Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Womegale Agbenyuinɔnɔ Ŋuti Sewo Bum O

Womegale Agbenyuinɔnɔ Ŋuti Sewo Bum O

Womegale Agbenyuinɔnɔ Ŋuti Sewo Bum O

“NU MA ƒomevi medzɔna tsã gbeɖe o.” Nya siawoe Helmut Schmidt si nye Germany dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ tsã gblɔ. Dumegãwo ƒe anukwaremaɖimaɖi gã si ɖi hoo le nyadzɔdzɔwo me nyitsɔ laa ŋue wònɔ konyi fam le. Egblɔ be: “Agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo megaɖi naneke o le ŋukeklẽ ta.”

Ame geɖe alɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi. Wole afɔkpo tum agbenyuinɔnɔse siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, si dzi ame geɖe da asi ɖo tso gbaɖegbe ke be enye nu nyui kple nuvɔ̃ ƒe mɔfiagbalẽ la dzi. Aleae wòle le dukɔ siwo me wobuna be Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖo la gɔ̃ hã me.

Ðe Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Le Veviea?

Agbenyuinɔnɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi fia anukwareɖiɖi kple fɔmaɖimaɖi. Ke hã amebaba, nufitifitiwɔwɔ, kple ametafatafa bɔ. The Times si wotana le London ka nya ta be “wogblɔ le hlɔ̃donyamekula aɖewo ŋu be woxɔ pound 100,000 de kotoku me ɣeaɖeɣi bene woaɖe asi le atikevɔ̃ɖiwo ŋu loo alo woaɖe asi le nya si wotsɔ ɖe adzamenuwɔla xɔŋkɔ aɖewo ŋu la ŋuti.” Wogblɔ be ametafatafa le nugblẽfexeɖoɖo mee bɔ le Austria wu. Eye le Germany la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lulu ŋutɔ esi numekulawo va ke ɖe

“ametafatafa si nye ŋukpenya gãwo wu le Germany ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya me dometɔ ɖeka” ŋu nyitsɔ laa. Wotso nufialagã aɖe si nye “ame ŋkuta le Germany nugbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ ŋuti nunyalawo dome” nu be eda alakpa alo kpa nyatakaka gbogbo aɖewo.

Agbenyuinɔnɔ si wotu ɖe Biblia dzi lɔ nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe si woɖo be wòanye ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa hã ɖe eme. Gake srɔ̃gbegbe ʋɔnuwo koe srɔ̃tɔ gbogbo aɖewo va le dodom ɖo ɖaa. Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Christ in der Gegenwart (Egbeŋkekea me Kristotɔwo) ka nya ta be “le Switzerland ‘si lé blemasewo me ɖe asi’ gɔ̃ hã la, srɔ̃ɖeɖe geɖewo me le gbegblẽm.” Le Netherlands la, srɔ̃ɖeɖe alafa memama 33 wua enu ɖe srɔ̃gbegbe me. Aƒenɔ aɖe si de dzesi hadometɔtrɔwo le Germany le ƒe ʋɛ siwo va yi me la ŋlɔ alesi wòte ɖe edzii be: “Fifia wole srɔ̃ɖeɖe bum be enye blemanu kple tsigãdzinu. Amewo megaɖea srɔ̃ be wòanye yewoƒe kpeɖeŋutɔ le agbe me ŋkekewo katã o.”

Gake ame miliɔn geɖe bua agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo wofia le Biblia me be woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu eye be wole vevie na agbenɔnɔ le míaƒe egbexexea me. Atsu kple asi aɖe si le Switzerland kple Germany ƒe de dzi kpɔe dze sii be agbagbadzedze be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu na yewokpɔa dzidzɔ fifia wu tsã. Le woawo ƒe nukpɔkpɔ nu la, “mɔfianu ɖeka koe li le agbemenya ɖesiaɖe me. Bibliae nye mɔfianu ma.”

Aleke nèsusu? Ðe Biblia ate ŋu anye mɔfianu si ŋu asixɔxɔ lea? Ðe agbenyuinɔnɔse siwo le Biblia me awɔ dɔ egbea?