Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyigba la—Amegbetɔwo Dokpɔƒe Koe Wònyea?

Anyigba la—Amegbetɔwo Dokpɔƒe Koe Wònyea?

Anyigba la—Amegbetɔwo Dokpɔƒe Koe Wònyea?

GBƆDZƆE kae nye si! Ekpɔ dzidzedze. Sukuvi si kpe fu ŋutɔ le kwasiɖa eve ƒe dodokpɔ wɔwɔ me la xɔ dzeside dzeameŋu aɖe mlɔeba. Ate ŋu awɔ dɔ si dim wònɔ xoxo be yeawɔ la azɔ.

Ame geɖe bua agbenɔnɔ le anyigba dzi le mɔ sia ke nu. Wobunɛ be enye dodokpɔ gbãtɔ si me wòle be amesiame nato. Amesiwo “to eme do dzidzedzetɔe” akpɔ teƒe nyui aɖe anɔ Le Ku Megbe. Anye nublanuinya vavã, ne agbe si míele fifia—si nye agbenɔnɔ dzro ko na ame geɖe—lae nye agbenɔnɔ nyuitɔ kekeake si ko ate ŋu asu amegbetɔwo si. Togbɔ be lãmesẽ nɔ Biblia me me Hiob si le eƒe agbemeŋkeke akpa gãtɔ me eye nu dze edzi nɛ hã la, ede dzesii be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.”—Hiob 14:1.

Esi New Catholic Encyclopedia nɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si le ame geɖe si ŋu la, egblɔ be: “Dziƒoŋutikɔkɔe mee Mawu di be amegbetɔ nanɔ. . . . Woate ŋu akpɔe be amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ li ne eyi dziƒo paradisoa me.” Numekuku aɖe si Church of Christ wɔ le United States ɖee fia be ame 87 le alafa me gblɔ be ɖewohĩ yewoayi dziƒo le yewoƒe ku megbe.

Amesiwo menye Kristotɔwo o dometɔ geɖe hã le mɔ kpɔm be ne yewoku la, yewoadzo le anyigba dzi ayi teƒe aɖe si nyo wu. Le kpɔɖeŋu me, Moslemtɔwo kpɔa mɔ be yewoayi paradiso me le dziƒo. Buddhatɔ siwo le China kple Japan ƒe kɔmama si woyɔna be Pure Land (Anyigba Dzadzɛ) la yomedzelawo xɔe se be ne yewole Buddha si nye Kekeli si Nu Meyina O ƒe ŋkɔ si nye “Amitabha,” yɔm tsiã ɖe enu edziedzi la, woagbugbɔ adzi yewo ɖe Anyigba Dzadzɛ la, alo Ɣetoɖoƒe Paradiso me, afisi dzidzɔkpɔkpɔ si ƒo ɖesiaɖe ta anɔ ɖaa.

Nukutɔe la, Biblia, agbalẽ kɔkɔe si gɔme woɖe hema wu ɖesiaɖe le xexeame, meƒo nu tso anyigba ŋu be enye teƒe si woadzo le, eye be enye teƒe aɖe si woanɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko ayi teƒe bubu o. Le kpɔɖeŋu me egblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Yesu ƒe nya xɔŋkɔ sia hã dze le Biblia me be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.”—Mateo 5:5.

Nukpɔsusu si le ame geɖe si be amedzrowoe míenye le anyigba dzi la fia be teƒe dodzidzɔname aɖe li le ku megbe. Ne nenemae wòle la, ke ku nye yayra vavã. Gake ɖe amewo katã kloe bua ku le susu sia nua, alo ɖe wodzea agbagba boŋ be yewoanɔ agbe sia ɣeyiɣi didia? Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ne lãmesẽ kple dedienɔnɔ le amewo si ɖo afi aɖe la, womedina be yewoaku o.

Ke hã le esi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple fukpekpe bɔ ɖe agbe me le anyigba dzi ta la, ame geɖe gabua dziƒo be enye teƒe si ko yewoakpɔ ŋutifafa vavãtɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ le kokoko. Ðe dziƒo nye dzidzɔteƒe aɖe si ŋutifafa le, eye nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple ɖekamawɔmawɔ aɖeke kura mele oa? Eye ɖe teƒe nyui aɖe si woanɔ li Le Ku Megbe le dziƒonuto aɖe mea? Ðewohĩ ŋuɖoɖo siwo Biblia ana awɔ nuku na wò. Taflatse yi nuxexlẽa dzi.