖokuisitikewɔwɔ kpɔ megbe la, eyi dɔnɔkɔdzi be woawɔ atike na ye, eye atike si wowɔ nɛ la wɔ abe ɖe wòkpe ɖe eŋu ene. Gake esi dɔ va ge le esi le ƒe 57 xɔxɔ me la, blanuilélea gatrɔ va kple ŋusẽ ale gbegbe be menya nusi wòawɔ o. Maria va te tamebubu le eɖokuiwuwu ŋu.

Nufialagã José Alberto Del Porto si le São Paulo Yunivɛsiti gblɔ be: “Blanuilélawo dome alafa memama 10 tena kpɔna be yewoawu yewo ɖokui.” United States ƒe lãmesẽnyagbɔkpɔlagã Ðk. David Satcher ka nya ta be: “Esesẽ be woaxɔe ase be amesiwo wu wo ɖokui sɔ gbɔ wu amesiwo ame bubuwo wu, gake nyateƒe wɔnublanui lae nye ema.”

Efia be ɣeaɖewoɣi la, amesi te kpɔ be yeawu ye ɖokui la le kpekpeɖeŋu dim. Eye ɖikeke mele eme o be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo adi be yewoawɔ nu nyuitɔ kekeake na amesi mɔkpɔkpɔ bu ɖo. Gake maɖe vi be míazã nyagbe abe esiawo ene o, be: “Mèganɔ nublanuitɔ dom ɖokuiwò o,” “Ame geɖe ƒe nɔnɔme vlo wu tɔwò,” alo “Ɣeaɖewoɣi la, eme menyona na mí katã o.” Ðe ema teƒe la, nukata mànye xɔlɔ̃ vavã kple toɖola nyui o? Ẽ, dze agbagba nàkpe ɖe blanuilélaa ŋu bene wòakpɔe be viɖe le agbe ŋu.

Fransetɔ agbalẽŋlɔla Voltaire ŋlɔ be: “Ne ɖe amesi lé blanui teti ko hewu eɖokui egbea lala kwasiɖa ɖeka la, anye ne adi be yeanɔ agbe hafi.” Ekema aleke amesiwo mɔkpɔkpɔ bu ɖo awɔ adze sii be viɖe le agbe ŋu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Sɔhɛwo kple ame tsitsi siwo wua wo ɖokui le dzidzim ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Aleke nàkpe ɖe amesi mɔkpɔkpɔ bu ɖo ŋui?