Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàxɔ Edzi Asea?

Ðe Wòle Be Nàxɔ Edzi Asea?

Ðe Wòle Be Nàxɔ Edzi Asea?

SUKUVI ƒe 12 vi la nɔ agbagba dzem be yease gɔmeɖose vevi si le ŋɔŋlɔdzesiwo kple xexlẽdzesiwo ƒe akɔntabubu ŋu la gɔme. Eƒe nufiala ɖo ŋɔŋlɔdzesiwo kple xexlẽdzesiwo ƒe akɔntabubu aɖe si gɔmesese dze nu bɔbɔe na sukuviawo.

Edze egɔme be: “Mina míatsɔe be x sɔ kple y, eye mina woa kple evea siaa ƒe kpekpeme nanye 1.”

Sukuvia bui be, ‘ewɔ abe susu le eme ene.’

Gake le nusi dze abe ɖe susu le eme la dziyiyi va ɖo akɔntabumɔnua ƒe akpa enelia dzi megbe la, nufiala la gblɔ voɖidonametɔe be: “Eyata, 2 sɔ kple 1!”

Etɔ gbe eƒe sukuvi siwo tɔtɔ la be: “Miɖo kpe edzi be mede o.”

Le esi sukuvi ɖevi la menya nu geɖe tso ŋɔŋlɔdzesiwo kple xexlẽdzesiwo ƒe akɔntabubu ŋu o ta la, mete ŋu nya alesi wòawɔ aɖo kpe edzi be mede o. Edze abe akɔntabubua ƒe akpa ɖesiaɖe me kɔ ene. Ekema ɖe wòle be wòaxɔ etaƒoƒo wɔnuku sia dzi asea? Ne èbu eŋu kpɔ la, eƒe nufiala la nya akɔntabubu nyuie wui. Le nyateƒe me la, mele be wòaxɔ edzi ase o! Egblɔ na eɖokui be: ‘Mehiã be maɖo kpe edzi be esia mede o. Nuŋububu nyuie ɖee fiam be susu mele esia me o.’ (Lododowo 14:15, 18) Enyae be yeƒe nufiala alo sukuxɔmehatiwo dometɔ aɖeke matsɔ dɔlar eve aɖɔ li ɖeka o!

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, sukuvi si nɔ ŋɔŋlɔdzesiwo kple xexlẽdzesiwo ƒe akɔntabubu srɔ̃m la va ke ɖe vodada si wowɔ le akɔntabubua me ŋu. Ke hã la, nudzɔdzɔa fia nu vevi aɖee. Ne ame aɖe si si sidzedze deŋgɔ le do ameflunya aɖe si dze abe ɖikeke aɖeke mele eŋu o ene ɖa la, mahiã be amesi le to ɖomee la naxɔ alesi wòava ƒo eta abunetɔe la dzi ase le esi mate ŋu aɖo kpe edzi be mesɔ le ɣeyiɣi ma me o ta ko o. Le nyateƒe me la, sukuvia nɔ wɔwɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose nyui aɖe si dze le Yohanes I, 4:1 dzi—be migaxɔ nusianu si miase dzi se enumake o, ne edze abe kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele nyatakakaa tsoƒe ŋu o ene gɔ̃ hã.

Esia mefia be ele be nàlé nukpɔsusu xoxo siwo le asiwò me ɖe asi tamemabumabutɔe o. Enye vodada be nàgbe nyatakaka siwo ate ŋu aɖɔ wò nukpɔsusu siwo me vodada le ɖo la xɔxɔ. Gake mele be ame aɖe si gblɔ be sidzedze alo ŋusẽ geɖe le ye si ƒe nyaƒoɖeamenu ‘nate wò ɖa kaba tso wò tamesusu me’ hã o. (Tesalonikatɔwo II, 2:2) Le nyateƒe me la, ɖeko nufiala la nɔ eƒe sukuviawo blem. Gake menye ɣesiaɣie nuwo nyea fefenu o. Amewo te ŋu bina ɖe ‘nudadafiafia ƒe amebeble’ me ale gbegbe.—Efesotɔwo 4:14; Timoteo II, 2:14, 23, 24.

Ðe Agbalẽnyalawo ƒe Nyawo Nyea Nyateƒe Ɣesiaɣia?

Aleke kee amewo ɖabi ɖe dɔ aɖe wɔwɔ mee o, nukpɔsusu vovovowo nɔa wo si eye woƒe susuwo trɔna. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le glãkahehe si le edzi yim le atikeŋutinunyalawo dome ku ɖe nusiwo hea dɔléle vɛ ko ŋu kpɔ. Atikeŋutinufialagã aɖe si le Harvard Yunivɛsiti ŋlɔ bena: “Ne enye nɔnɔme siwo ƒe dome míenyi koŋue hea dɔléle vɛ loo alo nutome kpakple hadome si míetso ye henɛ vɛ la nye nusi he glãkahehe sẽŋu aɖe de dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dome.” Amesiwo le nusi woyɔna be nuɖoɖinamedzixɔselawo ƒe asaɖa me xɔe se vevie be míaƒe domenyiŋusẽfianuwo wɔa akpa vevi aɖe le dɔ vovovowo ƒe mía dzi dzedze me. Gake ame bubuwo gblɔ be nutoame kple míaƒe agbenɔnɔwoe nye nusi gbɔ amegbetɔwo ƒe dɔlélewo tsona. Akpa evea siaa te ŋu tsɔa numekukuwo kple akɔntabubuwo ɖoa kpe woƒe nyawo dzi enumake. Ke hã la, glãkahehea gakpɔtɔ le edzi yim.

Woɖee fia zi geɖe be agbalẽnyala siwo xɔ ŋkɔ wu la wɔ vodada, togbɔ be nusi wofia la dze abe ɖe ɖikeke aɖeke menɔ eŋu ɣemaɣi o ene hã. Xexemenunyala Bertrand Russell gblɔ le Aristotle ŋu be enye “xexemenunyalawo katã dometɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu.” Ke hã, Russell ɖee fia be Aristotle ƒe nufiafia geɖe nye “aʋatso blibo.” Eŋlɔ be: “Le egbeŋkekeawo katã me la, eva hiã be ŋgɔyiyi ɖesiaɖe kloe si wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya, nuŋububu, alo xexemenunya me la nye nusi ŋu Aristotle ƒe nusrɔ̃lawo tsi tre ɖo vevie.”—History of Western Philosophy.

Nusi Woyɔ Aʋatsotɔe be ‘Sidzedze’”

Kristotɔ gbãtɔwo anya do go ame geɖe siwo nye Hela xexemenunyala xɔŋkɔwo, abe Socrates, Plato, kple Aristotle ene ƒe nusrɔ̃lawo. Agbalẽnyala siwo nɔ anyi le ŋkeke mawo me la bu wo ɖokui be yewode ŋgɔ wu Kristotɔ akpa gãtɔ. Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe ye wobu be wonye ‘nunyalawo le ŋutilã nu o.’ (Korintotɔwo I, 1:26) Le nyateƒe me la, amesiwo de xexemenunya ƒe suku le ɣemaɣi la bu Kristotɔwo ƒe dzixɔse be enye “bometsinu” alo “tagbɔ manɔamesi nu” aɖe ko.—Korintotɔwo I, 1:23; Phillips.

Ne ɖe nènɔ Kristotɔ gbãtɔ mawo dome la, ɖe ame ŋkuta siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ƒe numeɖeɖe wɔdɔɖeamedziwo alo woƒe nunya ɖeɖefia awɔ dɔ ɖe dziwò nenema gbegbea? (Kolosetɔwo 2:4) Le apostolo Paulo ƒe nya nu la, susu manɔ eme be woawɔ esia o. Eɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be Yehowa bua “nunyalawo ƒe nunya” kple “gɔmeselawo ƒe gɔmesese” si nɔ anyi le ŋkeke mawo me bometsinuwoe. (Korintotɔwo I, 1:19) Ebia be: “Nukae le xexe sia me nunyalawo, agbalẽŋlɔlawo kple ɖikelawo si woaɖe afia le woƒe nunya ta?” (Korintotɔwo I, 1:20, Phillips) Togbɔ be tagbɔ kɔ na wo ale gbegbe hã la, xexemenunyalawo, agbalẽŋlɔlawo, kple ɖikela siwo nɔ Paulo ƒe ŋkekea me mete ŋu kpɔ amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔ o.

Eyata Kristotɔwo dzea agbagba be yewoaƒo asa na nusi apostolo Paulo gblɔ be “woyɔ aʋatsotɔe be ‘sidzedze’ la.” (Timoteo I, 6:20, NW) Susu si tae Paulo yɔ sidzedze mawo be ‘aʋatsotɔ’ enye be kpeɖodzi vevi aɖe menɔ eŋu o—si nye nyatakakatsoƒe alo kpeɖodzi be etso Mawu gbɔ, si woatsɔ ado woƒe nufiafiawo kpɔe. (Hiob 28:12; Lododowo 1:7) Le esi ema mekpe ɖe eŋu o, eye ameblela gãtɔ, Satana, hã gbã ŋku na wo le ɣeyiɣi ma ke me ta la, amesiwo lé ɖe sidzedze ma ŋu mate ŋu akpɔ mɔ be yewoake ɖe nyateƒea ŋu gbeɖe o.—Korintotɔwo I, 2:6-8, 14; 3:18-20; Korintotɔwo II, 4:4; 11:14; Nyaɖeɖefia 12:9.

Biblia—Mɔfiame si Tso Gbɔgbɔ Me

Kristotɔ gbãtɔwo meke ɖii kpɔ be Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃nu, tameɖoɖo, kple gɔmeɖosewo gblɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me o. (Timoteo II, 3:16, 17) Esia kpɔ wo ta be ‘womekplɔ wo yi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me le amewo ƒe nuɖoanyi nu o.’ (Kolosetɔwo 2:8) Alea tututue nɔnɔmea le egbea. To vovo na amewo ƒe nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka o eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me nye gɔmeɖokpe sẽŋu si dzi míate ŋu atu míaƒe dzixɔsewo ɖo. (Yohanes 17:17; Tesalonikatɔwo I, 2:13; Petro II, 1:21) Eya manɔmee la, míanɔ agbagba dzem be míatu nu sẽŋu aɖe ɖe amegbetɔwo ƒe nufiafiawo kple xexemenunya si nɔa tɔtrɔm edziedzi dzi.—Mateo 7:24-27.

Ame aɖe agblɔ be: ‘Tɔ gbɔ. Ðe menye nyateƒe be nusiwo dzɔdzɔmenunya he ɖe go ɖee fia be Biblia wɔ vodada eye le esia ta míagate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu o abe amegbetɔwo ƒe xexemenunya si le tɔtrɔ dzi ɖaa la ke ko ene oa?’ Le kpɔɖeŋu me, Bertrand Russell gblɔ be eva hiã be ‘Copernicus, Kepler, kple Galileo nawɔ aʋa atsi tre ɖe Aristotle kple Biblia ŋu atsɔ aɖo kpe edzii be menye anyigbae le xexeame godoo ƒe titina o.’ Eye le kpɔɖeŋu me, ɖe menye nyateƒe be egbea la, nuwɔwɔdzixɔselawo tea tɔ ɖe edzi be Biblia fia nu be ɖe wowɔ anyigbaa le gaƒoƒo 24 ƒe ŋkeke ade me, esime kpeɖodziwo katã fia be anyigba ŋutɔ xɔ ƒe biliɔn geɖe oa?

Le nyateƒe me la, Biblia megblɔ be anyigbae nye xexeame katã ƒe titina o. Ema nye subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo mewɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi o la ƒe nufiafia. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi ɖee fia be anyigba ate ŋu axɔ ƒe biliɔn geɖe eye megblɔe be gaƒoƒo 24 koe le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke ɖeka me o. (Mose I, 1:1, 5, 8, 13, 19, 23, 31; 2:3, 4) Biblia me dzodzro anukwaretɔe ɖee fia be togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ o hã la, menye “tagbɔ manɔamesi” nya kura o. Le nyateƒe me la, ewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya siwo ŋu kpeɖodzi le pɛpɛpɛ. *

“Tamebubu ƒe Ŋutete” La

Togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe nye ŋutsu kple nyɔnu tsɛ siwo mede suku de ŋgɔ o hã la, nu bubu si Mawu na wo la nɔ wo si. Eɖanye nukawo mee woto le agbe me o, wona ŋugbledede kple tamebubu ŋutete wo katã. Apostolo Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woawɔ woƒe “tamebubu ƒe ŋutete” (NW) ŋudɔ bliboe ‘bene woadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.’—Romatɔwo 12:1, 2.

Le “tamebubu ƒe ŋutete” si Mawu na Kristotɔ gbãtɔwo ta la, wokpɔe dze sii nyuie be viɖe aɖeke mele xexemenunya alo nufiafia ɖesiaɖe si mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya si wòɖe fia la ŋu o. Le nyateƒe me la, nunyala siwo nɔ anyi le woƒe ŋkekea me la nɔ ‘nyateƒea tem ɖe to’ henɔ aɖaba ŋem ƒu kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu aɖe li la dzi le go aɖewo me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo.” Le esi wogbe nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋu la, “woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti.”—Romatɔwo 1:18-22; Yeremya 8:8, 9.

Zi geɖe la, amesiwo gblɔna be nunyalawoe yewonye la ƒoa nya ta be “Mawu aɖeke meli o” alo “Mele be woaka ɖe Biblia dzi o” alo “Menye ‘ŋkeke mamlɛawoe’ nye esiawo o.” Nukpɔsusu siawo nye bometsitsi le Mawu ŋkume abe alesi woagblɔ be “2 sɔ kple 1” ene. (Korintotɔwo I, 3:19) Ŋusẽ ka kee amewo agblɔ be ele yewo si o, mahiã be nàda asi ɖe woƒe nyataƒoƒowo dzi ne etsi tre ɖe Mawu ŋu, ŋe aɖaba ƒu eƒe Nya dzi, eye mewɔ ɖeka kple nuŋububu nyuie o. Mlɔeba, nunyanu si wòle be míawɔ ɣesiaɣie nye be ‘míana Mawu nanye nyateƒetɔ, ke amesiame nanye aʋatsokala.’—Romatɔwo 3:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Ne èdi numekɔkɔ la, kpɔ agbalẽ siwo nye The Bible—God’s Word or Man’s? kple Is There a Creator Who Cares About You?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

To vovo na amewo ƒe nukpɔsusu siwo nɔa tɔtrɔm la, Biblia nye gɔmeɖokpe sẽŋu si dzi míatu xɔse ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Miame, Epikuro: Photograph taken by courtesy of the British Museum; titina le etame, Plato: National Archaeological Museum, Athens, Greece; ɖusime, Socrates: Roma, Musei Capitolini