Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Nyo Wua?

Ðe Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Nyo Wua?

Ðe Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Nyo Wua?

“AMEHAWO hiã agbenɔnɔse vevi aɖewo siwo afia mɔ hatsotsoa me tɔwo eye wòana woanɔ dedie.” Nenemae Germanytɔ agbalẽŋlɔla kple television dzi nyadzɔdzɔgblɔla bibi aɖe gblɔ. Susu le nya ma me vavã. Hafi amehawo ƒe susu nadze akɔ anyi eye nu nadze edzi na wo la, ele be dzidzenu like siwo dzi ameawo katã lɔ̃ ɖo nanɔ wo si eye woanye esiwo afia nusi nyo alo nusi gblẽ, nu nyui alo nuvɔ̃ wo. Biabia lae nye be: Dzidzenu kawoe nye nyuitɔwo kekeake na dukɔwo kple emetɔwo siaa?

Ne agbenɔnɔse siwo le Biblia mee woatia la, ke ele be woakpe ɖe ameawo ŋu be woanɔ agbe dzeakɔanyi si me dzidzɔ le. Ne míagblɔe gbadza la, se mawo ana amesiwo wɔa wo dzi nanɔ dzidzɔ kpɔm eye woadze akɔ anyi geɖe wu. Nenemae nyaa lea? Mina míadzro nusi Biblia gblɔ le nya vevi eve ŋu me: nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me kple anukwareɖiɖi le gbesiagbegbenɔnɔ me.

Ku Ðe Srɔ̃wò Ŋu

Mía Wɔla wɔ Adam eye wòwɔ Xawa be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. Woƒe ɖekawɔwɔe nye srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ le ŋutinya me eye ɖe woɖoe be wòanye ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa. Mawu gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti.” Anye ƒe 4,000 megbe la, Yesu Kristo gbugbɔ gblɔ srɔ̃ɖeɖe me dzidzenu sia na eyomedzelawo katã. Gakpe ɖe eŋu la, ebu fɔ gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea godo.—Mose I, 1:27, 28; 2:24; Mateo 5:27-30; 19:5.

Le nusi Biblia gblɔ nu la, nu vevi eve siwo ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe mee nye alesi srɔ̃tɔ evea siaa alɔ̃ wo nɔewo kple alesi woade bubu wo nɔewo ŋu. Ele be srɔ̃ŋutsua si nye ƒomea ƒe ta naɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a adi nusiwo anyo srɔ̃a ŋu wu ɖesiaɖe. Ele be wòanɔ anyi kplii “le nunya me” eye mele be wòado ‘dɔmedzoe helĩhelĩ’ ɖe eŋu o. Ele be srɔ̃nyɔnua nade ‘bubu deto’ srɔ̃a ŋu. Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe gɔmeɖose siawo dzi la, woate ŋu aƒo asa na srɔ̃ɖeɖe me kuxi akpa gãtɔ alo aɖu wo dzi. Srɔ̃ŋutsua adi be yeaku ɖe ye srɔ̃ ŋu eye srɔ̃nyɔnua hã adi be yeaku ɖe ye srɔ̃ ŋu.—Petro I, 3:1-7; Kolosetɔwo 3:18, 19; Efesotɔwo 5:22-33.

Ðe Biblia ƒe dzidzenu si bia be woaku ɖe ame srɔ̃ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe mea? Wò ya bu numekuku aɖe si wowɔ le Germany me tsonuwo ŋu kpɔ ko. Wobia gbe amewo be woagblɔ nusiwo le vevie hafi srɔ̃ɖeɖe me nanyo. Nu vevitɔ kekeake siwo woyɔ dometɔ ɖekae nye nuteƒewɔwɔ na ame nɔewo. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be dzi dzɔa srɔ̃tɔwo geɖe wu ne wonya be yewoƒe kpeɖeŋutɔwo ɖia anukware oa?

Ke ne Kuxiwo Do Mo Ða Ðe?

Ke ne masɔmasɔ sesẽwo ɖo atsu kple asi dome ya ɖe? Ke ne woƒe lɔlɔ̃ nue fa ɖe? Ðe manyo le nɔnɔme mawo me be woatso srɔ̃ɖeɖea me oa? Alo ɖe susu gakpɔtɔ le Biblia ƒe dzidzenu si bia be woaku ɖe ame srɔ̃ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe mea?

Biblia-ŋlɔlawo dze sii be kuxiwo aɖo srɔ̃tɔwo katã dome godoo le amegbetɔ ƒe blibomademade ta. (Korintotɔwo I, 7:28) Ke hã srɔ̃tɔ siwo wɔna ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo dzi dzea agbagba be yewoatsɔ ake yewo nɔewo ahakpɔ yewoƒe kuxiawo gbɔ ɖekae. Ele eme baa be nɔnɔme aɖewo—abe ahasiwɔwɔ alo anyrawɔwɔ—doa mo ɖa, siwo me Kristotɔ ate ŋu abu kaklã alo srɔ̃gbegbe ŋu le wòasɔ. (Mateo 5:32; 19:9) Gake be woatsɔ dzitsitsi atso srɔ̃ɖeɖe me evɔ menye nya gã aɖekee dzɔ o alo kple susu be woava ɖe ame bubu nye ɖokuitɔdidi kple ameŋumabumabu nuwɔna. Menaa susu ƒe akɔdzeanyi kple dzidzɔ nɔa ame ƒe agbe me kura o. Na míakpɔ kpɔɖeŋu ɖeka ɖa.

Peter de dzesii be vivisese megale yeƒe srɔ̃ɖeɖe me abe alesi wònɔ tsã ene o. * Eyata edzo le srɔ̃a gbɔ va nɔ Monika, amesi hã gblẽ srɔ̃aŋutsua ɖi gbɔ. Aleke nuwo va yii? Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Peter lɔ̃ ɖe edzi be anyinɔnɔ kple Monika “menɔ bɔbɔe tututu abe alesi mebui be anɔ ene o.” Nukatae menɔ bɔbɔe o? Amegbetɔ ƒe kpododonu dze le eƒe hadede yeye sia me abe alesi wònɔ xoxoa mee ene. Nusi gavloe wu kurae nye be, alesi wòtsi dzi tso nya me ɖokuitɔdiditɔe kplɔe de ganya sesẽ aɖewo mee. Gakpe ɖe eŋu la, nu te ɖe Monika ƒe viwo dzi le alesi nuwo trɔ kura le woƒe ƒomegbenɔnɔ me ta.

Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ sia ɖee fia ene la, ne srɔ̃ɖeɖe do go nɔnɔme sesẽ la, ƒã hafi srɔ̃gbegbe akpɔ egbɔ. Gake zi geɖe ne nɔnɔme sesẽ do mo ɖa la, agbe nɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te eye wòana gbɔdzɔe nava mlɔeba. Aleae wònɔ le Thomas kple Doris gome.

Thomas kple Doris ɖe wo nɔewo ƒe 30 kple edzivɔ hafi Thomas va te ahatsu nono. Doris lé blanui vevie, eye wo ame evea ɖo dze tso wo nɔewo gbegbe ŋu. Doris gblɔ eƒe nyawo na Yehowa Ðasefo aɖe. Ðasefoa ɖe nusi Biblia gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu fia Doris, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòagatsi klokloklo aklã o ke boŋ woa kple srɔ̃a nakpe ta adze agbagba be yewoakpɔ nyaa gbɔ. Nu mae Doris wɔ. Kaka ɣleti ʋɛ aɖewo nava yi la, womeƒoa nu tso wo nɔewo gbegbe ŋu o. Thomas kple Doris nɔ dɔ wɔm tso woƒe kuxiwo ŋu ɖekae. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ do ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea eye wòna ɣeyiɣi wo be woakpɔ ta na woƒe kuxiwo.

Anukwareɖiɖi le Nusianu Me

Kuku ɖe ame srɔ̃ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe bia agbenyuinɔnɔ ŋutete kple lɔlɔ̃ na gɔmeɖosewo. Nɔnɔme siawo kee hiã hafi woate ŋu aɖi anukware le anukwaremaɖimaɖi ƒe xexea me. Nya geɖe le Biblia me ku ɖe anukwareɖiɖi ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Yudea be: ‘Míedi be míaɖi anukware le nusianu me.’ (Hebritɔwo 13:18) Nya ma gɔme ɖe?

Anukwareɖila toa nyateƒe eye metafaa ame o. Mekpɔa ame ŋkume le nuwɔwɔ kple amewo me o—mewɔa ayemenu o, bubu le eŋu, meflua ame alo blea ame o. Gakpe ɖe eŋu la, anukwareɖila nye fɔmaɖila si mebaa ehavi o. Anukwareɖilawo wɔnɛ be kaka ɖe amehavi dzi kple ŋuɖoɖeameŋu ƒe nɔnɔme nɔa anyi, eye wònana be amewo ɖea nɔnɔme ɖɔʋuwo fiana hekuna ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli.

Ðe anukwareɖilawo kpɔa dzidzɔa? Nya lae nye be, ele be woakpɔ dzidzɔ. Togbɔ be nufitifitiwɔwɔ kple amebaba bɔ—alo ɖewohĩ esi woli ta—hã la, anukwareɖilawo ƒe nue nyoa ame akpa gãtɔ ŋu. Le numekuku aɖe si wowɔ le sɔhɛwo ŋu me la, anukwareɖiɖie nye nɔnɔme nyui si ŋu sɔhɛ siwo wobia gbee ƒe alafa memama 70 de asixɔxɔe. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe ka kee míexɔ o, anukwareɖiɖi nye nɔnɔme vevi aɖe si míedi tso amesiwo nye mía xɔlɔ̃wo si.

Tso esime Christine xɔ ƒe 12 ye wofia fififii. Eva zu gaɖeleameŋula bibi aɖe tso ɣemaɣi. Egblɔ be: “Mete ŋu tsɔa deutsche mark 5,000 [$2,200, U.S.] vaa aƒemee ɣeaɖewoɣi.” Gake wolé Christine zi geɖe, eye vɔvɔ̃ ɖonɛ ɣesiaɣi le alesi woate ŋu adee game ta. Esi Yehowa Ðasefowo ɖe nusi Biblia gblɔ tso anukwareɖiɖi ŋu me na Christine la, Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo lé dzi nɛ. Esrɔ̃ alesi wòawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi, si gblɔ be: “Fiafitɔ la nagafi fi o.”—Efesotɔwo 4:28.

Kaka ɣeyiɣi nade Christine naxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo la, meganye fiafitɔ o. Enɔ agbagba dzem be yeaɖi anukware le nusianu me, le esi Ðasefowo tea gbe ɖe anukwareɖiɖi kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme bubuwo dzi vevie ta. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Lausitzer Rundschau ka nya ta be: “Wobua agbenyuinɔnɔ ŋu nyawo abe anukwareɖiɖi, ŋuɖɔɖo, kple havilɔlɔ̃ nu veviwoe le Ðasefowo ƒe haa me.” Aleke Christine se le eɖokui me le alesi eƒe agbenɔnɔ trɔe ŋu? “Dzi dzɔam wu tsã le esi medzudzɔ fififi fifia ta. Mekpɔe be menye bubume le amewo dome.”

Eɖea Vi na Nutoametɔwo

Menye dzidzɔ koe amesiwo wɔa nuteƒe na wo srɔ̃wo kple amesiwo ɖia anukware la kpɔna le wo ɖokui me o ke viɖe nɔa wo ŋu na nutoametɔwo hã. Dɔwɔla siwo mebaa ame o ye dzea dɔtɔwo ŋu. Mí katã míedina be míanɔ aƒelika siwo dzi míate ŋu aka ɖo dome, eye míedina be míaƒle nu le asitsala ɖɔʋuwo ƒe fiase me. Ðe míedea bubu dunyahela, kpovitɔ, kple ʋɔnudrɔ̃la siwo tsri nufitifitiwɔwɔ ŋu oa? Eɖea vi gã aɖe na nutoame ne anukwareɖiɖi zu gɔmeɖose si dzi emenɔlawo zɔna ɖo, ke menye ne wòade wo dzi ko hafi o.

Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃tɔ nuteƒewɔlawoe nana ƒomewo lia ke. Eye ame akpa gãtɔ awɔ ɖeka kple Europa dunyahela si gblɔ be: “Vaseɖe egbe la, ƒome [si léa blema gɔmeɖose nyuiwo me ɖe asi] kpɔtɔ nye dedienɔƒe vevitɔ kekeake si ana amegbetɔ nanɔ dedie ahaɖo ta.” Ƒome si me ŋutifafa le nye afisi mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake sua ame tsitsiwo kple ɖeviwo si le be woaɖe dzi ɖi. Eyata amesiwo wɔa nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe me le asi kpem ɖe nuto like tutuɖo ŋu.

Bu viɖe si gbegbe wòanye na amesiame ŋu kpɔ ne srɔ̃tɔ siwo wogbe, srɔ̃gbegbe ʋɔnudrɔ̃ƒewo, alo dzila si gbɔ ɖevi anɔ ŋu nyaʋiʋliwo meli o. Azɔ aleke wòanɔ ne gaɖeleameŋulawo, fiasemenufilawo, amesiwo blua asi ɖe ga me, dumegã nufitifitiwɔlawo, alo dzɔdzɔmeŋutinunyala ameflulawo megali o? Ðe nya ma ɖi drɔ̃e aɖe koa? Mele nenema na amesiwo tsɔ ɖe le Biblia kple nusi wògblɔ tso míaƒe etsɔme ŋu me vevie o. Mawu ƒe Nya do ŋugbe be madidi o Yehowa ƒe Mesia Fiaɖuƒea ava ɖu amegbetɔƒomea katã dzi le anyigba dzi. Le Fiaɖuƒe ma te la, woafia eteviwo katã be woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu. Ɣemaɣi la, “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewoe Nye Nyuitɔwo Kekeake

Ame miliɔn geɖe siwo dzro Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nyuie va dze sii be Mawu ƒe nunya, si de ŋgɔ sasasã wu amegbetɔ ƒe tamesusu, dzie wotu Biblia me ɖaŋuɖoɖowo ɖo. Ame mawo bua Biblia be woate ŋu aka ɖe edzi eye be ele vevie na agbenɔnɔ le míaƒe egbexexeame. Wonya be ade yewo dzi wu be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe Nya ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi.

Eyata ame mawo wɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo dzi, si nye: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Wɔwɔ ɖe edzi wɔe be woɖɔ woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖo geɖe ŋutɔ, eye wona wòɖea vi na amesiwo dome wole hã. Eye kakaɖedzi sẽŋu le wo si na ‘agbe si le vava ge,’ esime ameƒomea katã awɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo dzi.—Timoteo I, 4:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Zi geɖe ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la, agbe nɔnɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te eye wòana woava kpɔ gbɔdzɔe mlɔeba

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Togbɔ be nufitifitiwɔwɔ bɔ—alo ɖewohĩ esi wòli ta—hã la, anukwareɖilawo ƒe nue nyoa ame akpa gãtɔ ŋu