Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Alé Agbenyuinɔnɔ Me Ðe Asi

Àte Ŋu Alé Agbenyuinɔnɔ Me Ðe Asi

Àte Ŋu Alé Agbenyuinɔnɔ Me Ðe Asi

“Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.”—YOHANES I, 5:3.

1. Vovototo kae wokpɔna le amewo ƒe agbenɔnɔ me egbea?

GBAÐEGBE kee gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Maleaxi wògblɔ nya ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava esime Mawu ƒe amewo ƒe agbenɔnɔ ato vovo sã na amesiwo mesubɔa Mawu o la tɔ. Nyagblɔɖila la ŋlɔ bena: “Miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.” (Maleaxi 3:18) Nyagblɔɖi ma le eme vam egbea. Mawu ƒe se, siwo dometɔ aɖe bia be míanɔ agbe nyui, la dzi wɔwɔe nye mɔ nyuitɔ si me nunya le be woazɔ ɖo le agbe me. Gake edzi zɔzɔ mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Susu nyui aɖe tae Yesu gblɔ be ele be Kristotɔwo naʋli sesĩe hafi akpɔ ɖeɖe ɖo.—Luka 13:23, 24.

2. Nyaƒoɖeamenu kawoe ƒo xlã mí siwo wɔe be agbedzadzɛnɔnɔ me léle ɖe asi sesẽ na ame aɖewo?

2 Nukatae agbedzadzɛnɔnɔ me léle ɖe asi mele bɔbɔe o. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be nyaƒoɖeamenuwo ƒo xlã mí. Modzakaɖedɔwɔƒewo naa gbɔdɔdɔ manɔsenu dzena abe nuwɔna si me dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese le, eye wònye nuwɔna deŋgɔ ene, gake wogblẽ emetsonu manyomanyoawo ya ɖi kura. (Efesotɔwo 4:17-19) Gbɔdɔdɔ nuwɔna siwo woɖena fiana dometɔ akpa gãtɔ yia edzi le ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la dome. Zi geɖe la, sinimawo kple television dzi wɔnawo ɖea gbɔdɔdɔ nuwɔna siwo yia edzi le amesiwo dome ɖoɖo aɖeke mele kura be yewoava ɖe yewo nɔewo o la dome fiana. Zi geɖe la, lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋu medzena le wo me o. Ame geɖewo kpɔ nuwɔna siawo tso woƒe ɖevime ke. Gawu la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu sẽŋu be woaƒo ame ɖokui ɖe ɖekematsɔlemegbenɔnɔ si le xexeame egbea me la li, eye ɣeaɖewoɣi la, woɖua fewu le amesiwo meƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna mawo me o la ŋu alo wodoa vlo wo gɔ̃ hã.—Petro I, 4:4.

3. Susu siwo ta ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me le xexeame dometɔ aɖewo ɖe?

3 Nyaƒoɖeamenu si le mía me hã wɔnɛ be agbedzadzɛnɔnɔ me léle ɖe asi sesẽna. Yehowa wɔ amegbetɔwo kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo, eye dzodzro mawo nu ate ŋu asẽ. Nusi ŋu míebuna wɔa akpa gã aɖe le nusi dzroa mí me, eye tamebubu siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe susuwo o kplɔa ame dea agbegbegblẽnɔnɔ me. (Yakobo 1:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa si wota ɖe British Medical Journal me gblɔ be ɖeko amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ nuwɔna me zi gbãtɔ dometɔ geɖe nɔ didim be yewoanya alesi tututu gbɔdɔdɔ le. Bubuwo susu be ame akpa gãtɔ siwo xɔ ƒe si yewoxɔ la kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me, eyatae woawo hã di be yewoaɖɔe akpɔ. Ame aɖewo hã gblɔ be yewoƒe seselelãmewoe kplɔ yewo de eme, alo be ɣemaɣi la, “yewomu aha vie.” Ne míedi be míawɔ nusi dzea Mawu ŋu la, ele be míaƒe tamesusu nato vovo. Tamebubu ka tɔgbee akpe ɖe mía ŋu be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

Tu Kakaɖedzi Sẽŋuwo Ðo

4. Be míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la, nukae wòle be míawɔ?

4 Be míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la, ele be míade dzesii be viɖe le agbenɔnɔ sia tɔgbe ŋu. Nya sia wɔ ɖeka kple nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo le Roma be: ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la ƒe kakaɖedzi nenɔ mia ŋutɔwo mia si.’ (Romatɔwo 12:2) Dzesidedee be viɖe le agbedzadzɛnɔnɔ ŋu lɔ nu geɖe ɖe eme wu enyanya dzaa ko be wotsri agbegbegblẽnɔnɔ le Mawu ƒe Nya la me. Elɔ susu siwo ta wotsri agbegbegblẽnɔnɔ kple alesi wòaɖe vi na mí ne míetsrii la gɔmesese ɖe eme. Míedzro susu siawo dometɔ aɖewo me le nyati si do ŋgɔ me.

5. Nu vevi ka tae wòle be Kristotɔ nadi be yealé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi?

5 Gake le nyateƒe me la, susu sẽŋutɔ kekeake siwo ta Kristotɔwo tsria gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ɖo la ku ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Míesrɔ̃e be enya nusi nye nyuitɔ kekeake na mí. Lɔlɔ̃ si le mía si nɛ akpe ɖe mía ŋu míalé fu nusi nye vɔ̃. (Psalmo 97:10) Mawu nye “nunana nyuiwo kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Elɔ̃ mí. Ne míeɖo toe la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e hekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo katã wòwɔ na mí la ŋu. (Yohanes I, 5:3) Negadzro mí gbeɖe be míada Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo dzi ahado dziku nɛ o. (Psalmo 78:41) Míedi be míawɔ nu le mɔ si awɔe be woagblɔ busunya ɖe eƒe subɔsubɔ kɔkɔe si le dzɔdzɔe la ŋu nu o. (Tito 2:5; Petro II, 2:2) Ne míelé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la, míana Ŋusẽkatãtɔ la nakpɔ dzidzɔ.—Lododowo 27:11.

6. Aleke wòkpena ɖe ame ŋu ne míena amewo nya nu tso míaƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo ŋu?

6 Ne míenya ɖoe kplikpaa be míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi ko la, nu bubu si akpɔ mía tae nye be míana ame bubuwo nanya nu tso míaƒe tameɖoɖoa ŋu. Na amewo nanya be Yehowa Mawu subɔlae yenye eye be yeɖoe kplikpaa be yealé eƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Wò agbee, wò ŋutilãe, wò nyametsotsoe. Nukae ɖo afɔku me? Ƒomedodo xɔasi si le mia kple wò Dziƒofofoa domee. Eyata na eme nakɔ ƒã be yemele yeƒe agbedzadzɛnɔnɔ me léle ɖe asi tsɔ ge aɖɔ li nanekee o. Nenye dada na wò be nànɔ Mawu teƒe alé eƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi. (Psalmo 64:11) Megakpe ŋu na wò gbeɖe be nàƒo nu tso wò agbenyuinɔnɔ dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo o. Nuƒoƒo tso eŋu ate ŋu ado ŋusẽ wò, akpɔ tawò, eye wòade dzi ƒo na ame bubuwo be woasrɔ̃ wò kpɔɖeŋu.—Timoteo I, 4:12.

7. Aleke míawɔ alé tame si míeɖo kplikpaa be míanɔ agbe dzadzɛ me ɖe asii?

7 Emegbe, ne míeɖoe kplikpaa be míalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ me ɖe asi eye míena amewo nya nu tso míaƒe tameɖoɖoa ŋu vɔ la, ele be míaɖe afɔ siwo awɔe be míalé míaƒe tameɖoɖoa me ɖe asi sesĩe. Mɔ siwo dzi míawɔ esia toe dometɔ ɖekae nye be míakpɔ nyuie ne míele xɔlɔ̃wo tiam. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” De ha kple amesiwo si wò agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo le; woado ŋusẽ wò. Ŋɔŋlɔ sia gblɔ hã be: “Ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) To mɔ sia mɔ nu nàƒo asa na amesiwo adi be yewoagblẽ wò tameɖoɖoa me alesi wòanya wɔ.—Korintotɔwo I, 15:33.

8. (a) Nukata wòle be míana míaƒe susu nanɔ nusiwo tua ame ɖo ŋu? (b) Nukae wòle be míaƒo asa na?

8 Gakpe ɖe eŋu la, ehiã be míana míaƒe susu nanɔ nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, le dzɔdzɔe, le dzadzɛ, dze na lɔlɔ̃, dze na gbɔgblɔ, nudzeamewɔwɔ, kple nusiwo dze na kafukafu la ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Míewɔa esia to nusiwo míekpɔna kple nusiwo míexlẽna kpakple ha siwo míesena tiatia me. Be míagblɔ be agbegbegblẽnɔnɔgbalẽwo mekpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi o sɔ kple gbɔgblɔ be agbenyuinɔnɔgbalẽwo mekpɔa ŋusẽ nyui aɖeke ɖe ame dzi o. Ðo ŋku edzi be amegbetɔ madeblibowo ate ŋu age ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me bɔbɔe. Eyata agbalẽ, magazine, sinima, kple hadzidzi siwo dea gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo ƒe dzi ƒo la nyɔa dzodzro gbegblẽwo ɖe mía me, eye mlɔeba nusiawo ate ŋu ana míawɔ nuvɔ̃. Be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi la, ele be míana mawumenunya naxɔ míaƒe susuwo me.—Yakobo 3:17.

Afɔɖeɖe Siwo Kplɔa Ame Dea Agbegbegblẽnɔnɔ Me

9-11. Abe alesi Salomo gblɔe ene la, afɔ kawoe ɖekakpui aɖe ɖe ʋɛʋɛʋɛ si kplɔe de agbegbegblẽnɔnɔ me?

9 Zi geɖe la, afɔɖeɖe siwo kplɔa ame dea agbegbegblẽnɔnɔ me dzena wokpɔna. Afɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖeɖe nana wòsesẽna ŋutɔ be woagbugbɔ ɖe megbe. De dzesi alesi woɖɔ esiae le Lododowo 7:6-23. Salomo kpɔ “ɖekakpuivi bometsila aɖe,” alo amesi si nukpɔsusu nyui mele o. Ðekakpuia le “tsatsam le kpɔdomee le [gbolo aɖe ƒe] dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm.” Afimae wòwɔ vodada gbãtɔ le. Le fiẽ gaƒoƒowo me la, menye kpɔdomee bubu aɖeke dzie eƒe ‘dzi’ ɖoe ɖo o, ke boŋ ɖe kpɔdomee, si wònya be afimae wokpɔa gbolowo le zi geɖe la dzi.

10 Emegbe míexlẽ be: “Kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe le gbolovɔ me va do goe, eye ayedzedze le tame nɛ.” Fifia, ekpɔ gboloa! Ate ŋu atrɔ megbe ayi aƒeme hafi, gake esia wɔwɔ sesẽ nɛ wu tsã, vevietɔ esi wògbɔdzɔ le agbenyuinɔnɔ me ta. Elée hegbugbɔ nu nɛ. Esi wòlɔ̃ wògbugbɔ nu nɛ vɔ la, eɖo toe se eƒe amenublenyawo azɔ be: “Egbea metsɔ akpedavɔsa xe nye adzɔgbeɖefe ɖe ɖokuinye nu.” Lã, wɔ, ami, kple wein, ye wotsɔna wɔa akpedavɔsae. (Mose III, 19:5, 6; 22:21; Mose IV, 15:8-10) Esi wòyɔ nusiawo la, anya nɔ eɖem fia be yekpɔtɔ le te le gbɔgbɔ me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, anya nɔ nanam wòanya be nu nyui geɖe le yeƒe aƒeme yewoaɖu ahano. Eƒo koko nɛ be: “Eyata na míano lɔlɔ̃ amu vaseɖe ŋdi, eye míaƒe dzeme nakɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me.”

11 Nusi ava do tso eme nyanya mesesẽ o. “[Etsɔ] eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lée.” Ekplɔe ɖo yi eƒeme “abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene,” eye “abe xevi, si zɔ ɖe mɔ̃ dzi” ene. Salomo wu enu kple nya si naa wobua tame siawo be: “Menyae be, yeƒe ku wònye o.” Elɔ eƒe luʋɔ, alo agbe ɖe eme, elabena “ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Hebritɔwo 13:4) Nusɔsrɔ̃ sẽŋu ka gbegbee nye si wònye na ŋutsuwo kple nyɔnuwo! Ele be míaƒo asa na afɔ gbãtɔ siwo gɔ̃ hã ɖeɖe ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.

12. (a) Nukae nya “bometsila” fia? (b) Aleke míawɔ atu agbenyuinɔnɔ ŋutete ɖo?

12 De dzesii be ɖekakpui si le nuŋlɔɖia me nye “bometsila.” Nyagbɔgblɔ sia le mía fiam be eƒe tamesusuwo, dzodzrowo, didiwo, seselelãmewo, kple taɖodzinuwo le agbe me mewɔ ɖeka kple nusi dzea Mawu ŋu o. Eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le agbenyuinɔnɔ me kplɔe de nuwɔna gbegblẽwo me. Le ‘ŋkeke mamlɛ’ sesẽ siawo me la, ebia agbagbadzedze be míatu agbenyuinɔnɔ ŋutete ɖo. (Timoteo II, 3:1) Mawu naa mɔnuɖoɖo si akpe ɖe mía ŋu. Eɖo Kristo-hamea ƒe kpekpewo anyi be wòade dzi ƒo na mí míazɔ mɔ dzɔdzɔea dzi eye be wòana kadodo nanɔ mía kple ame bubu siwo hã ƒe taɖodzinu wɔ ɖeka kple mía tɔ la dome. (Hebritɔwo 10:24, 25) Hamemegã siwo kplɔa mí hefiaa dzɔdzɔenyenyemɔwo mí la li. (Efesotɔwo 4:11, 12) Mawu ƒe Nya, Biblia, si afia mɔ mí la le mía si. (Timoteo II, 3:16) Eye mɔnukpɔkpɔ le mía si be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣiawo katã me.—Mateo 26:41.

Nusɔsrɔ̃ tso Dawid ƒe Nuvɔ̃wo Me

13, 14. Aleke Fia Dawid wɔ va ge ɖe nuvɔ̃ gã mee?

13 Gake nublanuitɔe la, Mawu subɔla ɖedzesiwo gɔ̃ hã nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Fia Dawid, amesi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe. Ðikeke aɖeke mele eŋu o be elɔ̃ Mawu vevie. Ke hã eva ƒo eɖokui ɖe nuvɔ̃ gã wɔwɔ me. Abe alesi wònɔ le ɖekakpui si ŋu Salomo ƒo nu tsoe gome ene la, afɔɖeɖe aɖewoe kplɔ Dawid de eƒe nuvɔ̃a me hena wòlolo wu ɖe edzi.

14 Dawid nye ame tsitsi ɣemaɣi, ɖewohĩ anɔ eƒe ƒe 50-awo ƒe gɔmedzedze me. Enɔ eƒe xɔta kpɔ nyɔnu dzetugbe Bat-Seba wònɔ tsi lem. Ebia nu tso eŋu henya amesi wònye. Eva nya be srɔ̃ŋutsua, Uriya, nɔ aʋagbedzi le Amon-viwo ƒe du si nye Raba me. Dawid na wokplɔe va eƒe fiasã me eye wòdɔ kplii. Nyaa va gblẽ ɖe edzi emegbe kura—nyɔnua va kpɔe be Dawid do fu ye. Dawid dɔ woɖayɔ Uriya tso aʋagbea dzi vɛ, henɔ mɔ kpɔm be wòatsi srɔ̃a gbɔ ŋu nake. Le mɔ ma nu la, adze abe Uriya ye nye Bat-Seba via fofo ene. Gake Uriya meyi eƒeme o. Esi Dawid tsɔ dzitsitsi di be yeatsyɔ nu yeƒe nuvɔ̃a dzi la, egbugbɔ ɖo Uriya ɖe Raba heŋlɔ agbalẽ de esi na asrafoawo ƒe ŋgɔnɔla be wòada Uriya ɖe akpa si woawui le. Esia wɔe be Uriya bu eƒe agbe, eye Dawid ɖe ahosia hafi amewo va nya be efɔ fu.—Samuel II, 11:1-27.

15. (a) Aleke woklo nu le Dawid ƒe nuvɔ̃a dzii? (b) Aleke Dawid wɔ nu ɖe mokaname si Natan nɛ aɖaŋutɔe la ŋui?

15 Edze abe tame si Dawid ɖo be yeatsyɔ nu yeƒe nuvɔ̃a dzi dze edzi nɛ ene. Ɣletiwo va yi. Wodzi via—enye ŋutsuvi. Ne nudzɔdzɔ sia nɔ susu me na Dawid hafi wòŋlɔ Psalmo 32 lia la, ke edze ƒã be eƒe dzitsinya ɖe fu nɛ ŋutɔ. (Psalmo 32:3-5) Gake nuvɔ̃a menɔ ɣaɣla ɖe Mawu o. Biblia gblɔ be: “Nusi Dawid wɔ la, medze Yehowa ŋu o.” (Samuel II, 11:27) Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe Dawid gbɔ eye wòtsɔ nusi wòwɔ ɖo ŋkume nɛ aɖaŋutɔe. Enumake Dawid ʋu eƒe nuvɔ̃ me eye wòɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake ye. Eƒe dzimetɔtrɔ vavã la na Mawu kpɔ nublanui nɛ. (Samuel II, 12:1-13) Dawid megbe mokanamea xɔxɔ o. Ke boŋ eɖe nɔnɔme si woɖɔ le Psalmo 141:5 fia be: “Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o.”

16. Nuxlɔ̃ame kple aɖaŋuɖoɖo kae Salomo na ku ɖe vodadawo ŋu?

16 Salomo, amesi nye Dawid kple Bat-Seba ƒe viŋutsu evelia anya de ŋugble le fofoa ƒe agbe me nudzɔdzɔ wɔnublanui sia ŋu. Eŋlɔ emegbe be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” (Lododowo 28:13) Ne míedze nuvɔ̃ gã me la, ele be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me, si nye nuxlɔ̃ame kple aɖaŋuɖoɖo siaa na mí. Ele be míaʋu nuvɔ̃a me na Yehowa ahayi hamemegãwo gbɔ ne woakpe ɖe mía ŋu. Hamemegãwo ƒe dɔ vevi aɖee nye be woaɖɔ amesiwo ge ɖe nuvɔ̃ me la ɖo.—Yakobo 5:14, 15.

Tenɔnɔ Ðe Nuvɔ̃ Me Tsonuwo Nu

17. Togbɔ be Yehowa tsɔa nuvɔ̃ kena hã la, nuka mee mekpɔa mía ta le o?

17 Yehowa tsɔ Dawid ƒe nuvɔ̃a kee. Nukatae? Le esi Dawid nye nuteƒewɔla tae, le esi wòkpɔ nublanui na amewo tae, eye le esi eƒe dzimetɔtrɔ nye vavãtɔ tae. Ke hã womekpɔ Dawid ta tso nu vɔ̃ɖi siwo do tso eme la me o. (Samuel II, 12:9-14) Nenemae wòle egbea hã. Togbɔ be Yehowa mehea nu vɔ̃ɖi vaa dzimetrɔlawo dzi o hã la, meɖea wo tsoa woƒe nuwɔna gbegblẽ me tsonuwo me o. (Galatiatɔwo 6:7) Nusiwo ate ŋu ado tso gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me dometɔ aɖewo nye srɔ̃gbegbe, gbɔmeyafufɔfɔ, nulɔdɔ, kple kakaɖeamedzi kple bubu si aklo le ame ŋu.

18. (a) Aleke Paulo gblɔ na Korinto-hamea be woakpɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ si gbɔ eme la gbɔe? (b) Aleke Yehowa ɖea lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ fiaa nuvɔ̃wɔlawoe?

18 Ne mía ŋutɔwo míewɔ nuvɔ̃ gã la, ele bɔbɔe be dzi naɖe le mía ƒo ne vo si míeda la me tsonuwo le mía dzi vam. Gake mele be míaɖe mɔ naneke naxe mɔ na míaƒe dzimetɔtrɔ ahatrɔ ɖe Mawu ŋu o. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo be woaɖe ŋutsu si nɔ matre wɔm kple eƒe ƒometɔ kplikplikpli la ɖa le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:1, 13) Esi ŋutsua trɔ dzime vavã la, Paulo gblɔ na hamea be: “Mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ [eye] mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ɖe eyama dzi.” (Korintotɔwo II, 2:5-8) Míekpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo le nuxlɔ̃ame sia si tso gbɔgbɔ me la me. Mawudɔlawo le dziƒo kpɔa dzidzɔ ne nuvɔ̃wɔla ɖeka trɔ dzime.—Luka 15:10.

19. Viɖe kawoe ate ŋu ado tso vevesese le mɔ nyuitɔ nu ɖe nuvɔ̃ aɖe wɔwɔ ta me?

19 Togbɔ be míeléa blanui le nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ ta hã la, alesi míesea vevee le mía ɖokui me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míanɔ ŋudzɔ be míagatrɔ ɖe yakanuwɔwɔ ŋu ake o.’ (Hiob 36:21) Le nyateƒe me la, ele be nuvɔ̃ me tsonu manyomanyowo nana míaƒo asa na nuvɔ̃a wɔwɔ ake. Gakpe ɖe eŋu la, Dawid zã nu wɔnublanui si teƒe wòkpɔ tso eƒe nuvɔ̃gbenɔnɔa me tsɔ xlɔ̃ nu ame bubuwoe. Egblɔ be: “Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔ̃wɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.”—Psalmo 51:15.

Dzidzɔkpɔkpɔ Dona Tsoa Yehowa Subɔsubɔ Me

20. Viɖe kawoe dona tsoa Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ me?

20 Yesu gblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm.” (Luka 11:28) Toɖoɖo Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo hea dzidzɔkpɔkpɔ vanɛ fifia kple yi ɖe etsɔme mavɔmavɔ me. Ne míele agbe nyui nɔm la, mina míayi edzi alé eme ɖe asi to mɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa ɖo anyi be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋudɔwɔwɔ me. Ne míedze agbegbegblẽnɔnɔ me la, mina nyanya be Yehowa le klalo be yeatsɔ amesiwo katã trɔ dzime vavã la ƒe nuvɔ̃ ake wo nana míalé dzi ɖe ƒo, eye mina míaɖoe kplikpaa be míagawɔ nuvɔ̃ ma akpɔ gbeɖe o.—Yesaya 55:7.

21. Apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzi wɔwɔe akpe ɖe mía ŋu míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

21 Eteƒe madidi o, xexe madzɔmadzɔ sia kple eƒe nɔnɔme kpakple nuwɔna gblẽkuwo katã nu ayi. Ne míelé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la, aɖe vi na mí fifia ayi ɖe mavɔmavɔ me. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nusiawo lalam ŋuti la, mido vevie, bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me. . . . Esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye miagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o.”—Petro II, 3:14, 17.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòate ŋu anye nu sesẽ be woalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

• Nusiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé tame si míeɖo kplikpaa be míalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi dometɔ aɖewoe nye kawo?

• Nukae Dawid ƒe kpɔɖeŋua fia mí ku ɖe dzimetɔtrɔ ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ametakpɔnue wònye be nàna ame bubuwo nanya akpa si nèle le agbenyuinɔnɔ ƒe nyawo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Esi Dawid trɔ dzime vavã ta la, Yehowa tsɔ eƒe nuvɔ̃a kee