Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“O, Xɔse Si Nu Matsi O Nenɔ Mía Si”!

“O, Xɔse Si Nu Matsi O Nenɔ Mía Si”!

Agbemeŋutinya

“O, Xɔse Si Nu Matsi O Nenɔ Mía Si”!

ABE ALESI HERBERT MÜLLER GBLƆE ENE

Esi Hitler ƒe asrafowo ge ɖe Netherlands ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu. Eteƒe medidi o, nye ŋkɔ va dze le amesiwo dim Nazitɔwo nɔ vevie ƒe ŋkɔwo dome, eye wonɔ xa dem ɖe ŋunye abe lã dimee wole alé ene.

ƔEAÐEƔI la, ɖokuinye ɣaɣla kple sisi va te ɖeɖi ŋutinye ale gbegbe be megblɔ na srɔ̃nye be anye gbɔdzɔe nam wu gɔ̃ hã ne asrafoawo lém. Ɣemaɣie meɖo ŋku hadzidzi aɖe me nyawo dzi be: “O, xɔse si nu matsi o nenɔ mía si, togbɔ be futɔ ɖesiaɖe axaxa mí ɖo hã.” * Ŋugbledede le ha ma ŋu gado ŋusẽm ɖe edzi eye wòna meɖo ŋku dzinyela siwo nɔ Germany kple gbesigbe xɔ̃nyewo dzi ha sia tsɔ do hedenyuie nam la dzi. Magblɔ nya siawo dometɔ aɖewo na mia?

Dzinyelawo ƒe Kpɔɖeŋu

Evangelika Sɔlemeha me tɔwoe dzinyelawo nye esime wodzim le ƒe 1913 me le du si nye Copitz me le Germany. * Ƒe adre megbe, le ƒe 1920 me la, papa do le haa me. Le April 6 lia dzi la, ebia be woatsɔ Kirchenaustrittsbescheinigung (Dodo le Haa me Gbalẽvi) na ye. Dumeviwo ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ ƒe amegã si le dua me kpe ɖeka ɖo. Kwasiɖa ɖeka megbe la, papa gayi dɔwɔƒea ake va gblɔ na wo be ye vinyɔnuvi ƒe ŋkɔ mele agbalẽvia dzi o. Amegã la kpe agbalẽ evelia ɖo si dzi wòŋlɔ ɖo be Martha Margaretha Müller hã le amesiwo do le haa me la dome. Ɣemaɣi la, nɔvinyenyɔnu Margaretha xɔ ƒe ɖeka kple afã. Papa mewɔa alɔgblɔdɔ le Yehowa subɔsubɔ ŋu kura o!

Le ƒe ma ke me la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, na nyɔnyrɔ dzinyelawo. Papa he mí ɖeviawo le mɔ sesẽ aɖe nu, gake eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa wɔe be enɔ bɔbɔe na mí be míawɔ ɖe eƒe mɔfiafiawo dzi. Nuteƒewɔwɔ hã ʋã dzinyelawo be wowɔ asitɔtrɔwo. Le kpɔɖeŋu me, tsã la, womeɖea mɔ na mí be míafe le xexe le Kwasiɖagbewo o. Gake le Kwasiɖa aɖe gbe le ƒe 1925 me la, mía dzilawo gblɔ na mí be míado go aɖaɖi tsa. Míetsɔ numeɖenu aɖewo ɖe asi eye míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe—aleke gbegbe esia to vovoe na alesi wosikaa mí ɖe aƒeme ŋkeke bliboa enye si! Papa gblɔ be yede dzesi nanewo le takpekpe gã si míede eteƒe medidi o la me siwo ɖɔ yeƒe nukpɔsusu ku ɖe Kwasiɖagbe nuwɔnawo ŋu ɖo. Eɖee fia ɣebubuɣiwo hã be yelɔ̃ faa be yeawɔ asitɔtrɔ.

Togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na dzinyelawo hã la, womegbea gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ o. Le kpɔɖeŋu me, be míama trakt si nye Ecclesiastics Indicted la, míewɔ ɖeka kple hamea ɖo keteke fiẽ aɖe zɔ mɔ yi du si nye Regensburg me, si gbɔ didi kilometa 300 tso Dresden. Le ŋufɔke la, míema trakt la le dua me godoo, eye esi míewu enu la, míegaɖo ketekea trɔ gbɔ. Kaka míaɖo aƒeme la, gaƒoƒo 24 va yi.

Dzodzo le Aƒeme

Hadede kple Jugendgruppe (Sɔhɛwo ƒe Ƒuƒoƒo) si le míaƒe hamea me hã kpe ɖe ŋunye metsi le gbɔgbɔ me. Kwasiɖa ɖesiaɖe la, sɔhɛ siwo xɔ wu ƒe 14 kpena kple nɔvi siwo tsi le hamea me. Míefea fe, eye míeƒoa haƒonuwo, srɔ̃a Biblia, heɖoa dze tso xexemewɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Gake le ƒe 1932 me, esime mexɔ ƒe 19 la, nye hadede kple ƒuƒoƒoa wu enu.

Le ƒe ma ƒe April me la, Papa xɔ lɛta aɖe tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Magdeburg gbɔ. Habɔbɔa nɔ ame aɖe si nya ʋukuku hedi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa dim. Menya be enye dzinyelawo ƒe didi be mawɔ mɔɖeɖedɔa, gake mese le ɖokuinye me be nyemate ŋui o. Esi dzinyelawo nye ame dahewo ta la, mete gasɔwo kple awutɔmɔ̃wo, kpakple agbalẽŋlɔmɔ̃wo, kple ɔfis mɔ̃ bubuwo dzadzraɖo, esime mexɔ ƒe 14. Aleke wɔ madzo le ƒonyemetɔwo gbɔ? Wohiã nye kpekpeɖeŋu. Gakpe ɖe eŋu la, nyemekpɔ xɔ nyɔnyrɔ hã haɖe o. Papa nɔ anyi kplim hebiam nya aɖewo be yeakpɔ be mese nusi nyɔnyrɔxɔxɔ lɔ ɖe eme gɔme hã. Esi ŋuɖoɖo siwo menae la na wòka ɖe edzi be mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi geɖe be mate ŋu axɔ nyɔnyrɔ la, egblɔ be: “Ele be nàtsɔ ɖokuiwò ana ahawɔ dɔ sia.” Mewɔ ɖe edzi.

Kwasiɖa ɖeka megbe la, wokpem be mava Magdeburg. Esi megblɔe na xɔ̃nye siwo le Sɔhɛwo ƒe Ƒuƒoƒoa me la, wodi be yewoadzi ha dodzidzɔnamea aɖe atsɔ ado mɔm. Ha si metia la wɔ nuku na wo elabena wobui be ŋkubiãnyawoe le eme. Ke hã wo dometɔ aɖewo tsɔ woƒe haƒonu siwo nye violin, mandolin kple dzitaa dzi ha si nye: “O, xɔse si nu matsi o nenɔ mía si, togbɔ be futɔ ɖesiaɖe axaxa mí ɖo hã; esi maʋuʋu ne fuwɔamewo ƒo ɖe anyigba dzi o.” Gbemagbe la, nyemenya zi alesinu nya mawo ava do ŋusẽm le ƒe siwo le ŋgɔ gbɔna me o.

Dɔa Gɔmedzedze Menɔ Bɔbɔe O

Esi nɔvi siwo le Magdeburg do nye ʋukuku kpɔ vɔ la, wotsɔ ʋu na mía kple mɔɖela ene bubu, eye míeɖo ta Schneifel, si nye nuto si te ɖe Belgium ŋu. Eteƒe medidi o, míekpɔe be ɖeko wòhiã be ʋua nanɔ mía si. Katoliko-ha si nɔ nutoa me mekpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe vava ŋu o, eye nunɔlawo ƒonɛ ɖe kɔƒea me tɔwo nu be woanya mí. Zi geɖe la, ʋua kpena ɖe mía ŋu be míesina le woƒe kodziwo kple gaflo gãwo nu.

Le ƒe 1933 ƒe Ŋkuɖodzia megbe la, nutome gã dzikpɔla, Paul Grossmann, gblɔ na mí be woxe mɔ ɖe Habɔbɔa ƒe dɔ nu le Germany. Le esia megbe kpuie la, alɔdzedɔwɔƒea bia be mava Magdeburg kple ʋua, ava tsɔ agbalẽwo le afima ayi ɖe Saxony nutome, si gbɔ didi anɔ kilometa 100 tso Magdeburg. Gake kaka maɖo Magdeburg la, Adzamekpovitɔwo (Nazitɔwo ƒe adzamekpovitɔwo) tu Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒea xoxo. Megblẽ ʋua ɖe nɔvi aɖe gbɔ le Leipzig hetrɔ yi aƒeme—gake eteƒe medidi o.

Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Switzerland kpem be mava dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le Netherlands. Meɖoe be madze mɔ le kwasiɖa ɖeka alo eve megbe. Gake Papa ɖo aɖaŋu nam be madzo enumake. Mewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, medzo le aƒeme. Le ŋufɔke la, kpovitɔwo va fofonye ƒeme be woalém be mesi le dɔ nu ta. Wotsi megbe akpa.

Dɔa Gɔmedzedze le Netherlands

Le August 15, 1933, dzi la, meɖo mɔɖelawo ƒe aƒe si le Heemstede, si nye du si gbɔ didi kilometa 25 tso Amsterdam, me. Esi ŋu ke la, meyi gbeadzi, Netherlands-gbe me nya ku ɖeka pɛ hã manyamanyae. Metsɔ ɖaseɖigbalẽ si dzi woŋlɔ mawunya ɖo la ɖe asi hedze egɔme. Ede dzi ƒo nam ale gbegbe esi Katoliko nyɔnu aɖe xɔ agbalẽ si nye Reconciliation! Gbemagbe ke la, mena agbalẽvi 27 hã. Le ŋkeke gbãtɔa ƒe nuwuwu la, dzi dzɔm ale gbegbe be megate ŋu le gbeƒã ɖem le ablɔɖe me ake.

Le ŋkeke mawo me la, mɔɖelawo mekpɔa ga tsoa afi aɖeke tsɔ wu nudzɔdzɔ siwo woxɔna ɖe agbalẽ siwo wona ta o. Wozãa ga ma tsɔ ƒlea nuɖuɖu kple nuhiahiã bubuwoe. Ne ga sue aɖe susɔ le ɣletia ƒe nuwuwu la, mɔɖelaawo manɛ ɖe wo nɔewo dome tsɔ kpɔa woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. Ŋutilãmenu ʋɛ aɖewo koe nɔ mía si, gake Yehowa na nu mí ale gbegbe be le ƒe 1934 me la, mete ŋu de takpekpe gã le Switzerland.

Zɔhɛ Wɔnuteƒe

Le takpekpea me la, mekpɔ Erika Finke si xɔ ƒe 18. Medze sii esime menɔ aƒe. Nɔvinyenyɔnu Margaretha xɔlɔ̃e wònye, eye tso ɣeaɖeɣi ke la, mekpɔa ŋudzedze ɖe alesi Erika tɔa afɔ to ɖe nyateƒea ta ŋu. Le Erika ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 1932 me megbe teti la, ame aɖe na Adzamekpovitɔwo nya be egbe be yemagblɔ “Heil Hitler!” o. Adzamekpovitɔawo yi ɖalée eye wodi be yewoanya nusita wògbe egbɔgblɔ ɖo. Erika xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:3 na amegã si le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea heɖe eme be ame ɖeka koe Mawu tia be wòanye Ðela, eyae nye Yesu Kristo. Amegã la biae be: “Ðe ame bubuwo hã li siwo xɔ se abe wò enea?” Erika gbe meyɔ ame aɖeke ŋkɔ o. Esi kpovitɔa do ŋɔdzi nɛ be yewoadee xɔ la, Erika gblɔ nɛ be yelɔ̃ be yeaku tsɔ wu be yeayɔ amewo ƒe ŋkɔ. Kpovitɔa klẽ ŋku dee heblu gblɔ be: “Dzo le afisia. Heyi aƒeme. Heil Hitler!”

Le takpekpea megbe la, metrɔ yi Netherlands eye Erika ya tsi Switzerland. Gake mía kplii siaa míese le mía ɖokui me be míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa tsi ɖe edzi. Esime Erika gakpɔtɔ nɔ Switzerland la, ese be Adzamekpovitɔwo nɔ ye dim vevie le aƒe. Etso nya me be yeanɔ Switzerland awɔ mɔɖeɖedɔa le afima. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Habɔbɔa bia tso esi be wòayi Spain. Ewɔ mɔɖeɖedɔa le Madrid, kple le Bilbao, eye emegbe le San Sebastián, afisi yometiti si subɔsubɔhakplɔlawo nɔ megbe na wɔe be wolé eya kple eƒe zɔhɛ mɔɖela de gaxɔ me. Le ƒe 1935 me la, wogblɔ na wo be woadzo le Spain. Erika gbɔ va Netherlands, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe ma ke me.

Aʋawɔwɔ ƒe Ya aɖe Te Ƒoƒo

Le míaƒe srɔ̃kpekpea megbe la, míewɔ mɔɖeɖedɔa le Heemstede, eye emegbe míeʋu yi dugã si nye Rotterdam me. Míedzi mía vi ŋutsuvi Wolfgang le afima le ƒe 1937 me. Le ƒe ɖeka megbe la, míeʋu yi dugã si nye Groningen me, le Netherlands dziehe, afisi mía kple mɔɖela Germanytɔwo, Ferdinand kple Helga Holtorf kpakple wo vinyɔnu míenɔ aƒe ɖeka me le. Le July 1938 me la, Habɔbɔa gblɔ na mí be Netherlands dziɖuɖua de se be Ðasefo siwo nye Germany-vidzidziwo megakpɔ mɔ aɖe gbeƒã o. Ɣemaɣi tututu lɔƒoe woɖom nutome subɔlae (nutome sue dzikpɔla), eye míaƒe ƒomea ʋu yi Lichtdrager (Lightbearer) me, si nye Habɔbɔa ƒe tɔdziʋu si nyea nɔƒe na mɔɖela siwo nɔ gbeƒã ɖem le Netherlands ƒe dziehe kpa dzi. Zi geɖe la, medzona le nye ƒomea gbɔ, doa gasɔ tso hame ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ be made dzi ƒo na nɔviawo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Eye nɔviawo wɔ nenema. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã dzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Wim Kettelarij, nye wo dometɔ vevi ɖeka.

Esime medo go Wim la, enye ɖekakpui si kpɔ nyateƒea dze sii gake vovo aɖeke kura menɔ eŋu o le agbledɔ si wòwɔna ta. Meɖo aɖaŋu nɛ be: “Ne èdi be yeakpɔ ɣeyiɣi asubɔ Yehowa la, ke ele be nàdi dɔ bubu.” Ewɔ ɖe edzi. Esi míegado go emegbe la, mede dzi ƒo nɛ be wòawɔ mɔɖeɖedɔa. Eɖo eŋu be: “Gake ele be mawɔ dɔ aɖu nu ɖe.” Meka ɖe edzi nɛ be: “Àɖu nu. Yehowa akpɔ dziwò.” Wim dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Emegbe eva nye dzikpɔla mɔzɔla esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim gɔ̃ hã. Egbea la, Wim si le eƒe ƒe 80-awo me gakpɔtɔ nye Ðasefo dovevienu. Yehowa kpɔ edzi nyateƒe.

Míenɔ Mɔxeɖenu Te eye Wonɔ Diyem

Le May 1940 me, anɔ ƒe ɖeka esi míedzi mía vi evelia, Reina, megbe la, Netherlands-srafowo na ta eye Nazitɔwo xɔ Netherlands. Le July me la, Adzamekpovitɔawo xɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒea kple agbalẽtaƒea. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wolé Ðasefo gbogbo aɖewo, eye wolé nye hã. Esi menye Ðasefo kple Germanytɔ si xɔ ƒe si wòle be manye asrafo ta la, mesesẽ be manya nusi Adzamekpovitɔawo atu kplim o. Medze agbagba be madee susume na ɖokuinye be nyemagakpɔ nye ƒomea ake o.

Emegbe le ƒe 1941 me la, Adzamekpovitɔawo ɖem le gaxɔa me hegblɔ nam be mayi bene woaxɔm ɖe asrafodɔa me. Ewɔ nuku nam ale gbegbe. Gbemagbe kee mebu le wo gbɔ, eye le ɣleti ma ke me la, metrɔ yi ɖe nutome sue dzikpɔkpɔdɔa dzi. Adzamekpovitɔawo tsɔm kpe ɖe amesiwo dim wonɔ vevie ŋu.

Alesi Nye Ƒomea Nɔ Te Ðe Nɔnɔmea Nui

Srɔ̃nye kple vinyewo ʋu yi kɔƒe aɖe si nye Vorden me, le dukɔa ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Gake be magana woaɖo afɔku me o la, eva hiã be matso zi alesi medea aƒemee dzi akpɔtɔ kura. (Mateo 10:16) Be manɔ dedie ta la, nɔviawo meyɔa nye ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o, negbe ŋkɔ si wokpa nam, Duitse Jan (Germanytɔ John) ko. Womeɖe mɔ na vinyeŋutsu, Wolfgang, si xɔ ƒe ene gɔ̃ hã be wòayɔm be “Papa” o, ke boŋ be “Ome Jan” (Tɔɖia John). Esia wɔwɔ te ɖe edzi ŋutɔ.

Esime mekpɔtɔ nɔ ɖokuinye ɣlam la, Erika nɔ ɖeviawo dzi kpɔm henɔ gbeƒã ɖem. Esi Reina xɔ ƒe eve la, Erika tsɔnɛ ɖe gasɔ dzi yia gbeadzi le kɔƒeduwo me. Togbɔ be nuɖuɖu kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o hã la, nuɖuɖu mevɔ le Erika si keŋkeŋ gbeɖe o. (Mateo 6:33) Katolikotɔ agbledela aɖe si medzra awutɔmɔ̃ ɖo na kpɔ naa yevutee ɣesiaɣi. Exɔa nye gbedasiwo hã yina na Erika. Gbeɖeka la, exe fe gulden ɖeka ɖe atike aɖe ta le atikedzraƒe aɖe. Esi atikedzrala la nya be ɣaɣlaƒee wòle eye agbalẽvi si wotsɔna xɔa nuɖuɖui mete ŋu ɖoa egbɔ o ta la, etsɔ atikea kee gatsɔ ga gulden eve kpe ɖe eŋu nɛ. Nublanuikpɔkpɔ ƒe nunana siawoe kpe ɖe eŋu be wòte ŋu nɔ agbe.—Hebritɔwo 13:5.

Dɔwɔwɔ Aduadu kple Nɔvi Siwo Ƒo Dzi Le

Le ɣeyiɣi ma me la, meyi edzi nɔ hameawo srãm kpɔ—togbɔ be nɔviŋutsu siwo xɔa ŋgɔ koe medoa go kplii hã. Esi wònye be Adzamekpovitɔawo nɔ diyem vevie ta la, nyemete ŋu nɔa teƒe ɖeka wua gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko o. Womeɖe mɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ nado go kplim o. Ðasefo siwo le woƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo suea me koe wonya. Ewɔe be Xexemeʋa II lia wu enu hafi nɔvinyɔnu eve siwo nye dadaviwo le du ɖeka ƒe akpa vovovowo me nya be yewo kple evea sia zu Ðasefowo esime aʋaa nɔ edzi yim.

Teƒe siwo woatsɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo adzra ɖo hã didi nye dɔ bubu nam. Míeɣlaa pepa, agbalẽtamɔ̃, kple agbalẽŋlɔmɔ̃ siwo ne Gbetakpɔxɔ ava hiã la míatsɔ atae hã. Ɣeaɖewoɣi la, ele be míaɖe agbalẽ siwo Habɔbɔa ta la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu. Meɖo ŋku edzi be ɣeaɖeɣi la, metsɔ agbalẽ aɖaka 30 nɔ mɔ zɔmee ganɔ agbagba hã dzem be woagakpɔm o—enye dɔ teɖeɖiameŋu aɖe!

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míewɔa ɖoɖo be woatsɔ nuɖuɖu tso agble siwo le Netherlands ƒe ɣedzeƒekpa dzi me ayi du siwo le ɣetoɖoƒekpa dzi, togbɔ be womeɖe mɔ ɖe ewɔwɔ ŋu o hã. Míedoa nuɖuɖugba ɖe tasiaɖam me ɖoa ta ɣetoɖoƒe. Ne míeɖo tɔsisi aɖe to la, míete ŋu toa tɔdzisasrãawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena asrafowo nɔa wo ŋu dzɔm. Ðe eteƒe la, míeɖea agbaa dea tɔdziʋu suewo me, tsɔa nuɖuɖua tsoa tɔae, eye míegadea agbaa tasiaɖam bubu. Ne míeɖo du si me yim míele me la, míelalana vaseɖe esime zã dona, doa afɔwuiwo na sɔa, hewɔa dzadzadza tsɔa nuɖuɖua yia hamea ƒe nuɖuɖudzraɖoƒee. Emegbe womaa nuɖuɖua na nɔvi siwo wòhiã.

Ne ɖe Germany-srafowo ke ɖe nuɖuɖudzraɖoƒe sia ŋu la, ame ate ŋu atsi eme ɖe eta. Ke hã nɔvi geɖe tsɔ wo ɖokui na hena kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, Bloemink ƒomea si le du si nye Amersfoort me tsɔ woƒe akpata me na wòzu nuɖuɖudzraɖoƒe, togbɔ be woƒe aƒea gbɔ medidi tso Germany-srafowo nɔƒe gbɔ o hã! Ðasefo siawo tɔgbe, siwo ƒo dzi nɔ, tsɔ woƒe agbe ɖo anyi ɖe wo nɔviwo ta.

Yehowa kpe ɖe mía kple srɔ̃nye ŋu be míewɔ nuteƒe le mɔxeɖenu ƒeawo me. Le May 1945 me la, woɖu Germany-srafowo dzi, eye alesi menɔa bebemee la wu enu mlɔeba. Habɔbɔa bia tso asinye be mayi dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔwɔ dzi vaseɖe esime nɔviŋutsu bubuwo va dze na ewɔwɔ. Le ƒe 1947 me la, Bertus van der Bijl, xɔ ɖe tenyeƒe. * Ɣemaɣi lɔƒoe míedzi mía vi etɔ̃lia, eye míeyi ɖanɔ dukɔa ƒe ɣedzeƒekpa dzi.

Nublanuinya Kple Dzidzɔnya

Le aʋaa megbe la, mese be esi medzo le aƒe yi Netherlands anye ƒe ɖeka megbe la, wolé Papa de gaxɔ me. Le lãmegbegblẽ ta la, woɖe asi le eŋu zi eve, gake wogadee gaxɔ me ake le ɣeyiɣi siawo dometɔ ɖesiaɖe megbe. Le February 1938 me la, wokplɔe yi fuwɔamegaxɔ si le Buchenwald me eye emegbe woɖee yi Dachau. Afimae fofonye ku le le May 14, 1942, dzi. Enɔ te sesĩe le nuteƒewɔwɔ me vaseɖe nuwuwu.

Wokplɔ Dada hã yi Dachau gakpɔa me. Enɔ afima vaseɖe esime woɖe asi le eŋu le ƒe 1945 me. Esi wònye be tenɔnɔ sesĩe ƒe kpɔɖeŋu si dzinyela evea siaa ɖo gbɔe nye gbɔgbɔmeyayrawo tso ta la, mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be Dada nava nɔ mía gbɔ le ƒe 1954 me. Nɔvinyenyɔnu Margaretha—amesi nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Kɔmiunisttɔwo ƒe Ɣedzeƒe Germany tso ƒe 1945 me ke—hã va nɔ mía gbɔ. Togbɔ be Dada ƒe lãme menɔ kɔkɔm o eye medoa Netherlandsgbe o hã la, eyi edzi kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me vaseɖe esime wòwu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le October 1957 me.

Ƒe 1955 ƒe takpekpe si wowɔ le Nuremberg, Germany, nye esi le etɔxɛ. Esi míeɖo teƒea la, nɔvi siwo tso Dresden gblɔ na Erika be dadaa hã va takpekpea. Esi Dresden nɔ Ɣedzeƒe Germany ƒe dziɖuɖu te ta la, Erika megakpɔ dada kpɔ o ƒe 21 sɔŋ. Míewɔ ɖoɖo be woado go, eye vidada kple vianyɔnu kpla asi kɔ na wo nɔewo. Ðekawɔwɔ ake ka gbegbee nye si wònye!

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, vi enyi va nɔ míaƒe ƒomea me. Nublanuitɔe la, mía viŋutsuawo dometɔ ɖeka ku le ʋufɔku aɖe me. Gake ekpɔkpɔ be ɖevi siwo kpɔtɔ la katã le Yehowa subɔm la doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Edzɔa dzi na mí be mía viŋutsu Wolfgang kple srɔ̃a le nutome sue dzikpɔkpɔdɔa wɔm eye wo viŋutsu hã nye nutome sue dzikpɔla.

Meda akpe be mekpɔ Yehowa ƒe dɔa ƒe ŋgɔyiyi le Netherlands teƒe. Esi medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe 1933 me le afisia la, Ðasefo siwo ade alafa ɖeka koe nɔ anyi. Egbea wowu ame 30,000. Togbɔ be míaƒe lãme le gbɔdzɔgbɔdzɔm fifia hã la, mía kple Erika míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe ɖe blemaha si nye: “O, xɔse si nu matsi o nenɔ mía si” me nyawo nu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Hadzidzi 194.—Songs of Praise to Jehovah (ƒe 1928).

^ mm. 7 Copitz-du, si woyɔna fifia be Pirna, le Elbe Tɔsisia to, si gbɔ didi kilometa 18 tso Dresden-dugãa gbɔ.

^ mm. 38 Kpɔ Nɔviŋutsu Van der Bijl ƒe agbemeŋutinya si nye “Naneke Meli si Nyo Wu Nyateƒea O” le January 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Jugendgruppe” ƒe ɖiɖiɖemeɣi aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple hati mɔɖelawo míekpe Schneifel anyigbamamaa ɖo. Mexɔ ƒe 20 ɣemaɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Erika kpakple Wolfgang le ƒe 1940 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tso miame yi ɖusime: Tɔgbuiyɔvinye Jonathan kple srɔ̃a, Mirjam; Erika, nye, vinyeŋutsu Wolfgang kple srɔ̃a, Julia

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nɔviŋutsu aɖe si nɔ gaxɔ me kple fofonyee ta eƒe foto sia le ƒe 1941 me