Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea le Altiplano le Peru

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea le Altiplano le Peru

Míenye Amesiwo Si Xɔse Le

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea le Altiplano le Peru

ANDES Togbakawo ƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe dome—afisi Bolivia kple Peru do go le—ye Altiplano la le. Eƒe ŋkɔa fia “gbadzaƒenyigba si kɔkɔ” alo “kponyigba gã gbadza.” Anyigba la ƒe akpa gãtɔ le Bolivia.

Altiplano la keke kilometa 100 eye wòdidi kilometa 1,000 kple edzivɔ, eye eƒe kɔkɔme le mama dedie nu gbɔ atsiaƒu ŋu ade meta 3,700. Ne èɖo yameʋu tso Lima, si nye Peru ƒe ƒuta fiadu me le afima la, àto El Misti, si nye dzoto aɖe si dzi sno tsyɔ eye wòkɔ yi yame ʋĩ meta 5,822 ɖo alilikpowo me ŋu. Le adzɔge ʋĩ la, to siwo nye Nevado Ampato kple Nevado Coropuna, siwo dzi sno xɔ la kɔ yi yame ʋĩ meta 6,000 kple edzivɔ. Kasia wò ŋku akli kponyigba gã gbadza aɖe—si nye ɣetoɖoƒe Peru ƒe Altiplano.

Perutɔwo ƒe Altiplano la ƒe fiadue nye Puno, si le Titicaca-ta, si nye ta si goglo hekeke wu ɖesiaɖe le xexeame si dzi meliwo tona, ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome. Esi nutoa me le teƒe si kɔkɔ wu kilometa etɔ̃ ta la, exɔa ɣeyiɣi vie hafi yagbɔgbɔa maa amedzrowo. Amesiwo le Titicaca-taa ŋue nye Quechua kple Aymara Indiatɔwo. Àte ŋu akpɔ wo le awu siwo ƒe amadede le dzẽ, gbemu, alo blɔ me woanɔ dɔ wɔm le woƒe chacras alo agble suewo dzi. Togbɔ be Spaingbe koŋue wodona le Peru-dukɔa me hã la, wodoa Quechua kple Aymara gbewo hã le Altiplano.

Ŋgɔxɔxɔ na Gbeƒãɖeɖedɔa

Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ va su Quechua kple Aymara gbe dola ɖokuibɔbɔla dɔsesẽwɔlawo dometɔ geɖe si le ŋkeke siawo me. Ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela, siwo nye mɔɖela veviwo ƒe kutrikuku si dzi Yehowa yra ɖo geɖe gbɔe esia tso koŋ.

Le kpɔɖeŋu me, woɖo mɔɖela vevi siwo nye José kple Silvia ɖe du si nye Putina, si didi tso Titicaca-taa gbɔ anɔ kilometa 50 me. Kaka woaxɔ dzinu eve la, Silvia nɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 16 wɔm, eye José nɔ 14 wɔm. Le ɣleti ade ko me la, hamea me gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 23 va ɖo 41. Le ɣeyiɣi ma ke me la, kpekpevalawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 48 va ɖo agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 132.

José gblɔ be: “Ne míele hamea ƒe kpekpewo gɔme dzem le saɖaganuto siawo me la, míekpɔe be ewɔa dɔ ne míedze egɔme kple Dutoƒo Kpekpea kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a gbã. Esia na wònɔa bɔbɔe na ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woadze kpekpeawo dede gɔme.”

Dadavi eve siwo nye nyɔnuwo—ɖeka nye mɔɖela—ye tsɔ nyanyuia yi Muñani saɖaganutoa me gbã, si anye kilometa 20 tso Putina gbɔ. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le afima kple ŋkunɔ aɖe si ŋkɔe nye Lucio. * Ekpe nɔviaŋutsu Miguel, si nye Katoliko-hamevi dzro si nye mawunyadɔgbedela kple nutome ŋgɔnɔla tso nuto si medidi tso wo gbɔ o me. Esi Miguel xɔlɔ̃ aɖe biae nusita wòyia Muñani kwasiɖa sia kwasiɖa la, egblɔ be yeyina va srɔ̃a nu tso Yehowa kple eƒe Nya ŋu. Emegbe biabia sia fɔ ɖe te be: “Nukatae míate ŋu asrɔ̃ Biblia le afisia o?” Le ɖetsɔleme si Miguel ƒe nutoa me tɔwo ɖe fia ta la, medidi o Ðasefoawo wɔ ɖoɖo wɔa kpekpewo le afima.

Miguel te nusi srɔ̃m wònɔ la gbɔgblɔ na ame bubuwo. Ke ɖoƒe si le esi, si nye Katoliko-hamevi dzro mawunyadgbedela kple fiateƒenɔla ya de? Le kpekpe aɖe si wowɔ le nutoame takpexɔ me me la, eɖe gbefãe be yemeganye Katoliko-mawunyadɔgbedela o. Ðe woatia me bubu ɖe eteƒea? Ame aɖe gblɔ le anyinɔƒea dome be: “Nukata míegahiã mawunyadɔgbedela bubu esi míele nyateƒea srɔ̃m?” Nyateƒee, nusiwo fiam Yehowa Ðasefowo le gblɔmee wònɔ. Ame bubu gblɔ kpee be: “Míelɔ̃ ɖe edzi be wò ɖeɖe nàdo le haa me o. Nukatae mí katã míado le eme o?” Emegbe teƒea nɔlawo katã do ɣli kple gbe ɖeka be: “Mí katã míeɖo le eme!”

Ema megbe kpuie la, woƒo nu tso legbawo kple atitsogawo ŋu le nutoame kpekpe aɖe me. Ŋutsu aɖe gblɔ be kpekpea me nɔlawo katã naxlẽ Mose V, 7:25, si gblɔ be: “Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.”

Emegbe ŋutsua bia be amesiwo da asi ɖe edzi be yewoatɔ dzo legbawo katã nado asi ɖe dzi. Enumake asiwo katã yi dzi. (Dɔwɔwɔwo 19:19, 20) Fifia la, ƒome 25 si le nutoa me dometɔ 23 le Mawu ƒe Nya la srɔ̃m. Ame eve nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo, eye srɔ̃tɔ atɔ̃ wɔ ɖoɖo be yewoawɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea le se nu be tenɔnɔ nyui nanɔ yewo si le Yehowa gbɔ.—Tito 3:1; Hebritɔwo 13:4.

Nya Siwo Wolé Ðe Kasɛt Dzi Tsɔtsɔ Fia Nui

Esi ame geɖe menya agbalẽ le Altiplano o ta la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe video kple afima degbe me kasɛtwo nye kpekpeɖeŋu gã aɖe—le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔ̃ hã wɔwɔ kple amewo me. Mɔɖela vevi aɖe si ŋkɔe nye Dora zãa kasɛt si dzi wolé agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? me nyawo ɖo tsɔ wɔa nusɔsrɔ̃e. Ne eƒo memama ɖeka vɔ la, ebiaa nya Biblia-nusrɔ̃via tso nusi wòse fifia ŋu.

Radiodɔwɔƒe aɖe le afima xlẽa Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me nyawo ƒe akpa aɖe le radio dzi le Quechuagbe me edziedzi. Exlẽa Spaingbe me Nyɔ! magazinea ƒe akpa aɖewo hã nenema ke. Eyata ame geɖe va de dzesi Fiaɖuƒegbedasia eye wodi be yewoasrɔ̃ nu geɖe ne Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ le woƒe aƒewo me.

Altiplano la didi tso xexeame nɔla bubuwo ƒe ŋku gbɔ, gake menye tso Mawu ya gbɔ o. Le lɔlɔ̃ si le Yehowa si na ameƒomea ta la, ame geɖe siwo le Andes ƒe Altiplano la tame ʋĩ la va le ame gbogbo siwo le ekafum le eƒe nyateƒe subɔsubɔ ƒe aƒe gã la me tɔwo zum.—Xagai 2:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.