Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃—teƒeɖoɖo Kple Dzidzɔ Le Eme

Nusɔsrɔ̃—teƒeɖoɖo Kple Dzidzɔ Le Eme

Nusɔsrɔ̃​—Teƒeɖoɖo Kple Dzidzɔ Le Eme

‘Ne èdii la, wò asi atu sidzedze Mawu.’​—Lododowo 2:4, 5.

1. Aleke nuxexlẽ atsɔ aɖe modzakae ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ geɖee?

AME geɖe xlẽa nu tsɔ ɖea modzakae. Nuxexlẽ ate ŋu anye modzakaɖemɔnu nyui aɖe ne agbalẽa nyo. Tsɔ kpe ɖe Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo si le Kristotɔ aɖewo si ŋu la, Psalmowo, Lododowo, Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo, alo Biblia ƒe akpa bubuwo tiatia ko axlẽ dzɔa dzi na wo vevie. Gbeŋutise akuakua si wozã kple susu si le wo me doa dzidzɔ na wo vevie. Ame bubuwo tiaa Yearbook of Jehovah’s Witnesses, Nyɔ! magazinea, agbemeŋutinya siwo wotana ɖe magazine sia me, alo blemaŋutinya, anyigbaŋutinunya, kple dzɔdzɔmeŋutinunya gbalẽwo xlẽna tsɔ ɖea modzakae.

2, 3. (a) Mɔ ka nue woate ŋu atsɔ gbɔgbɔmenya goglowo asɔ kple nuɖuɖu sesẽ le? (b) Nukae nusɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme?

2 Togbɔ be nuxexlẽ gbadzaa ko ate ŋu anye modzakaɖemɔnu aɖe hã la, nusɔsrɔ̃ ya bia susua zazã vevie. Eŋlisi xexemenunyala Francis Bacon ŋlɔ bena: “Agbalẽ aɖewo nye esiwo woaɖɔ akpɔ, bubuwo nye esiwo woami, eye ʋɛ aɖewo nye esiwo wòle be woaɖu wòagbã ɖe ame ŋu.” Edze ƒã be Biblia le hatsotso mamlɛtɔa me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nusiawo [Kristo, si Fia Nunɔla Melxizedek nye kpɔɖeŋu na] ŋutie nya geɖe le mía si be, míagblɔ, eye wo gɔmeɖeɖefia nye dɔ, le esi mienye kuviatɔwo le nyasese me la ŋuti. . . . Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.” (Hebritɔwo 5:11, 14) Ele be woaɖu nuɖuɖu sesẽ wòame hafi amii be wòagbã ɖe ŋutilãa me. Ele be woade ŋugble le gbɔgbɔmenya goglowo ŋu hafi woase eme eye wòatsi susua me.

3 Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe “nusɔsrɔ̃” gɔme be enye “susu zazã alo eŋudɔwɔwɔ be sidzedze alo nugɔmesese nasu ame si, abe to nuxexlẽ, numekuku, kple bubuawo dzi ene.” Esia fia be ebia nu geɖe wu nuxexlẽ, kple ɖewohĩ flitete ɖe nyawo gɔme dzro ko. Nusɔsrɔ̃ bia dɔwɔwɔ, susu zazã vevie, kple sidzedze ŋutetewo zazã. Gake togbɔ be nusɔsrɔ̃ bia agbagbadzedze hã la, mefia be womate ŋu ase vivi nɛ o.

Nusɔsrɔ̃ be Wòavivi

4. Abe alesi hakpala la gblɔe ene la, aleke Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ate ŋu atu ame ɖo ahaɖe vii?

4 Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ate ŋu atu ame ɖo ahado ŋusẽ ame. Hakpala la gblɔ be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe [ŋkuɖodzinyawo] le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:8, 9) Yehowa ƒe sewo kple ŋkuɖodzinyawo gbɔa agbe míaƒe luʋɔ, wona míenyona ɖe edzi le gbɔgbɔ me, wonana míekpɔa dzidzɔ le ememe, eye wonana míaƒe ŋku dzi kɔna míekpɔa Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo dzea sii nyuie. Nu dodzidzɔname ka gbegbee nye si!

5. Mɔ kawo nue nusɔsrɔ̃ ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ geɖe le?

5 Ne míekpɔ be míaƒe dɔ le ku nyuiwo tsem la, ewɔwɔ vivia mía nu. Eyata be nusɔsrɔ̃ navivi la, ele be míawɔ sidzedze yeye si su mía si la ŋudɔ enumake. Yakobo ŋlɔ be: “Amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.” (Yakobo 1:25) Nusiwo ame srɔ̃ tsɔtsɔ wɔ dɔe le eya ŋutɔ ƒe nuwɔna me enumake naa dzidzeme geɖe eyama. Numekukuwɔwɔ kple susu koŋ be míaɖo biabia aɖe si wobia mí le míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me ŋu hã ado dzidzɔ geɖe na mí.

Numalɔ̃malɔ̃ Le Mawu ƒe Nyaa Gbɔ Tutuɖo

6. Aleke Psalmowo 119 lia ŋlɔla ɖe alesi melɔ̃a nu le Yehowa ƒe nyaa gbɔ o gblɔe?

6 Psalmo 119 lia kpala, si ɖewohĩ anye Xizkiya esime wògakpɔtɔ nye fiavi sue la, ɖe alesi melɔ̃a nu le Yehowa ƒe nyaa gbɔe o gblɔ. Egblɔ le hakpanya me be: “Nye dzeme akɔ ɖe wò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o. Wò [ŋkuɖodzinyawo] nye nye dzidzɔ . . . Nye dzeme akɔ ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu. Wò nublanuikpɔkpɔ neva dzinye, ne manɔ agbe, elabena wò se la enye nye dzidzɔ. Yehowa, wò xɔname le dzroyem, eye wò se la enye nye dzidzɔ.”—Psalmo 119:16, 24, 47, 77, 174.

7, 8. (a) Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, be ‘dzeme nakɔ’ ɖe Mawu ƒe Nya ŋu gɔme ɖe? (b) Aleke míaɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ƒe Nya afiae? (d) Aleke Ezra dzra eƒe dzi ɖo hafi xlẽ Yehowa ƒe Seae?

7 Esi Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe nɔ nya siwo gɔme woɖe le Psalmowo 119 lia me be “dzeme akɔ” me ɖem la, egblɔ be: “Alesi wòzãe le kpukpui 16 lia sɔ kple [dɔwɔnya] si wozãna na dzidzɔkpɔkpɔ . . . kple na ŋugbledede . . . Ðoɖo si nu wòle enye: kpɔ dzidzɔ, de ŋugble, do vivi ɖe nu ŋu . . . Alesi wozã nyaawo ƒo ƒui ate ŋu afia be eɖoɖo koŋ ade ŋugble nye mɔ si dzi ame tona va kpɔa dzidzɔ ɖe Yahweh ƒe nya ŋu. . . . Egɔmesese lɔ seselelãme aɖe ɖe eme.” *

8 Ẽ, ele be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ƒe Nya natso míaƒe dzi, si me seselelãme tsona, me. Ele be míalɔ̃ agblẽ ɣeyiɣi vie ɖe akpa aɖewo siwo míexlẽ teti ŋu. Ele be míada gbɔgbɔmenufiame goglowo akpɔ le susu me, woaxɔ susu na mí, eye míade ŋugble le wo ŋu. Esia bia ŋugblemeyiyi le ɖoɖoezizi me kple gbedodoɖa. Abe alesi Ezra wɔe ene la, ele be míadzra míaƒe dzi ɖo ɖe Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu. Woŋlɔ nu tso eyama ŋu be: “Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.” (Ezra 7:10) De dzesi susu etɔ̃ si ta Ezra dzra eƒe dzi ɖo: be yeasrɔ̃ nu, ne yeatsɔe ade nuwɔna me, eye be yetsɔe afia nui. Ele be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.

Nusɔsrɔ̃ Wòanye Subɔsubɔnuwɔna

9, 10. (a) Mɔ kawo nue hakpala la tsɔ ɖe le Yehowa ƒe Nya me le? (b) Nukae Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘ame nade ŋugble’ fia? (d) Nukatae wòle vevie na mí be míabu Biblia sɔsrɔ̃ be enye “subɔsubɔnuwɔna”?

9 Hakpala la gblɔ be yetsɔ ɖe le Yehowa ƒe sewo, sededewo, kple ŋkuɖodzinyawo me. Edzi ha be: “Made ŋugble le wò sededewo ŋu, eye maɖe ŋku ɖe wò mɔwo. Mawú nye alɔ dzi ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu, eye made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa. Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.” (Psalmo 119:15, 48, 97, 99) Nukae “ŋugbledede” le Yehowa ƒe Nyaa ŋu fia?

10 Hebri-dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘ame nade ŋugble’ hã fia “ŋugblemeyiyi, tamebubu deto,” “nya dadakpɔ le susu me.” “Wozãnɛ na ŋugblemeyiyi le Mawu ƒe dɔwɔwɔwo . . . kple Mawu ƒe nyaa ŋu le ɖoɖoezizi me.” (Theological Wordbook of the Old Testament) Ŋkɔnya si nye “ŋugbledede” fia “hakpala la ƒe ŋugblemeyiyi,” Mawu ƒe sea “sɔsrɔ̃ le esi wòlɔ̃e ta,” eye wònye “subɔsubɔnuwɔna” nɛ. Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ si míabu be enye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe la na vevienyenye aɖe va kpe ɖe nusɔsrɔ̃ ƒe nyaa ŋu. Eyata ele be míawɔe ŋuɖɔɖɔɖotɔe eye gbedodoɖa nakpe ɖe eŋu. Nusɔsrɔ̃ nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe eye ɖe míesrɔ̃a nu be míatsɔ atu míaƒe tadedeagu ɖoe.

Mawu ƒe Nyaa Me Kuku Wòade To

11. Aleke Yehowa ɖea gbɔgbɔmenya goglowo fiaa eƒe amewoe?

11 Hakpala la tsɔ bubu deto gblɔ be: “Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ!” (Psalmo 92:6) Eye apostolo Paulo ƒo nu tso “Mawu ƒe nu gogloawo” ŋu, siwo nye nya deto siwo Yehowa ɖena fiana eƒe amewo ‘to eƒe gbɔgbɔ,’ si le dɔ wɔm le dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela dzi la dzi. (Korintotɔwo I, 2:10; Mateo 24:45) Dɔla ƒe ha la tsɔa veviedodo naa gbɔgbɔmenunyiamewo amewo katã—enaa “notsi” ame yeyewo gake enaa “nuɖuɖu sesẽ” “amesiwo tsi.”—Hebritɔwo 5:11-14.

12. Wɔ ‘Mawu ƒe nu goglo’ siwo me dɔla ƒe ha la ɖe ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

12 Be míate ŋu ase ‘Mawu ƒe nu goglo’ siawo me la, ele vevie be míasrɔ̃ nu gbedodoɖatɔe ahade ŋugble le eƒe Nyaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wota nyati nyui aɖe si fia alesi Yehowa ate ŋu awɔ nu le dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ me le ɣeyiɣi ɖeka me. Eƒe nublanuikpɔkpɔ mefia be egbɔdzɔ eƒe dzɔdzɔenyenye me o; ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nye eƒe dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia. Ne Yehowa le ʋɔnu drɔ̃m nuvɔ̃wɔla la, eléa nyaa kpɔna gbã be ate ŋu anɔ te ɖe Via ƒe tafevɔsaa dzi akpɔ nublanui hã. Ne nuvɔ̃wɔla la nye ame matrɔdzime alo ame dzeaglã la, Mawu ɖea mɔ dzɔdzɔenyenye wɔa eƒe dɔ eye mekpɔa nublanui si medze na nɛ o. Le mɔ eveawo siaa nu la, ewɔa nuteƒe le eƒe gɔmeɖose kɔkɔawo ŋudɔwɔwɔ me. * (Romatɔwo 3:21-26) ‘Oo, Mawu ƒe nunya me goglo loo!’—Romatɔwo 11:33.

13. Aleke wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe gbɔgbɔmenyateƒe xɔasi ‘gbogbo’ siwo wòɖe fia vaseɖe fifia ŋui?

13 Abe hakpala la ene la, alesi Yehowa gblɔa eƒe tamesusuwo na mí dzɔa dzi na mí ŋutɔ. Dawid ŋlɔ bena: “Nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o! Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke!” (Psalmo 139:17, 18) Togbɔ be sidzedze si su mía si egbea nye tamesusu siwo Yehowa aɖe afia yiɖase mavɔmavɔ me ƒe akpa kakɛ aɖe ko hã la, míekpɔa ŋudzedze deto ɖe gbɔgbɔmenyateƒe xɔasi ‘gbogbo’ siwo wòɖe fia vaseɖe fifia ŋu eye míayi edzi aku Mawu ƒe Nyaa me nu veviwo me ayi to.—Psalmo 119:160, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

Agbagbadzedze Kple Dɔwɔnu Nyuiwo Hiã

14. Aleke Lododowo 2:1-6 te gbe ɖe alesi wòhiã be woadze agbagba le Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ me dzii?

14 Biblia-nusɔsrɔ̃ deto bia agbagbadzedze. Nya sia ƒe nyateƒenyenye dze nyuie le Lododowo 2:1-6 xexlẽ nyuie me. De dzesi dɔwɔnya siwo nunyala Fia Salomo zã tsɔ te gbe ɖe agbagbadzedze si hiã hafi sidzedze, nunya, kple nugɔmesese si tso Mawu gbɔ nasu ame sii la dzi. Eŋlɔ bena: ‘Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.’ Ẽ, nusɔsrɔ̃ si me teƒeɖoɖo le bia numekuku, tomekuku, abe kesinɔnu si le to me dimee wole ene.

15. Biblia me kpɔɖeŋu kae te gbe ɖe alesi nusɔsrɔ̃mɔnu nyuiwo hiãe dzi?

15 Nusɔsrɔ̃ si tua ame ɖo le gbɔgbɔ me bia nusɔsrɔ̃mɔnu nyuiwo hã. Salomo ŋlɔ bena: “Ne lãnu tsi kpo, eye womenyre enu o la, ele be, woahe alɔkame.” (Nyagblɔla 10:10) Ne dɔwɔla zã lãnu si nu meɖa o alo mebi ɖe ezazã me o la, azã eƒe ŋusẽ ɖe yame eye eƒe asinudɔwɔwɔ mame o. Nenema ke viɖe siwo ado tso ɣeyiɣi si míazã atsɔ asrɔ̃ nui me anɔ vovovo, eye míaƒe nusɔsrɔ̃mɔnuwo dzie woanɔ te ɖo. Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ku ɖe alesi míatu míaƒe nusɔsrɔ̃mɔnuwo ɖoe le Theocratic Ministry School Guidebook * ƒe Nusɔsrɔ̃ 7 lia me.

16. Aɖaŋu nyui kawoe woɖo be wòakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu wòade to?

16 Hafi aɖaŋudɔwɔla aɖe nadze eƒe dɔ gɔme la, efɔa dɔwɔnu siwo wòahiã la dana ɖi. Nenema ke ne míaƒe nusrɔ̃ɣi ɖo la, ele be míatia nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu siwo míahiã tso mía ŋutɔwo ƒe agbalẽdzraɖoƒe ada ɖi. Esi míenya be nusɔsrɔ̃ nye dɔ eye wòbia susu ŋudɔwɔwɔ vevie ta la, enyo hã be míanɔ anyi alesi sɔ. Ne míedi be míaƒe susu nanɔ ŋute la, atiklã dzi nɔnɔ le kplɔ̃ ŋu asɔ nyuie wu aba dzi mɔmlɔ alo zikpui bɔbɔe me nɔnɔ. Ne èsrɔ̃ nua ɣeyiɣi aɖe la, ade dziwò be nàde lãmeka me alo ado yi gota axɔ ya.

17, 18. Wɔ alesi woazã nusɔsrɔ̃ dɔwɔnu nyui siwo li na wò la ƒe kpɔɖeŋuwo.

17 Nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu geɖe siwo ɖeke mesɔ kplii o hã li na mí. Esiawo dometɔ vevi aɖee nye New World Translation Biblia, si bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 37 me fifia. Ŋɔŋlɔ bubuwo diƒe, kple “Biblia ƒe Agbalẽwo ƒe Ðoɖo” si me woate ŋu akpɔ eŋlɔla ƒe ŋkɔ, afisi wòŋlɔe le, kple ɣeyiɣi si eŋɔŋlɔ xɔ la le New World Translation Biblia si sɔ na amesiame la me. Biblia me nyawo diƒe, megbenyawo, kple anyigba ƒe nɔnɔmetatawo hã le eme. Wota Biblia sia wòlolo ɖe gbegbɔgblɔ aɖewo me, si woyɔna be Reference Bible. Nusiwo katã míeyɔ va yi kple bubu geɖe, si dome etenuŋɔŋlɔ deto, siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu le la le eme. Ðe nèle esi le mia degbe me ŋudɔ wɔm bliboe be wòakpe ɖe ŋuwò nàku Mawu ƒe Nyaa me wòade to wua?

18 Nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu bubu si xɔ asi ŋutɔe nye Insight on the Scriptures, si nye Biblia-mekugbalẽ si le babla eve me. Ne agbalẽ sia le asiwò le gbe si gɔme nàte ŋu ase me la, ele be wòanɔ gbɔwò ɣesiaɣi si nèle nu srɔ̃m. Ana nàkpɔ Biblia me nyati geɖe ŋu nyatakaka detowo. Dɔwɔnu nyui sia tɔgbe enye agbalẽ si nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial.” Hafi nàdze Biblia me gbalẽ yeye aɖe xexlẽ gɔme la, anyo be nàdzro nusɔsrɔ̃ si do ka kplii le “All Scripture” ƒe agbalẽa me la me be nàkpɔ afisi nua dzɔ le kple eŋutinya, kpakple Biblia-gbalẽa me nyawo totoɖeme kple asixɔxɔ si le wo ŋu na mí. Nusi wotsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ dɔwɔnu geɖe siwo nye agbalẽwo ŋue nye Watchtower Library, si woate ŋu azã le kɔmpiuta dzi la le gbegbɔgblɔ asieke me fifia.

19. (a) Nukatae Yehowa na Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu nyuiwo mí? (b) Nukae hiã be woaxlẽ Biblia ahasrɔ̃e nyuie?

19 Yehowa to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la” dzi na dɔwɔnu siawo katã mí be woakpe ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu bene ‘woadi Mawu ŋuti sidzedze ne woƒe asi natui.’ (Lododowo 2:4, 5) Nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyuiwo kpena ɖe mía ŋu be míeva dzea si Yehowa nyuie eye be ƒomedodo nyui va nɔa mía kplii dome. (Psalmo 63:2-9) Ẽ, nusɔsrɔ̃ nye dɔ, gake enye dɔ si doa dzidzɔ na ame eye viɖe le eŋu. Ke hã exɔa ɣeyiɣi eye ɖewohĩ èle bubum be, ‘Afikae makpɔ ɣeyiɣi le be mavo ɖe nye Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu?’ Míaƒo nu tso akpa sia ŋu le nyati siawo ƒe mamlɛtɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 New International Dictionary of Old Testament Theology & Exegesis, Babla 4, axa 205-7.

^ mm. 12 Kpɔ August 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13, memama 7. Ate ŋu anye wò Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe be nàto nusɔsrɔ̃nyati eve siwo le tata ma me kpakple nyati siwo nye “Dzɔdzɔenyenye,” “Nublanuikpɔkpɔ,” kple “Nuteƒewɔwɔ” me le Biblia-mekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta me.

^ mm. 15 Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ye tae. Ne agbalẽ sia mele mia degbe me o la, àte ŋu akpɔ nusɔsrɔ̃mɔnuwo ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye August 15, 1993, axa 13-17; October 1, 1986, axa 27-9 tɔwo me.

Numetotobiabiawo

• Aleke míawɔ míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ navivi ahaɖe vii?

• Abe hakpala la ene la, aleke míaɖee afia be ‘míelɔ̃a nu le’ Yehowa ƒe Nyaa gbɔ o eye ‘míedea ŋugble le eŋu’?

• Aleke Lododowo 2:1-6 ɖee fia be agbagbadzedze hiã le Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ me?

• Nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu kawoe Yehowa na mí?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ŋugbledede le ɖoɖoezizi me kple gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu be míetua lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nyaa ɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Ðe nèwɔa nusɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnu siwo li la ŋudɔ bliboe tsɔ kua Mawu ƒe Nyaa me wòdea toa?