Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woyram Kple Domenyinu Tɔxɛ Aɖe

Woyram Kple Domenyinu Tɔxɛ Aɖe

Agbemeŋutinya

Woyram Kple Domenyinu Tɔxɛ Aɖe

ABE ALESI CAROL ALLEN GBLƆE ENE

Nye ɖeka metsi anyi helé nye agbalẽ dzeani yeyea ɖe asi goŋgoŋ. Vɔvɔ̃ ɖom, eye aɖatsi nɔ gegem le mo nam. Nya lae nye be, nyɔnuvi ƒe adre vi ko menye hebu le duta, le ame akpe geɖe dome!

NYITSƆ laa, si anye ƒe 60 kloe megbe la, megaɖo ŋku ɖevime nudzɔdzɔ mawo dometɔ geɖe dzi nyuie, eye mɔ si mía kple srɔ̃nye Paul míezɔ yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe dzeani si le Patterson, New York, gbɔe wòtso be mete ŋu gaɖo ŋku nudzɔdzɔ mawo dzi. Wokpee yi afima be wòade Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe suku ƒe klass evelia.

Esi míenɔ ŋku lém ɖe amedzroxɔƒea si ɣe klẽ ɖo me la, mekpɔ nukpɔkpɔ aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be “TAKPEKPEWO.” Ðevi kpɔdzidzɔ aɖewo siwo do nye ɖevimegbalẽa ɖe dzi le foto si le amadede ɣi kple yibɔ me la le titina lɔƒo! Mexlẽ nusi woŋlɔ ɖe fotoa xa enumake si nye: “Ƒe 1941—Le St. Louis, Missouri, esi ŋdi ƒe wɔnawo wu enu la, ɖevi 15,000—siwo xɔ ƒe 5 vaseɖe 18 la—ƒo ƒu ɖe fefewɔƒea le nuƒolanɔƒea ŋgɔ tututu. . . . Nɔviŋutsu Rutherford ɖe gbeƒãe be woɖe agbalẽ yeye si nye Children ɖe go.”

Wona ɖeka ɖevi ɖesiaɖe. Emegbe ɖeviawo gatrɔ yi afisi wo dzilawo nɔ anyi ɖo—negbe nye ɖeka ko. Mebu! Anyinɔƒedzikpɔla vividoɖeameŋula aɖe kɔm ɖo nudzɔɖaka kɔkɔ aɖe dzi hegblɔ nam be matsa ŋku adi amesi menya. Metsi dzodzodzoe henɔ ŋku tsam le ameha gbogbo siwo nɔ yiyim le atrakpui gbadza la dzi dome. Kasia mekpɔ ame aɖe si menya! “Tɔɖia Bob! Tɔɖia Bob!” Wokpɔm! Bob Rainer kɔm yi afisi dzinyelawo tsi dzi nɔ lalam le.

Blemanudzɔdzɔ Siwo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Nye Agbe Dzi

Fotoawo kpɔkpɔ na meɖo ŋku nu geɖe dzi—wonye nudzɔdzɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi eye wowɔe be meva ɖo Patterson dɔwɔƒe dzeania. Ena meɖo ŋku nusiwo dzɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia siwo ŋu nya mese vevietɔ tso tɔgbuinye kple mamanye kpakple dzinyelawo gbɔ la dzi.

Le December 1894 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi, ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe va tɔgbuinye, Clayton J. Woodworth, gbɔ le eƒeme le Scranton, Pennsylvania, U.S.A. Clayton ɖe srɔ̃ medidi o. Eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Charles Taze Russell, eye wotae ɖe June 15, 1895, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me. Egblɔ be:

“Atsu kple asi siwo nye sɔhɛwoe míenye eye míele sɔlemeha aɖe me anɔ ƒe ewo enye sia; gake míeka ɖe edzi fifia be míele dodom le eƒe vivitia me le gegem ɖe ŋu yeye si le kekem fifia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe vi siwo ŋu wokɔ la ƒe kekeli me. . . . Xoxoxo hafi míava nya mía nɔewo la, enye míaƒe didi vevie be míanye dutanyanyuigblɔlawo le dutanyigba dzi asubɔ Aƒetɔ la, ne enye eƒe lɔlɔ̃nu ko.”

Emegbe le ƒe 1903 me la, Sebastian kple Catherine Kresge siwo nye danye tɔgbuia kple mamaa tsɔ dzidzɔ se Biblia ƒe gbedasi si Gbetakpɔxɔ teƒenɔla eve tsɔ va agble gã si dzi wonɔ le Pocono To dzeaniawo dzi le Pennsylvania. Wo vinyɔnu siwo nye Cora kple Mary hã nɔ afima kple wo srɔ̃, siwo nye Washington kple Edmund Howell. Gbetakpɔxɔ teƒenɔla siwo nye Carl Hammerle kple Ray Ratcliffe nɔ wo gbɔ kwasiɖa blibo ɖeka hefia nu geɖe wo. Ƒome sia me tɔ adeawo katã se nyaa, wosrɔ̃ nu, eye eteƒe medidi o wova zu Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuwo.

Le ƒe ma si nye ƒe 1903 me la, Cora kple Washington Howell dzi vinyɔnu si wotsɔ ŋkɔ na be Catherine. Alesi wòdzɔe be wòva ɖe fofonye Clayton J. Woodworth, Suetɔ, nye ŋutinya lédziname aɖe, eye meka ɖe edzi be gɔmesese le eŋu. Eɖe nukpɔkpɔ yi ŋgɔ lɔlɔ̃tɔe kple dzila ƒe ɖetsɔleme si nɔ tɔgbuinye Clayton J. Woodworth, Tsitsitɔ, si fia.

Wokpe Ðe Fofonye Ŋu Lɔlɔ̃tɔe

Wodzi fofonye, Clayton suetɔ, le Scranton le ƒe 1906 me, le afisi gbɔ didi kilometa 80 alo wu nenema tso Howell ƒomea ƒe agble gbɔ. Le ƒe mawo me la, Tɔgbui Woodworth dze si Howell ƒome gã la nyuie, eye wowɔa amedzro nɛ nyuie zi geɖe. Ekpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe hame si nɔ nuto ma me ŋu vevie. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, womia asi Tɔgbui be wòava kpɔ Howell viŋutsu etɔ̃awo ƒe srɔ̃ɖeɖe wɔnawo dzi, eye esi eya ŋutɔ viŋutsu ƒe nyonyo nɔ susu me nɛ ta la, ekpɔa egbɔ be yekplɔe ɖe asi yi srɔ̃kpeƒe siawo dometɔ ɖesiaɖee.

Papa menɔ gome kpɔm le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dɔwɔna me vevie ɣemaɣi o. Nyateƒe wònye be ekua Tɔgbui yia eƒe subɔsubɔdɔwo wɔƒe ya, gake togbɔ be Tɔgbui dea dzi ƒo na Papa hã la, mekpɔa gome le eme vevie o. Ɣemaɣi la, fofonye ƒe ɖetsɔtsɔ le haƒoƒo me ƒo nu bubuwo katã ta, eye enɔ agbagba dzem be wòazu yeƒe dɔwɔɖui.

Catherine si nye Cora kple Washington Howell vinyɔnu hã zu hadzila bibi aɖe, eye eƒoa saŋku gafianɛ hã. Gake esi wòsusɔ vie mɔnukpɔkpɔ nasu esi wòazu eƒe dɔwɔɖui la, eɖe asi le dɔ ma ŋu va te gomekpɔkpɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Kpeɖeŋutɔ aɖeke magate ŋu anɔ susu me na Tɔgbui na viaŋutsu wui o—le nye nukpɔkpɔ nu ya teti! Papa xɔ nyɔnyrɔ, eye wòɖe Dada ɣleti ade megbe, le June 1931 me.

Dzi dzɔa Tɔgbui ŋutɔ le viaŋutsua ƒe haƒoƒo ŋutetea ta. Dzi dzɔe ale gbegbe esi wobia tso Papa si be wòana hehe takpekpe me saŋkuƒoha gã la ƒe akametiwo na ƒe 1946 dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Cleveland, Ohio. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Papa nɔ saŋkuƒoha la nu le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã bubu geɖe me.

Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Tɔgbui Kple Eƒe Gamenɔnɔ

Mía kple Paul míegakpɔ foto bubu si dze le axa kemɛa le Patterson-amedzroxɔƒea. Mekpɔ fotoa dze sii enumake elabena Tɔgbui ɖo ɖeka ɖem ƒe 50 kple edzivɔ sɔŋ enye esia. Eyae nye amesi tsi tre ɖe ɖusime ɖaa.

Le dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme si nɔ anyi le Xexemeʋa I wɔɣi ta la, wode Biblia Nusrɔ̃vi enyi—siwo dome Joseph F. Rutherford (enɔ anyi le titina), si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla, nɔ la—gaxɔ me madzemadzee eye wogbe be womada megbe na wo o. Nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu nɔ te ɖe nya aɖewo siwo le Studies in the Scriptures ƒe babla adrelia, si woyɔ be The Finished Mystery me dzi. Wose nyagbɔgblɔawo gɔme vodadatɔe be mede United States ƒe gomekpɔkpɔ le Xexemeʋa I me dzi o.

Charles Taze Russell tsɔ ƒe geɖe ŋlɔ Studies in the Scriptures ƒe babla ade gbãtɔawo, gake eva ku ale be mete ŋu ŋlɔ adrelia o. Eyata wotsɔ eƒe nuŋlɔɖiwo na Tɔgbui kple Biblia Nusrɔ̃vi bubu, eye woŋlɔ babla adrelia. Woɖee ɖe go le ƒe 1917 me, hafi aʋaa wu enu. Le ʋɔnua la, wobu fɔ Tɔgbui kple ame bubuawo dometɔ akpa gãtɔ ɖe nu ene ta eye wotso afia be woanɔ game ƒe 20 ɖe fɔbubuawo dometɔ ɖesiaɖe nu le ɣeyiɣi ɖeka me.

Nusi woŋlɔ ɖe fotoa xa le Patterson-amedzroxɔƒea gblɔ be: “Ɣleti asieke le esi wotso nya me be Rutherford kple ehatiwo nanɔ game megbe—eye aʋaa ke—si nye March 21, 1919, dzi la, nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ɖe gbe be woada megbe na ame enyi siwo nu wotso la katã, eye le March 26 lia dzi la, woɖe asi le wo ŋu le Brooklyn eye wotsɔ dɔlar 10,000 da megbe na wo dometɔ ɖesiaɖe. Le May 5, 1920, dzi la, woɖe J. F. Rutherford kple ame bubuawo le nya me keŋkeŋ.”

Hafi woakplɔ ame enyia ayi dukɔa ƒe gakpɔ me le Atlanta, Georgia, le gamenɔnɔ ƒe afiatsotso na wo megbe la, wozã woƒe gamenɔɣia ƒe ŋkeke gbãtɔwo le Raymond Street gaxɔ me le Brooklyn, New York. Tɔgbui ŋlɔ agbalẽ tso afima eye wògblɔ be wode yewo gaxɔ si ƒe didime kple kekeme nye afɔ ade kple enyi me “le ɖiƒoƒo kple tɔtɔ manyagblɔ aɖe me.” Egblɔ be: “Woli kɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo ɖi, eye ne èkpɔe gbã hesusu be womenye naneke o la, madidi hafi nàva kpɔe be agbalẽ siawo kple adzalẽ kpakple tsiletse dzie yeƒe dzadzɛnyenye kple bubu si anɔ ye ŋu la nɔ te ɖo o.”

Ke hã nukokoedoame mebu ɖe Tɔgbui o, eye eyɔ gaxɔa be enye “Raymondie Amedzrodzeƒe,” eye wògblɔ be, “madzo le afisia ne nye amedzrodzeɣia wu enu ko.” Eƒo nu tso zɔzɔ le xɔxɔnua hã ŋu. Gbeɖeka esi wòtɔ vie be yeavu ɖa la, gaɖeleameŋula aɖe ɖe eƒe kotoku me gaƒoɖokui, gake eŋlɔ be: “Eŋu kɔsɔkɔsɔa tso ale be mexɔ nye nu.” Esi meɖi tsa yi Brooklyn Betel le ƒe 1958 me la, Grant Suiter, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe gadzikpɔla ɣemaɣi, yɔm yi eƒe ɔfis eye wòtsɔ gaƒoɖokui ma nam. Megadea asixɔxɔ eŋu kokoko.

Ŋusẽ si Wòkpɔ Ðe Papa Dzi

Esime wode Tɔgbui game le ƒe 1918 me la, ƒe 12 koe fofonye xɔ. Mamanye tu woƒe aƒea eye wòkplɔe ɖe asi woyi ɖanɔ dadaa kple nɔvianyɔnu etɔ̃ gbɔ. Mama ƒe tɔgbuiŋkɔe nye Arthur, eye ƒomea gblɔna be yewoƒe ƒometɔ ɖeka, si nye Chester Alan Arthur, ye nye United States dukplɔla 21 lia.

Esi wobu fɔ Tɔgbui Woodworth hedee game ƒe gbogbo ɖe hlɔ̃nu siwo wobe ewɔ ɖe United States ŋu vɔ la, edze ƒã be Arthur-ƒomea se le wo ɖokui me be edo vlo yewoƒe ƒomea ƒe ŋkɔ. Enye ɣeyiɣi si me nu te ɖe fofonye dzi ŋutɔ. Anye be nuwɔwɔ ɖe ame ŋu alea hãe wɔe be menɔ lɔlɔ̃m le gɔmedzedzea me be yeakpɔ gome le gaglãgbe subɔsubɔdɔa me o.

Esi woɖe Tɔgbui le game la, ekplɔ eƒe ƒomea yi aƒe gã aɖe me le Quincy Street le Scranton. Tso ɖevime ke la, menya aƒea—kpakple Mama ƒe agba dzeaniawo—nyuie. Míeyɔa wo be Mama ƒe agba kɔkɔewo elabena womeɖea mɔ be ame aɖeke naklɔ wo o negbe Mama dzaa ko. Esi Mama ku le ƒe 1943 megbe la, Dada kaa nu ɖe agba dzeani mawo me na amewo eye eya ŋutɔ hã zãa wo zi geɖe.

Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa Wɔwɔ Kple Ŋkubiã

Ŋkeke bubu le Patterson-kpoa dzi la, meke ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe foto aɖe ŋu wònɔ nu ƒom le ƒe 1919 Cedar Point, Ohio, takpekpea me. Ede dzi ƒo na amesiame le afima be woakpɔ gome dzonɔamemetɔe le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea me eye be woazã magazine yeye si woɖe ɖe go le takpekpea me, si nye The Golden Age. Tɔgbui ye wotia wònye emetola, eye eŋlɔa nyatiwo wotana ɖe eme kaka va ɖo ƒe 1940 ƒeawo me, esi wòsusɔ vie wòaku. Wotrɔ magazinea ƒe ŋkɔ le ƒe 1937 me zu Consolation eye wotrɔe zu Nyɔ! le ƒe 1946 me.

Aƒemee Tɔgbui ŋlɔa nuawo le le Scranton kple le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si gbɔ didi kilometa 240 le Brooklyn, eye eɖua kwasiɖa eve le teƒeawo dometɔ ɖesiaɖe. Papa gblɔ be yeɖo ŋku edzi be Tɔgbui ƒe agbalẽŋlɔmɔ̃a nɔa ɖiɖim le ga atɔ̃ me le fɔŋli geɖe me. Ke hã Tɔgbui bua gomekpɔkpɔ le gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔa hã me agbanɔamedzi vevii. Le nyateƒe me la, etɔ ŋutsuwo ƒe dziwui aɖe si me kotoku gãwo le si me woate ŋu ade Biblia-srɔ̃gbalẽwoe. Ðeka gale daɖia Naomi Howell si xɔ ƒe 94 la si kokoko. Ewɔ akplo hã na nyɔnuwo.

Gbeɖeka le Biblia me dzeɖoɖo vivi aɖe megbe la, Tɔgbui ƒe zɔhɛ le gbeadzi gblɔ be: “C. J., èwɔ vodada ɖeka.”

Tɔgbui biae be: “Vodada ka?” Eƒo asi ɖe eƒe dziwui kotokuwo me. Kotoku eveawo katã ɖi gbɔlo.

“Èŋlɔ be mègblɔ The Golden Age nudɔdɔwɔwɔ ƒe nya nɛ o.” Woko nu ŋutɔ le alesi nuŋɔŋlɔmetola ŋlɔ be meƒo nu tso magazine si ŋuti dɔ wòwɔna ŋu o ta.

Nusiwo Dzɔ esi Menɔ Tsitsim

Meɖo ŋku edzi be menɔ anyi ɖe Tɔgbui ƒe ata dzi kpɔ le ɖevime eye nye asi sue la nɔ etɔ me wònɔ “Asibidɛ Ŋutinya” gblɔm nam. Edze egɔme tso “Degblefetsu” dzi yi “Teƒefiala” dzi, eye wògblɔ nya tɔxɛ aɖewo tso asibidɛ ɖesiaɖe ŋu. Emegbe egbɔ dzi ɖi ŋlɔ asibidɛawo katã ɖekae hegblɔ nufiame si le ŋutinyaa me be: “Wowɔa dɔ nyuie ne wowɔ ɖeka, eye ɖesiaɖe kpena ɖe mamlɛawo ŋu.”

Esi dzinyelawo ɖe wo nɔewo vɔ la, woʋu yi Cleveland, Ohio, eye wova zu Ed kpakple Mary Hooper xɔlɔ̃ veviwo. Woƒe ƒomewo nye Biblia Nusrɔ̃viwo tso ƒe alafaa ƒe gɔmedzedze. Tsi metoa dzinyelawo kpakple Nyrui Ed kple Daɖia Mary, si nye alesi meyɔa woe la, dome o. Hooper-ƒomea ƒe vi ɖeka hɔ̃ si nɔ wo si si nye nyɔnuvi la ku, eyata esi meva do le ƒe 1934 me la, mezu “vinyɔnu” tɔxɛ na wo. Esi wònye gbɔgbɔmenɔnɔme ɖɔʋu sia mee wonyim le ta la, meɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ hafi xɔ ƒe enyi.

Biblia xexlẽ nye nye ɖevimegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Alesi woɖɔ agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me le Yesaya 11:6-9 nye ŋɔŋlɔawo me nya siwo doa dzidzɔ nam wu la dometɔ ɖeka. Zi gbãtɔ si mexlẽ Biblia bliboa wu enu enye le ƒe 1944 me, esime American Standard Version ƒe tata tɔxɛ si woɖe ɖe go le Buffalo, New York, takpekpe gã me su asinye wònye nye ŋutɔ tɔnye. Dzi dzɔm ale gbegbe be mete ŋu xlẽ gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ɖo teƒe 7,000 kloe siwo wòle be wòadze le la le “Nubabla Xoxoa” me!

Kwasiɖanuwuwuwo nye dzidzɔɣeyiɣiwo. Dzinyelawo kple Hooper-ƒomea kplɔam ɖe asi míeɖaɖia ɖase le kɔƒenutowo me. Míetsɔa ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi heɖuna le tɔsisi aɖe to. Emegbe míeyia ame aɖe ƒe agble dzi heƒoa Biblia me nuƒo si míekpe nutoa me tɔwo katã be woava se la le dutoƒo. Míenɔ agbe si le bɔbɔe. Ƒomeawo wɔa ɖeka kpɔa dzidzɔ. Emegbe amesiawo siwo nye ƒomea xɔlɔ̃wo dometɔ geɖe va zu dzikpɔla mɔzɔlawo, eye wo dometɔ aɖewoe nye Ed Hooper, Bob Rainer, kple viaŋutsu eveawo. Richard Rainer gakpɔtɔ le dɔ sia wɔm, eye srɔ̃a Linda kpena ɖe eŋu.

Dzomeŋɔliwo nye dzidzɔɣeyiɣi vevi aɖewo. Mía kple danye nɔviwo ƒe viwo míenɔa Howell-ƒomea ƒe agble dzi. Dagãnye ƒe vi Grace ɖe Malcom Allen le ƒe 1949 me. Nyemenya kura be mava ɖe nɔviaŋutsu le ƒe aɖewo megbe o. Nyruinye ƒe vi Marion nye dutanyanyuigblɔla le Uruguay. Eva ɖe Howard Hilborn le ƒe 1966 me. Danye nɔviwo ƒe vi siawo kple wo srɔ̃ŋutsuwo subɔ le Brooklyn-dɔwɔƒegã la ƒe geɖe.

Tɔgbui Kple Nye Sukunuwuwu

Esime menɔ suku kɔkɔ dem la, Tɔgbui lɔ̃a agbalẽ ŋɔŋlɔ nam. Ƒomea ƒe foto xoxo geɖe siwo megbe wòŋlɔ nyatakaka detowo ɖo eye wonye ƒomea ƒe ŋutinya la nɔa eƒe lɛtaawo me. Nenemae wòdzɔe be foto si wo kple ame bubu siwo wode game madzemadzee ƒe ɖe va su asinye.

Kaka ƒe 1951 ƒe nuwuwu naɖo la, kansa gblẽ nu le Tɔgbui ƒe vehlo ŋu ale be mete ŋu gaƒoa nu o. Eƒe susu gaɖea abla pɛpɛpɛ, gake ele nɛ be wòaŋlɔ eƒe nyawo ɖe nuŋlɔɖigbalẽ sue si nɔa eŋu dzi. Suku kɔkɔ ƒe klass si menɔ la ake mɔ le sukuɣeyiɣia ƒe domedome le January 1952 me. Le December ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, meŋlɔ nye sukunuwuwu nuƒo ɖo ɖe Tɔgbui. Eto eme hede dzesi nanewo ɖe edzi eye wòŋlɔ nya kpui si de dzi gbɔ nam ŋutɔ ɖe axa mamlɛtɔ be: “Edzɔ dzi na Tɔgbui.” Ewu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu esime wòxɔ ƒe 81, le December 18, 1951, dzi. * Megadea asixɔxɔ nye sukunuwuwu nuƒo xoxo ma si ƒe axa mamlɛtɔ dzi nya kpui mawo le la ŋu kokoko.

Esi mewu suku nu teti ko la, mege ɖe mɔɖeɖedɔa me, si nye alesi Yehowa Ðasefowo yɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔae. Le ƒe 1958 me la, mede takpekpe gã si wowɔ le New York City, afisi ame gbogbo si sɔ gbɔ de 253,922 eye wotso dukɔ 123 me la yɔ Yankee Stadium kple Polo Grounds le. Afimae gbeɖeka medo go vavala aɖe si tso Afrika le eye wòkpla akɔtagbalẽvi si dzi woŋlɔ “Woodworth Mills” ɖo. Wotsɔ Tɔgbui ƒe ŋkɔ nɛ ƒe 30 siwo do ŋgɔ!

Dzi Dzɔam le Nye Domenyinua Ta

Danye gadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake esime mexɔ ƒe 14. Mɔɖela wòkpɔtɔ nye esime wòku ƒe le 40 megbe, le ƒe 1988 me! Papa kpɔa gome le mɔɖeɖedɔa me le ɣeyiɣi siwo me wòate ŋui. Eku ɣleti asieke do ŋgɔ na Dada. Amesiwo míesrɔ̃ nu kplii va zu mía xɔlɔ̃ veviwo le agbe me. Wo vi ŋutsu aɖewo yi ɖasubɔ le dɔwɔƒegã le Brooklyn, eye bubuwo ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me.

Ƒe 1959 nye ƒe tɔxɛ aɖe nam. Ɣemaɣie woɖem fia Paul Allen. Woɖoe dzikpɔla mɔzɔlae le ƒe 1946 me esime wòdo le Gilead ƒe klass adrelia, si nye suku si me wonaa hehe Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo le. Esime míedo go mía nɔewo la, mía dometɔ aɖeke menya be teƒe si woagaɖo Paul ɖo la anye Cleveland, Ohio, afisi menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le o. Papa lɔ̃e, eye Dada hã lɔ̃e nenema ke. Míeɖe mía nɔewo le July 1963 me le Howell-ƒomea ƒe agble dzi, eye míaƒe ƒomewo nɔ eteƒe ale be Ed Hooper kpɔ wɔnaawo dzi. Mɔkpɔkpɔ aɖe wònye va eme.

Ʋu menɔ Paul si kpɔ o. Esi míenɔ dzodzom le Cleveland yina ɖe teƒe bubu si woɖoe ɖo la, míaƒe nunɔamesiwo katã te ŋu nɔ nye VW-ʋu sue si wowɔ le ƒe 1961 me la me. Zi geɖe la, xɔlɔ̃wo va srãa mí kpɔna le Dzoɖagbewo, si nye ŋkeke siwo dzi míedzona yia hame bubu gbɔ, eye wova kpɔa míaƒe agbadeƒe. Ðeko wònɔna abe fefewɔƒe ene ne èkpɔ alesi mɔzɔkplo gãwo, sueawo, agbalẽgo, agbalẽŋlɔmɔ̃, kple nu bubuwo buna ɖe ʋu vi ma me.

Mía kple Paul míezɔa mɔ kilometa geɖe eye míesea vivi na fifi gbenɔnɔ me dzidzɔnyawo eye míedoa dzi le nɔnɔme madeamedziwo me—míewɔ nusianu le ŋusẽ si Yehowa nana me. Ƒe siwo me míeto nye dzidzɔƒewo, eye woyɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Yehowa, na mía nɔewo, kple na xɔlɔ̃ xoxowo kple yeyewo siaa. Vaseɖe fifia la, ɣleti eve siwo míetsɔ nɔ Patterson esi Paul nɔ hehe xɔm lae ɖe dzesi wu le míaƒe agbe me. Alesi mete ŋu te ɖe Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ŋu hekpɔe nyuie la ɖo kpe kakaɖedzi si wonam wònye nye domenyinu xɔasia ƒe akpa aɖe la dzi be: Mawu ƒe habɔbɔe nye esia nyateƒe. Dzidzɔnya ka gbegbee nye si wònye be menye eƒe akpa sue aɖe!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 44 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 15, 1952, axa 128.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Ed Hooper esi wòsusɔ vie woawɔ ƒe 1941 St. Louis takpekpe gã si me mexɔ “Children” gbalẽa le

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tɔgbui le ƒe 1948 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le Howell-ƒomea ƒe agble dzi esime dzinyelawo (togodoa me) ɖe wo nɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Biblia nusrɔ̃vi enyi siwo wode game madzemadzee le ƒe 1918 me (Tɔgbui ye tsi tre ɖe ɖusime ɖaa)

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Míaƒe xexemenunɔamesiwo katã te ŋu nɔ míaƒe VW-ʋu la me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye, Paul