Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu

Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu

Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu

Yakobo 4:8 gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” Yehowa Mawu tsɔ Via na ɖe mía ta, tsɔ ɖe alesi gbegbe wòdi be amegbetɔwo nado ƒome kplikplikpli kpli ye fia.

LE NUWƆWƆ ɖe lɔlɔ̃ nuwɔna ma nu la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “[Míelɔ̃ Mawu], elabena etre mí lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:19) Gake be mía ŋutɔwo míate ɖe Mawu ŋu la, ele be míaɖe afɔ aɖewo. Wode sɔsɔ ge kple mɔ ene siwo dzi míetona tena ɖe havi amegbetɔwo ŋu, abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene. Mina míalé ŋku ɖe wo ŋu azɔ.

Lé Ŋku ɖe Mawu ƒe Nɔnɔme Wɔnukuwo Ŋu

Nɔnɔme wɔnuku geɖe le Mawu si, eye wo dometɔ siwo ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple ŋusẽ. Eƒe nunya kple ŋusẽ dzena le eƒe nuwɔwɔ siwo le dziŋgɔli me ʋĩ tso mía gbɔ kple nusiwo ƒo xlã mí me, tso ɣletivihatsotso gãwo dzi va ɖo nu suetɔ kekeakewo dzi. Hakpala la ŋlɔ bena: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.”—Psalmo 19:2; Romatɔwo 1:20.

Nuwɔwɔ hã ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ fiana. Le kpɔɖeŋu me, alesi Mawu wɔ míi la ɖee fia be edi be míase vivi le agbe me. Ena ŋutete mí be míakpɔ amadedewo, aɖɔ nu kpɔ ahaʋẽ nu se, ase vivi na hadzidzi, ako nu, akpɔ nu dzeaniwo, eye wòna ŋutete bubu geɖe kple nɔnɔme siwo mehiã tututu na agbenɔnɔ hafi o hã mí. Ẽ, Mawu nye dɔmenyotɔ, amenuvela, kple lɔlɔ̃tɔ vavã—eye ɖikeke mele eme o be nɔnɔme siawoe na wònye ‘dzidzɔ ƒe Mawu la.’—Timoteo I, 1:11; Dɔwɔwɔwo 20:35.

Edzɔa dzi na Yehowa be lɔlɔ̃ koŋ dzie yeƒe dziɖulanyenye kple alesi yeƒe nuwɔwɔ nyanuwo dea edzi la nɔ te ɖo. (Yohanes I, 4:8) Nyateƒee, Yehowae nye Xexeame Katã Dziɖulagã, gake ewɔa nu kple amegbetɔwo, vevietɔ esubɔla wɔnuteƒewo abe alesi fofo lɔlɔ̃tɔ wɔa nu kple viawo ene. (Mateo 5:45) Metea naneke si anyo na wo la wo o. (Romatɔwo 8:38, 39) Abe alesi míegblɔe va yi ene la, etsɔ eƒe Tenuvi gɔ̃ hã na ɖe mía ta. Ẽ, Mawu ƒe lɔlɔ̃ tae míele agbe eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si ɖo.—Yohanes 3:16.

Yesu na míekpɔ Mawu ƒe amenyenye dze sii wòde to elabena esrɔ̃ Fofoa pɛpɛpɛ. (Yohanes 14:9-11) Medi eɖokui tɔ kura o, enye nugɔmesenamela, kple ameŋubula. Wokplɔ ŋutsu aɖe si nye tokunɔ si mete ŋu ƒoa nu hã o la va Yesu gbɔe gbeɖeka. Àte ŋu akpɔe le susu me be ame dome nɔnɔ akpe ŋu na ŋutsua ŋutɔ. Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu ɖe kpɔ ŋutsu sia eye wòda dɔ nɛ le afima. (Marko 7:32-35) Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo bua wò seselelãmewo ŋu hedea bubu asixɔxɔ si le ŋuwò la ŋua? Ne nenemae la, ekema àte ɖe Yehowa kple Yesu ŋu godoo esi nèle nu geɖe srɔ̃m tso wo ŋu.

De Ŋugble le Mawu ƒe Nɔnɔmewo Ŋu

Nɔnɔme nyuiwo ate ŋu anɔ ame aɖe si, gake ehiã be míade ŋugble le amea ŋu hafi míate ŋu ate ɖe eŋu. Aleae wòle le Yehowa gome. Ŋugbledede le eƒe nɔnɔmewo ŋu nye afɔɖeɖe vevi evelia le tete ɖe eyama ŋu me. Fia Dawid, amesi lɔ̃ Yehowa nyateƒe eye ‘eƒe nu dze Yehowa ŋu’ gblɔ be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 13:22; Psalmo 143:5.

Ne èlé ŋku ɖe alesi nuwɔwɔwo wɔ nukui ŋu alo nèxlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖe nèdea ŋugble le nusiwo nèkpɔna hexlẽna ŋu abe Dawid enea? Tsɔe be ɖevi aɖe xɔ lɛta tso fofoa si gbɔ melɔ̃a nu le o gbɔ. Aleke wòabu lɛta mae? Le nyateƒe me la, mato emenyawo me dzradzradzra ko atsɔe aƒu gbe ɖe kplɔ̃ŋuɖaka me o. Ke boŋ adzro eme nyuie be yease egɔme tsitotsito. Nenema ke wòle be Mawu ƒe Nyaa naxɔ asi na míi abe alesi wòxɔ asi na hakpala la ene, amesi dzi ha be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—Psalmo 119:97.

Tu Dzeɖoɖo Nyui ƒe Kadodo Ðo

Dzeɖoɖo nyui ye léa ƒomedodo ɖesiaɖe ɖe te. Elɔ nuƒoƒo kple toɖoɖo—menye kple susu ko o ke kple dzi hã—ɖe eme. Míeƒoa nu na Wɔla la to gbedodoɖa, si nye nuƒoƒo na Mawu bubutɔe, dzi. Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo lɔ̃e hesubɔnɛ eye wolɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristoe nye Eteƒenɔla gãtɔ ƒe gbedodoɖawo ŋu.—Psalmo 65:3; Yohanes 14:6, 14.

Le blema ɣeyiɣiwo me la, Mawu ƒo nu kple amewo to mɔ vovovowo dzi, siwo dometɔ aɖewo nye le ŋutegawo kple drɔ̃ewo me, kpakple to mawudɔlawo dzi. Gake le ŋkeke siawo me la, eƒoa nu to eƒe Nya, Biblia Kɔkɔea, si woŋlɔ ɖi dzi. (Timoteo II, 3:16) Viɖe geɖe le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la ŋu. Woate ŋu ate ɖe eŋu ɣesiaɣi. Woate ŋu axlẽe edziedzi abe lɛta ene. Eye womate ŋu atro eme nyawo abe alesi wotroa nyasegblɔwo ene o. Eyata bu Biblia be enye lɛta gbogbo aɖewo siwo tso Fofowò lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo gbɔ, eye na wòaƒo nu na wò gbesiagbe to lɛta siawo dzi.—Mateo 4:4.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso alesi Yehowa bua nu nyui kple nu gbegblẽe ŋu. Eɖe eƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple na anyigba la fia. Eye eƒo nu tso alesi wòwɔ nu kple ame kple dukɔ vovovowoe ŋu, tso esubɔla wɔnuteƒewo dzi va ɖo futɔ veviwo dzi. Esi Yehowa na woŋlɔ alesi wòwɔ nu kple amegbetɔwo da ɖi alea la, eɖe eƒe amenyenye fia tsitotsito le mɔ si ɖe dzesi wu nu. Eɖe eƒe lɔlɔ̃, dzidzɔ, nuxaxa, ŋudzedzemakpɔmakpɔ, dziku, nublanuikpɔkpɔ, ɖetsɔleme—ẽ, eƒe tamesusuwo kple seselelãmewo, kple susu siwo tae wole nenema ɖo—katã fia le mɔ aɖe si nu amegbetɔwo ate ŋu ase wo gɔme le la nu.—Psalmo 78:3-7.

Ne èxlẽ Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa aɖe vɔ la, aleke nàwɔ akpɔ viɖe tso wò nuxexlẽa mee? Eye vevietɔ la, aleke nàte ɖe Mawu ŋu wu tsã? Gbã la, bu tame tso nusiwo nèxlẽ hesrɔ̃ tso amesi Mawu nye la ŋuti eye nàna nya veviawo naɖo wò dzi gbɔ. Emegbe gblɔ wò tamesusu kple alesi nèse le ɖokuiwò me tso nyati si nèsrɔ̃ ŋu kple alesi nàdze agbagba be wòaɖe vi na ye la na Yehowa le gbedodoɖa me. Emae nye dzeɖoɖo. Le nyateƒe me ne nu bubuwo hã le susu me na wò la, àte ŋu ade woawo hã gbedodoɖaa me.

Wɔ Nuwo Ðekae Kple Mawu

Biblia gblɔ le blema nuteƒewɔla aɖewo ŋu be wozɔ kple Mawu, alo wozɔ le eŋkume. (Mose I, 6:9; Fiawo I, 8:25) Ema gɔme ɖe? Vevietɔe nye be wonɔ agbe gbesiagbe abe ɖe Mawu le wo gbɔ tututu ene. Nyateƒe wònye be wonye nuvɔ̃mewo ya. Ke hã wolɔ̃ Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo, eye wonɔ agbe ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo nu. Yehowa tena ɖe amesiawo ƒomevi ŋu, eye wòtsɔa ɖe le eme na wo, abe alesi woɖee fia le Psalmo 32:8 ene be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”

Yehowa ate ŋu anye xɔlɔ̃ vevi na wò hã—amesi azɔ kpli wò, alé be na wò, eye wòaɖo fofo ƒe aɖaŋu na wò. Nyagblɔɖila Yesaya ɖɔ Yehowa be “enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, [eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato.” (Yesaya 48:17) Ne míele viɖe siawo kpɔm la, míasee le mía ɖokui me be Yehowa le “[míaƒe] nuɖusi me,” le kpɔɖeŋumɔ nu, abe alesi Dawid see le eɖokui me ene.—Psalmo 16:8.

Mawu ƒe Ŋkɔ—Nusi Eƒe Nɔnɔmewo Ðena Fiana

Subɔsubɔha geɖe kple Biblia gɔmeɖela siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi doa kpo Mawu ƒe ŋkɔ zazã kple ɖaseɖiɖi tso eŋu. (Psalmo 83:19) Ke hã le Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔa me la, ŋkɔ ma—Yehowa—dze zi gbɔ zi 7,000 lɔƒo! (Biblia gɔmeɖela akpa gãtɔ mewɔ nu wòto mɔ ɖeka o elabena esi woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa la, wogblẽ alakpamawu geɖe siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ le nuŋlɔɖi gbãtɔa me, abe Baal, Bel, Merodax, kple Satana gɔ̃ hã ɖe eme!)

Ame aɖewo se le wo ɖokui me be Mawu ƒe ŋkɔ si woɖe ɖa menye nu gã aɖeke o. Gake bu eŋu kpɔ: Ðe wòasesẽ loo alo anɔ bɔbɔe wu be woado ƒome kplikplikpli dodzidzɔname kple amesi si ŋkɔ mele oa? Dzesideŋkɔ siwo nye Mawu kple Aƒetɔ (siwo wozãna na alakpamawuwo hã) ate ŋu ahe ame ƒe susu ayi Yehowa ƒe ŋusẽ, tanyenye, alo ɖoƒe si le esi dzi, gake eƒe ŋkɔ koe dea dzesii wòɖea vovo kura. (Mose II, 3:15; Korintotɔwo I, 8:5, 6) Mawu vavã la ƒe ŋkɔ ɖea eƒe nɔnɔmewo fiana. Mawunyaŋununyala Walter Lowrie gblɔ wòsɔ nyuie be: “Amesi menya Mawu ƒe ŋkɔ o la, menya amesi ƒomevi wònye o.”

Bu Maria, amesi nye Katolikotɔ dovevienu si le Australia ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ ko. Esi Yehowa Ðasefowo do goe zi gbãtɔ la, Maria ɖe mɔ na Ðasefoawo wofia Mawu ƒe ŋkɔe le Biblia me. Aleke wòwɔ nui? “Zi gbãtɔ si mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me la, mefa avi. Alesi medze sii be mate ŋu anya Mawu ƒe ŋkɔ azãe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Maria yi Biblia-sɔsrɔ̃a dzi, eye zi gbãtɔ le eƒe agbe me la, eva nya be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ eye wòte ŋu do ƒome si anɔ anyi ɖaa kplii.

Ẽ, míate ŋu ‘ate ɖe Mawu ŋu,’ togbɔ be míate ŋu akpɔe kple míaƒe ŋku ŋutɔŋutɔ o hã. Míate ŋu “akpɔ” eƒe amenyenye nyui si ɖeke mesɔ kplii o la le míaƒe susu kple dzi me si awɔe be míaƒe lɔlɔ̃ na eyama natsi ɖe edzi. Lɔlɔ̃ sia ‘nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu blibo.’—Kolosetɔwo 3:14.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa Ðoa Lɔlɔ̃ si Le Asiwò Nɛ Teƒe

ƑOMEDODOWO nyea akpa eve nuwɔna. Ne míele tetem ɖe Mawu ŋu la, eya hã lɔ̃na tena ɖe mía ŋu wu. De ŋugble le alesi wòse le eɖokui me ɖe Simeon kple Hana siwo tsi, eye wonye ame eve siwo ŋu woƒo nu nyui le le Biblia me, ŋu kpɔ. Nyanyuiŋlɔla Luka gblɔ na mí be Simeon nye “ame dzɔdzɔe kple mawumeme” si nɔ Mesia la lalam. Yehowa kpɔ nɔnɔme nyui siawo dze sii le Simeon ŋu eye wòɖe lɔlɔ̃ fia ŋutsu tsitsi lɔlɔ̃tɔ sia heɖee fiae be “mele kuku ge, hafi akpɔ . . . Kristo o.” Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi eye wòna Simeon yi va do go Yesu si nye vidzĩ, esi Edzilawo tsɔe va gbedoxɔa me le Yerusalem. Simeon tsɔ dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ deto xɔ ɖevi la hedo gbe ɖa be: “Aƒetɔ, azɔ èdo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu; elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ.”—Luka 2:25-35.

“Le gaƒoƒo ma ke dzi” la, Yehowa ɖe lɔlɔ̃ si le esi na Hana si tsi xɔ ƒe 84 hã fia ale be wòna eya hã yi va do go Yesu. Biblia gblɔ na mí be ahosi vevi sia nɔa gbedoxɔa me ɣesiaɣi nɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm’ na Yehowa. Eɖe ŋudzedzekpɔkpɔ gbago fia, abe Simeon ene, heda akpe na Yehowa ɖe eƒe dɔmenyo tɔxɛ la ta, eye emegbe wòƒo nu tso ɖevia ŋu “na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.”—Luka 2:36-38.

Ẽ, Yehowa kpɔ alesi gbegbe Simeon kple Hana lɔ̃ eyama hevɔ̃nɛ kple alesi gbegbe wotsɔ ɖe le eƒe tameɖoɖo ƒe emevava mee la dze sii. Ðe Biblia me nuŋlɔɖi siawo metea wò ɖe Yehowa ŋu oa?

Yesu hã dzea si amewo ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ, abe Fofoa ke ene. Esime wònɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, ekpɔ “ahosi dahe” aɖe si tsɔ “lepta eve da ɖe” nudzɔɖaka me. Eƒe nunana maɖi naneke le nukpɔla bubuwo ŋkume o gake menye aleae Yesu ya bui o. Ekafu nyɔnu sia elabena etsɔ nusi katã nɔ esi la na. (Luka 21:1-4) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míetsɔ míaƒe nu nyuitɔ kekeakewo na wo, eɖanye be míaƒe nunanaa lolo alo le sue o.

Togbɔ be Mawu kpɔa dzidzɔ ɖe amesiwo lɔ̃e ŋu hã la, evenɛ ne amegbetɔwo trɔ le eŋu va le nu gbegblẽ wɔm. Mose I, 6:6 gblɔ na mí be ameƒomea ƒe nugbegblẽwɔwɔ do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ‘ɖu dzi’ na Yehowa ŋutɔ. Emegbe la, Psalmo 78:41 gblɔ be Israel-vi sẽtowo ‘te Mawu kpɔ eye wodo dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.’ Ẽ, Mawu menye “Nuwɔŋusẽ Gbãtɔ” aɖe si si seselelãmewo mele o si le adzɔge ʋĩ o. Enye ame ŋutɔŋutɔ, amesi ƒe seselelãmewo da sɔ alo amesi dzi blibomademade mete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖo abe míawo ene o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ŋugbledede le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nye mɔ ɖeka si dzi míato ate ɖe eŋu