Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea?

Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea?

Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea?

MIGUEL, amesi nye Yehowa Ðasefo fifia le South Amerika gblɔ be: “Medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ade ƒe ɖeka kloe, eye Mawu Fiaɖuƒea ŋutinya gbɔgblɔ na ame bubuwo dzɔa dzi nam. Emegbe meva te subɔsubɔhawo ƒe wɔnawo sese le radio dzi eye menɔa mawunyagblɔlawo kpɔm le television dzi. Mebui be wɔna siawo akpe ɖe ŋunye be mase subɔsubɔha bubu me tɔwo ƒe nuwɔnawo gɔme nyuie wu. Mede dzesii be woƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Biblia o, gake ɖeko medi be manya.”

Le dukɔ ma ke me la, Jorge fiaa nu ame bubuwo tso tadedeagu vavãtɔ ŋu dzonɔamemetɔe. Gake ɣeaɖeɣi la, eya hã va te subɔsubɔwɔnawo sese le radio kple television dzi wɔnawo me. Egblɔna edziedzi be: “Ele be nànya nusi susum ame bubuwo le.” Ne wobia nyae tso nusi alakpanufiafia siawo sese ate ŋu agblẽ ŋu la, eɖoa eŋu be: “Naneke mate ŋu agblẽ amesi nya Biblia ƒe nyateƒea ƒe xɔse me o.” Nuteƒekpɔkpɔ siawo fɔ nyabiabia vevi aɖe ɖe te be, Ðe wònyo be woalé to ɖe nusi ame bubuwo xɔ se ŋua?

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Nyanya

Le apostoloawo ƒe ku megbe la, yeaɖi Kristotɔnyenye geɖe siwo va nɔ mo dom ɖa atraɖii la va ƒo ɖi tadedeagu vavãtɔ. Esi Yesu kpɔ esia do ŋgɔ ta la, egblɔ mɔ ɖeka si dzi míato ade vovototo alakpa Kristotɔnyenye siawo ƒomevi kple Kristotɔnyenye vavãtɔ dome. Gbã la, exlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.” Emegbe egblɔ kpee be: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.” (Mateo 7:15-23) Yesu yomedzela vavãwo tsɔa nusi wòfia wo wɔa dɔe, eye amewo ate ŋu atsɔ woƒe tsetse nyuiwo adze si woe bɔbɔe. Abe alesi Yesu ŋutɔ wɔe ene la, woyia amewo gbɔ va ɖea Mawu ƒe Fiaɖuƒea me na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, woɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame ƒe dunyahehe kple hadome masɔmasɔwo gbɔ. Woxɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya eye wodea bubu eŋu be enye nyateƒe. Woɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔ. Eye esi wodzea agbagba be yewoatsɔ lɔlɔ̃ si Mawu fiana awɔ dɔe ta la, womekpɔa gome le aʋawɔwɔwo me o. Ðe eteƒe la, wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe nɔviwo ene.—Luka 4:43; 10:1-9; Yohanes 13:34, 35; 17:16, 17, 26.

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woate ŋu “[akpɔ] vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.” (Maleaxi 3:18) Nyateƒe tadeagula siwo li egbea wɔ ɖeka le tamesusu kple nuwɔna me, abe alesi tututu wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome ene. (Efesotɔwo 4:4-6) Ne ènya kpɔ Kristotɔ vavã siawo ƒe ƒuƒoƒo dze sii ko la, nukatae wòle be nànɔ ŋku kem ɖe ame bubuwo ƒe dzixɔsewo me alo adi be yeanya nu tso wo ŋu?

Kpɔ Nyuie le Alakpanufialawo Ŋuti

Biblia gblɔ be le Biblia ƒe nyateƒea sɔsrɔ̃ megbe gɔ̃ hã la, alakpanufiafia ate ŋu aƒo ɖi ame le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.” (Kolosetɔwo 2:8) Aleke gbegbe mawunyakpukpui sia ɖe nɔnɔmea fia wòdze ƒã ale! Esi alakpanufialawo le abe lã wɔadã siwo le didim be yewoalé wò avuvu ene ta la, woate ŋu anye afɔku gã aɖe na mí.

Nyateƒee, apostolo Paulo de dzesi nusi ame bubuwo xɔ se. Edze nuƒo aɖe gɔme ɣeaɖeɣi be: “Mi Atene ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ. Elabena esi metsa le dua me, eye mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpui aɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: ‘Mawu, si womenya o la tɔe.’” (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23) Gake Paulo meva nɔ Hela xexemenunyafiala bibiwo ƒe nyawo xɔm de susu me edziedzi o.

Be ame nasrɔ̃ nu tso afisi alakpasubɔsubɔhawo kple woƒe dzixɔsewo dzɔ tso ŋuti nye nu ɖeka gake nusiawo xɔxɔ de susu me nye nu bubu kura. * Yehowa ɖo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be wòana nufiame si wotu ɖe eƒe Nyaa dzi. (Mateo 4:4; 24:45) Paulo ŋutɔ ŋlɔ bena: “Miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe míana Aƒetɔ la naʋã ŋua?”—Korintotɔwo I, 10:20-22.

Ðewohĩ alakpanufiala aɖewo anya nye Kristotɔ vavãwo tsã, gake wova ɖe asi le nyateƒea ŋu hetrɔ ɖe alakpa ŋu. (Yuda 4, 11) Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Esi Yesu ƒo nu tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha ŋu vɔ la, eƒo nu tso “dɔla vɔ̃ɖi” aɖe, si nye hatsotso aɖe si to nyatoƒoe be, “nye aƒetɔ la tsi anyi,” eye wòde asi ehati subɔlawo ƒoƒo me ŋu. (Mateo 24:48, 49) Zi geɖe la, nufiafia gobii aɖeke menɔa amesiawo kple wo yomedzelawo si o; ame bubuwo ƒe xɔse dome gbegblẽ koe nɔa vevie na wo. Apostolo Yohanes ŋlɔ tso wo ŋu bena: “Ne ame aɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o.”—Yohanes II, 10; Korintotɔwo II, 11:3, 4, 13-15.

Dzianukwaretɔ siwo le nyateƒea dim dzea agbagba be yewoade ŋugble le nusi yewosena tsoa subɔsubɔha vovovowo gbɔ la ŋu nyuie. Eteƒe madidi o, Mawu ayra dzianukwaretɔ siwo dia nyateƒe la. Biblia gblɔ le Mawu ƒe nunya ŋu be: “Ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema . . . wò asi atu sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:4, 5) Ne nyateƒe Kristotɔwo ƒe asi tu Mawu ŋuti sidzedze sia to Biblia kple Kristotɔwo ƒe hamea dzi eye wokpɔ alesi Yehowa yraa amesiwo sidzedze ma le mɔ fiamee la, womegayia edzi ɖoa to alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo o.​—Timoteo II, 3:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Xexeame ƒe subɔsubɔha geɖe ŋu nyatakaka vevi siwo ku ɖe afisi wodzɔ tso kple woƒe nufiafiawo ŋu le agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.