Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina

Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina

Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina

‘Ele be nàxlẽe zã kple keli.’—YOSUA 1:8.

1. Viɖe siwo le nuxexlẽ gbadzaa kple vevietɔ Biblia xexlẽ ŋu dometɔ aɖewoe nye ka?

AGBALẼ si me tsɔɖui le xexlẽ nye nuwɔna si ɖea vi. Franse dunyaheheŋutinunyala Montesquieu (Charles-Louis de Secondat) ŋlɔ bena: “Le gonyeme la, nusɔsrɔ̃e nye nye agbemenuteɖeamedzi ɖesiaɖe gbɔkpɔnu ɣesiaɣi. Fukpekpe aɖeke meva dzinye kpɔ si nuxexlẽ gaƒoƒo ɖeka mete ŋu ɖe ɖa o.” Esia nye nyateƒe ŋutɔŋutɔ le Biblia xexlẽ gome. Hakpala si gbɔgbɔ ʋã gblɔ be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.”—Psalmo 19:8, 9.

2. Nukatae Yehowa kpɔ Biblia ta le ƒe siwo va yi me, eye nukae wòdi tso eƒe amewo si be woatsɔe awɔe?

2 Yehowa Mawu, amesi nye Biblia ŋlɔla la kpɔ eta tso subɔsubɔhawo kple dziɖuɖuwo siaa ƒe tsitretsiɖeŋu sesẽwo me tso ƒe alafa siwo va yi me va ɖo míaƒe ɣeyiɣia me. Esi eƒe didie nye be ‘nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ nasu amewo katã si’ ta la, ekpɔ egbɔ be yeƒe Nyaa li amegbetɔƒomea katã nakpɔ axlẽ. (Timoteo I, 2:4) Wobu akɔnta be woate ŋu aƒo nu kple anyigbadzinɔlawo katã ƒe alafa memama 80 le gbegbɔgblɔ 100 me. Biblia bliboa me nyawo le gbegbɔgblɔ 370 me, eye woagate ŋu axlẽ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo le gbe 1,860 bubuwo me. Yehowa di be yeƒe amewo naxlẽ yeƒe Nyaa. Eyraa esubɔla siwo léa fɔ ɖe eƒe Nyaa ŋu, ẽ, amesiwo xlẽnɛ gbesiagbe.—Psalmo 1:1, 2.

Wodi Tso Dzikpɔlawo Si be Woaxlẽ Biblia

3, 4. Nukae Yehowa di tso Israel fiawo si, eye susu kawo tae nudidi sia sɔ na Kristotɔ hamemegãwo hã egbea?

3 Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si ava si me amegbetɔ ava ɖu fia ɖe Israel-dukɔa dzi ŋu la, egblɔ be: “Eye ne eva fiazi dzi la, wòana Lewitɔwo, siwo nye nunɔlawo la, nagbugbɔ se sia aŋlɔ nɛ ɖe agbalẽ me. Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi; ne magado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o.”—Mose V, 17:18-20.

4 De dzesi susu siwo ta Yehowa bia tso fia siwo katã ava ɖu Israel dzi si be woaxlẽ Mawu ƒe sea gbesiagbe: (1) “ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi”; (2) ‘ne magado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu o’; (3) ‘ne wòagadze le se la ŋu ɖe ɖusi me alo mia me o.’ Ðe mele be Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea navɔ̃ Yehowa, awɔ eƒe sewo dzi, aƒo asa na wo ɖokui dodo ɖe dzi ɖe wo nɔviwo ŋu, ahagbe dada le Yehowa ƒe sededewo dzi oa? Le nyateƒe me la, gbesiagbe Biblia xexlẽ le vevie na woawo hã abe alesi wònɔ na Israel fiawo ene.

5. Nukae Dziɖuha la ŋlɔ ɖo ɖe Alɔdze Kɔmiti me tɔwo nyitsɔ laa ku ɖe Biblia xexlẽ ŋu, eye nukatae wòanyo be Kristotɔ hamemegãwo nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi?

5 Egbea la, vovo mele Kristotɔ hamemegãwo ŋu kura o si wɔe be gbesiagbe Biblia xexlẽ zu nu sesẽ na wo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔwo kple Alɔdze Kɔmitia me tɔwo katã nye ŋutsu siwo ŋu vovo mele kura o. Ke hã lɛta si Dziɖuhaa ŋlɔ nyitsɔ laa na Alɔdze Kɔmitiwo katã te gbe ɖe alesi wòhiãe be Biblia xexlẽ gbesiagbe kple nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui nanɔ wo sii dzi. Lɛtaa gblɔ be esia adzi míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple na nyateƒea ɖe edzi, eye “akpe ɖe mía ŋu míalé míaƒe xɔse, dzidzɔ, kple kutrikuku me ɖe asi vaseɖe nuwuwu dzidzɔtɔe.” Hamemegã siwo katã le Yehowa Ðasefowo ƒe hameawo me see le wo ɖokui me be ehiã na yewo hã nenema. Ŋɔŋlɔawo xexlẽ gbesiagbe akpe ɖe wo ŋu be ‘woawɔ nu le nunya me.’ (Yosua 1:7, 8) Vevietɔ le woawo gome la, Biblia xexlẽ ‘nyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.’—Timoteo II, 3:16.

Ehiã na Ðeviwo Kple Tsitsiawo Siaa

6. Nukatae Yosua xlẽ Yehowa ƒe sea me nyawo katã le Israel-toawo kple amedzrovi siwo ƒo ƒu la ŋkume?

6 Le blema ɣeyiɣiwo me la, Ŋɔŋlɔawo menɔ amewo ŋutɔ si ɖekaɖeka woazã o, eyata woƒoa amehawo nu ƒu xlẽa Biblia na wo. Esi Yehowa na Yosua ɖu Ai dua dzi vɔ la, eƒo Israel toawo nu ƒu ɖe Ebal-to kple Gerizim-to ŋgɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be, emegbe: “[Exlẽ] se la ƒe nyawo katã, siwo nye yayra kple fiƒode la, na wo pɛpɛpɛ, abe alesi woŋlɔe ɖe segbalẽa me ene. Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔ aɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.” (Yosua 8:34, 35) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ehiã be ɖeviwo kple ame tsitsiwo, dumeviwo kple amedzrowo, naŋlɔ agbenɔnɔ siwo ana Yehowa nayra wo kple esiwo ana wòado dziku ɖe wo ŋu la ɖe woƒe dzi ŋu kple woƒe susu me. Biblia xexlẽ edziedzi akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me godoo.

7, 8. (a) Amekawoe le abe ‘amedzrowo’ ene egbea, eye nukatae wòhiã be woaxlẽ Biblia gbesiagbe? (b) Mɔ kawo nue ‘ɖevi’ siwo le Yehowa ƒe amewo dome ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua le?

7 Egbea la, Yehowa subɔla miliɔn geɖe le abe “amedzro” mawo ene le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Tsã la, xexeame ƒe dzidzenuwo nue wonɔa agbe ɖo, gake wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Efesotɔwo 4:22-24; Kolosetɔwo 3:7, 8) Ehiã be woanɔ ŋku ɖom nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu siwo Yehowa ɖo dzi na wo ɖokui edziedzi. (Amos 5:14, 15) Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe kpena ɖe wo ŋu wowɔa esia.—Hebritɔwo 4:12; Yakobo 1:25.

8 ‘Ðevi’ geɖe hã le Yehowa ƒe amewo dome siwo wo dzilawo fia Yehowa ƒe dzidzenuwo wo gake wòhiã be woa ŋutɔwo naka ɖe edzi be eƒe lɔlɔ̃nu le eteƒe. (Romatɔwo 12:1, 2) Aleke woawɔe? Le Israel la, wogblɔ na nunɔlawo kple ame tsitsiwo be: “[Woaxlẽ] se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me. Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi. Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne woanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mía Mawu la.” (Mose V, 31:11-13) Esi Yesu nɔ Sea te ta la, etsɔ ɖe le Fofoa ƒe sewo gɔmesese me vevie esime wònye ɖevi si xɔ ƒe 12. (Luka 2:41-49) Emegbe la, toɖoɖo kple gomekpɔkpɔ le Ŋɔŋlɔawo xexlẽ me le gbedoxɔ me va zu numame nɛ. (Luka 4:16; Dɔwɔwɔwo 15:21) Míede dzi ƒo na ɖeviwo be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua axlẽ Mawu ƒe Nyaa gbesiagbe ahade kpekpewo, afisi woxlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ le la edziedzi.

Biblia Xexlẽ—Enye Nu Vevi

9. (a) Nukatae wòhiã be míatia agbalẽ siwo míaxlẽ me? (b) Nukae magazine sia tala gbãtɔ gblɔ ku ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu?

9 Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.” (Nyagblɔla 12:12) Míate ŋu agblɔ kpee be menye ɖeko agbalẽ geɖe siwo tam wole egbea tea ɖeɖi ŋutilã ŋu ko o, ke le nyateƒe me la, woate ŋu agblẽ susu hã. Eyata ele vevie be míatia wo me. Tsɔ kpe ɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ ŋu la, ehiã be míaxlẽ Biblia ŋutɔ hã. Magazine sia tala gbãtɔ ŋlɔ na exlẽlawo be: “Migaŋlɔ be gbeɖe o be Bibliae nye míaƒe Dzidzenu eye be aleke ke míaƒe kpekpeɖeŋugbalẽwo anye Mawu ƒe nunanae hã la, ‘kpekpeɖeŋunuwo’ koe wonye eye womexɔ ɖe Biblia teƒe o.” * Eyata, togbɔ be míagblẽ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖi o hã la, ele be míaxlẽ Biblia ŋutɔ hã.

10. Aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la te gbe ɖe Biblia xexlẽ ƒe vevienyenye dzii?

10 Le alesi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” kpɔ hiahiã sia dze sii ta la, ƒe geɖe enye sia si wòwɔ Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo de Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe ɖoɖowɔɖia me le hame ɖesiaɖe me. (Mateo 24:45) Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si li fifia akpe Biblia bliboa ɖo le ƒe adre lɔƒo me. Viɖe le ɖoɖowɔɖi sia ŋu na amesiame gake vevietɔ na ame yeye siwo mexlẽ Biblia bliboa kpɔ o koŋ. Wodina tsoa amesiwo dea Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si woɖo na dutanyanyuigblɔlawo kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua kpakple Betel-ƒomea me tɔ yeyewo si be woaxlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka me. Ðoɖo ka kee ame ɖeka alo ƒome blibo wɔ o, wɔwɔ ɖe edzi bia be míatsɔ Biblia xexlẽ aɖo nɔƒe gbãtɔ.

Nukae Wò Nuxexlẽ ƒe Nɔnɔmewo Ðena Fiana?

11. Aleke wòle be míatsɔ Yehowa ƒe nyawo anyi mía ɖokui gbesiagbee eye nukatae?

11 Ne wɔwɔ ɖe wò Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo dzi nye kuxi na wò la, anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Ŋusẽ kae nye nuxexlẽ alo television kpɔkpɔ ƒe nɔnɔmewo kpɔna ɖe mɔnu si le asinye be maxlẽ Yehowa ƒe Nyaa dzi? Ðo ŋku nusi Mose ŋlɔ—eye Yesu gagbugbɔ gblɔ—dzi be “menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4; Mose V, 8:3) Abe alesi ko wòhiã be míaɖu abolo alo nusi sɔ kplii le míaƒe agbemeŋkeke ɖesiaɖe me be wòalé míaƒe ŋutilã ɖe te ene la, nenema ke wòhiã be míaxɔ Yehowa ƒe tamesusuwo ade eme gbesiagbe be míanɔ te le gbɔgbɔ me. Míate ŋu ake ɖe Mawu ƒe tamesusuwo ŋu gbesiagbe to Ŋɔŋlɔawo xexlẽ me.

12, 13. (a) Aleke apostolo Petro wɔ alesi wòle be Mawu ƒe Nyaa nadzro míi ƒe kpɔɖeŋui? (b) Aleke Paulo zã notsi ƒe kpɔɖeŋua wòto vovo na Petro tɔe?

12 Ne míexɔ Biblia be menye ‘amewo ƒe nya o, ke boŋ be Mawu ƒe nyae vavã’ la, anɔ mía dzrom abe alesi vidzĩ tsia dzi ɖe dadaa ƒe notsi ŋui ene. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Apostolo Petro tsɔ nuwo sɔ kple wo nɔewo nenema esime wòŋlɔ bena: “Abe vidzĩwo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xɔxɔ la, ne mieɖɔe kpɔ bena, Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ.” (Petro I, 2:2, 3) Ne mía ŋutɔwo míeɖɔe kpɔ nyateƒe hekpɔe be “Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ” la, míatu Biblia xexlẽ ƒe dzodzro ɖo.

13 Ele be míade dzesii be alesi Petro tsɔ notsi wɔ kpɔɖeŋui le nuxexlẽ sia me la to vovo na alesi apostolo Paulo zãe. Le vidzĩ gome la, nunyiame siwo katã wòhiã la le notsia me. Petro ƒe kpɔɖeŋua fia be nusiwo katã míehiã be ‘míatsi hena xɔxɔ la’ le Mawu ƒe Nyaa me. Gake Paulo ya zã notsi tsɔ wɔ amesiwo gblɔna be yewotsi le gbɔgbɔ me ƒe nu nyui maɖumaɖu ƒe kpɔɖeŋui. Paulo ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo me be: “Ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mi be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye miezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene. Elabena amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena [vidzĩ] ko wònye. Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.” (Hebritɔwo 5:12-14) Biblia xexlẽ moveviɖoɖotɔe ate ŋu atu míaƒe sidzedze ŋutetewo ɖo geɖe eye wòanyɔ dzodzro ɖe mía me ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Alesi Nàxlẽ Bibliae

14, 15. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae Biblia Ŋlɔla na mí? (b) Aleke Mawu ƒe nunya ate ŋu aɖe vi na míi? (Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.)

14 Biblia xexlẽ si ŋu viɖe le wu dzea egɔme kple gbedodoɖa, menye kple exexlẽ o. Gbedodoɖa nye mɔnukpɔkpɔ vevi aɖe. Ele ko abe agbalẽ aɖe si ku ɖe nyati goglo aɖe ŋu ŋlɔla yɔyɔ be wòakpe ɖe ye ŋu yease nusi xlẽ ge yegbɔna la gɔme ene. Aleke gbegbe wòade dziwòe nye si! Biblia ŋlɔla, Yehowa, na mɔnukpɔkpɔ ma wò. Ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la me tɔ aɖe ŋlɔ ɖo ɖe nɔviawo be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o.” (Yakobo 1:5, 6) Dziɖuha si li egbea xlɔ̃a nu mí edziedzi be míado gbe ɖa vevie axlẽ Biblia.

15 Nunya nye sidzedze si su ame si tsɔtsɔ wɔ dɔe ŋutɔŋutɔ. Eyata hafi nàʋu wò Biblia la, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nusiwo wòhiã be nàtsɔ awɔ dɔe le wò agbenɔnɔ me la le wò nuxexlẽa me. Tsɔ nu yeye siwo nèsrɔ̃ la sɔ kple esiwo nènya tsã. Tsɔ wo kpe ɖe “nya siwo le blibo” si nède dzesii ŋu. (Timoteo II, 1:13) De ŋugble le nusiwo dzɔ ɖe Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema dzi ŋuti, eye nàbia alesi nàwɔ nui ne wòe ɖo nɔnɔme mawo me la ɖokuiwò.—Mose I, 39:7-9; Daniel 3:3-6, 16-18; Dɔwɔwɔwo 4:18-20.

16. Aɖaŋu nyui kawoe woɖo be wòakpe ɖe mía ŋu be viɖe geɖe nanɔ míaƒe Biblia xexlẽ me na mí?

16 Mègaxlẽ nua be yeawu axa aɖewo nu dzro ko o. Gbɔ dzi ɖi. De ŋugble le nusi xlẽm nèle ŋu. Ne nane me mekɔ na wò o eye mawunyakpukpuiwo diƒe le wò Biblia me la, di eme kɔkɔa le wo me. Ne eme mekɔ na wò kokoko o la, de dzesii da ɖi be nàku eme emegbe. Esi nèle nua xlẽm la, de dzesi mawunyakpukpui siwo dzi nàdi be yeaɖo ŋkui alo ŋlɔ wo ɖi. Wò ŋutɔ àte ŋu awɔ nuŋlɔɖi kpuiwo kple mawunyakpukpuiwo ɖe axa dzi. Le mawunyakpukpui siwo nèsusu be woava hiã ye gbaɖegbe le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me gome la, de dzesi nya vevia eye nàdii le Biblia me nyawo diƒe si le wò Biblia megbe. *

Na Biblia Xexlẽ Navivi

17. Nukatae wòle be míase vivi na Biblia xexlẽ?

17 Hakpala la ƒo nu tso dzidzɔme aɖe si ‘kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli’ ŋu. (Psalmo 1:2) Mele be míaƒe gbesiagbe Biblia xexlẽ nazu dɔ o ke boŋ nenye dzidzɔnuwɔna ŋutɔŋutɔ. Mɔ ɖeka si dzi míato awɔe wòavivi enye be míanya nusiwo míesrɔ̃na ƒe asixɔxɔ. Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Woayra amesi tu nunya . . . Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na amesiwo lée ɖe asi, eye woayra amesi vàe goŋgoŋ la.” (Lododowo 3:13, 17, 18) Viɖe geɖe le agbagba si wòhiã be woadze be nunya nasu ame si ŋu, elabena eƒe mɔwo nye vivisese, ŋutifafa, dzidzɔ kple mlɔeba la, agbe.

18. Tsɔ kpe ɖe Biblia xexlẽ ŋu la, nuka hãe le vevie, eye nuka ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Ẽ, viɖe kple vivisese geɖe le Biblia xexlẽ me. Gake ɖe esia sɔ gbɔa? Kristodukɔa ƒe sɔlemedelawo le Biblia xlẽm ƒe alafa geɖe enye sia, ‘wole nu srɔ̃m ɖaa, ke hã womele nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ ɖom gbeɖe o.’ (Timoteo II, 3:7) Be Biblia xexlẽ natse ku la, ele be míawɔe kple susu be míatsɔ sidzedze si le mía si sum la awɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me eye míazãe le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Esia wɔwɔ bia agbagbadzedze kple nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnu nyuiwo zazã, si me woate ŋu ase vivi le eye wòaɖe vi hã, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Kpɔ Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta, ƒe axa 241.

^ mm. 16 Kpɔ May 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, “Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Wò Biblia Xexlẽ Nanyo Ðe Edzi.”

Numetotobiabiawo

• Aɖaŋu kae woɖo na Israel fiawo si sɔ na dzikpɔlawo egbea, eye nukatae?

• Amekawoe le abe ‘amedzrowo’ kple “ɖeviwo” ene egbea, eye nukatae wòhiã be woaxlẽ Biblia gbesiagbe?

• Mɔ nyui kawo nue “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kpe ɖe mía ŋu le be míaxlẽ Biblia edziedzi?

• Aleke míawɔ akpɔ viɖe kple vivisese ŋutɔŋutɔ tso míaƒe Biblia xexlẽ me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ele na hamemegãwo vevietɔ, be woaxlẽ Biblia gbesiagbe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Gomekpɔkpɔ le Ŋɔŋlɔawo xexlẽ me le gbedoxɔ me nye numame na Yesu