Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana Le Agbɔsɔsɔ Me Na Wokpɔa Dzidzɔ

Nunana Le Agbɔsɔsɔ Me Na Wokpɔa Dzidzɔ

Nunana Le Agbɔsɔsɔ Me Na Wokpɔa Dzidzɔ

ESI apostolo Paulo nye dzikpɔla Kristotɔ lɔ̃ame ta la, etsɔ ɖe le eƒe haxɔsetɔwo ƒe nyonyo me vevie ŋutɔ. (Korintotɔwo II, 11:28) Eyata esi wòwɔ ɖoɖo le ƒe 50-awo ƒe domedome le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me be woadzɔ ga woaxɔ ayi na Kristotɔ siwo hiã tu le Yudea la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ fia nu vevi aɖe tso nunana ŋu. Paulo te gbe ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ amesi naa nu kple dzidzɔ ŋu vevie be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:7.

Wonye Hiãtɔ Kolikoliwo, ke hã Woʋu Asi Me

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ geɖe menye ame ŋkutawo le hadome o. Paulo de dzesii be wo dometɔ geɖe ‘menye ŋusẽtɔwo o.’ Wonye “xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo,” “xexe sia me nu maɖinuwo.” (Korintotɔwo I, 1:26-28) Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ siwo nɔ Makedonia ƒe ‘ahedada nu sẽ’ eye ‘wonɔ xaxa me.’ Ke hã, Makedoniatɔ xɔsetɔ ɖokuibɔbɔla siawo bia be woana mɔnukpɔkpɔ yewo be yewoadzɔ ga atsɔ ado alɔ ‘ame kɔkɔewo ƒe subɔsubɔdɔae’; eye Paulo ɖi ɖase be “wona nu wu alesi woate ŋui”!—Korintotɔwo II, 8:1-4.

Ke hã, menye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ sia ƒe lolomee wotsɔ kpɔ eƒe asixɔxɔ o. Ke boŋ la, nusi ʋã wo, didi be yewoana nu, kple dzi ƒe nɔnɔme si wotsɔ nae lae nɔ vevie. Paulo ɖee fia Korinto Kristotɔwo be susu kple dzi siaa ye wɔa dɔ le nudzɔdzɔ me. Egblɔ be: “Menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, . . . eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.” ‘Woɖoe ɖi le woƒe dzi me’ be yewoadzɔ nu faa.—Korintotɔwo II, 9:2, 7.

‘Woƒe Seselelãme Ʋã Wo’

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ aɖe si wowɔ va yi le gbeadzi anye ƒe alafa 15 kple edzivɔ do ŋgɔ na apostolo Paulo ƒe ɣeyiɣia ƒe kpɔɖeŋue anya nɔ susu me nɛ. Woɖe asi le Israel to 12-awo ŋu tso kluvinyenye me le Egipte. Azɔ woɖo Sinai-toa gbɔ, eye Yehowa gblɔ na wo be woatu avɔgbadɔ hena tadedeagu ahade nusiwo woatsɔ asubɔe la eme. Esia wɔwɔ abia nu geɖe, eye wobia tso dukɔa si be woadzɔ nu.

Aleke Israel-vi mawo wɔ nu ɖe eŋui? “Amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la.” (Mose II, 35:21) Ðe dukɔa na nu faa? Nenema tututue wowɔ! Nyatakaka si wotsɔ yi na Mose enye be: “Dukɔ la na nu geɖe wu alesi dɔ, si Yehowa gblɔ be, woawɔ la, bia.”—Mose II, 36:5.

Aleke Israel-viawo ƒe ganyawo nɔ ɣemaɣi? Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, wonye kluvi siwo ƒe nu wɔ nublanui, ‘wotsɔ dɔ sesẽwo wɔwɔ te wo ɖe anyi,’ “agbenɔnɔ ti wo,” eye ‘wokpea fu’ le agbe me. (Mose II, 1:11, 14; 3:7; 5:10-18) Ekema nu manya dze edzi na wo le ŋutilãme gome o. Nyateƒee, Israel-viwo kplɔ lãhawo ɖe asi dzo le anyigba si dzi wonye kluviwo le ya. (Mose II, 12:32) Gake nu mawo manya de nu boo aɖeke o, elabena esi wodzo le Egipte megbe teti la, woto nyatoƒoe be lã kple abolo mele yewosi yewoaɖu o.—Mose II, 16:3.

Ekema afikae Israel-viawo kpɔ nu xɔasi siwo wodzɔ be woatsɔ atu avɔgbadɔa tsoe? Tso woƒe aƒetɔ Egiptetɔawo gbɔ. Biblia gblɔ be: “Israel-viwo . . . [bia] klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le Egiptetɔwo si. . . . [Egiptetɔawo lɔ̃] edzi na wo.” Lɔlɔ̃nu faa nunana si Egiptetɔawo na la nye yayra si tso Yehowa gbɔ, metso Farao gbɔ o. Mawu ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa na Egiptetɔwo ve dukɔ la nu, eye wolɔ̃ edzi na wo.”—Mose II, 12:35, 36.

Ekema bu alesi Israel-viawo se le wo ɖokui me ɣemaɣi ŋu kpɔ. Woƒe dzidzime geɖe kpe kluvinyenye kple numanɔamesi ƒe fu sesẽwo. Fifia woɖe asi le wo ŋu eye ŋutilãmenunɔamesi xɔasiwo nɔ wo si. Aleke woase le wo ɖokui me ku ɖe asi ɖeɖe le nunɔamesi mawo ƒe ɖe ŋu? Woate ŋu ase le wo ɖokui me be dɔe yewowɔ hafi kpɔ wo eye yewokpɔ mɔ amia asi ɖe wo dzi. Gake esi wobia tso wo si be woadzɔ ga atsɔ ado subɔsubɔ kɔkɔea ɖe ŋgɔ la, wowɔe—eye womehe ɖe megbe alo gbe asi me ʋuʋu o! Womeŋlɔ be be Yehowae na ŋutilãme nu siawo su yewo si o. Eyata wodzɔ woƒe klosalo kple sika kple lãhawo le agbɔsɔsɔ me. ‘Wolɔ̃ tso dzi me.’ Woƒe ‘dzi ʋã wo.’ ‘Woƒe seselelãme ʋã wo.’ ‘Lɔlɔ̃nu faa nunanae wònye wowɔ na Yehowa’ nyateƒe.—Mose II, 25:1-9; 35:4-9, 20-29; 36:3-7.

Didi Vevie be Woana Nu

Nunana ƒe lolome meɖea nunala la ƒe dɔmenyonyo ŋutɔŋutɔ fiana o. Ɣeaɖeɣi la, Yesu Kristo nɔ amewo kpɔm wonɔ ga dzɔm ɖe gbedoxɔ me nudzɔɖaka me. Amesiwo si nu le la de gaku geɖe eme, gake esi Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe wòda lepta eve ɖe eme la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Egblɔ be: “Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; . . . eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.”—Luka 21:1-4; Marko 12:41-44.

Nya siwo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo la wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nukpɔsusu sia. Paulo gblɔ le nusi woadzɔ be woatsɔ akpe ɖe haxɔsetɔ siwo hiã tu ŋu be: “Elabena ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le ame si la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” (Korintotɔwo II, 8:12) Ẽ, nudzɔdzɔwo menye hoʋiʋli ƒe nya alo be woatsɔe asɔ kple amewo tɔ o. Nusi le ame sie wòate ŋu ana, eye Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nunana faa ŋu.

Togbɔ be ame aɖeke mate ŋu awɔ Yehowa, amesi tɔe nye nuwo katã, kesinɔtɔe o hã la, nudzɔdzɔ naa mɔnukpɔkpɔ tadeagulawo be woaɖe woƒe lɔlɔ̃ nɛ afia. (Kronika I, 29:14-17) Nusi wodzɔna, si menye bene amewo nakpɔ alo le ɖokuitɔdidi ta o, ke boŋ kple susu nyui eye be woatsɔe ado tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ, na wokpɔa dzidzɔ kple yayra tso Mawu gbɔ. (Mateo 6:1-4) Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ma ƒe ɖe ne míezã míaƒe ŋusẽ tsɔ wɔ Yehowa ƒe dɔa eye ne míeɖe nane tso míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo me tsɔ do alɔ tadedeagu vavãtɔ kpakple na kpekpeɖeŋu nana amesiwo dze.—Korintotɔwo I, 16:1, 2.

Didi Vevie be Woana Nu Egbea

Egbea, edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo ne wokpɔ xexeame katã ƒe ŋgɔyiyi si wɔm wole le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me. (Mateo 24:14) Le ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe ewo mamlɛa me la, amesiwo wu 3,000,000 ye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe dzesii, eye woɖo hame yeye siwo ade 30,000. Ẽ, ƒe ewo siwo va yi mee woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo li egbea ƒe memama etɔ̃lia! Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu anukwaretɔ siwo zã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ heyi woƒe aƒelikawo gbɔ ɖagblɔ Yehowa ƒe tameɖoɖowo na wo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ gbɔe dzidziɖedzi sia ƒe akpa gãtɔ tso. Dzidziɖedzi sia ƒe ɖewo hã tso dutanyanyuigblɔla siwo gblẽ wo de ɖi hezɔ mɔ yi didiƒe nyigbawo dzi be yewoana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le afima ƒe dɔwɔna gbɔ. Dzidziɖedzia wɔe be woɖo nutome sue yeyewo, si na wòhiã be woaɖo nutome sue dzikpɔla yeyewo. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia geɖe va hiã be woazã le gbeƒãɖeɖe kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Agbalẽ geɖe va hiã. Eye le dukɔ geɖe me la, eva hiã be woakeke alɔdzedɔwɔƒewo ɖe enu alo be woatu afisiwo lolo wu ɖe wo teƒe. Wote ŋu kpɔ nuhiahiã siawo katã gbɔ to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ si wokpɔ tso Yehowa ƒe amewo gbɔ dzi.

Fiaɖuƒe Akpatawo Hiã

Nuhiahiã vevi si Yehowa Ðasefowo ƒe dzidziɖedzia na wòva dze nyuie enye Fiaɖuƒe Akpatawo. Numekuku si wowɔ le ƒe 2000 ƒe gɔmedzedze ɖee fia be míehiã Fiaɖuƒe Akpata 11,000 kple edzivɔ le dukɔ madeŋgɔ siwo me ganyawo sesẽ le me. Bu Angola ŋu kpɔ. Togbɔ be dukɔmeviʋa le edzi yim ƒe geɖe enye sia hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi abe alafa memama 10 ene ƒe sia ƒe le mama dedie nu. Gake xexe ye hame 675 siwo le Afrika-dukɔ gã sia me ƒe akpa gãtɔ kpena le. Fiaɖuƒe Akpata 22 koe le dukɔa me, eye esiawo dometɔ 12 koe wogbã kple xɔgbãnu aɖe ƒomevi.

Kuxi sia tɔgbee le Democratic Republic of Congo. Togbɔ be hame 300 kloe ye le Kinshasa dugãa me hã la, Fiaɖuƒe Akpata ewo koe le afima. Ehiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 1,500 enumake le dukɔ bliboa me. Le alesi wole dzidziɖedzi kpɔm kabakaba le Ɣedzeƒe Europa dukɔwo me ta la, Russia kple Ukraine ka nya ta be yewohiã Fiaɖuƒe Akpata alafa geɖe. Dzidziɖedzi gã si le edzi yim le Latin Amerika dze nyuie le Brazil, afisi Ðasefo siwo wu miliɔn afã le eye Fiaɖuƒe Akpata geɖe hã hiã le.

Be woate ŋu akpɔ hiahiãwo gbɔ le dukɔ siawo me la, Yehowa Ðasefowo le ɖoɖo aɖe si dzi woato atu Fiaɖuƒe Akpatawo kaba la wɔm. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo wokpɔna tsoa xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa gbɔe wotsɔna kpɔa ɖoɖo siawo gbɔe, ale be tadeaguƒe si sɔ nate ŋu anɔ hame siwo ganyawo mede wo dzi kura o gɔ̃ hã si.

Abe alesi wònɔ le blema Israel la, míate ŋu akpɔ nu geɖe gbɔ elabena nyateƒe Kristotɔwo ‘tsɔa woƒe kesinɔnuwo dea bubu Yehowa ŋui.’ (Lododowo 3:9, 10) Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la di be yeazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ ada akpe tso dzime ke na amesiame si eƒe dzi ʋãe wòkpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ sia me. Eye míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ ayi edzi aʋã eƒe amewo ƒe dzi be woado alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔ si kpɔtɔ le ta kekem la.

Esi dzidziɖedzia kpɔtɔ le edzi yim le xexeame katã la, neva eme be míayi edzi anɔ mɔnukpɔkpɔ siwo me míaɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu faa afia le ahazã míaƒe ŋusẽ, míaƒe ɣeyiɣi, kple míaƒe nunɔamesiwo le la dim. Eye neva eme be míakpɔ dzidzɔ vavã si tsoa nunana ƒe nɔnɔme sia me.

[Aɖaka si le axa 29]

“MIZÃE NYUIE!”

“Mexɔ ƒe ewo. Mele ga sia ɖom ɖe mi be miatsɔe aƒle pepa alo nu bubu ɖesiaɖe atsɔ ata agbalẽwoe.”—Cindy.

“Medi be maɖo ga sia ɖe mi be miatsɔ ata agbalẽwo akpee na mí. Papa ŋue mekpe ɖo hafi kpɔ ga sia dzra ɖo. Eyata mizãe nyuie!”—Pam, ƒe adre.

“Ahom sesẽ si tu la medzɔ dzi nam kura o. Meka ɖe edzi be miele dedie. Ga sia [U.S. dɔlar 2] koe nye ga le gadzraɖoƒe nam.”—Allison, ƒe ene.

“Ŋkɔnyee nye Rudy, eye mexɔ ƒe 11. Nɔvinyeŋutsu Ralph xɔ ƒe ade. Eye nɔvinyenyɔnu Judith xɔ ƒe eve kple afã. Ɣleti etɔ̃ enye sia si míeɖea ga le míaƒe kotokumega me dzrana ɖo be míatsɔ akpe ɖe mía nɔviwo ŋu le [nuto aɖe si me aʋawɔwɔ le edzi yim le]. Míete ŋu dzra dɔlar 20 si ɖom míele ɖa fifia ɖo.”

“Nɔviawo [amesiwo ŋu ahom sesẽ gblẽ nu le] ƒe nu wɔ nublanui nam. Mewɔ dɔ kple fofonye hekpɔ dɔlar 17. Nyemele ga sia ɖom ɖa ɖe nu ɖeka aɖeke ta o, eyata medi be miatso nya me le alesi miazãe ŋu.”—Maclean, ƒe enyi.

[Aɖaka si le axa 31]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã Ƒe Dɔa

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me. Hameawo ɖoa ga siawo ɖe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la ɣleti sia ɣleti.

Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe eme be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu awɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe ale be woatsɔ ga ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, eye ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo li woatsɔ akpe ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋui. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfewo Xexe: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe yeƒe nugblẽfega na ne yeku alo be woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega nɛ.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒea ƒe ɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi wotsɔ kee keŋkeŋ ene.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ ene alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana Habɔbɔa nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi na Habɔbɔa.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu ayɔ Habɔbɔa ŋkɔ be wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nunɔamesi siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Habɔbɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiaa Habɔbɔa ku ɖe nunanawo, domenyinumagbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋuti. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu. Eye ɖe wotae be wòakpe ɖe amesiwo le United States siwo le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ nunana tɔxɛ na Habɔbɔa fifia alo wòanyi eƒe dome le yewoƒe ku megbe la ŋu bene woatia mɔnu si aɖe vi wu eye wònyo ale be woabu woƒe ƒomea kple woawo ŋutɔwo ƒe nɔnɔme ŋu le ewɔwɔ me. Agbalẽ gbadza sia ate ŋu asu asiwò ne èbia ɖeka tẽ tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ.

Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea me la, ame geɖe te ŋu kpe ɖe Habɔbɔa ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Ele be woana Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea nanya eye woaɖo ɖoɖo sia ŋuti nuŋlɔɖiwo ƒe ɖeka ɖee. Ne èdi numekɔkɔ le nunana siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo dometɔ aɖe ŋuti la, ke zã adrɛs si le ete nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, alo nàƒo ka na wo alo na Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

CHARITABLE PLANNING OFFICE

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707