Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mena Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye Nye Kpeɖeŋutɔa?

Ðe Mena Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye Nye Kpeɖeŋutɔa?

Ðe Mena Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye Nye Kpeɖeŋutɔa?

MAWU ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋuti nukpɔsusu vovovo ye le mawunyaŋununyalawo kple ame bubu geɖewo si. Gake asitsatsa le yame sia tɔgbe mehiã o. Biblia gblɔ nusi gbɔgbɔ kɔkɔea nye eme kɔ ƒã. Le esi teƒe be wòanye ame, abe alesi ame aɖewo gblɔna ene la, enye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ sẽŋu si wòzãna tsɔ naa eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme.—Psalmo 104:30; Dɔwɔwɔwo 2:33; 4:31; Petro II, 1:21.

Esi gbɔgbɔ kɔkɔea nye dɔwɔnu vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me ta la, ele be míana míaƒe agbenɔnɔ nanɔ ɖekawɔwɔ me kplii. Ele be míana wòanye míaƒe kpeɖeŋutɔ.

Kpeɖeŋutɔ—Nukatae Míehiãe?

Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe dzodzo le anyigba dzi, si wònɔ mɔ kpɔm na ŋu la, ena kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.” Egblɔ ake be: “Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.”—Yohanes 14:16, 17; 16:7.

Yesu de dɔ vevi aɖe asi na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW) Dɔ sia manye dɔ bɔbɔe kura o, elabena tsitretsiɖeŋu nu nɔ ge woala awɔe.—Mateo 10:22, 23.

Tsɔ kpe ɖe tsitretsiɖeŋu si atso egodo ava ŋu la, masɔmasɔ ƒomevi aɖe atso hamea hã me. Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Roma le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo be: “Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye mite mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.” (Romatɔwo 16:17, 18) Nɔnɔme sia nu asẽ ɖe edzi ne apostoloawo ku. Paulo xlɔ̃ nu be: “Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.”—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hiã be woate ŋu anɔ te ɖe kplamatsedonu siawo nu. Ena kpekpeɖeŋu sia to Yesu dzi. Le eƒe tsitretsitsi, le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi megbe la, ‘gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ eyomedzela siwo ade 120 la katã taŋtaŋ.’—Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:4.

Nusrɔ̃laawo kpɔe dze sii be gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe anyi le ŋkeke sia dzie nye kpekpeɖeŋu si ŋugbe Yesu do. Ðikekemanɔmee la, wose dzesidenu si Yesu na la gɔme nyuie azɔ: ‘Nyaxɔɖakɔla, gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.’ (Yohanes 14:26) Eyɔe hã be ‘nyaxɔɖakɔla, nyateƒe la ƒe gbɔgbɔ.’—Yohanes 15:26.

Aleke Gbɔgbɔa Nye Kpeɖeŋutɔe?

Mɔ vovovowo nue gbɔgbɔa anye kpeɖeŋutɔ le. Gbã, Yesu do ŋugbe be ana yeƒe nusrɔ̃lawo naɖo ŋku nya siwo yegblɔ na wo dzi. Nusi wòwɔnɛ yi ŋgɔ wu kpekpe ɖe wo ŋu be woaɖo ŋku nyawo dzi ko. Gbɔgbɔa akpe ɖe wo ŋu be nusiwo wòfia ŋuti gɔmesese deto kple viɖe si le wo ŋu nasu wo si. (Yohanes 16:12-14) Kpuie ko la, gbɔgbɔa akpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woase nyateƒea gɔme nyuie wu. Apostolo Paulo ŋlɔ emegbe bena: “Míawo la Mawu ɖee fia mí to eƒe [gbɔgbɔ] la dzi; elabena [gbɔgbɔ] la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.” (Korintotɔwo I, 2:10) Hafi Yesu yomedzela amesiaminawo nate ŋu ana sidzedze vavãtɔ nasu amewo si la, ele be gɔmesese deto nanɔ woa ŋutɔwo si.

Evelia, Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa, eye be woadoe ɖa edziedzi. Ne womenya nusi tututu woado gbe ɖa abia le ɣeyiɣi aɖewo me o la, gbɔgbɔa ate ŋu axɔ nya ɖe wo nu akpe ɖe wo ŋu. “Nenema ke [gbɔgbɔ] la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, míenyae o, gake [gbɔgbɔ] la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.”—Romatɔwo 8:26.

Etɔ̃lia, gbɔgbɔa akpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu woaʋli nyateƒea ta le gaglãgbe. Ena wonya be: “Woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo. Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge miala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge miala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe [gbɔgbɔ] lae nye amesi le nu ƒom le mia me.”—Mateo 10:17-20.

Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe amewo hã ŋu be woakpɔ Kristo-hamea adze sii eye wòaʋã emenɔlawo be woawɔ nyametsotso nyuiwo. Mina míadzro nyati sia ƒe akpa eve siawo me ayi ŋgɔ vie ahakpɔ vevienyenye si le eŋu na mí egbea.

Be Wòanye Dzesidenu

Yudatɔwo nye Mawu ƒe dukɔ tiatia nɔ Mose ƒe Sea te ƒe alafa geɖe. Esi wogbe Yesu xɔxɔ be enye Mesia la ta la, egblɔe ɖi be eteƒe madidi o woagbe woawo hã: “Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: ‘Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me’ o mahã? Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” (Mateo 21:42, 43) Esi woɖo Kristo-hamea anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Kristo yomedzelawo va zu ‘dukɔ si tsea eƒe ku la.’ Tso ɣemaɣi dzi la, hame sia dzie Mawu tsɔa eƒe nyawo tonɛ. Be amewo nate ŋu adze sii be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ trɔ yi ame bubuwo dzi la, Mawu na dzesidenu aɖe si woate ŋu akpɔ adze sii nyuie.

Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe nusrɔ̃laawo ŋu be wodo gbe si womesrɔ̃ kpɔ o, si wɔe be nukpɔlawo tsi yaa hebia be: “Aleke wɔ, eye mía dome amesiame le ye ŋutɔ degbe, si me wodzi mí ɖo la, sem mahã?” (Dɔwɔwɔwo 2:7, 8) Gbe masemase siwo wote ŋu do, hekpe ɖe ‘nukunu kple dzesi geɖe siwo apostoloawo wɔ’ ŋu na amesiwo ade akpe etɔ̃ va de dzesii be Mawu ƒe gbɔgbɔe nɔ dɔ wɔm vavã.—Dɔwɔwɔwo 2:41, 43.

Azɔ hã to ‘gbɔgbɔa ƒe ku’—siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu—tsetse dzi la, wova kpɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dze sii nyuie be wonye Mawu subɔlawo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ na Kristo-hame vavã ɖe dzesi kɔte. Yesu gblɔ ɖi be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

Kristo-hame gbãtɔa me tɔwo xɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame hewɔ kpekpeɖeŋu si wòna wo la ŋudɔ. Esi egbe Kristotɔwo nya be Mawu megale ame kukuwo fɔm ɖe tsitre hele nukunuwo wɔm fifia abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene o ta la, wonaa Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse dea dzesi wo be wonye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.—Korintotɔwo I, 13:8.

Kpeɖeŋutɔ le Ame Ŋutɔ ƒe Nyametsotsowo Wɔwɔ Me

Biblia nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔwo dometɔ ɖeka. Eyata ne míeɖe mɔ Biblia fia nu mí la, ɖeko wòle abe gbɔgbɔ kɔkɔeae le nu fiam mí ene. (Timoteo II, 3:16, 17) Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo. Gake ɖe míeɖea mɔ nɛa?

Ke le dɔwɔna alo dɔwɔɖui si míetia gome ya ɖe? Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míatsɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu akpɔ dɔ aɖe si míedi be míawɔ lae. Ele be míaƒe dɔwɔɖui nawɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo, eye nu nyuitɔ wue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míati teokrasi taɖodzinuwo yome. Le nyateƒe me la, fetu alo bubu kple ŋkɔ si le dɔa ŋu mele vevie boo o. Nusi le vevie wue nye be míakpɔ ne enye dɔ si ana míakpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo eye ɣeyiɣi geɖe kple mɔnukpɔkpɔ nagasu mía si míatsɔ akpɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo gbɔe.

Ele dzɔdzɔme nu, eye wòsɔ be woadi be woase vivi le agbe me. (Nyagblɔla 2:24; 11:9) Eyata Kristotɔ si da sɔ ate ŋu aɖe modzaka hena ɖiɖiɖeme kple vivisese. Gake ele be wòatia modzakaɖeɖe si me gbɔgbɔ ƒe kutsetsea dze le, ke menye esi me “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” le o. Paulo ɖe nu me be: “Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo.” Ele be míaƒo asa na ‘ŋkubiabiã ɖe bubu dzodzro ŋu, gedidi le mía nɔewo ŋu, ahana mía nɔewo ƒe nu nanɔ dɔme vem na mí.’—Galatiatɔwo 5:16-26.

Nenema ke wòle le xɔlɔ̃wo tiatia hã gome. Nunya le eme be míatsɔ gbɔgbɔmemenyenye ƒe nukpɔsusu atia woe, menye le gotagome dzedzeme alo nunɔamesiwo ta o. Edze ƒã be Dawid nye Mawu xɔlɔ̃, elabena Mawu ɖɔe be enye “ŋutsu, si dze [yeƒe] dzi ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 13:22) Esi Mawu metsɔ gotagome dzedzeme wɔ dɔe o ta la, etia Dawid wòzu Israel-fia le gɔmeɖose sia nu be: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:7, 8.

Xɔlɔ̃ akpe geɖe dome gblẽ elabena gotagome dzedzeme alo nunɔamesiwo dzie wotu wo ɖo. Xɔlɔ̃wɔwɔ siwo wotu ɖe kesinɔnu malikewo dzi me ate ŋu agblẽ enumake. (Lododowo 14:20) Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la xlɔ̃ nu mí be ne míele xɔlɔ̃ tiam la, ele be míatia esiwo akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa. Egblɔ na mí be míalɔ̃ nunana tsɔ wu nuxɔxɔ elabena dzidzɔ geɖe le nunana me wu. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ɣeyiɣi kple lɔlɔ̃ nye nusiwo xɔ asi wu siwo míate ŋu ana mía xɔlɔ̃wo dometɔ aɖewo.

Biblia na aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me Kristotɔ si le amesi wòaɖe la dim. Le mɔ aɖe nu la, ele gbɔgblɔm be: ‘Kpɔ nu yi ŋgɔ wu eƒe mo kple eƒe dzedzeme. Lé ŋku ɖe eƒe afɔwo ŋu.’ Afɔwoa? Ẽ, le susu sia nu be: Ðe wòle wo zãm tsɔ le Yehowa ƒe dɔ si nye nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔm, si wɔe be wonyo le eƒe ŋkumea? Ðe wodo nyateƒegbedasia kple ŋutifafa nyanyuia na woa? Míexlẽ be: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbeƒã xɔname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!”—Yesaya 52:7; Efesotɔwo 6:15.

Esi míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ’ me ta la, míehiã kpekpeɖeŋu hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Timoteo II, 3:1) Nyaxɔɖakɔla, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, na kpekpeɖeŋu sẽŋu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le woƒe dɔwɔwɔwo me, eye wònye kpeɖeŋutɔ na woa ŋutɔwo hã. Mawu ƒe Nya, si tso gbɔgbɔ kɔkɔea me, la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe nye mɔ vevi aɖe si dzi míawo hã míate ŋu ato ana gbɔgbɔ kɔkɔea nanye míaƒe kpeɖeŋutɔ. Ðe míele ewɔma?

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 23]