Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔ Dzɔa Dzi Na Kristotɔwo

Subɔsubɔ Dzɔa Dzi Na Kristotɔwo

Subɔsubɔ Dzɔa Dzi Na Kristotɔwo

“Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—DƆWƆWƆWO 20:35, NW.

1. Nɔnɔme gbegblẽ kae bɔ egbea, eye nukatae wògblẽa nu?

LE ƑE 1900 ƒeawo ƒe ƒe ewo mamlɛawo me la, nusi wotsɔ ŋkɔ na be “tɔnye ko nenyo” ɖi zi gbɔ zi geɖe amewo se. Nusi “tɔnye ko nenyo” fia koe nye “maxɔ gbã,” eye enye nɔnɔme si me ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ ɖekematsɔmatsɔ le ame bubuwo me dzena le. Míate ŋu aka ɖe edzi be tɔnye ko nenyo ƒe nɔnɔmea nu metso le ƒe 2000 lia me o. Zi nenie nèsenɛ amewo biana be, “Tsɔɖui kae le eme nam?” alo, “Nukae makpɔ tso eme?” Ðokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia menaa wokpɔa dzidzɔ o. Eto vovo kura na gɔmeɖose si Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW.

2. Aleke wòdzee be wokpɔa dzidzɔ le nunana me?

2 Nyateƒe wònye be wokpɔa dzidzɔ geɖe le nunana me wu xɔxɔa? Ẽ. Bu Yehowa Mawu ŋu kpɔ. Eyama gbɔe ‘agbe dzɔ tso.’ (Psalmo 36:10) Enaa nusianu si hiã be dzidzɔ kple viɖe nanɔ agbe ŋu la mí. Le nyateƒe me la, eyae nye “nunana nyuiwo kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Yehowa, amesi nye ‘dzidzɔ ƒe Mawu’ la le nunana dzi ɖaa. (Timoteo I, 1:11) Elɔ̃ amegbetɔ siwo wòwɔ eye enaa nu geɖe wo. (Yohanes 3:16) Azɔ bu amegbetɔ ƒe ƒome hã ŋu kpɔ. Ne dzilae nènye la, ke ènya nusiwo gbegbe nètsɔ sa vɔe, nusiwo gbegbe nènaa viwò le enyinyi me. Eye ƒe geɖe va yina, evɔ ɖevia medzea si nusiwo gbegbe nètsɔna saa vɔe o. Mebua nusiawo katã nu veviwoe o. Ke hã, ne èkpɔ be viwòa le tsitsim nyuie le nusiwo nènanɛ ɖokuitɔmadimadii ta la, edzɔa dzi na wò. Nukatae? Esi nèlɔ̃e tae.

3. Nukatae wòdzɔa dzi na mí be míasubɔ Yehowa kple haxɔsetɔwo?

3 Nenema ke nunana si nɔ te ɖe lɔlɔ̃ dzi dzena le tadedeagu vavãtɔ mee. Esi míelɔ̃ Yehowa helɔ̃ haxɔsetɔwo ta la, edzɔa dzi na mí be míasubɔ wo, atsɔ mía ɖokui aɖo anyi na wo. (Mateo 22:37-39) Dzi medzɔa amesi subɔna le ɖokuitɔdidi ta boo o. Gake amesiwo subɔna ɖokuitɔmadimaditɔe, eye wotsia dzi ɖe nusi woate ŋu ana ŋu geɖe tsɔ wu nusi wokpɔ mɔ be yewoakpɔ tso eme ŋu la, kpɔa dzidzɔ nyateƒe. Míate ŋu ase nyateƒenya sia gɔme ne míede ŋugble le alesi wozãa Biblia me nya aɖewo siwo do ƒome kple míaƒe tadedeagu le Ŋɔŋlɔawo me ŋu. Míadzro nya siawo dometɔ etɔ̃ me le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me.

Yesu ƒe Dutoƒosubɔsubɔdɔ

4. Aleke “dutoƒosubɔsubɔdɔ” le le Kristodukɔa me?

4 Le Helagbe akuakua me la, nya vevi aɖe si do ƒome kple tadedeague nye lei·tour·giʹa, eye woɖe egɔme le New World Translation Biblia me be “dutoƒosubɔsubɔdɔ.” Le Kristodukɔa me la, woɖe Eŋlisigbe me nya liturgy, * tso lei·tour·giʹa me, si fia subɔsubɔkɔnuwo. Gake Kristodukɔa ƒe subɔsubɔkɔnu siwo wowɔna le woƒe ɖoɖo nu menye dutoƒosubɔsubɔdɔ si ɖea vi ŋutɔŋutɔ aɖeke o.

5, 6. (a) Dutoƒosubɔsubɔdɔ kae wowɔ le Israel, eye vi kawoe wòɖe? (b) Dutoƒosubɔsubɔdɔ si de ŋgɔ sasasã wu kae va xɔ ɖe esi wowɔna le Israel teƒe, eye nukatae?

5 Apostolo Paulo zã Helagbe me nya aɖe si do ƒome kple lei·tour·giʹa esi wònɔ nu ƒom tso Israel nunɔlawo ŋu. Egblɔ be: “Nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa [dutoƒosubɔsubɔdɔ, lei·tour·giʹa, ƒomevi aɖe wɔm], eye wònɔa vɔsa mawo ke . . . tsɔm nɔa nanam agbadre.” (Hebritɔwo 10:11) Lewi-nunɔlawo wɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ vevi aɖe le Israel. Wofiaa Mawu ƒe Sea eye wosaa vɔ siwo tsyɔa dukɔa ƒe nuvɔ̃wo dzi. (Kronika II, 15:3; Maleaxi 2:7) Ne nunɔlaawo kple dukɔa wɔ ɖe Yehowa ƒe Sea dzi la, wokpɔa dzidzɔ.—Mose V, 16:15.

6 Dutoƒosubɔsubɔdɔ wɔwɔ le Sea te nye mɔnukpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe na Israel nunɔlawo, gake viɖe aɖeke megava nɔ woƒe subɔsubɔdɔa ŋu o esime wogbe Israel le eƒe nuteƒemawɔmawɔ ta. (Mateo 21:43) Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe nane si de ŋgɔ sasasã wu ŋu—si nye dutoƒosubɔsubɔdɔ si Yesu, Nunɔla gãtɔ kekeake, awɔ. Míexlẽ nu tso eyama ŋu be: “Ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi. Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.”—Hebritɔwo 7:24, 25.

7. Nukatae Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖea vi siwo ɖeke mesɔ kplii o?

7 Yesu ayi nunɔlanyenye dzi tegbee eye ame aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe o. Eyata eya koe ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe keŋkeŋ. Menye gbedoxɔ si amegbetɔwo tu mee wòwɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ ma, si ɖeke mesɔ kplii o la le o, ke boŋ gbedoxɔ akuakua, si nye ɖoɖo gã si Yehowa wɔ na tadedeagu si dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 29 M.Ŋ. mee. Fifia Yesu le subɔsubɔm le gbedoxɔ ma ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, le dziƒo. Enye “kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Yehowa ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla [lei·tour·gosʹ].” (Hebritɔwo 8:2; 9:11, 12) Togbɔ be ɖoƒe kɔkɔ sia le Yesu si hã la, egakpɔtɔ nye ‘dutoƒosubɔsubɔdɔwɔla.’ Ezãa eƒe ɖoƒe kɔkɔ la tsɔ naa nu, metsɔnɛ xɔa nu o. Eye nu nana alea dzɔa dzi nɛ. Enye “dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ” ƒe akpa aɖe eye ema do ŋusẽe be wòdo dzi le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ katã me.—Hebritɔwo 12:2.

8. Aleke Yesu wɔ dutoƒosubɔsubɔdɔ si xɔ ɖe Se ƒe nubablaa teƒee?

8 Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu aɖe hã li. Paulo ŋlɔ be: “Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su [Yesu si], abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene.” (Hebritɔwo 8:6) Mose nye avuléla na nubabla si dzi Israel-viwo kple Yehowa dome ƒomedodo nɔ te ɖo. (Mose II, 19:4, 5) Yesu nye avuléla na nubabla yeye si na wodzi dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo tso dukɔ geɖe me. (Galatiatɔwo 6:16; Hebritɔwo 8:8, 13; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Dutoƒosubɔsubɔdɔ nyui ka gbegbee nye si! Aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye si be míedze si Yesu, amesi nye dutoƒosubɔsubɔdɔwɔla si dzi míate ŋu ato asubɔ Yehowa wòadze eŋu!—Yohanes 14:6.

Kristotɔwo Hã Wɔa Dutoƒosubɔsubɔdɔ

9, 10. Dutoƒosubɔsubɔdɔ siwo Kristotɔwo wɔna dometɔ aɖewoe nye kawo?

9 Amegbetɔ aɖeke mewɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ si de ŋgɔ abe Yesu tɔ ene o. Gake ne Kristotɔ amesiaminawo xɔ woƒe dziƒofetua la, woaxɔ woƒe nɔƒe ɖe Yesu xa anye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo awɔ eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa kplii. (Nyaɖeɖefia 20:6; 22:1-5) Ke hã Kristotɔ siwo le anyigba dzi wɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ, eye wokpɔa dzidzɔ gã le ewɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esime nuɖuɖu nɔ vevem le Palestina la, apostolo Paulo xɔ nudzɔdzɔwo tso Europa nɔviwo gbɔ be woatsɔ aɖe Yuda Kristotɔ siwo nɔ Yudea ƒe xaxa dzi akpɔtɔ. Dutoƒosubɔsubɔdɔe ema nye. (Romatɔwo 15:27; Korintotɔwo II, 9:12) Egbea la, Kristotɔwo tsɔa dzidzɔ wɔa subɔsubɔdɔ ma tɔgbe, ale be wokpena ɖe wo nɔviwo ŋu kaba ŋutɔ ne wodo go xaxa, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo afɔku bubuwo.—Lododowo 14:21.

10 Paulo ƒo nu tso dutoƒosubɔsubɔdɔ bubu ŋu esi wòŋlɔ be: “Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzɔ kpɔm.” (Filipitɔwo 2:17) Dɔ sesẽ si Paulo wɔ le Filipitɔwo ta nye dutoƒosubɔsubɔdɔ si wòtsɔ lɔlɔ̃ kple kutrikuku wɔe. Wole dutoƒosubɔsubɔdɔ sia tɔgbe wɔm egbea, eye Kristotɔ amesiamina siwo nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” lae le ewɔm vevie, hele gbɔgbɔmenuɖuɖu nam le ɣeyiɣi nyui dzi. (Mateo 24:45-47) Gakpe ɖe eŋu la, amesiawo ƒe ƒuƒoƒo nye ‘nunɔla kɔkɔewo,’ amesiwo wode dɔ asi na be “[woasa] gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi” eye be “[woaɖe] gbeƒã amesi yɔ [wo] tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.” (Petro I, 2:5, 9) Abe Paulo ene la, mɔnukpɔkpɔ siawo dzɔa dzi na wo esi ‘wotsɔ wo ɖokui ɖo anyi’ hele woƒe agbanɔamedziwo gbɔ kpɔm. Eye woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ wɔ ɖeka kpli wo hedoa alɔ wo le nuƒoƒo na ameƒomea tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. * (Yohanes 10:16; Mateo 24:14) Dutoƒosubɔsubɔdɔ gã dodzidzɔname ka gbegbee nye si wònye!—Psalmo 107:21, 22.

Wɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe

11. Aleke nyɔnunyagblɔɖila Hana ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na Kristotɔwo katãe?

11 Helagbe me nya bubu si do ƒome kple míaƒe tadedeague nye la·treiʹa, si gɔme woɖe be “subɔsubɔdɔ kɔkɔe” le New World Translation Biblia me. Subɔsubɔdɔ kɔkɔe lɔ tadedeagu nuwɔnawo ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le nyɔnunyagblɔɖila Hana, si nye ahosi si xɔ ƒe 84 ŋu be ‘medzona le gbedoxɔa me o henɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe [Helagbe me nya si do ƒome kple la·treiʹa,] wɔm kple nutsitsidɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.’ (Luka 2:36, 37) Hana nɔ Yehowa subɔsubɔ dzi ɖaa. Enye kpɔɖeŋu nyui na mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Abe alesi Hana doa gbe ɖa na Yehowa veviedodotɔe hesubɔnɛ edziedzi le gbedoxɔa me ene la, nenema ke gbedodoɖa kple kpekpewo dede nye míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖee.—Romatɔwo 12:12; Hebritɔwo 10:24, 25.

12. Míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖee nye ka, eye aleke esia hã nye dutoƒosubɔsubɔdɔe?

12 Apostolo Paulo ƒo nu tso míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe ŋu esime wòŋlɔ be: “Nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyui la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi . . . le nye gbedodoɖawo me [o].” (Romatɔwo 1:9, 10) Ẽ, gbeƒãɖeɖe nyanyuia menye dutoƒosubɔsubɔdɔ wɔwɔ na nyaa selawo ko o ke enye tadedeagu nuwɔna hã na Yehowa Mawu. Ne míekpɔa amesi aɖo to mí loo alo míekpɔnɛ o ha la, gbeƒãɖeɖedɔa nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na Yehowa. Míaƒe agbagbadzedze be míagblɔ mía Fofo lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple tameɖoɖo ɖɔʋuawo ŋu nya na amewo nana míekpɔa dzidzɔ gã ŋutɔ.—Psalmo 71:23.

Afikae Míewɔa Subɔsubɔdɔ Kɔkɔea Le?

13. Mɔkpɔkpɔ kae le amesiwo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔa me si, eye amekawoe kpɔa dzidzɔ kpli wo?

13 Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Esi míexɔ Fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina [amenuveve nayi edzi asu mía si], si me míato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evɔvɔ̃ ŋuti.” (Hebritɔwo 12:28) Esi amesiaminawo le mɔ kpɔm kple kakaɖedzi be yewoanyi Fiaɖuƒea dome ta la, woƒe xɔse meʋuʋuna esi wole Dziƒoʋĩtɔ la subɔm o. Woawo koe ate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe nɛ le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒea kple xɔxɔnu emetɔa me, eye wole mɔ kpɔm vevie be yewoasubɔ kple Yesu le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, si nye dziƒo ŋutɔ. Woƒe zɔhɛ siwo nye alẽ bubuawo ƒe hatsotsoa kpɔa dzidzɔ kpli wo le woƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ta.—Hebritɔwo 6:19, 20; 10:19-22.

14. Aleke Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ɖea vi na ameha gã lae?

14 Ke alẽ bubuawo ya ɖe? Abe alesi apostolo Yohanes kpɔe do ŋgɔ ene la, woƒe ha gã aɖe do le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖeɖefia 7:14) Efia be abe wo hati tadeagula amesiaminawo ene la, woxɔa Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa, si nye alesi wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe debliboa sa vɔe ɖe ameƒomea ta la, dzi sena. Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ɖea vi na alẽ bubuawo hã le mɔ sia nu be “wokuna ɖe [Yehowa ƒe] nubabla ŋu.” (Yesaya 56:6) Womele eme wowɔ nubabla yeyea kura o, gake wokuna ɖe eŋu le susua nu be wowɔna ɖe se siwo do ƒome kplii dzi eye wokpea asi ɖe ɖoɖo siwo wowɔ to edzi ŋuti. Wodea ha kple Mawu ƒe Israel, woɖua nu le gbɔgbɔmekplɔ̃ ɖeka ŋu eye wowɔa dɔ kple emetɔwo, hekafua Mawu le dutoƒo eye wosaa gbɔgbɔmevɔ siwo dzea eŋu.—Hebritɔwo 13:15.

15. Afikae ameha gã la wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe le, eye ŋusẽ kae yayra sia kpɔna ɖe wo dzi?

15 Eyatae wokpɔ ameha gã la be “[wole] tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, [eye] wodo awu ʋlaya ɣiwo.” Gakpe ɖe eŋu la, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, [akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi, NW].” (Nyaɖeɖefia 7:9, 15) Le Israel la, trɔ̃subɔla zu Yudatɔwoe subɔna le Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu xexetɔ me. Nenema ke ameha gã la subɔa Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu xexetɔ me. Subɔsubɔ le afima na dzi dzɔa wo. (Psalmo 122:1) Ne wo hati amesiamina mamlɛtɔ xɔ eƒe dziƒodomenyinyia vɔ megbe gɔ̃ hã la, woayi edzi anye Yehowa ƒe amewo anɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm nɛ.—Nyaɖeɖefia 21:3.

Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe si Medzea Mawu Ŋu O

16. Nuxlɔ̃ame kawoe wona le subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu?

16 Le blema Israel ŋɔli la, ele be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe ɖe Yehowa ƒe sewo nu. (Mose II, 30:9; Mose III, 10:1, 2) Nenema ke egbea hã la, nudidiwo li siwo dzi wòle be míawɔ ɖo hafi míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe nadze Yehowa ŋu. Susu ma tae Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo be: “Míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.” (Kolosetɔwo 1:9, 10) Menye míaƒe dɔe wònye be míaɖo Mawu subɔsubɔ ƒe mɔnu nyuitɔ o. Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ, gbɔgbɔmenuwo gɔmesese, kple mawumenunya le vevie. Ne menye nenema o la, nuwo manyo kura o.

17. (a) Aleke wodo gu subɔsubɔ kɔkɔea le Mose ŋɔli? (b) Aleke woate ŋu atrɔ gbo subɔsubɔdɔ kɔkɔea egbeae?

17 Ðo ŋku Israel-vi siwo nɔ anyi le Mose ŋɔli dzi. Míexlẽ be: “Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtsɔ wo na [dziƒonuwo] ƒe subɔsubɔ.” (Dɔwɔwɔwo 7:42) Israel-vi mawo kpɔ ŋusẽdɔ siwo Yehowa wɔ le wo ta. Ke hã wotrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu esi wosusu be esia ade yewo dzi ta. Womenɔ Mawu yome ɖaa o, evɔ Mawu yomenɔnɔ ɖaa hiã hafi míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe nadze eŋu. (Psalmo 18:26) Nyateƒe wònye be ame ʋɛ aɖewo koe atrɔ le Yehowa ŋu ava subɔ ɣletiviwo kple sikanyiviwo egbea, gake trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi bubuwo li. Yesu xlɔ̃ nu le ‘Kesinɔnuwo’ subɔsubɔ ŋu, eye Paulo yɔ ŋukeklẽ be enye trɔ̃subɔsubɔ. (Mateo 6:24; Kolosetɔwo 3:5) Satana wɔa eɖokui mawui. (Korintotɔwo II, 4:4) Trɔ̃subɔsubɔ siawo tɔgbe bɔ eye wonye mɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, bu amesi ƒua asi akɔ be Yesu yomedzelae yenye gake eƒe taɖodzinu ŋutɔŋutɔ le agbe mee nye be yeazu kesinɔtɔ alo eya ŋutɔ ɖokui kple eƒe nukpɔsusuwo ŋue wòɖoa ŋu ɖo ŋu kpɔ. Ameka tututu subɔmee wòle? Vovototo kae le wo kple Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesaya ŋɔli siwo taa Yehowa ŋkɔ gake wotsɔ nu gã siwo wòwɔna ƒe bubu naa legba makɔmakɔwo la dome?—Yesaya 48:1, 5.

18. Aleke wowɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea le mɔ gbegblẽ nu le blema kple egbea?

18 Yesu xlɔ̃ nu hã be: “Gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ [kɔkɔe] wɔm na Mawu.” (Yohanes 16:2) Ðikeke mele eme o be Saul, amesi va zu apostolo Paulo, susu be Mawu subɔmee yenɔ esime ‘wòda asi ɖe Stefano wuwu dzi’ eye wòlé “ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 8:1; 9:1) Egbea la, amesiwo dzea agbagba be yewoatsrɔ̃ gbeɖekadolawo ɖa kura la dometɔ aɖewo gblɔna be yewosubɔa Mawu. Ame geɖe li siwo gblɔna be yewosubɔa Mawu, gake dulɔlɔ̃, toɖekametɔwo dzi dede, kesinɔnu, ame ɖokui alo mawu bubu aɖewoe wowɔa woƒe subɔsubɔdɔa na.

19. (a) Aleke míebua míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe lae? (b) Subɔsubɔdɔ kɔkɔe kae ana míakpɔ dzidzɔ?

19 Yesu gblɔ be: “[Yehowa], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Mateo 4:10) Satanae wònɔ nu ƒom na, gake aleke gbegbe wòle vevie enye si be mí katã míawɔ ɖe eƒe nyawo dzi! Subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã nye mɔnukpɔkpɔ deŋgɔ dziŋɔ aɖe. Eye nukae míate ŋu agblɔ tso dutoƒosubɔsubɔdɔ si do ƒome kple míaƒe tadedeagu wɔwɔ ŋu? Dɔ sia wɔwɔ na mía havi amegbetɔ nye aseyetsotsodɔ si me dzidzɔ geɖe le. (Psalmo 41:2, 3; 59:17) Ke hã la, dɔ sia wɔwɔ na wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ ne wowɔe tso dzi blibo me le mɔ nyuitɔ dzi ko. Amekawo koŋue le Mawu subɔm nyuie? Amekawo ƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe ye dzea Yehowa ŋu? Míate ŋu aɖo nya siawo ŋu ne míede ŋugble le Biblia me nya etɔ̃lia si ku ɖe míaƒe tadedeagu ŋu la ŋuti. Míade ŋugble le esia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kristodukɔa ƒe subɔsubɔkɔnu akpa gãtɔ nye tadedeagu wɔnawo loo alo kɔnu aɖewo koŋ, abe Kplɔ̃ŋudede ene le Roma Katoliko Ha me.

^ mm. 10 Wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 13:2, le New World Translation Biblia me, be nyagblɔɖilawo kple nufialawo nɔ ‘dutoƒosubɔsubɔdɔ wɔm’ (si nye alesi woɖe Helagbe me nya si do ƒome kple lei·tour·giʹa, gɔme) na Yehowa. Anye be gbeƒãɖeɖe na amehawo nɔ dutoƒosubɔsubɔdɔ sia wɔwɔ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Dutoƒosubɔsubɔdɔ vevi kae Yesu wɔ?

• Dutoƒosubɔsubɔdɔ kae Kristotɔwo wɔna?

• Nukae nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea, eye afikae wowɔnɛ le?

• Nukae le be wòasu mía si hafi míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe nadze Mawu ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nunana dzɔa dzi na dzilawo ale gbegbe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]

Kristotɔwo wɔa dutoƒosubɔsubɔdɔ ne wokpe ɖe amewo ŋu kple ne woɖe gbeƒã nyanyuia

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Míehiã sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese hafi ate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe dzea Mawu ŋu