Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èlɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Vevie Ŋutɔa?

Èlɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Vevie Ŋutɔa?

Èlɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Vevie Ŋutɔa?

‘Nye luʋɔ léa ŋku ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu, eye melɔ̃a wo vevie ŋutɔ.’—PSALMO 119:167.

1. Afika koŋue wogblɔ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo le zi gbɔ zi geɖe míate ŋu akpɔ?

YEHOWA di be yeƒe amewo nakpɔ dzidzɔ. Gake hafi míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ele be míazɔ ɖe Mawu ƒe se dzi ahawɔ nusiwo wògblɔ. Susu ma tae wònaa ŋkuɖodzinyawo mí ɖo. Wodze zi gbɔ zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me, vevietɔ le Psalmo 119 lia si anye Yuda Fiavi Xizkiya si nye ɖekakpui ŋlɔ la me. Ha vivi sia dze egɔme kple nya siwo nye: “Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me. Woayra amesiwo wɔa eƒe [ŋkuɖodzinyawo, NW] dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me.”—Psalmo 119:1, 2.

2. Aleke Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo do ƒome kple dzidzɔkpɔkpɔe?

2 ‘Míezɔna le Yehowa ƒe se la me’ ne míexɔa eƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ hezãa wo le agbenɔnɔ me. Gake esi míede blibo o ta la, míehiã ŋkuɖodzinyawo. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋkuɖodzinyawo” fia be Mawu nana eƒe sewo kple ɖoɖowo gavaa míaƒe susu me. (Mateo 10:18-20) Ne míeyi edzi wɔna ɖe ŋkuɖodzinya siawo dzi ko hafi míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm, elabena wokpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na gbɔgbɔmemɔ̃tetre siwo hea afɔku kple nuxaxa vɛ.

Ku Ðe Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

3. Le Psalmo 119:60, 61 me nyawo ta la, kakaɖedzi kae le mía si?

3 Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo xɔ asi na hakpala si dzi ha be: “Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋu, eye nyemalala o. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖem, ke nye ŋku medzo le wò se la dzi o.” (Psalmo 119:60, 61) Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le yometiti me elabena míeka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo ate ŋu atso ka siwo futɔwo blana ɖe mía ŋu tsɔ xea mɔ na mí. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, eɖea mí tsoa kplamatsedonu mawo me ale be míegate ŋu yia Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi.—Marko 13:10.

4. Aleke wòle be míaxɔ Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawoe?

4 Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ɖɔa mí ɖo. Mina míakpɔ ŋudzedze ɖe ɖɔɖɔɖo mawo ŋu, abe alesi hakpala la hã wɔe ene. Edo gbe ɖa gblɔ na Mawu be: ‘Wò ŋkuɖodzinyawo nye dzidzɔ nam. Melɔ̃a wò ŋkuɖodzinyawo.’ (Psalmo 119:24, 119) Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo sɔ gbɔ le mía si wu esi nɔ hakpala la si. Hebri Ŋɔŋlɔawo me kpukpui alafa geɖe siwo woyɔ le Hela Ŋɔŋlɔawo me ɖoa ŋku se siwo Yehowa de na eƒe amewo le Sea te kpakple tameɖoɖo siwo le esi na Kristo-hamea dzi na mí. Ne Mawu kpɔe be ehiã be yeaɖo ŋku nusiwo ku ɖe yeƒe sewo ŋu dzi na mí la, míekpɔa ŋudzedze ɖe mɔfiame mawo ŋu. Eye ne ‘míeku ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu’ la, míaƒo asa na nudzroame vɔ̃ siwo medzea mía Wɔla ŋu o, eye wonaa dzidzɔkpɔkpɔ buna ɖe mí la.—Psalmo 119:31.

5. Aleke míate ŋu ava lɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔe?

5 Aleke gbegbee wòle be míalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawoe? Hakpala la dzi ha be: ‘Nye luʋɔ léa ŋku ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu, eye melɔ̃a wo vevie ŋutɔ.’ (Psalmo 119:167) Míava lɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔ ne míebu wo be wonye nuxlɔ̃ame siwo tso Vifofo si tsɔ ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ gbɔ hexɔ wo. (Petro I, 5:6, 7) Míehiã eƒe ŋkuɖodzinyawo, eye míava lɔ̃ wo geɖe ŋutɔ ne míeva kpɔ alesi woɖea vi na míi.

Nusiwo ta Míehiã Mawu ƒe Ŋkuɖodzinyawo

6. Susu siwo ta míehiã Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dometɔ aɖee nye ka, eye nukae akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku wo dzii?

6 Susu siwo ta míehiã Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dometɔ ɖekae nye be míeŋlɔa nu be. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Zi geɖe la, amewo ŋlɔa nu be geɖe wu ne eteƒe le didim. . . . Ðewohĩ edzɔ ɖe dziwò kpɔ be mègate ŋu ɖo ŋku ŋkɔ alo nyatakaka aɖe si nɔ nu na wò vevie hafi dzi o. . . . Woyɔa nuŋɔŋlɔbe vie alea, si dzɔna zi geɖe, be nyabuɖeame. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔe sɔ kple alesi nànɔ nu dim le xɔ si me nuwo le nyamaa la me. . . . Mɔ nyuitɔ si dzi nàto aɖo ŋku nya dzie nye be nàgadzro nyaa me le ɣeyiɣi didi aɖe si nèsusu be yenyae nyuie vɔ megbe.” Nusɔsrɔ̃ veviedodotɔe kpakple egbugbɔgasrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ahawɔ wo dzi bene eme nanyo na mí.

7. Nukatae Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo hiã egbea wu tsã?

7 Míehiã Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi le alesi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ do agbogbo wu gbɔgblɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ta. Ne míelé fɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu la, gɔmesese si hiã la asu mía si ale be míana woable mí míayi xexemenuwɔna vɔ̃ɖiwo wɔ ge o. Hakpala la gblɔ be: “Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò [ŋkuɖodzinyawo] nye nye ŋugbledede. Mese nu gɔme wu ame tsitsiwo, elabena melé wò seawo me ɖe asi. Mete nye afɔ ɖe megbe tso toƒe vɔ̃ɖiwo katã gbɔ, ne malé ŋku ɖe wò nya ŋu.” (Psalmo 119:99-101) Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi la, míate ɖa le “toƒe vɔ̃ɖiwo katã” gbɔ eye míava nɔ abe ameha hoo siwo “ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome” ene o.—Efesotɔwo 4:17-19.

8. Aleke míawɔ asu te nyuie akpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔwo dzidzedzetɔe?

8 Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo gahiã elabena wodoa ŋusẽ mí míete ŋu doa dzi le dodokpɔ geɖe siwo míedoa goe le “nuwuɣi” sia me la me. (Daniel 12:4) Ne manye ŋkuɖodzinyaawo tae o la, anye ne míazu ‘nyasela siwo ŋlɔa nu be.’ (Yakobo 1:25) Gake Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ le ame ɖokui si veviedodotɔe kpakple le hamea me to agbalẽ siwo tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la gbɔ akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔwo dzidzedzetɔe. (Mateo 24:45-47) Gbɔgbɔ me ɖoɖo mawo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa nusi wòle be míawɔ wòadze Yehowa ŋu ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me.

Akpa Vevi si Míaƒe Kpekpewo Wɔna

9. Amekawoe nye ‘nunana siwo nye amewo,’ eye aleke wokpena ɖe haxɔsetɔwo ŋui?

9 Míexɔa Mawu ƒe ŋkuɖodzinya siwo hiã mí la ƒe akpa aɖe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, afisi nɔviŋutsu siwo wotia la naa mɔfiamewo le. Apostolo Paulo ŋlɔ be esi Yesu ‘yi dzi me ʋĩ la, eɖe aboyo aboyomewo yii, eye wòtsɔ nunana siwo nye amewo na.’ Paulo gblɔ kpee be: “[Kristo] ɖo ame aɖewo wonye apostolowo, eye ame aɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, eye ame aɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo, bene woadzra ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu.” (Efesotɔwo 4:8, 11, 12) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be ‘nunana siawo siwo nye amewo’—hamemegã siwo woɖo—hea míaƒe susu yia Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ne míekpe ta na tadedeagu!

10. Susu vevi kae le Hebritɔwo 10:24, 25 me?

10 Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo siwo Mawu wɔ na mí ŋu aʋã mí be míayi míaƒe hame ƒe kpekpe atɔ̃awo kwasiɖa ɖesiaɖe. Paulo te gbe ɖe alesi gbegbe wòhiã be míakpe ta edziedzi la dzi. Eŋlɔ be: “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

11. Aleke kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa ɖea vi na míi?

11 Èkpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo míaƒe kpekpewo wɔna na mí ŋua? Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a doa ŋusẽ míaƒe xɔse, hekpena ɖe mía ŋu be míewɔna ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi, eye wòna míeblaa akpa ɖe ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ ŋu. (Korintotɔwo I, 2:12; Dɔwɔwɔwo 15:31) Le Dutoƒo Kpekpea me la, nuƒolawo gblɔa mɔfiame siwo tso Mawu ƒe Nyaa me, eye wo dometɔ aɖewo nye Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo kple Yesu ƒe ‘agbe mavɔ nya’ wɔnukuwo. (Yohanes 6:68; 7:46; Mateo 5:1–7:29) Wonyrea míaƒe nufiafia ŋutetewo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Subɔsubɔ Kpekpea nye nu xɔasi aɖe si kpena ɖe mía ŋu be alesi míegblɔa nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme, le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me, le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me, kple le subɔsubɔdɔa ƒe mɔ bubuwo nu la nyona ɖe edzi. Alesi ƒuƒoƒoa nɔa sue wu le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ wɔƒee la naa mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míegblɔa nya siwo me Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo nɔna zi geɖe.

12, 13. Aleke Mawu ƒe ame siwo le Asia-dukɔ aɖe me ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋui?

12 Hame ƒe kpekpewo yiyi ɣesiaɣi wɔnɛ be míeɖoa ŋku Mawu ƒe sededewo dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu míekpɔtɔ sẽa ŋu le gbɔgbɔ me ne aʋawɔwɔ le edzi yim, le ganya sesẽwo me, kple le xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo me. Kristotɔ 70 aɖewo siwo le Asia dukɔ aɖe me, amesiwo wòle na be woagblẽ woƒe aƒewo ɖi aɖanɔ aveto me la kpɔ alesi gbegbe kpekpeawo le vevie la dze sii. Esi woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi anɔ ƒu ƒom edziedzi ta la, wotrɔ yi woƒe du si aʋawɔwɔ gbã la me hekaka Fiaɖuƒe Akpataa ƒe akpa si susɔ hetsɔe tu bubui le avea me.

13 Esi Yehowa ƒe amewo do dzi to aʋawɔwɔ ƒe geɖe me le dukɔ ma ke ƒe akpa bubu me megbe la, wogakpɔtɔ le subɔsubɔm dzonɔamemetɔe. Wobia gbe nuto ma me hamemegãwo dometɔ ɖeka be: “Nuka koŋue wɔe be nɔviawo te ŋu ƒoa ƒu?” Aleke wòɖo eŋui? “Míete fli ɖe kpekpe aɖeke me kpɔ le ƒe 19 me o. Ɣeaɖewoɣi le bɔmbdada alo nɔnɔme sesẽ bubuwo ta la, nɔviawo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖoa kpekpea wɔƒe o, gake míete fli ɖe kpekpe aɖeke me kpɔ gbeɖe o.” Nɔvi lɔlɔ̃tɔ siawo nya alesi gbegbe wòle vevie be ‘woagadzudzɔ ƒuƒoƒo o’ nyateƒe.

14. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagã Hana ƒe nuwɔna me?

14 Hana si nye ahosi si xɔ ƒe 84 la “medzona le mawuƒe la me [gbeɖe] o.” Ewɔe be enɔ eteƒe esime wotsɔ vidzĩ Yesu va afima ɣeyiɣi kpui aɖe le edzidzi vɔ megbe. (Luka 2:36-38) Èɖoe kplikpaa be yemada kpekpeawo ƒu oa? Èle tɔwò sinua wɔm be yeanɔ míaƒe takpekpe suewo kple takpekpe gãwo ƒe akpa ɖesiaɖe teƒea? Gbɔgbɔ me mɔfiame nyui siwo míexɔna le takpeƒe siawo na wòdzena na mí kɔte be mía Fofo si le dziƒo tsɔa ɖe le eme na eƒe amewo. (Yesaya 40:11) Azɔ hã wɔna siawo na míekpɔa dzidzɔ, eye míaƒe afima nɔnɔ ɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu.—Nexemya 8:5-8, 12.

Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo na Míeɖe Vovo

15, 16. Dɔ kae wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔna ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi?

15 Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi na míetoa vovo tso xexe vɔ̃ɖi sia gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi mena míekpɔa gome le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me o. (Mose V, 5:18; Lododowo 6:29-35; Hebritɔwo 13:4) Míate ŋu ato Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔwɔ dzi aɖu alakpadada, anukwaremaɖimaɖi, alo fififi ƒe dodokpɔ dzi dzidzedzetɔe. (Mose II, 20:15, 16; Mose III, 19:11; Lododowo 30:7-9; Efesotɔwo 4:25, 28; Hebritɔwo 13:18) Wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔnɛ hã be míebiaa hlɔ̃ o, míeléa ame ɖe dɔme alo gblẽa ame ŋu o.—Mose III, 19:16, 18; Psalmo 15:1, 3.

16 Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi nana míenɔa kɔkɔe, alo woɖea mí ɖe vovo na eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ. Eye aleke gbegbe wòle vevie enye si be míaɖe vovo tso xexeame gbɔ! Le gbe si Yesu do ɖa na Yehowa le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlɛa me la, eɖe kuku ɖe eyomedzelawo ta be: “Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:14-17) Mina míayi edzi ade asixɔxɔ Mawu ƒe Nya si na woɖea mí ɖe vovo na eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ la ŋu.

17. Nukae ate ŋu adzɔ ne míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi, eyata nukae wòle be míawɔ?

17 Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedi be míadze na eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖaa. Gake ne míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi la, xexeme sia ƒe gbɔgbɔ si wodona ɖe ŋgɔ le eƒe nuƒoƒo, agbalẽ, modzakaɖeɖe, kple agbenɔnɔ me geɖe ŋutɔ la aɖu mía dzi. Eye godoo la, míedi be míazu galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame wɔadãwo, ame mabunuwo, ɖokuidoɖedzilawo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu o—eye nɔnɔme siawo nye esiwo amesiwo te ɖe aga tso Mawu gbɔ ɖena fiana dometɔ ʋɛ aɖewo ko. (Timoteo II, 3:1-5) Esi míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ʋĩ ta la, mina míayi edzi anɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu biam bene míate ŋu ayi edzi awɔ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ale be ‘míanɔ ŋudzɔ ɖe eƒe nya dzi wɔwɔ ŋu.’—Psalmo 119:9.

18. Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi awɔe be míaɖe afɔ nyui kawo?

18 Menye nusiwo mele be míawɔ o ko dzie Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ɖoa ŋkui na mí o. Wɔwɔ ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ana míawɔ afɔɖeɖe nyuitɔ, aʋã mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ahalɔ̃e kple míaƒe dzi, luʋɔ, susu, kple ŋusẽ katã. (Mose V, 6:5; Psalmo 4:6; Lododowo 3:5, 6; Mateo 22:37; Marko 12:30) Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ʋãa mí hã be míalɔ̃ mía havi. (Mose III, 19:18; Mateo 22:39) Míeɖea lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi fiana vevietɔ ne míele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hele ‘Mawu ŋuti sidzedze’ si naa agbe la gblɔm na ame bubuwo.—Lododowo 2:1-5.

Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Dzi Wɔwɔ Nye Agbe!

19. Aleke míaɖee afia ame bubuwo be wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi nyo eye wòɖea vi?

19 Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi hekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nawɔ ɖe wo dzi la, míaxɔ mía ŋutɔwo kple amesiwo ɖoa to mí ɖe agbe. (Timoteo I, 4:16) Aleke míaɖee afia ame bubuwo be Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔwɔ nyo nyateƒe eye wòɖea vi? Eya koe nye be míatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe le mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Aɖo kpe edzi na ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbekpɔkpɔ’ be agbenɔnɔ ƒe mɔ si wota le Mawu ƒe Nyaa mee nye nyuitɔ kekeake si dzi wòle be woato nyateƒe. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Woakpɔe hã be ‘Mawu le mía dome vavã’ eye aʋã wo be woawɔ ɖeka kple mí le Yehowa Aƒetɔ Dziɖulagã la subɔsubɔ me.—Korintotɔwo I, 14:24, 25.

20, 21. Nukae Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo kple eƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu míawɔ?

20 Ne míeyi edzi srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo, hetsɔa nusiwo míesrɔ̃na wɔa dɔe, eye míewɔa gbɔgbɔmeɖoɖo siwo Yehowa wɔna na mí ŋudɔ bliboe la, míava lɔ̃ eƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔ. Ne míewɔ ɖe ŋkuɖodzinya siawo dzi la, woakpe ɖe mía ŋu be ‘míado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me.’ (Efesotɔwo 4:20-24) Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu be míaɖe lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, dɔmekɔkɔ, xɔse, tufafa, kple ɖokuidziɖuɖu afia—nɔnɔme siawo to vovo sasasã na xexeme si le Satana ƒe ŋusẽ te la tɔ! (Galatiatɔwo 5:22, 23; Yohanes I, 5:19) Eyata míate ŋu ada akpe ne woɖo ŋku Yehowa ƒe nudidiwo dzi na mí le míaƒe ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ me, to hamemegã siwo woɖo dzi, kple le míaƒe kpekpewo, takpekpe suewo kpakple takpekpe gãwo me.

21 Le alesi míewɔna ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ta la, dzi te ŋu dzɔa mí ne míele fu kpem le dzɔdzɔenyenye ta gɔ̃ hã. (Luka 6:22, 23) Míekpɔa Mawu sinu be wòaɖe mí tso nɔnɔme si doa ŋɔdzi na ame wu ɖesiaɖe la me. Esia le vevie fifia vevietɔ esi wole dukɔwo katã nu ƒom ƒu na “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” le Harmagedon.—Nyaɖeɖefia 16:14-16.

22. Tame kae wòle be míaɖo ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu?

22 Hafi míaxɔ amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la, ke ele be míalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔ ahawɔ wo dzi tso dzi blibo me. Eyata neva eme be seselelãme si nɔ hakpala la si nanɔ míawo hã si, esi wòdzi ha be: “Wò [ŋkuɖodzinyawo] le dzɔdzɔe tegbee; fia nunyam, ne manɔ agbe.” (Psalmo 119:144) Eye neva eme be míaɖe tameɖoɖo kplikpaa si dze le hakpala la ƒe nya siawo me afia: “Meyɔ wò [Yehowa], xɔ nam, ne malé ŋku ɖe wò [ŋkuɖodzinyawo] ŋu.” (Psalmo 119:146) Ẽ, mina míato nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me aɖo kpe edzi be míelɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔ nyateƒe.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke hakpala la bu Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawoe?

• Nukatae míehiã Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo?

• Akpa kae míaƒe kpekpewo wɔna le Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo gome?

• Aleke Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ɖea mí ɖe vovo tso xexe sia gbɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Hakpala la lɔ̃ Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vevie ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Ðe nèsrɔ̃a Hana ƒe kpɔɖeŋua hekpɔa egbɔ be kpekpewo metoa ye ŋu oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ɖea mí ɖe vovo míenɔa dzadzɛ eye míedzena na eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ