Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dzra Nye Sededewo Ðo, Ne Nànɔ Agbe”

“Dzra Nye Sededewo Ðo, Ne Nànɔ Agbe”

“Dzra Nye Sededewo Ðo, Ne Nànɔ Agbe”

ENYE ɖekakpuivi tagbɔɖaɖɛtɔ, si “nyo, eye wòdze ɖeka ŋutɔ.” Dzodzro vɔ̃ nɔ eƒe aƒetɔ srɔ̃ me eye ŋu mekpenɛ o. Esi ɖekakpuivia ƒe nu lé dzi nɛ kutɔkutɔe ta la, ete kpɔ gbesiagbe be yeable enu wòadɔ kpli ye. “Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔ aɖeke meli o la, elé eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: Va mlɔ anyi kplim!” Gake Yosef, blemafofo Yakob ƒe vi la gblẽ eƒe avɔ ɖe Potifar srɔ̃ si me eye wòsi le egbɔ.—Mose I, 39:1-12.

Gake menye amesiamee sina le nɔnɔme si tea ame kpɔna nu o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ɖekakpui aɖe si blema Israel Fia Salomo kpɔ le kpɔdome le zã me ŋu kpɔ. Esi nyɔnu gblẽku aɖe blee la, “ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene.”—Lododowo 7:21, 22.

Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woasi] le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:18) Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na ɖekakpui Kristotɔ nusrɔ̃la Timoteo be: “Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu.” (Timoteo II, 2:22) Ne míawo hã míedze ŋgɔ nɔnɔme si bia be míaƒo mía ɖokui ɖe matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi bubu aɖe me la, ele be míawo hã míaɖoe kplikpaa asi abe alesi Yosef si le Potifar srɔ̃ nui ene. Nukae akpe ɖe mía ŋu míate ŋu aɖoe kplikpaa awɔ nu ma? Salomo ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí le Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta 7 lia me. Menye nufiafia siwo kpɔa mía ta le ame gblẽkuwo ƒe ameblemɔnuwo ɖeɖeko ŋue wòƒo nu tsoe o, ke eklo nu le mɔ siwo dzi wotona wɔa woƒe nuwoe hã dzi, to nudzɔdzɔ aɖe si me nyɔnu agbegbegblẽnɔla aɖe ble ɖekakpui aɖe ɖɔɖɔ tsitotsito me.

‘Bla Nye Sededewo Ðe Wò Asibidewo Ŋu’

Fia la dze vifofo ƒe nuxlɔ̃amea gɔme be: “Vinye, dzra nye nuƒoƒo ɖo, eye naɣla nye sededewo ɖe gbɔwò. Dzra nye sededewo ɖo, ne nànɔ agbe, kple nye nufiamewo ɖo abe wò gadaglamakui ene.”Lododowo 7:1, 2.

Mawu de dɔ asi na dzilawo, vevietɔ vifofowo, be woafia Mawu ƒe dzidzenuwo le nu nyui kple nuvɔ̃ ŋuti wo viwo. Mose xlɔ̃ nu vifofowo be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Eye apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Eyata le nyateƒe me la, ŋkuɖodzinya kple sedede siwo le Mawu ƒe Nya Biblia me la hã kpe ɖe dzilawo ƒe nuxlɔ̃ame siwo wòle be woadzra ɖo, alo ade asixɔxɔ wo ŋu vevie la ŋu.

Se bubuwo—siwo nye ƒomea ƒe sededewo—hã ate ŋu akpe ɖe dzilawo ƒe nufiafia ŋu. Ƒomea me tɔwo ƒe nyonyo tae esiawo li ɖo. Enye nyateƒe be le nuhiahiãwo ta la, seawo anɔ vovovo le ƒome ɖesiaɖe me. Gake dzilawo ƒe dɔe wònye be woatso nya me le nusi nye nyuitɔ kekeake na woƒe ƒomea ŋu. Eye zi geɖe la, se siwo wodena nyea lɔlɔ̃ vavã kple ɖetsɔleme si le wo si la ɖeɖefia. Míele nu xlɔ̃m ɖeviwo be woawɔ ɖe se siawo dzi hekpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me nufiafia si woxɔna tsoa wo dzilawo gbɔ la ŋu. Ẽ, ehiã be miabu nuxlɔ̃ame siawo abe “[miaƒe] gadaglamakui ene”—ahakpɔ wo ta vevie. Mɔ ma nue woato aƒo asa na Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi dada me tsonu wuameawo ale be ‘woanɔ agbe.’

Salomo yi edzi be: “Bla wo [nye sededeawo] ɖe wò asibidewo ŋu, eye naŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi.” (Lododowo 7:3) Abe alesi míaƒe ŋkuwo kpɔa asibidewo nyuie eye wole vevie hena míaƒe tameɖoɖowo gbɔ kpɔkpɔe ene la, nenemae wòle be nusiwo míesrɔ̃na tsoa Ŋɔŋlɔawo me hehexɔxɔ me alo Biblia me sidzedze ƒe amesisusu nanye ŋkuɖodzinya kple mɔfianu na mí le nusianu si míewɔna me. Ele be míaŋlɔ wo ɖe míaƒe dzi ƒe kpe dzi, ahawɔ wo woanye ameʋãnu si le mía me ƒe akpa aɖe.

Esi fia la meŋlɔ nunya kple gɔmesese ƒe vevienyenye be o ta, exlɔ̃ nu be: “Gblɔ na nunya be: nɔvinye nènye, eye nayɔ xɔlɔ̃ na gɔmesese.” (Lododowo 7:4) Nunya enye sidzedze si Mawu nana la zazã le mɔ nyuitɔ nu ƒe ŋutete. Ele be míalɔ̃ nunya abe alesi míalɔ̃ mía nɔvinyɔnu aɖe si míeƒoa asii o la ene. Nukae nye gɔmesese? Enye ŋkuléle ɖe nya aɖe ŋu ahase egɔme to nusiwo katã do ƒome kplii dome kadodowo kple nya bliboa gɔmesese nyuie ƒe ŋutete. Ele be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple gɔmesese dome abe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ene.

Nukatae wòle be míaku ɖe Ŋɔŋlɔawo me hehexɔxɔ ŋu ahana ƒomedodo kplikplikpli naɖo mía kple nunya kpakple gɔmesese dome? “Ne woadzra [] ɖo tso nyɔnu tutɔ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.” (Lododowo 7:5) Ẽ, ewɔwɔ nenema akpɔ mía ta tso nyɔnu tutɔ, alo dutanyɔnu—si nye agbegbegblẽnɔla—ƒe ameblemɔ siwo ŋu wòɖe ami ɖo me. *

Ðekakpuia Do Go ‘Nyɔnu Ayetɔ Aɖe’

Emegbe Israel-fia la ɖɔ nudzɔdzɔ aɖe si teƒe eya ŋutɔ kpɔ: “Mele nye xɔ ƒe fesre nu kpɔ nu to adzrala nu. Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsila aɖe le ŋutsuviwo dome. Eya le tsatsam le kpɔdomee le eƒe dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm, le zã kple blukɔ me.”Lododowo 7:6-9.

Adzrala nɔ fesre si nu Salomo kpɔ nua toe ŋu—edze ƒã be enye ati lɛ siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo tsɔ xea fesre nui eye ɖewohĩ wokpanɛ aɖaŋutɔe. Esi fiẽ ɖo la, kpɔdomeawo tsyɔ. Ekpɔ ɖekakpui aɖe si woate ŋu able bɔbɔe. Le esi gɔmesese, alo aɖaŋudzedze mele esi o ta la, etsi bome. Ðewohĩ enya nu tso amesiwo tɔgbe le nuto si me wòge ɖo la me kple nusi ate ŋu adzɔ ɖe edzi le afima ŋu. Ðekakpuia zɔ va to “eƒe dzogoe” kasa, le nyɔnua ƒe aƒememɔ dzi. Nyɔnu kae wònye? Nuka dim wòle?

Fia ŋkuléɖenuŋula la yi nyaa dzi be: “Kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe le gbolovɔ me va do goe, eye ayedzedze le tame nɛ. Eƒe mo nyrã, eye wòɖe ka eɖokui, eye eƒe afɔwo gbe be, yewomatɔ ɖe eƒe me o. Eyae le kpɔdomee fifi, kasiaa eya nye ekem nyɔ ɖe ablɔ me, eye wòde xa ɖe dzogoe ɖesiaɖe dzi.”Lododowo 7:10-12.

Nyɔnu sia ƒe awudodo ɖe amesi ƒomevi wònye fia kɔte. (Mose I, 38:14, 15) Eƒe awudodo gbɔ eme, abe gbolo ene. Gawu la, edze aye—eɖo “alakpa” ɖe tame, eƒe aɖaŋudede “vɔ̃ɖi.” (An American Translation; New International Version) Eƒe mo nyrã eye wòɖe ka eɖokui, enye nukpoloeƒola kple nugɔmemasela, nugbɔmewɔla kple ɖokuiŋudzela, vlodoamela kple tamevɔ̃ɖola. Le esi teƒe be wòanɔ eƒeme la, elɔ̃a ablɔwo dzi nɔnɔ, hedea xa ɖe kpɔdomewo be yeadi ame aɖe alé. Ele ame aɖe abe ɖekakpuia ene lalam.

‘Amenublenya Geɖe’

Azɔ ɖekakpuia do go nyɔnu gblẽku aɖe si ɖo tame vɔ̃. Aleke gbegbe esia anya he Salomo ƒe susui enye si! Egblɔ be: “Elée hegbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋku me kplalaa gblɔ nɛ be: Egbea metsɔ akpedavɔsa xe nye adzɔgbeɖefe ɖe ɖokuinye nu. Eyata medo be, mado go wò, eye madi wò, eye azɔ la mekpɔ wò.”Lododowo 7:13-15.

Nyɔnu sia ƒe nuyiwo zrɔ̃ dredredre. Eɖo mo kplalaa heƒo nu dzideƒotɔe. Etrɔ asi le nya siwo katã wògblɔ ŋu nyuie be yeatsɔ able ɖekakpui lae. Esi wògblɔ be yewɔ yeƒe akpedavɔsa hexe yeƒe adzɔgbeɖefe gbemagbe la, ele eɖem fia be yele dzɔdzɔe, eye yele te le gbɔgbɔ me. Lã, wɔ, ami, kple wein nye nusiwo wotsɔna saa akpedavɔe le gbedoxɔ me le Yerusalem. (Mose III, 19:5, 6; 22:21; Mose IV, 15:8-10) Esi vɔsalaa ate ŋu aɖe akpedavɔsaa ƒe akpa aɖewo na eɖokui kple eƒe ƒometɔwo ta la, enɔ eɖem fia be nuɖuɖu kple nunono geɖe le ye ƒeme. Nusi wòfia me kɔ: Ðekakpuia aɖu agbe le afima. Ðe wòdo le eƒeme kple susu be yeava dii. Aleke gbegbe nya mawo awɔ dɔ ɖe ame dzii enye si—ne ame aɖe axɔ wo dzi ase. Biblia-ŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Enye nyateƒe be ɖe wòdo go nɔ ame aɖe dim ya, gake ɖekakpui ma tututue wòdo go va didi gea? Movitɔ—ɖewohĩ ɖekakpui sia—koe axɔ edzi ase.”

Esi nyɔnu ameblela de dzodzro eme to eƒe nudodo si wòkpɔ, to eƒe ameblenya siwo wòse, to eƒe asikplakɔname si de lãme nɛ, kple to nugbugbɔgbugbɔ nɛ me vɔ la, enyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe edzi to ʋeʋẽ lili si wòase dzi. Egblɔ be: “Meɖo kuntruwo ɖe nye aba dzi, avɔ ŋɔŋɔe, siwo wotsɔ Egipte-ka lɔ̃e. Mewu sikɔni, anowɔtre kple adrike ɖe nye aba dzi.” (Lododowo 7:16, 17) Etsɔ abadzivɔ ŋɔŋɔe siwo wowɔ le Egipte ɖo atsyɔ̃ na eƒe aba, eye wòwu ami ʋeʋĩ tiatia siwo nye sikɔni, anowɔtre, kple adrike ɖe edzi.

Eyi edzi be: “Eyata na míano lɔlɔ̃ amu vaseɖe ŋdi, eye míaƒe dzeme nakɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me.” Amekpekpea lɔ nu geɖe ɖe eme wu fiẽnu si ame eve aɖu ko. Gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ŋugbe domee wònɔ. Ðekakpuia kpɔe be afima yiyi ado dzidzɔ na ye ale gbegbe! Be wòayi edzi ablee la, egblɔ kpee be: “Elabena srɔ̃nye mele aƒe o, eyi nugbe didi aɖe; etsɔ gakotoku la ɖo asi yii, gbesigbe dzinu sɔ tegblẽ la ko wòagbɔ va aƒe.” (Lododowo 7:18-20) Ena kakaɖedzii be ame aɖeke mase yewo ŋkɔ gbeɖe o, elabena srɔ̃ŋutsua zɔ mɔ yi dɔ aɖe wɔ ge eye le ɣeyiɣi aɖe megbe hafi wòagbɔ va aƒeme. Aleke gbegbe wòbi ɖe ame makpɔnuteƒewo beble mee nye si! “Etsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo blee, eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lée.” (Lododowo 7:21) Yosef ƒe nɔnɔme tɔgbe koe ate ŋu anɔ ame si hafi wòate ŋu asi le amenubeble sia gbegbe nu. (Mose I, 39:9, 12) Ðe nɔnɔme sia tɔgbe le ɖekakpui sia sia?

“Abe Nyitsu, si Yina ɖe Ewuƒe Ene”

Salomo ka nya ta be: “Ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene, abe sẽ, si yina gege ge ɖe mɔ̃ me ene, vaseɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã; eye abe xevi, si zɔ ɖe mɔ̃ dzi, eye menyae be, yeƒe ku wònye o la ene.”Lododowo 7:22, 23.

Ðekakpuia mete ŋu si le amekpekpe sia nu o. Esi wògbe susu nyui ŋudɔwɔwɔ ta la, ekplɔe ɖo kɔ̃ ‘abe nyitsue wokplɔ yina wuwu ge ene.’ Abe alesi ŋutsu si ƒe asiwo wode kunyowui mate ŋu asi le tohehe nu o ene la, nenemae wohe ɖekakpuia de nuvɔ̃ mee. Mekpɔ afɔku si le eme dze sii kura o vaseɖe ‘esime aŋutrɔ ƒo ɖe eƒe aklã,’ si fia be vaseɖe esime wòxɔ abi si ate ŋu awui. Kua ate ŋu anye ku ŋutɔŋutɔ elabena eɖe mɔ le eɖokui ŋu na nulɔdɔ wuamewo. * Abia ate ŋu ana wòaku le gbɔgbɔ me hã; ‘si nye edome si agblẽ ɖikaa.’ Egblẽ nu le eƒe ameti bliboa kple eƒe agbe ŋu vevie, eye ewɔ nuvɔ̃ gã ɖe Mawu ŋu. Eyata eɖe abla yina ku me abe alesi xevi yina mɔ̃ mee ene!

“Megatra Yi Etoƒewo O”

Le nu sɔsrɔ̃ tso nusi fia nunyala la kpɔ me la, exlɔ̃ nu be: “Eyata, mi viwo, miɖo tom, eye milé to ɖe nye numenyawo ŋu. Megana wò dzi nadze ayi eƒe mɔwo dzi o, eye megatra yi etoƒewo o. Elabena amesiwo tsi esi me heɖo baba ɖi la sɔ gbɔ, eye amesiwo wòwu la, de ha. Eƒe aƒe enye tsiẽƒe ƒe mɔ geɖe, siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.”Lododowo 7:24-27.

Edze ƒã be aɖaŋu si ɖom Salomo le enye be míasi le agbegbegblẽnɔla ƒe mɔ wuamewo nu ne ‘míanɔ agbe.’ (Lododowo 7:2) Aleke gbegbe aɖaŋuɖoɖo sia sɔ na míaƒe ŋkekea enye si! Nyateƒee wònye be ehiã be míaƒo asa na teƒe siwo amewo lalana le ɖaa be yeawoadi ame alé la toto. Nukatae nàɖe mɔ le ɖokuiwò ŋu age ɖe woƒe mɔwo me to teƒe mawo yiyi me? Nyateƒee, nukatae wòle be nànye “bometsila” ahatra ayi ‘dutatɔ’ toƒewo?

“Nyɔnu tutɔ” si fia la kpɔ la ble ɖekakpuia to ekpekpe be ‘wòava ne yewoase vivi le lɔlɔ̃ɖeɖefia yewo nɔewo me’ la me. Ðe womeblu afɔ na sɔhɛ geɖe—vevietɔ nyɔnuviwo—le mɔ sia tɔgbe ke nu oa? Gake de ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe te kpɔ be yeahe wò ade gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me la, lɔlɔ̃ vavãe wònye loo alo ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzroe? Nukatae wòle be ŋutsu si lɔ̃ nyɔnu aɖe vavã nazi edzi be wòada le Kristotɔwo ƒe hehe si wòxɔ kple eƒe dzitsinya dzi? Salomo xlɔ̃ nu be: “Mègana wò dzi nadze” ayi mɔ mawo dzi o.

Zi geɖe la, ameblela ƒe nyawo nɔa zɔzrɔ̃e henyea nuɖoɖo. Ne míena nunya kple gɔmesese le mía ŋu kplikplikpli la, woakpe ɖe mía ŋu míadze si wo keŋ. Mígaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa ƒe sededewo akpɔ mía ta. Eyata neva eme be míadze agbagba ɣesiaɣi be ‘míadzra Mawu ƒe sededewo ɖo be míanɔ agbe’ ayi ɖe mavɔmavɔ me.—Yohanes I, 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Wozãa nya ‘ame tutɔ’ na amesiwo gbe nusi Sea bia wɔwɔ si na be wote wo ɖokui ɖa tso Yehowa gbɔ. Eyatae woyɔa nyɔnu agbegbegblẽnɔla, abe gbolo ene, be “nyɔnu tutɔ” ɖo.

^ mm. 24 Nulɔdɔ aɖewo gblẽa nu le aklã ŋu. Le kpɔɖeŋu me ne nulɔdɔ si woyɔna be agbadzà tsi ɖe ame ŋu la, dɔlékuiawo gblẽa nu le aklãa ŋu. Eye dɔlékui si naa babadɔ ate ŋu ana aklãa nate.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Aleke nèbua dzilawo ƒe sededewoe?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ na wonɔa agbe