Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔkpɔkpɔ Mavɔ—Le Dziƒo Loo Alo Le Anyigba Dzi?

Dzidzɔkpɔkpɔ Mavɔ—Le Dziƒo Loo Alo Le Anyigba Dzi?

Dzidzɔkpɔkpɔ Mavɔ—Le Dziƒo Loo Alo Le Anyigba Dzi?

AFISI nèle dzie wò dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo koŋua? Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi enumake be nuwo abe lãmesẽ, agbe me taɖodzinu aɖe, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo dzie dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo wu. Biblia me lododo aɖe gblɔe ale: “Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.”—Lododowo 15:17.

Gake nublanuitɔe la, fuléle, ŋutasesẽ, kple vɔ̃ɖinyenye ƒomevi bubuwoe le míaƒe aƒe si nye anyigba la dzi tso gbaɖegbe ke. Ke dziƒo, alo gbɔgbɔmenuto, si ame geɖe le mɔ kpɔm be yewoayi ne yewoku ya ɖe? Teƒe si dzidzɔkpɔkpɔ, ŋutifafa, kple dziɖeɖi le, si fuɖename ƒomevi aɖeke menɔ kpɔ o ye wònye, abe alesi ame geɖe susui enea?

Biblia fia nu be dziƒo nye Mawu kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ miliɔn geɖe, siwo woyɔna be mawudɔlawo nɔƒe. (Mateo 18:10; Nyaɖeɖefia 5:11) Woyɔ amesiawo be ‘Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo.’ (Hiob 38:4, 7) Abe amegbetɔwo ene la, tiatiawɔblɔɖe le mawudɔlawo hã si; menye mɔ̃woe wonye o. Eyata efia be woawo hã woate ŋu atia be yewoawɔ nu nyui alo nugbegblẽ. Ðe mawudɔlawo atia be yewoawɔ nugbegblẽa? Awɔ nuku na ame aɖewo ne wose be ƒe akpe geɖewoe nye si va yi la, mawudɔla gbogbo aɖewo wɔe, le nyateƒe me la, wowɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu—wodze aglã ɖe eŋu!—Yuda 6.

Aglãdzelawo le Dziƒo

Nuvɔ̃ do mo ɖa le gbɔgbɔmenutowo me le mawudɔla aɖe, si wova yɔ be Satana (Tsitretsiɖeŋula) kple Abosam (Amegɔmezɔla) ƒe aglãdzedze ta. Mawudɔla sia si ɖoa to tsã la tiae le eɖokui si be yeawɔ nugbegblẽ. Tso ema dzi la, eva nɔ ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo dzi, ale be le Noa ƒe ɣeyiɣia me, do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, wo dometɔ gbogbo aɖewo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu.—Mose I, 6:2, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; Petro II, 2:4.

Womenyã mawudɔla siawo siwo de megbe ɖa le dziƒo enumake o. Ke boŋ woɖe mɔ na wo wonɔ anyi ƒe akpe geɖe—anɔ eme be woxe mɔ ɖe nanewo ŋu na wo ya. * Gake esi ɣeyiɣi si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo be nuvɔ̃wɔla siawo nanɔ anyi wu enu la, wotsɔ wo “ƒu gbe” tso dziƒo, eye woava tsrɔ̃ wo mlɔeba. Emegbe gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!” (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Edze ƒã be mawudɔla wɔnuteƒewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be woɖe fuɖenamela vɔ̃ɖi mawo ɖa le dziƒo mlɔeba!

Ne míede ŋugble le numekɔkɔ siawo, siwo ame geɖe menya o ŋu la, edze ƒã be ŋutifafa vavã aɖeke mate ŋu anɔ anyi ne nuwɔwɔ siwo si nunya le gbe toɖoɖo Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo o. (Yesaya 57:20, 21; Yeremya 14:19, 20) Gake ne amesiame wɔ Mawu ƒe se dzi la, ŋutifafa kple dziɖeɖi nɔa anyi. (Psalmo 119:165; Yesaya 48:17, 18) Eyata ne amegbetɔwo katã lɔ̃ Mawu hewɔ eƒe sewo dzi eye wolɔ̃ wo nɔewo la, ɖe anyigba manye nɔƒe dzeani dodzidzɔname nyateƒe oa? Biblia ɖo eŋu be ẽ!

Ke amesiwo gbe ɖokuitɔdiditɔe be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o ya ɖe? Ðe woayi edzi anɔ amesiwo di le nyateƒe me be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ƒe ŋutifafa dome gblẽm tegbeea? Ao, Mawu tu nu kple mawudɔla vɔ̃ɖiwo le dziƒo, eye atu nu kple ame vɔ̃ɖiwo hã le anyigba dzi afisia.

Anyigba si Dzi Wodzra Ðo Wòkɔ

Mawu gblɔ be: “Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.” (Yesaya 66:1) Esi Mawu le kɔkɔe ale gbegbe ta la, maɖe mɔ be woatsɔ vɔ̃ɖinyenye aƒo ɖi eƒe “afɔɖodzinu” la tegbee o. (Yesaya 6:1-3; Nyaɖeɖefia 4:8) Abe alesi wòɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒoe ene la, nenemae wòaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba la dzii, abe alesi Biblia me nya siwo gbɔna ɖee fia ene:

“Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.”—Psalmo 37:9.

“Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:21, 22.

“Edzɔ le Mawu ƒe ŋkume bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpɔ xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ.”—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.

“[Ameƒome vɔ̃ɖia ƒe] xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

Ðe Ŋutifafa Anɔ Anyigba Dzi Ðaa?

Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo ɖee fia eme kɔ ƒã be Mawu maɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo nanɔ anyi ɖaa o hã la, aleke míate ŋu aka ɖe edzi be ne eɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa la, magava ake o? Elabena ne èbu eŋu kpɔ la, le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa megbe la, eteƒe medidi hafi wògatrɔ gbɔ ale gbegbe be wòva hiã be Mawu natɔtɔ ameƒomea ƒe tamevɔ̃wo me to woƒe gbe tɔtɔ me o.—Mose I, 11:1-8.

Susu si koŋ ta kakaɖedzi le mía si be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ magado mo ɖa ake o ye nye be amegbetɔwo magaɖu dzi le anyigba dzi abe alesi wònɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe teti ene azɔ o. Ke boŋ Mawu ƒe Fiaɖuƒee aɖu edzi. Fiaɖuƒe sia ɖeɖekoe aɖu anyigba la dzi tso dziƒo. (Daniel 2:44; 7:13, 14) Atso kaba ɖe amesiame si ate kpɔ be yeagato nuvɔ̃ɖiwɔwɔ vɛ la ŋu. (Yesaya 65:20) Le nyateƒe me la, aɖe amesi tututu to vɔ̃ɖinyenye vɛ—si nye Satana Abosam—kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo nye mawudɔla siwo dze eyome la ɖa mlɔeba.—Romatɔwo 16:20.

Gakpe ɖe eŋu la, naneke manɔ anyi si ta ameƒomea natsi dzimaɖi ɖe nuɖuɖu, avɔtata, aƒe, kple dɔwɔɖui—siwo ƒe anyimanɔmanɔ na be ame aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me egbea—ŋu o. Ẽ, woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso-nyigba si awɔ nu wòabɔ amesiame nakpɔ aɖu.—Yesaya 65:21-23; Luka 23:43.

Vevietɔ la, Fiaɖuƒea afia nu eteviwo tso ŋutifafa me nɔnɔ le agbe me ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòakpe ɖe wo ŋu woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede kɔkɔtɔ kekeake gbɔ. (Yohanes 17:3; Romatɔwo 8:21) Ema megbe la, magahiã be ameƒomea nawɔ avu kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuvɔ̃ azɔ o, eye wòana be toɖoɖo Mawu le nusianu me nanya wɔ ahado dzidzɔ na ame, abe alesi wònɔ le ame deblibo Yesu gomee ene. (Yesaya 11:3) Le nyateƒe me la, Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le dodokpɔ sesẽ kple funyafunyawɔame gɔ̃ hã me—nusiwo ŋkɔ anye nya yeye kura le Paradiso gbenɔnɔ me.—Hebritɔwo 7:26.

Nusita Ame Aɖewo Ayi Dziƒo

Gake Biblia xlẽla geɖe nya nu tso Yesu ƒe nya siawo ŋu be: “Fofonye ƒeme la nɔƒe geɖewo li; . . . meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.” (Yohanes 14:2, 3) Ðe esia metsi tre ɖe agbemavɔnɔnɔ le paradiso-nyigba dzi ƒe nukpɔsusua ŋu oa?

Nufiafia siawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Le nyateƒe me la, wode wo nɔewo dzi. Be míadze egɔme la, Biblia gblɔ be Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe xexlẽme aɖe—si nye ame 144,000 koe—woafɔ woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo be woanɔ dziƒo. Nukatae wona fetu wɔnuku sia wo? Elabena wole ƒuƒoƒo si Yohanes kpɔ le ŋutega me, amesiwo “gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka” la dome. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3; 20:4-6) Ne wotsɔ ame 144,000 la sɔ kple ame biliɔn nane siwo le anyigba dzi la, ‘ameha sue’ aɖewo koe wonye nyateƒe. (Luka 12:32) Gakpe ɖe eŋu la, esi woto kuxi siwo ɖea fu na ameƒomea me abe alesi Yesu hã toe ene ta la, woate ŋu “anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí” ne wole ameƒomea kple anyigba gbugbɔdzraɖodɔa dzi kpɔm.—Hebritɔwo 4:15.

Anyigba La—Ameƒomea ƒe Aƒe Mavɔe

Esi Mawu na Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa la, edze ame 144,000 la nu ƒoƒoƒu gɔme ƒe 2,000 aɖewoe nye si va yi, eye dzesiwo ɖee fia be ƒuƒoƒo sia me tɔwo ƒe xexlẽme de. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Galatiatɔwo 4:4-7) Gake menye ame 144,000 la ɖeɖeko ƒe nuvɔ̃wo tae Yesu sa vɔ ɖo o, ‘ke boŋ ɖe xexe blibo la katã hã tɔ ta.’ (Yohanes I, 2:2) Eyata agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ li na amesiwo katã xɔ Yesu dzi se. (Yohanes 3:16) Woafɔ amesiwo katã dɔ alɔ̃ ɖe yɔdowo me gake wole Mawu ƒe susu me la ɖe tsitre, womafɔ wo ayi dziƒo o, ke ɖe anyigba dzadzɛ dzi. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11-13, 25; Dɔwɔwɔwo 24:15) Nukae alala wo le afima?

Nyaɖeɖefia 21:1-4 ɖo eŋu be: ‘Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.’ Bu eŋu kpɔ ko—woɖe ameƒomea tso ku kple vevesese kpakple avifafa si wòdoa ame la me tegbee! Mlɔeba tameɖoɖo si le Yehowa si na anyigba kple ameƒomea ava eme aɖo eƒe ŋutikɔkɔe me.—Mose I, 1:27, 28.

Nusi Míatia—Agbe alo Ku

Womena mɔnukpɔkpɔ Adam kple Xawa be woate ŋu ayi dziƒo gbeɖe o. Tiatia si nɔ wo si enye be woaɖo to Mawu ahanɔ agbe tegbee le paradiso-nyigba dzi loo alo agbe toɖoɖoe ahaku. Nublanuitɔe la, wotia tomaɖomaɖo eyata wogatrɔ zu “anyi.” (Mose I, 2:16, 17; 3:2-5, 19) Menye Mawu ƒe tameɖoɖo gbeɖe be amegbetɔƒome bliboa naku ahato yɔdo me ava nɔ dziƒo o. Mawu wɔ mawudɔla akpe teƒe akpewo be woanɔ dziƒo; gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo menye amegbetɔ siwo ku eye wofɔ wo yi dziƒogbenɔnɔ me o.—Psalmo 104:1, 4; Daniel 7:10.

Nukae wòle be míawɔ be míaxɔ agbenɔnɔ tegbee le Paradiso me le anyigba dzi ƒe yayra? Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔea. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Sidzedze ma tsɔtsɔ ade dɔwɔna me enye afɔ bubu si míaɖe be míava kpɔ dzidzɔ tegbee le Paradiso me. (Yakobo 1:22-24) Mɔkpɔkpɔ li na amesiwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe Nya nu be woakpɔ nyagblɔɖi dodzidzɔname siawo abe esi woŋlɔ ɖe Yesaya 11:9 ene la me vava teƒe kple woƒe ŋkuwo, si gblɔ be: “[Ameƒomea mawɔ] vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Ne èdi nusita Mawu ɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu le dziƒo kple anyigba dzi ƒe numedzodzro la, ke kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta ƒe axa 70-9.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29