Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃

Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃

Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃

“[Miwɔ] ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.”—EFESOTƆWO 5:16.

1. Nukatae nunya le eme na mí be míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe ɣeyiɣi ŋu, eye nukae alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣii ate ŋu agblɔ tso mía ŋu?

WOGBLƆNA be “ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi fia ɣeyiɣi magblẽmagblẽ.” Zi geɖe la, amesi ɖoa ɣeyiɣi ɖe nusiwo hiã be wòawɔ ŋu la akpɔ tsɔɖui geɖe tso eƒe ɣeyiɣiwo me. Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.” (Nyagblɔla 3:1) Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme ɖekae le mí katã si; ekpo ɖe mía gbɔ be míanya alesi míazãe. Alesi míeɖoa míaƒe taɖodzinuwo hemaa míaƒe ɣeyiɣiwoe ɖea nusi le vevie le míaƒe dzi me fiana.—Mateo 6:21.

2. (a) Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, nukae wògblɔ tso míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu? (b) Ðokuimedzodzro kae asɔ be míawɔ?

2 Ele kokoko be míazã ɣeyiɣi atsɔ aɖu nu ahadɔ alɔ̃ elabena nusiawo nye ŋutilã ƒe nuhiahiãwo. Ke míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ya ɖe? Míenya be ele be míakpɔ woawo hã gbɔ nenema ke. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya me be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” (Mateo 5:3, NW) Eyatae “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖoa ŋku ɣeyiɣi didi na Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe vevienyenye dzi na mí edziedzi ɖo. (Mateo 24:45) Àte ŋu akpɔ nusia ƒe vevienyenye adze sii, gake ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be ɣeyiɣi mele asiwò nàtsɔ asrɔ̃ Biblia alo axlẽe o. Ne nenemae la, ke na míadzro mɔ siwo dzi míato akpɔ ɣeyiɣi le míaƒe agbe me na Mawu ƒe Nyaa xexlẽ, na ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple na ŋugbledede me kpɔ.

Ɣeyiɣi Didi na Biblia Xexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃

3, 4. (a) Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo ku ɖe alesi míazã míaƒe ɣeyiɣii ŋu, eye nukae esia lɔ ɖe eme? (b) Nukae Paulo wɔnɛ esi wòɖo aɖaŋu na mí be ‘míawɔ ɣeyiɣia ŋudɔ bliboe’?

3 Le ɣeyiɣi si me míele ta la, ehiã be mí katã míatsɔ apostolo Paulo ƒe nyawo ade dɔwɔna me be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.” (Efesotɔwo 5:15-17) Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo sia lɔ míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe eme esi míenye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ta, eye ebia ɣeyiɣi didi na gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyuia” me bliboe alesi míate ŋui.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

4 Edze abe esesẽ na Yehowa subɔla geɖe egbea be woakpɔ ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ deto le woƒe agbenɔnɔ me ene. Edze ƒã be míate ŋu atsɔ gaƒoƒo ɖeka akpe ɖe míaƒe ŋkeke ŋu o, eyata anye gɔmesese bubue le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu. Le Helagbe me la, nyagbe si gɔme woɖe be ‘wɔ ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo’ fia nane ƒeƒle agblẽ ɖe ɖi. W. E. Vine ɖe egɔme le eƒe Expository Dictionary me be enye “mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ bliboe, wo dometɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ wòaɖe vi nyuitɔ kekeake elabena mɔnu aɖeke meli woagakpɔ ne eto ame ŋu o.” Nuka gbɔe míate ŋu aƒle ɣeyiɣia le alo afikae míaƒlee le na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃?

Ele Be Míaɖo Nuwo ɖe Ðoɖo Nu

5. Nukatae wòle be ‘míanya nusiwo le vevie wu,’ eye aleke míawɔe?

5 Tsɔ kpe ɖe míaƒe ŋutilãmegbanɔamedziwo ŋu la, gbɔgbɔmenuhiahiã geɖewo le mía ŋu siwo gbɔ wòle be míakpɔ. Esi míenye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ta la, ‘dɔ geɖe le mía si le aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Susu sia tae Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo le Filipi be ‘woanya nusiwo le vevie wu.’ (Filipitɔwo 1:10) Esia fia be ele be míaɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu. Ele be gbɔgbɔmenuwo naxɔ ŋgɔ na ŋutilãmetɔwo. (Mateo 6:31-33) Ke hã ehiã be míada asɔ le míaƒe gbɔgbɔmegbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ me. Aleke míele míaƒe ɣeyiɣia mamee na míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovoawo? Dzikpɔla mɔzɔlawo ka nya ta be le ‘nusiwo le vevie wu’ siwo gbɔ wòle be Kristotɔwo nakpɔ dome la, woŋea aɖaba ƒua ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ dzi zi geɖe.

6. Nukae ɣeyiɣia ƒeƒle ate ŋu afia le ŋutilãmedɔwɔɖuia alo aƒemedɔwo gome?

6 Abe alesi míekpɔe ene la, ɣeyiɣia ƒeƒle bia “mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ bliboe” kple “wo dometɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ wòaɖe vi nyuitɔ kekeake.” Eyata ne míaƒe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔmewo mede dzi ƒo tututu o la, anyo be míalé ŋku ɖe mía ɖokuiwo ŋu akpɔ alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣii. Ne míaƒe ŋutilãmedɔwɔɖuia bia nu geɖe akpa eye wòxɔa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ fũ akpa la, ele be míadee gbedodoɖa me na Yehowa. (Psalmo 55:23) Ðewohĩ míate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo ana míakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe nu vevi siwo ku ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu la ŋuti, si me nusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ le. Wogblɔe wòsɔ be nyɔnu ƒe dɔ mevɔna gbeɖegbeɖe o. Eyata ele be Kristotɔ nyɔnuwo hã naɖo woƒe nuwo ɖe ɖoɖo nu ahaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe.

7, 8. (a) Nuwɔna kawo gbɔe míate ŋu aƒle ɣeyiɣi le zi geɖe na nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃? (b) Taɖodzinu kae le modzakaɖeɖe ŋu, eye aleke ŋkuɖoɖo nusia dzi akpe ɖe mía ŋu be míaɖo nuwo ɖe ɖoɖo nui?

7 Ne míagblɔe gbadzaa la, mía dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu aƒle ɣeyiɣi na nusɔsrɔ̃ ne míeɖe asi le nuwɔna siwo mele vevie o ŋu. Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae mezãna ɖe xexemegbalẽwo alo nyadzɔdzɔgbalẽwo xexlẽ, television dzi wɔnawo kpɔkpɔ, hasese, alo video dzi fefewo ŋu? Ðe mezãa ɣeyiɣi geɖe ɖe kɔmpiuta ŋu wu alesi mezãnɛ ɖe Biblia xexlẽ ŋua’? Paulo gblɔ be: “Migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.” (Efesotɔwo 5:17) Edze abe ŋumaɖɔmaɖɔɖo le televisionkpɔkpɔ mee nye susu vevi si ta Ðasefo geɖe mezãa ɣeyiɣi boo aɖeke ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ ŋu o ene.—Psalmo 101:3; 119:37, 47, 48.

8 Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ be yewomate ŋu asrɔ̃ nu ɣeawokatãɣi o, eye be yewohiã modzakaɖeɖe aɖe sinu. Togbɔ be ele eme nenema hã la, anyo be míade ŋugble le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míetsɔna ɖina ɖe eme ŋu eye míatsɔe asɔ kple ɣeyiɣi si tututu míezãna ɖe nusɔsrɔ̃ alo Biblia xexlẽ ŋu. Vovototoa awɔ nuku na mí ŋutɔ. Togbɔ be modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme le vevie hã la, ele be woada wo ɖe nɔƒe si sɔ. Taɖodzinu si le wo ŋue nye be woado ŋusẽ yeye mí na gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ. Television dzi wɔna kple video dzi fefe geɖe tea ɖeɖi ame ŋu, gake Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple esɔsrɔ̃ tua ame ɖo hedoa ŋusẽ ame.—Psalmo 19:8, 9.

Alesi Ame Aɖewo Wɔ Kpɔ Ɣeyiɣi na Nusɔsrɔ̃

9. Viɖe kawoe le aɖaŋuɖoɖo si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—1999 ƒe agbalẽvia me dzi wɔwɔ me?

9 Ƒe 1999 ƒe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Aɖe vi ŋutɔ ne miedzro gbesiagbe mawunyakpukpuia kple numeɖeɖe siwo le agbalẽvi sia me le ŋdi me. Awɔ na wò abe ɖe Yehowa, Nufiala Gãtɔ la, tsɔ eƒe nufiamewo le nyɔwòm ene. Wogblɔ nya ɖi le Yesu Kristo ŋu be Yehowa ƒe nufiamewo ɖea vi nɛ ŋdi sia ŋdi: ‘[Yehowa nyɔam] ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.’ Nufiame siawo na ‘nusrɔ̃viwo ƒe aɖe’ su Yesu si ale be ‘wònya alesi wòatsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te ŋui.’ (Yes. 30:20; 50:4; Mat. 11:28-30) Ne èfɔ ŋdi ɖesiaɖe eye nèxɔ aɖaŋuɖoɖo si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi tso Mawu ƒe Nya me la, menye ɖeko wòakpe ɖe ŋuwò nàkpe akɔ kple wò kuxiwo ko o ke ana ‘nusrɔ̃viwo ƒe aɖe’ nasu asiwò nàtsɔ akpe ɖe ame bubuwo hã ŋui.” *

10. Aleke ame aɖewo wɔna kpɔa ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃, eye viɖe kawo wokpɔna tso eme?

10 Kristotɔ geɖe wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi xlẽa gbesiagbe mawunyakpukpuia kple emeɖeɖeawo eye woxlẽa Biblia alo srɔ̃a nu ŋdi kanya. Mɔɖela wɔnuteƒe aɖe si le France fɔna kaba ŋdi sia ŋdi tsɔa aɖabaƒoƒo 30 xlẽa Bibliae. Nukae wɔe be wòte ŋu wɔ nusia ƒe geɖe enye sia? Egblɔ be: “Didia nu sẽ ŋutɔ le menye, eye nuka kee ɖadzɔ o, mewɔna ɖe nye nuxexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia dzi!” Ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ka kee míetia o, nusi le vevie wue nye be míawɔ ɖe míaƒe ɖoɖowɔɖia dzi. René Mica, amesi le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 40 kple edzivɔe nye sia le Europa kple Dziehe Afrika gblɔ be: “Tso ƒe 1950 me la, enye nye taɖodzinu be maxlẽ Biblia bliboa ƒe sia ƒe, eye mewɔe zi gbɔ zi 49 va ɖo fifia. Mese le ɖokuinye me be esia wɔwɔ le vevie be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple nye Wɔla dome. Ŋugbledede le Mawu ƒe Nyaa ŋu kpena ɖe ŋunye be mesea Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe nɔnɔme bubuwo gɔme nyuie eye wònye ŋusẽtsoƒe manyagblɔ aɖe nam.” *

‘Nuɖuɖu le Ɣeyiɣi Nyui Dzi’

11, 12. (a) ‘Gbɔgbɔmenuɖuɖu’ kawoe “xɔnuvi nuteƒewɔla” la nana? (b) Aleke wonaa “nuɖuɖu” le ɣeyiɣi nyuitɔ dzii?

11 Abe alesi nuɖuɖu edziedzi tua lãmesẽ ɖoe ene la, nenema ke nusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖowɔɖi hã tua gbɔgbɔmelãmesẽ ɖoe. Míate ŋu axlẽ Yesu ƒe nyawo le Luka ƒe Nyanyuia me be: “Amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?” (Luka 12:42) Ƒe 120 kple edzivɔe nye sia la, wonaa ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi’ le Gbetakpɔxɔ, kpakple le Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo me.

12 De dzesi nyagbɔgblɔ si nye “le ɣeyiɣi nyui dzi.” Le ɣeyiɣi si sɔ me la, míaƒe “Nufiala Gãtɔ,” Yehowa, toa Via kple dɔla ƒe ha la dzi, fiaa mɔ eƒe amewo le nufiafia kple agbenɔnɔ ƒe nyawo me. Ðeko wòle abe ɖe mí katã míesea gbe aɖe wònɔa gbɔgblɔm na mí be, “Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato” ene. (Yesaya 30:20, 21) Gakpe ɖe eŋu la, ne ame ɖekaɖekawo ɖo susu anyi xlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo katã la, wosena le wo ɖokui me edziedzi be yewoe wole nusiwo wogblɔ le eme la gblɔm na tẽ. Ẽ, mawumeɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame ava le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi na mí, eye woakpe ɖe mía ŋu be míatsi tre ɖe tetekpɔ nu alo atso nya me le nunya me.

Tu Nuɖuɖu ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Ðo

13. Gbɔgbɔmenu maɖumaɖu nyuie ƒe nɔnɔme aɖewoe nye kawo?

13 Be “nuɖuɖu” si wonana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi naɖe vi na mí la, ehiã be nuɖuɖu ƒe nɔnɔme nyuiwo nanɔ mía si. Ele vevie be Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ edziedzi ƒe ɖoɖowɔɖi nanɔ mía si eye míawɔ ɖe edzi. Ðe nɔnɔme nyuiwo le asiwò na nuɖuɖu le gbɔgbɔ me eye èkpɔa ɣeyiɣi edziedzi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ deto wɔwɔa? Alo ɖeko nètoa nyati si wodzra ɖo nyuie na mí ŋuɖɔɖotɔe me dzradzradzra, si míagblɔ be enye dzimagbɔɖi ɖe nua ɖuɖu ŋuti, alo ègbea nu aɖewo ɖuɖu kuraa? Gbɔgbɔmenu maɖumaɖu nyuie ƒe nɔnɔmewo na ame aɖewo gbɔdzɔ le xɔse me—eye woge gɔ̃ hã.—Timoteo I, 1:19; 4:15, 16.

14. Nukatae viɖe le eme be míagbugbɔ nusi adze abe ɖe míenyae xoxo la asrɔ̃ ŋuɖɔɖɔɖotɔe?

14 Ame aɖewo ase le wo ɖokui me be yewonya gɔmedzenufiafiawo xoxo eye be menye nyati ɖesiaɖe si wotana mee nu yeye nɔna o. Eyata nusɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede ɖe ɖoɖo nu mele vevie o. Gake Biblia fia be ehiã be woaɖo ŋku nusiwo míesrɔ̃ xoxo dzi na mí. (Psalmo 119:95, 99; Petro II, 3:1; Yuda 5) Abe alesi nuɖala nyui zãa detsiƒonu ɖeka ƒomevi tsɔ ɖaa nu vivi vovovowoe la, nenema ke dɔla ƒe ha la hã naa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiamewo le mɔ vovovowo nui. Le nyati siwo ŋu woƒo nu tsoe edziedzi va yi gɔ̃ hã me la, nu nyui yeyewo ganɔa wo me siwo míadi be woato mía ŋu o. Nyateƒeae nye be nusi míekpɔna tsoa míaƒe agbalẽwo me nɔ te ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míetsɔ srɔ̃e kple agbagba si míedze le eŋu dzi.

Gbɔgbɔmeviɖe Siwo Tsoa Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃ Me

15. Aleke Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míeva nyea Mawu ƒe Nyaa ŋu dɔwɔla nyuiwoe?

15 Viɖe siwo míekpɔna tsoa Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me la sɔ gbɔ. Wokpena ɖe mía ŋu be míate ŋu atsɔ Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi veviwo dometɔ ɖeka, si nye be mía dometɔ ɖesiaɖe nazu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.” (Timoteo II, 2:15) Zi alesi míele Biblia xlẽm hele esrɔ̃m ɖe edzi la, zi nenemae Mawu ƒe tamesusuwo nɔa míaƒe susuwo me xɔm ɖe edzii. Ekema míate ŋu ‘adzro Ŋɔŋlɔawo me kple amewo aɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu nyateƒea me na wo ayɔ ŋɔŋlɔwo atsɔ aɖo kpe wo dzi’ abe alesi Paulo wɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 17:2, 3) Míaƒe nufiafiaɖaŋu anyo ɖe edzi, eye míaƒe dzeɖoɖowo, nuƒowo, kple aɖaŋuɖoɖo atu ame ɖo le gbɔgbɔ me.—Lododowo 1:5.

16. Mɔ kawo nue Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɖea vi na mía ŋutɔwo le?

16 Gakpe ɖe eŋu la, ɣeyiɣi si míazã ɖe Mawu ƒe Nyaa me dzodzro ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe wòasɔ ɖe Yehowa ƒe mɔwo nu nyuie wu. (Psalmo 25:4; 119:9, 10; Lododowo 6:20-23) Ado ŋusẽ míaƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo, abe ɖokuibɔbɔ, nuteƒewɔwɔ, kple dzidzɔkpɔkpɔ ene. (Mose V, 17:19, 20; Nyaɖeɖefia 1:3) Ne míetsɔ sidzedze si sua mía si tso Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me wɔ dɔe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ le míaƒe agbe me faa, si wɔnɛ be míetsea gbɔgbɔa ƒe kuwo geɖe ŋutɔ le nusiwo katã míewɔna me.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

17. Aleke míaƒe ɖokuisi Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔme kple nyonyome kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzii?

17 Vevietɔ wu la, ɣeyiɣi siwo míaƒle tso nuwɔna bubuwo gbɔ atsɔ axlẽ Mawu ƒe Nya la aɖe vi gãwo na mí le mía kple Mawu dome ƒomedodo me. Paulo do gbe ɖa bia be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ ye hati Kristotɔwo fũ le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese katã me, bene woazɔ alesi dze Yehowa wòadze eŋu bliboe.’ (Kolosetɔwo 1:9, 10) Nenema ke ne ‘míazɔ alesi dze Yehowa’ la, ele be ‘eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mí fũ le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese katã me.’ Edze ƒã be yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ si míakpɔ tso Yehowa gbɔ ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe mía ɖokuisi Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔme kple nyonyome dzi koŋ.

18. Yayra kawoe míakpɔ ne míewɔ ɖe Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 17:3 dzi?

18 “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Mawunyakpukpui sia nye esiwo Yehowa Ðasefowo zãna le teƒe geɖe tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ƒe vevienyenye la dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, ema wɔwɔ le vevie na mía ŋutɔwo hã. Agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si la nɔ te ɖe alesi míadze si Yehowa kple Via, Yesu Kristo, ɖe edzi la dzi. Wò ya bu nusi ema fia ŋu kpɔ ko. Nuwuwu manɔe na nusiwo míanɔ sɔsrɔ̃m tso Yehowa ŋu gbeɖe o—nusɔsrɔ̃ tso eyama ŋu anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me!—Nyagblɔla 3:11; Romatɔwo 11:33.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc.

^ mm. 10 Kpɔ nyati si nye “Ɣeyiɣi si me Woxlẽnɛ Kple Viɖe si Wokpɔna,” si wota ɖe May 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20-1 me.

Numetotobiabiawo

• Nukae alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣii ɖena fiana le mía ŋu?

• Nuwɔna kawo gbɔe míate ŋu aƒle ɣeyiɣi tsoe na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃?

• Nukatae wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe nɔnɔmewo ŋu?

• Viɖe kawoe dona tsoa Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple esɔsrɔ̃ me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ edziedzi akpe ɖe mía ŋu be ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ’

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Dɔwɔna bubuwo gbɔ kpɔkpɔ be woada asɔ kple gbɔgbɔmetɔwo le míaƒe agbe si me vovo mele o la aɖe vi gbogbo aɖe