Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔe?

Aleke Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔe?

Aleke Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔe?

NYAGƆMEÐEGBALẼ aɖe ɖe dzidzedzekpɔkpɔ gɔme be enye “kesinɔnu kpɔkpɔ, ŋkɔxɔxɔ, alo be ame ƒe nu nanyo amewo ŋu.” Ðe gɔmeɖeɖe ma de edeƒea? Ðe kesinɔnu, amenunyoameŋu, alo ŋkɔxɔxɔ nye nusiwo ko woate ŋu atsɔ adzidze dzidzedzekpɔkpɔea? Hafi nàɖo eŋu la, bu nya sia ŋu kpɔ: Ŋutilãmekesinɔnu aɖeke mesu Yesu Kristo si le eƒe agbenɔɣi o. Eƒe nu menyo ame akpa gãtɔ ŋu o; eye eŋɔlime ame ŋkutawo mede asixɔxɔ gã aɖeke eŋu o. Ke hã Yesu nye ame kpɔdzidzedze aɖe. Nukatae?

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ‘kesinɔnuwo nɔ esi le Mawu gome.’ (Luka 12:21) Le eƒe tsitretsitsi megbe la, Mawu ɖo eteƒe nɛ ale be wòtsɔ “ŋutikɔkɔe kple bubu” ɖɔ nɛ. Yehowa do Via “ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee.” (Hebritɔwo 2:9; Filipitɔwo 2:9) Yesu ƒe agbenɔnɔ do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eƒe anyigbadzigbenɔnɔ kpɔ dzidzedze elabena eɖo eƒe taɖodzinu gbɔ. Yesu wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòde bubu Eƒe ŋkɔ ŋu. Ewɔe be Mawu tsɔ kesinɔnu, amenunyoameŋu, kple ŋkɔ si ƒomevi agbalẽnyala, dunyahela, alo kamedefefewɔla xɔŋkɔ aɖeke mate ŋu akpɔ gbeɖe o la de bubu Yesu ŋui. Le nyateƒe me la, Yesue nye ame kpɔdzidzedze kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ.

Dzila Kristotɔwo dze sii be ne yewo viwo to Kristo ƒe afɔtoƒewo ale be kesinɔnu su wo si le Mawu gome le gɔmesese si wòsu Yesu si nu la, woakpɔ yayra gbogbo aɖewo fifia eye woakpɔ teƒeɖoɖo manyagblɔwo le nuɖoanyi si gbɔna me. Kristo ƒe afɔtoƒewo toto ƒe mɔ nyui bubu aɖeke megali sɔhɛ ato tsɔ wu be wòawɔ dɔ si Yesu wɔ o—si nye be wòakpɔ gome le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ne anya wɔ.

Gake le nuto aɖewo me la, nuwɔna si bɔ enye be sɔhɛwo meƒoa wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me o. Ne ɖekakpui wu suku nu la, woate ŋu akpɔ mɔ be wòadi ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui aɖe awɔ, aɖe srɔ̃, ahakpɔ ƒome dzi. Ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛ siwo wonyi nenema hena ɖe megbe vodadatɔe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. (Lododowo 3:27) Nukatae? Le nyaƒoɖeamenu ta la, wowɔa nu ɖe nutoa me dzidzenuwo nu. Nu mae dzɔ ɖe Robert dzi. *

Ne Dekɔnu Kple Dzitsinya Do Go

Wonyi Robert Yehowa Ðasefoe. Le eƒe ƒewuiwo me la, eƒe agbenɔnɔ kple amesiwo wòdea ha kplii mesɔ kura o. Dadaa te nuxaxa le eŋu. Eyata ebia tso mɔɖela, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si be wòade dzi ƒo nɛ. Robert gblɔ nusi dzɔ emegbe.

“Alesi nɔviŋutsu mɔɖela la tsɔ ɖe le menyee la dze ŋunye ŋutɔ. Eƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo wɔe be medi be made ta mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me wòanye dɔ mawɔ ne mewu suku nu teti ko. Ɣemaɣie Dada gate nuxaxa ake—gake le susu bubu aɖe ta. Ènyaa, le míaƒe dekɔnu nu la, megblẽ kura ne nyɔnuvi do le suku ko ge ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me o, gake wokpɔa mɔ tso ŋutsuvi si be alɔme nanɔ esi gbã, eye emegbe hafi wòabu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu.

“Mesrɔ̃ dɔ aɖe eye nye ŋutɔ meɖo nye dɔwɔƒe. Eteƒe medidi hafi dɔa va xɔ nye susu katã o eye ɖeko meyia kpekpewo heyia gbeadzi dzro ko. Nye dzitsinya ɖea fu nam—menya be mate ŋu asubɔ Yehowa geɖe wu. Ke hã la, agbagbadzedze bliboe wònye nam hafi mete ŋu vo tso nusiwo amewo di tso asinye me, gake enye dzidzɔ nam be medo le eme. Meɖe srɔ̃ fifia, eye mía kple srɔ̃nye míenye mɔɖelawo ƒe eve enye esi va yi. Wotiam menye subɔsubɔdɔwɔla le hamea me nyitsɔ laa. Mate ŋu agblɔe le anukwareɖiɖi me be nye dzi dze eme ŋutɔŋutɔ fifia be mele Yehowa subɔm kple nye dzi blibo, kpakple nye ŋutete katã.”

Magazine sia dea dzi ƒo na sɔhɛwo enuenu be woasrɔ̃ dɔ alo woatu ŋutete nyui aɖewo ɖo—esi wogakpɔtɔ le suku, ne anya wɔ. Le taɖodzinu ka ta? Be woazu kesinɔtɔwoa? Ao. Susu vevitɔe nye bene woate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi nyuie ne wotsi eye be woasubɔ Yehowa bliboe alesi woate ŋui, vevietɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Gake edzɔna zi geɖe be xexemedɔ yomenɔnɔ va blaa ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo ale gbegbe be subɔsubɔdɔa megava nyea nu vevi na wo o. Wo dometɔ aɖewo mebua ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu kura o. Nukatae?

Robert ƒe nyagbɔgblɔwo kɔ nyaa me vie. Esi Robert nya srɔ̃ dɔ vɔ koe wòte dɔ wɔwɔ. Eteƒe medidi o, eva kpɔe be du gbɔlo ko ƒum yele le kamedemɔ̃ dzi si makplɔ ye ayi afi aɖeke o. Eƒe taɖodzinue nye be ga nagahiã ye o. Gake ɖe Kristo-hamea me tɔ aɖe alo amesi le egodo te ŋu ɖo taɖodzinu ma gbɔ kpɔa? Ele be Kristotɔwo nadze agbagba be yewoakpɔ yewoƒe ganyawo gbɔ, aku kutri axe wo ŋu fewo; gake ele be woadze sii hã be le ɣeyiɣi siawo siwo ŋu kakaɖedzi mele o me la, ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖoa ɖoƒe si woate ŋu abu wo ɖokui le nyateƒe me be yewole dedie le ga gome. Susu ma tae Yesu ƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe Mateo 6:33 faa akɔ na Kristotɔwo ɖo.

Edzɔa dzi na Robert be yete ŋu wɔ nusi dzro yeƒe dzi tsɔ wu be yeawɔ nusi yeƒe dekɔnu bia. Ele vivi sem le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me egbea. Ẽ, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye dɔ si ŋu bubu le. Robert ƒe susu dze akɔ anyi le esi wòle Yehowa subɔm ‘kple eƒe ŋutete katã’ ta, le alesi wògblɔe nu.

Zã Wò Dzɔdzɔmenunana De Goe

Dzɔdzɔmenunana le Yehowa Ðasefo geɖe si. Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ agbalẽ yi ŋgɔ ŋutɔ; bubuwo bi le asinudɔwo wɔwɔ me. Nunana siawo katã tso Yehowa, amesi naa “agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame” la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:25) Ne ame mele agbe o la, nunana siawo anye dzodzro.

Eyata ɖeko wòsɔ be míazã míaƒe agbe siwo míetsɔ ɖe adzɔgbee la le Yehowa subɔsubɔ me. Nu mae ɖekakpui bibi aɖe tso nya me be yeawɔ. Enɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Enye ƒome xɔŋkɔ aɖe me tɔ, eye Kilikia-du, Tarso, si wonya nyuie mee wònɔ le eƒe ɖekakpui me. Togbɔ be enye Yudatɔ tso dzɔdzɔme hã la, enyi Roma-dumevinyenye dome tso fofoa gbɔ. Ema ʋu gomenɔamesi kple mɔnukpɔkpɔ geɖe ƒe mɔ nɛ. Esi wòtsi ɖe edzi la, esrɔ̃ Se le “nufialagã” siwo xɔ ŋkɔ wu ɣemaɣi dometɔ ɖeka gbɔ—si nye Gamaliel. Edze abe madidi kura hafi ‘kesinɔnu, amenunyoameŋu, kple ŋkɔ’ nasu esi o ene.—Dɔwɔwɔwo 21:39; 22:3, 27, 28.

Amekae nye ɖekakpui sia? Eŋkɔe nye Saul. Gake Saul va zu Kristotɔ eye emegbe wova yɔe be apostolo Paulo. Eɖe asi le eƒe taɖodzinu gbãtɔwo ŋu eye wòtsɔ eƒe agbe bliboa ɖo anyi be yeanye Kristotɔ asubɔ Yehowa. Menye senyala ɖedzesie wova nya be Paulo nye o, ke nyanyuigbeƒãɖela dovevienu boŋ. Esi Paulo zã ƒe 30 kloe le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me megbe la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe exɔlɔ̃ siwo nɔ Filipi. Eƒo nu tso nusiwo wòte ŋu wɔ hafi va zu Kristotɔ ŋu le lɛtaa me hegagblɔ be: “[Yesu Kristo] ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi.” (Filipitɔwo 3:8) Alesi Paulo zã eƒe agbee mete ɖe edzi kura o!

Ke hehe si Paulo xɔ le Gamaliel gbɔ ya ɖe? Ðe wòva ɖe vi nɛa? Ẽ! Le ɣeyiɣi geɖe me la, ekpe asi ɖe eŋu ‘woʋli nyanyuia ta heɖoe anyi le se nu.’ Gake Paulo ƒe dɔ vevitɔe nye nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ—si suku si wòde do ŋgɔ mate ŋu afiae gbeɖe o.—Filipitɔwo 1:7; Dɔwɔwɔwo 26:24, 25.

Nenema ke egbea hã la, ame aɖewo te ŋu zã woƒe nunanawo kple dzɔdzɔmenunanawo kpakple woƒe sukudede tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ɖe ŋgɔe. Le kpɔɖeŋu me, Amy xɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ le asitsatsa me kple bubu le senyanya me. Enɔ dɔ aɖe si me ga geɖe nɔ wɔm le sedɔwɔƒe aɖe tsã, gake egbea la, enye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla si womexea fetu na o le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka. Aleae Amy gblɔ le agbe si wòle fifia ŋue nye si: “Mexɔe se be tiatia nyuitɔ kekeakee nye sia mewɔ le agbe me. . . . Nɔƒe si hanyevi yunivɛsitidela bubuwo le dometɔ aɖeke medzroam o. Dɔ si metia dze ŋunye ale gbegbe. Nusianu si mehiã kple nusi medi la le asinye—enye dzidzɔgbenɔnɔ si dze ŋunye kple dɔ dodzidzɔname si naa dzidzemem.”

Amy tia dɔwɔna si na eƒe susu dze akɔ anyi, eƒe dzi dze eme, eye Yehowa yrae. Ðikeke mele eme o be nu ma tututu dim dzila Kristotɔwo le na wo viwo!

Dzidzedzekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Gake ele vevie be dzidzedzekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ŋuti nukpɔsusu nyui nanɔ mía si. Ne míezã ɣeyiɣi dodzidzɔname le gbeadzi, ne míena Biblia-srɔ̃gbalẽwo alo ne mía kple aƒemenɔlawo míeɖo dze viviwo tso Biblia me la, masesẽ be míase le mía ɖokui me be míekpɔ dzidzedze o. Gake ne ƒã hafi míekpɔa amesi aɖo to mí la, ɖewohĩ míate ŋu asusu be míele míaƒe ɣeyiɣi gblẽm. Gake ɖo ŋku edzi be dzidzedzekpɔkpɔ ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye be ‘ame ƒe nu nanyo ame ŋu.’ Ameka ŋue míedi be míaƒe nu nanyo? Yehowae. Amewo ɖo to míaƒe gbedasia loo alo womeɖo toe o, míaƒe nu ate ŋu adze eŋu. Yesu fia nu vevi aɖe eƒe nusrɔ̃lawo le nya sia gome.

Àɖo ŋku edzi be Yesu dɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela 70 ɖe “du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.” (Luka 10:1) Wodi tso wo si be woaɖe gbeƒã le duawo kple kɔƒeawo me evɔ Yesu manɔ wo ŋu o. Nu yeyee wònye na wo. Eyata Yesu na mɔfiame wo tsitotsito hafi ɖo wo ɖa. Ne wodo go “ŋutifafame aɖe” la, wodi tso wo si be woaɖi ɖase nɛ tsitotsito tso Fiaɖuƒea ŋu. Gake ne wonyã wo la, ele be woadzo, eye mele be wòate ɖe wo dzi o. Yesu ɖe eme be le nyateƒe me amesiwo agbe toɖoɖo wo la, Yehowa ŋutɔ gbem wole.—Luka 10:4-7, 16.

Esi ame 70 la wu woƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu la, wotrɔ va ka nya ta na Yesu “kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã ɖoa to mí le wò ŋkɔ la dzi.” (Luka 10:17) Anya vivi ame madeblibo mawo nu be yewote ŋu nyã gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo do goe! Gake Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃la kpɔdzidzɔawo be: “Migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.” (Luka 10:20, míawoe te gbe ɖe edzi.) Ðewohĩ manye ɣesiaɣie ŋusẽ anɔ ame 70 la si be woanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe o, eye manye ɣesiaɣie nu nyuiwo ado tso subɔsubɔdɔa me o. Gake ne woyi edzi wɔ nuteƒe la, woƒe nu adze Yehowa ŋu ɣesiaɣi.

Èkpɔa Ŋudzedze Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔlawo Ŋua?

Ðekakpui aɖe gblɔ na Kristotɔ hamemegã aɖe gbeɖeka be: “Ne medo le suku kɔkɔ la, madze agbagba adi dɔ awɔ. Ne nyemekpɔ dɔ mawɔ o la, ke mabu ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ aɖe wɔwɔ ŋu.” Gake menye nukpɔsusu mae le amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me dometɔ akpa gãtɔ si o. Wo dometɔ aɖewo ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siwo su wo si be woawɔ dɔ si me ga geɖe le ŋu kple susu be yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Bubuwo ɖe asi le sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ lédzinamewo ŋu. Woawo hã tsɔ nanewo sa vɔe abe apostolo Paulo ene, gake tiatia siwo wowɔ meve wo o abe alesi meve Paulo, Robert, kple Amy o ene. Wokpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wotsɔ woƒe nunanawo le Yehowa, amesi dze na nu nyuitɔ kekeake si woate ŋu ana la kafum ŋu.

Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒe geɖe mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o le susu vovovowo ta. Ðewohĩ agba aɖewo le wo dzi le Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi nu siwo gbɔ wòle be woakpɔ. Ke hã ne wotsɔ woƒe ‘dzi, luʋɔ, kple susu’ blibo le Mawu subɔmee la, woƒe nu dzɔa dzi na Yehowa. (Mateo 22:37) Togbɔ be woa ŋutɔwo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o hã la, wodze sii be amesiwo le ewɔm la tia dɔ nyui aɖe.

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o.” (Romatɔwo 12:2) Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa la, mele be míaɖe mɔ nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔmewo alo xexemedzidzenuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi o. Ne àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa alo màte ŋui o, na Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ le wò agbe me. Àkpɔ dzidzedze zi alesi Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò ko.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mègatsi kpɔɖeŋu kamedemɔ̃ dzi anɔ du gbɔlo si makplɔ wò yi afi aɖeke o ƒum o