Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Nukpɔsusu Le Agbenyuinɔnɔ Ŋu

Mawu Ƒe Nukpɔsusu Le Agbenyuinɔnɔ Ŋu

Mawu Ƒe Nukpɔsusu Le Agbenyuinɔnɔ Ŋu

“Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—YESAYA 48:17.

1, 2. (a) Aleke ame geɖe bua gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔe? (b) Gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti nukpɔsusu kae le Kristotɔwo si?

LE XEXEAME ƒe akpa geɖe egbea la, amewo va le agbenyuinɔnɔ bum be enye ame ŋutɔ ƒe nya. Amewo bua gbɔdɔdɔ nuwɔnawo be enye lɔlɔ̃ɖeɖefia si le dzɔdzɔme nu si me yewoate ŋu akpɔ gome le ɣesiaɣi si yewodi, ke mele be wòanye nusi ŋu woɖe mɔ ɖo le srɔ̃ɖeɖe ɖeɖeko me o. Wosusu be ne yewoƒe nuwɔna megblẽ nu le ame aɖeke ŋu o ko la, ekema naneke megblẽ le nyametsotso si ame ŋutɔ awɔ le alesi wòanɔ agbee ŋu o. Le woƒe nukpɔsusu nu la, mele be woadrɔ̃ ʋɔnu amewo le agbenyuinɔnɔnyawo me o, vevietɔ le gbɔdɔdɔ ŋu nyawo gome.

2 Nukpɔsusu bubue le amesiwo va nya Yehowa ya si. Wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo dzi dzidzɔtɔe, elabena wolɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoawɔ nu wòadze eŋu. Wonya be Yehowa lɔ̃ yewo eye wònaa mɔfiame si anyo na yewo, si nye mɔfiame siwo aɖe vi na yewo ahana yewoakpɔ dzidzɔ nyateƒe. (Yesaya 48:17) Esi Mawue nye Agbedzɔtsoƒe ta la, nunya le eme be woakpɔ esinu be wòafia mɔ yewo le alesi yewoazã yewoƒe ŋutilãe ŋu, vevietɔ le nya sia si do ƒome kplikplikpli kple vidzidzi gome.

Nunana tso Wɔla Lɔlɔ̃tɔ Gbɔ

3. Nukae wofia ame geɖe siwo le Kristodukɔa me tso gbɔdɔdɔ ŋu, eye aleke nufiafia ma to vovo na Biblia tɔe?

3 To vovo na egbexexea ƒe nukpɔsusu la, Kristodukɔa me tɔ aɖewo fia nu be gbɔdɔdɔ nye ŋukpenanu, nuvɔ̃, eye be “nuvɔ̃ gbãtɔ” si wowɔ le Eden-bɔa me lae nye be Xawa ble Adam de gbɔdɔdɔ me. Nukpɔsusu sia tsi tre ɖe nusi Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me gblɔ ŋu. Biblia ƒe nuŋlɔɖi yɔ ame eve gbãtɔa be “ame la kple srɔ̃a.” (Mose I, 2:25) Mawu gblɔ na wo be woadzi vi, esi wògblɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:28) Susu aɖeke manɔ eme be Mawu nade se na Adam kple Xawa be woadzi vi eye emegbe wòahe to na wo le se mawo dzi wɔwɔ ta o.—Psalmo 19:9.

4. Nukatae Mawu na gbɔdɔdɔ ŋutete amegbetɔwo?

4 Le se ma si wode na mía dzila gbãtɔawo, si wogbugbɔ de na Noa kple viaŋutsuawo me la, míekpɔ tameɖoɖo si koŋ le gbɔdɔdɔ ŋu: be woadzi vi. (Mose I, 9:1) Gake Mawu ƒe Nya fia be womezi eƒe subɔla siwo nye srɔ̃tɔwo dzi be vidzidzi ta koe woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o. Gbɔdɔdɔ nuwɔna siawo ate ŋu akpɔ seselelãme kple ŋutilãme hiahiãwo gbɔ wòanyo, eye wòanye nusi me srɔ̃tɔwo ase vivi le. Enye mɔnu si dzi woato aɖe lɔlɔ̃ deto afia wo nɔewo.—Mose I, 26:8, 9; Lododowo 5:18, 19; Korintotɔwo I, 7:3-5.

Nusiwo Nu Mawu Xe Mɔ Ðo

5. Nukawo ŋue Mawu xe mɔ ɖo le amegbetɔwo dome gbɔdɔdɔ nuwɔna ŋu?

5 Togbɔ be gbɔdɔdɔ nye nunana tso Mawu gbɔ hã la, womeɖe mɔ ɖe ewɔwɔ yakayaka ŋu o. Gɔmeɖose sia lɔ srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã ɖe eme. (Efesotɔwo 5:28-30; Petro I, 3:1, 7) Womeɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ nuwɔnawo ŋu na amesiwo menye srɔ̃tɔwo o. Nya si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu le tẽ. Wogblɔ le Se si Mawu de na Israel-dukɔa me be: “Megawɔ ahasi o.” (Mose II, 20:14) Emegbe Yesu kpe “matrewɔwɔwo” kple “ahasiwɔwɔwo” ɖe “nu vɔ̃ɖi susuwo” siwo dona tsoa ame ƒe dzi me heƒoa ɖii la ŋu. (Marko 7:21, 22) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo le Korinto be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:18) Eye Paulo ŋlɔ le eƒe lɛta si wòɖo ɖe Hebritɔwo me be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.”—Hebritɔwo 13:4.

6. Nukawoe nya “matrewɔwɔ” fia le Biblia me?

6 Nya “matrewɔwɔ” gɔme ɖe? Woɖee tso Helagbe me nya por·neiʹa, si wozãna ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖɔa amesiwo menye srɔ̃tɔwo o dome gbɔdɔdɔ nuwɔnae me. (Korintotɔwo I, 6:9) Le teƒe bubuwo abe Mateo 5:32 kple Mateo 19:9 ene la, nyaa ƒe gɔmesese keke ɖe enu hefia ahasiwɔwɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple lãgbɔdɔdɔ. Gbɔdɔdɔ nuwɔna bubuwo, abe vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume kple meƒime, kpakple fefe kple ame bubu ƒe vidzinu ene, si ayi edzi le amesiwo menye srɔ̃tɔwo o dome hã ate ŋu afia por·neiʹa. Wotsri nuwɔna siawo katã—eɖanye ɖe wogblɔe tẽ alo le gɔmeɖose nu o—le Mawu ƒe Nya la me.—Mose III, 20:10, 13, 15, 16; Romatɔwo 1:24, 26, 27, 32. *

Viɖekpɔkpɔ tso Mawu ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Me

7. Viɖe kawoe míakpɔ ne míelé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

7 Yehowa ƒe mɔfiame le gbɔdɔdɔ nuwɔna ŋu dzi wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ na amegbetɔ madeblibowo. Ƒe alafa 12 lia me Yudatɔ xexemenunyala xɔŋkɔ Maimonides, ŋlɔ bena: “Se siwo katã le Torah [Mose ƒe Sea] me dometɔ aɖeke dzi wɔwɔ mesesẽ de se si tsri ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ kple gbɔdɔdɔ manɔsenuwo nu o.” Gake ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, eɖea vi na mí ŋutɔ. (Yesaya 48:18) Le kpɔɖeŋu me, toɖoɖo le nusia me kpɔa mía ta tso nulɔdɔwo, siwo dometɔ aɖewo womate ŋu ada o eye woate ŋu awu ame la xɔxɔ me. * Ekpɔa mía ta tso gbɔmeyafufɔfɔ me. Mawumenunya tsɔtsɔ wɔ dɔe hã naa dzitsinya dzadzɛ nɔa mía si. Ewɔwɔ hea bubunɔameŋu vɛ eye enaa ame bubuwo, hekpe ɖe míaƒe ƒometɔwo, mía srɔ̃wo, mía viwo, kple mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo ŋu dea bubu mía ŋu. Nenema ke wònaa gbɔdɔdɔ ŋuti nɔnɔme nyui tuameɖo si hã naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me la sua mía si. Nyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ bena: “Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒeae nye ametakpɔnu nyuitɔ kekeake si li. Mele lalam be maɖe srɔ̃, eye ne meɖee la, anye dada nam be magblɔ na ŋutsu Kristotɔ si maɖe bena, mele dzadzɛ.”

8. Mɔ kawo nue míaƒe agbedzadzɛnɔnɔ doa tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ le?

8 Ne míelé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la, míagate ŋu awɔ geɖe atsɔ akɔ nu me tso nukpɔsusu totro siwo le amewo si ku ɖe nyateƒe subɔsubɔa ŋu la ŋu, eye míahe amewo ɖe Mawu si subɔm míele la ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Ne amesiwo mesubɔa Yehowa o gbe be yewomade dzesi alo alɔ̃ ɖe edzi be míenɔa agbe dzadzɛ o hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be míaƒe Dziƒofofo ya kpɔnɛ, elɔ̃na ɖe edzi, hekpɔa dzidzɔ ɖe agbagba siwo dzem míele be míawɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi la gɔ̃ hã ŋu.—Lododowo 27:11; Hebritɔwo 4:13.

9. Togbɔ be míase Mawu ƒe susuwo gɔme keŋkeŋ o hã la, nukatae wòle be kakaɖedzi nanɔ mía si ɖe eƒe mɔfiafia ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Mawu dzixɔxɔse lɔ kakaɖedzi si anɔ mía si be enya nusi nye nyuitɔ kekeake na mí ɖe eme, ne míese susu siwo katã ta wòfiaa mɔ mí nenema gɔme keŋkeŋ o hã. De ŋugble le kpɔɖeŋu ɖeka si le Mose ƒe Sea me ŋu kpɔ. Se siwo ku ɖe asrafowo ƒe asaɖaƒuƒuanyi ŋu dometɔ ɖeka bia be woaɖi afɔdzi ɖe dome le asaɖa godo. (Mose V, 23:13, 14) Ðewohĩ Israel-viwo mese nusita wona mɔfiame sia ɖo gɔme o; wo dometɔ aɖewo abui be mehiã o. Gake tso ɣemaɣi la, wova de dzesii le atikeŋutinunya me be se sia kpɔ tsi siwo ŋudɔ wowɔna ta tso ɖiƒoƒo gbɔ, eye wòkpɔ wo ta tso dɔléle siwo nudzodzoewo kakana la me. Nenema ke gbɔgbɔme, hadome, seselelãme, ŋutilãme, kple susume taɖodzinuwo li, siwo ta Mawu ɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ ŋu na srɔ̃tɔwo ɖeɖeko. Fifia mina míade ŋugble le Biblia me kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo tso amesiwo lé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi ŋu.

Yosef—Woyrae ɖe Eƒe Agbenyuinɔnɔ Ta

10. Amekae te kpɔ be yeable Yosef de agbegbegblẽnɔnɔ me, eye aleke wòɖo eŋui?

10 Ðewohĩ ènya nu tso Yakob ƒe vi, Yosef ƒe kpɔɖeŋu si le Biblia me la ŋu. Esi wòxɔ ƒe 17 la, eva zu Potifar, amesi nye Egipte-fia Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi. Yehowa yra Yosef, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotsɔe ɖo Potifar ƒe aƒeme nuwo katã dzikpɔlae. Esi Yosef xɔ ƒe 20 la, “[enyo], eye wòdze ɖeka ŋutɔ.” Eƒe nu va lé dzi na Potifar srɔ̃, eye wòdze agbagba be yeable enu wòadɔ kple ye. Yosef gblɔ eƒe nukpɔsusu eme kɔ ƒã, heɖe nu me be ne yelɔ̃ la, menye yeƒe aƒetɔ ko ŋue yewɔ nuvɔ̃ ɖo o, ke boŋ “[yeda] vo ɖe Mawu ŋuti.” Nukatae Yosef susu nyaa ŋu alea?—Mose I, 39:1-9.

11, 12. Togbɔ be Mawu ƒe se si woŋlɔ ɖi aɖeke menɔ anyi si tsri matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ o hã la, nukae na Yosef bu nu ŋu le mɔ ma nu?

11 Edze ƒã be menye vɔvɔ̃ be amewo anya tae Yosef wɔ nyametsotso ma o. Yosef ƒe ƒometɔwo nɔ adzɔge ʋĩ tso egbɔ, eye fofoa susu be eku. Ne Yosef nɔ agbe gbegblẽ la, eƒe ƒometɔwo manya nu le eŋu akpɔ o. Ðewohĩ woate ŋu aɣla nuvɔ̃ sia ɖe Potifar kple eƒe kluvi ŋutsuwo, le esi womenɔa aƒea me le ɣeyiɣi aɖewo me o ta. (Mose I, 39:11) Gake Yosef nya be yemate ŋu aɣla nuwɔna sia ɖe Mawu o.

12 Ðewohĩ Yosef anya de ŋugble le nusi wònya xoxo tso Yehowa ŋu la ŋu. Ðikeke mele eme o be enya nusi Yehowa gblɔ le Eden-bɔa me be: “Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Mose I, 2:24) Gakpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ Yosef nya nu tso nya si Yehowa gblɔ na Filistitɔwo ƒe fia si ɖoe be yeadɔ kple Sara, si nye Yosef mama la ŋu. Yehowa gblɔ na fia ma be: ‘Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e. Eyata metso wò xɔ ɖo, be nàgade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.’ (Mose I, 20:3, 6) Eyata togbɔ be Yehowa mekpɔ na woŋlɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti se aɖeke da ɖi haɖe o hã la, eƒe seselelãme le eŋuti me kɔ ƒã. Agbenyuinɔnɔ nukpɔsusu si nɔ Yosef si, hekpe ɖe didi si nɔ eme be yeawɔ nusi dze Yehowa ŋu, la wɔe be wògbe agbegbegblẽnɔnɔ.

13. Anye nukatae Yosef mete ŋu ƒo asa na Potifar srɔ̃ o?

13 Gake Potifar srɔ̃ yi edzi nɔ koko ƒom nɛ “ŋkeke sia ŋkeke” be wòamlɔ ye gbɔ. Nukatae Yosef madzudzɔ eƒe ŋkuta toto dzaa ko ne nyaa natɔ o? Esi wònye kluvi ta la, dɔwo nɔ esi wòle be wòawɔ eye mate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu o. Tomenukulawo ƒe ɖaseɖiɖi ɖee fia be alesi Egiptetɔwo tua xɔe wɔe be ele be woato aƒea titina hafi ayi nudzraɖoƒewo. Eyata manya wɔ na Yosef be wòaƒo asa na Potifar srɔ̃ o.—Mose I, 39:10.

14. (a) Esi Yosef si le Potifar srɔ̃ gbɔ la, nukae dzɔ ɖe edzi? (b) Aleke Yehowa yra Yosef ɖe eƒe nuteƒewɔwɔa tae?

14 Gbeɖeka woawo ɖeɖekoe susɔ ɖe aƒea me. Potifar srɔ̃ lé Yosef hedo ɣli be: “Va mlɔ anyi kplim!” Esi le egbɔ. Esi eƒe gbegbea ɖu dzi nɛ ale gbegbe ta la, etso enu be edi be yeadɔ kpli ye sesẽe. Nukawoe do tso eme? Ðe Yehowa ɖo eƒe nuteƒewɔwɔa teƒe nɛ enumakea? Ao. Wode Yosef gaxɔ me, eye wode kunyowui. (Mose I, 39:12-20; Psalmo 105:18) Yehowa kpɔ madzɔmadzɔnyenyea, eye wòdo Yosef ɖe dzi ɖee tso gaxɔ me yi fiasã me. Eva zu amesi kplɔ ŋusẽtɔ gãtɔ kekea le Egipte ɖo, eye woyrae kple srɔ̃ kpakple viwo. (Mose I, 41:14, 15, 39-45, 50-52) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woŋlɔ Yosef ƒe ŋutinyaa da ɖi ƒe 3,500 enye si va yi be Mawu subɔlawo nanɔ eme dzrom tso ɣemaɣi. Yayra wɔnuku ka gbegbee nye si Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ hena vɛ! Ðewohĩ nenema ke mí amesiwo li egbea míakpɔ vi siwo agbenyuinɔnɔ me lelé ɖe asi ɖena enumake adze sii ɣesiaɣi o, gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa kpɔnɛ eye wòaɖo eteƒe na mí le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.—Kronika II, 16:9.

Hiob ƒe ‘Nubabla Kple eƒe Ŋkuwo’

15. ‘Nubabla’ kae Hiob ‘wɔ kple eƒe ŋkuwo’?

15 Nuteƒewɔla bubu enye Hiob. Le dodokpɔ siwo Abosam he va Hiob dzi me la, ede ŋugble le eƒe agbenɔnɔ ŋu eye wògblɔ be yelɔ̃ be woahe to na ye vevie ne yeda le Yehowa ƒe gɔmeɖose si ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ kple se bubuwo ŋu dzi. Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Nya si Hiob gblɔ fia be le eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu me la, eɖoe be yemalé ŋku ɖe nyɔnu ŋu wòahayi ye dzro ge gɔ̃ hã o. Ele eme be akpɔ nyɔnuwo le eƒe gbesiagbegbenɔnɔ me eye ɖewohĩ ne wohiã kpekpeɖeŋu la, wòakpe ɖe wo ŋu ya. Gake be wòatsɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro anɔ ŋku lém ɖe wo ŋui la, mewɔ ema kura o. Kesinɔtɔ gã aɖee wònye hafi eƒe dodokpɔawo dze egɔme, “[eɖo] kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.” (Hiob 1:3) Gake mezã kesinɔnu ƒe amesinɔnɔ tsɔ di nyɔnuwo zã o. Edze ƒã be mewɔ naneke kple susu be yeaƒo ye ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna aɖeke me kple ɖetugbiwo o.

16. (a) Nukatae Hiob nye kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃tɔ Kristotɔwo? (b) Aleke ŋutsu siwo nɔ anyi le Maleaxi ŋɔli ƒe agbenɔnɔ to vovo ŋutɔ tso Hiob tɔ gbɔe, eye aleke wòle egbea?

16 Eyata Hiob nɔ agbe nyui le ɣeyiɣi nyuiwo kple sesẽawo siaa me. Yehowa kpɔ esia heyrae geɖe. (Hiob 1:10; 42:12) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Hiob nye na Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔwo siaa! Mewɔ nuku o be Yehowa lɔ̃ eƒe nya nenema! Gake ame geɖe ƒe agbenɔnɔ egbea de sɔsɔ ge kloe kple nusi dzɔ le Maleaxi ƒe ŋkekea me. Nyagblɔɖila ma tsi tre ɖe alesi srɔ̃ŋutsu geɖe gblẽ wo srɔ̃wo ɖii eye zi geɖe la, kple susu be yewoaɖe ɖetugbiwo la ŋu vevie. Srɔ̃nyɔnu siwo wogblẽ ɖi ƒe avifafa yɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi fũ, eye Mawu bu fɔ amesiwo ‘wɔ nu tovo’ ɖe wo srɔ̃wo ŋu la.—Maleaxi 2:13-16.

Ðetugbi Dzadzɛ Aɖe

17. Aleke Sunem-ɖetugbia nɔ abe “abɔ, si ƒe ʋɔ wodo” enee?

17 Nuteƒewɔla etɔ̃lia nye Sunem-ɖetugbi aɖe. Esi wònye ɖetugbi dzetugbe ta la, menye lãkplɔvi aɖe ɖeɖekoe eƒe nu lé dzi na o, ke boŋ Israel-fia kesinɔtɔ, Salomo, hãe. Le ŋutinya nyui siwo katã wogblɔ le Hawo ƒe Ha ƒe agbalẽa me me la, Sunem-ɖetugbia nɔ dzadzɛ, si wɔe be bubu nɔ eŋu le amesiwo dome wònɔ la ŋkume. Togbɔ be melɔ̃ ɖe Salomo ƒe biabiawo dzi nɛ o hã la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ eŋutinya ɖi. Lãkplɔvi si wòlɔ̃ hã de bubu eŋu le eƒe agbedzadzɛnɔnɔ la ta. Ɣeaɖeɣi la, esusui be Sunem-ɖetugbia nɔ abe “abɔ, si ƒe ʋɔ wodo” ene. (Hawo ƒe Ha 4:12) Le blema Israel la, amagbe nyui vovovowo, seƒoƒo siwo ʋẽna lilili, kple ati gãwo nɔ abɔ dzeaniwo me. Zi geɖe la, wotɔa kpɔ alo ɖoa gli ɖe abɔ siawo ŋu eye ɖeko woaʋu agbo hafi woate ŋu age ɖe wo me. (Yesaya 5:5) Sunem-ɖetugbia ƒe agbedzadzɛnɔnɔ kple tugbedzedze nɔ na lãkplɔvi la abe abɔ sia si ƒe anidzedze mebɔ o la ene. Enɔ dzadzɛ keŋkeŋ. Ŋutsu si wòava ɖe le etsɔme koe wòaɖe mɔ le eɖokui ŋu na.

18. Nuka dzie Yosef, Hiob, kple Sunem-ɖetugbia ƒe nuŋlɔɖia ɖo ŋkui na mí?

18 Sunem-ɖetugbia ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na nyɔnu Kristotɔwo egbea le agbedzadzɛnɔnɔ gome. Yehowa kpɔ Sunem-ɖetugbia ƒe agbenyuinɔnɔa hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, eye wòyrae abe alesi wòyra Yosef kple Hiob ene. Woŋlɔ woƒe nuteƒewɔwɔ ŋuti nya ɖe Mawu ƒe Nya la me be wòanye mɔfiame na mí. Togbɔ be womeŋlɔa agbagba siwo dzem míele be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ɖe Biblia me egbea o hã la, “ŋkuɖodzigbalẽ” aɖe le Yehowa si na amesiwo le didim be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Migana míaŋlɔ be akpɔ o be Yehowa le ‘ŋku lém ɖi’ eye dzi dzɔnɛ ne míedze agbagba nuteƒewɔwɔtɔe be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi.—Maleaxi 3:16.

19. (a) Aleke wòle be míabu agbenyuinɔnɔe? (b) Nya ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Togbɔ be dzimaxɔsetɔwo aɖe alɔme le mía ŋu hã la, míekpɔa dzidzɔ ne míeɖo to mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la. Agbenyuinɔnɔse kɔkɔ, mawumegbenyuinɔnɔse ye le mía si. Enye nusi dzi míada ɖo, nusi míalé be na. Ne míelé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi la, Mawu ƒe yayra ana míakpɔ dzidzɔ, eye etsɔme mavɔ ƒe yayrawo ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea ayi edzi anɔ mía si. Gake nukawoe nye nu ŋutɔŋutɔ siwo míate ŋu awɔ be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi? Míadzro biabia vevi sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, March 15, 1983, axa 29-31.

^ mm. 7 Nublanuitɔe la, edzɔna be Kristotɔ maɖifɔ naxɔ nulɔdɔ tso srɔ̃a dzimaxɔsetɔ si mewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi o la gbɔ.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukae Biblia fia ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ŋu?

• Nukawoe nya “matrewɔwɔ” lɔ ɖe me le Biblia me?

• Aleke míekpɔa viɖe tsoa agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi mee?

• Nukatae Yosef, Hiob, kple Sunem-ɖetugbia nye kpɔɖeŋu nyuiwo na Kristotɔwo egbea?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yosef si le agbegbegblẽnɔnɔ nu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Sunem-ɖetugbia nɔ abe “abɔ, si ƒe ʋɔ wodo” ene

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Hiob ‘bla nu kple eƒe ŋkuwo’