Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e

Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e

Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e

“NE XƆLƆ̃ ÐEKAE NÈDZE LE WÒ AGBE ME LA, KE ENYO; EVE SƆ GBƆ; ETƆ̃ YA MEBƆ KURA O.”—Henry Brooks Adams.

NYA sia fia be xɔlɔ̃ vavãwo mebɔ o. Zi geɖe la, míesena amesiwo tsi akogo ŋutɔ eye wole xɔlɔ̃ dim la gblɔna be, “Ame aɖeke mele asinye si ŋu matrɔ ɖo o,” “Nyemate ŋu aka ɖe ame aɖeke dzi o,” alo “Nye avue nye xɔ̃nye vevitɔ.”

Xɔlɔ̃wɔwɔ kple eléle ɖe te mele bɔbɔe kura o. Numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be “le United States la, ame tsitsi siwo le dukɔa me dometɔ 25 le alafa me ‘tsia akogo ɣesiaɣi’ eye . . . le France la, dukɔa me tɔwo ƒe afã ɖe wo ɖokui ɖe aga keŋkeŋ.” Alesi ŋutsu kple nyɔnu ƒe gbeɖoɖoɖi hena gododo ƒe ƒuƒoƒowo kple kɔmpiuta dzi numedzroƒewo bɔe kpakple amesiwo le zɔhɛwo dim ƒe boblododo gbogbo siwo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la ɖee fia be amewo dina vevie be yewoade ha kple amewo.

Ðk. David Weeks si nya nu tso kadodo si le lãme kple susua dome nusese ŋu gblɔ be menye ame ƒe susu dzi koe akogotsitsi kpɔa ŋusẽ ɖo o ke ekpɔa ŋusẽ ɖe eƒe lãmesẽ hã dzi. “Mekpɔa dɔnɔ gbogbo aɖewo gbɔ siwo dzimaɖitsitsi kple blanuiléle doa vɔvɔ̃ na, si mate ŋu aɖɔ be wotsi akogo. Kadodo le alesi ame léa blanui kple alesi wòtsia akogo dome.”

Srɔ̃gbegbe kple ƒomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ na akogotsilawo le agbɔ sɔm ɖe edzi. Numekuku aɖe si wowɔ le Britain ɖee fia be kaka ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze naɖo la, dukɔa me tɔ 30 le alafa me azu ameɖekɛƒomewo.

Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me gblɔe ɖi be ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ abɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Edzena be ame geɖe tsɔa ɖe le ŋutilãmenunɔamesiwo, siwo ƒe ɖewoe nye aƒe alo ʋu, alo woƒe dɔwɔɖuiwo me wu be woana ƒomedodo nanɔ wo kple amegbetɔwo dome. Nuŋlɔla Anthony Storr gblɔe be: “Le esi teƒe be woƒe susu nanɔ wo srɔ̃ kple wo viwo ŋu la, wotu woƒe agbe ɖe woƒe dɔwɔƒe dzi.”

XƆLƆ̃ VAVÃWO XƆ ASI ŊUTƆ

Agbe si ƒomevi nènɔna nɔa te ɖe xɔlɔ̃ siwo ƒomevi nèdzena dzi zi geɖe. Zi geɖe la, amesiwo bua wo ɖokui ɖeɖeko ŋu mekpɔa dzidzɔ o elabena xɔlɔ̃ kplikplikpli menɔa wo si woagblɔ woƒe tamesusuwo na o. Yesu Kristo ƒe nyawo nye nyateƒe be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Englandtɔ hakpanyaŋlɔla George Byron gbugbɔ nyateƒenya sia gblɔ le mɔ bubu nu be: “Ele be amesiwo katã akpɔ dzidzɔ la nakpɔe kple amewo.”

Amekae nye xɔlɔ̃? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe xɔlɔ̃ gɔme be enye “amesi ku ɖe ame bubu ŋu le lɔlɔ̃ alo asixɔxɔdedeameŋu me.” Xɔlɔ̃ vavã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nu nyuiwo ŋu. Ate ŋu ade dzi ƒo na wò ahatu wò ɖo le hiãɣiwo. Ate ŋu axa nu kpli wò gɔ̃ hã. Fia Salomo gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Togbɔ be asixɔxɔ megava nɔa ŋutilãmenuwo ŋu le ɣeyiɣi aɖe megbe o hã la, xɔlɔ̃dzedze vavãtɔ ya tsina hesẽna ɖe edzi ne ɣeyiɣia va le yiyim.

Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be ‘woakeke’ woƒe lɔlɔ̃ ‘ɖe enu.’ (Korintotɔwo II, 6:13) Nunya le eme be míate ɖe ame bubuwo ŋu. Míexlẽnɛ le Nyagblɔla 11:1, 2 be: “Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe. Mã nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena mènya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.” Aleke gɔmeɖose sia ku ɖe xɔlɔ̃dzedze ŋui? Ne èdze xɔ̃ ame geɖe la, wo dometɔ aɖewo akpe ɖe ŋuwò ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa.

Xɔlɔ̃ vavãwo nye takpɔkpɔ na wò le mɔ bubu nu. Lododowo 27:6 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o.” Togbɔ be ame geɖe ate ŋu akafu wò hã, xɔlɔ̃ vavãwo koe abu ŋuwò atɔ asi vodada gã aɖe dzi ahaɖo aɖaŋu nyui na wò le lɔlɔ̃ me.—Lododowo 28:23.

Xɔlɔ̃ vevi siwo nyo la nye nunana xɔasi siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò la dometɔ aɖewo. Le Dɔwɔwɔwo ta 10 lia me la, míexlẽ nu tso nane si dzɔ le Roma-srafomegã Kornelio si mawudɔla gblɔ na be wose eƒe gbedodoɖawo la ƒe agbe me ŋu. Esi Kornelio nɔ mɔ kpɔm na apostolo Petro ƒe sasrãkpɔ la, ‘eyɔ eƒe ƒomeawo kple xɔlɔ̃ veviwo va ƒo ƒu.’ Kornelio xɔlɔ̃ vevi mawo nɔ Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ gbãtɔ siwo xɔ nyanyuia eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na, kple mɔkpɔkpɔ be woava ɖu fia kple Kristo le Mawu Fiaɖuƒea me la dome. Yayra kae nye si Kornelio xɔlɔ̃ veviawo kpɔ!—Dɔwɔwɔwo 10:24, 44.

Gake aleke nàwɔ adze xɔlɔ̃? Biblia, si gblɔ nya geɖe le xɔlɔ̃dzedze ŋu la ɖo aɖaŋu nyui aɖe tsɔ ɖo nya sia ŋui. (Kpɔ aɖaka si le ete.)

AFISI NÀTE ŊU ADZE XƆLƆ̃ VAVÃWO LE

Teƒe nyuitɔ si nàdze xɔlɔ̃ vavãwo lee nye Kristo-hamea me. Gbã la, àte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ adze xɔlɔ̃ Yehowa, Wɔwòla kple Fofowò si le dziƒo, kpakple Yesu Kristo si nye Ðewòla. Yesu si le kpewòm be nànye ye xɔlɔ̃ la gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13, 15) Ne èdze xɔlɔ̃ Yehowa kple Yesu Kristo la, àte ŋu aka ɖe edzi be ‘woaxɔ wò ɖe agbadɔ mavɔwo me.’ Ẽ, xɔlɔ̃dzedze Yehowa kple Yesu ana nànɔ agbe mavɔ.—Luka 16:9; Yohanes 17:3.

Aleke nàwɔ xɔlɔ̃dzedze si vivina nanɔ mia kple wo dome? Wogblɔ nusiwo wodi tso amesiwo anye Yehowa xɔlɔ̃wo adze eƒe agbadɔ me la si ɖe Psalmo 15 lia me. Ʋui le wò Biblia me, eye nàxlẽ kpukpui atɔ̃ siwo le psalmo ma me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu Kristo gblɔ be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.”—Yohanes 15:14.

Ẽ, ne ètso dzi me srɔ̃ mɔfiafia siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me hetsɔe wɔ dɔe la, àɖee afia be èdi be yeanye Yehowa kple Yesu xɔlɔ̃. Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be nàde Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo me woxɔa Yehowa Mawu ŋuti sidzedze le la edziedzi. Ðo to Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, eye esia ana nàte ɖe eyama kple Via ŋu wu.

Azɔ hã le kpekpeawo me la, àte ŋu ava dze si amesiwo lɔ̃a Yehowa eye woɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu—fiana le woƒe agbe me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ne èdii ŋutɔŋutɔ be yeadze xɔlɔ̃wo ahaƒo asa na akogotsitsi la, ke de Kristotɔwo ƒe kpekpewo kwasiɖa sia kwasiɖa. Esia wɔwɔ ana nàkpɔ teƒe nyuitɔ kple ɣeyiɣi nyuitɔ atsɔ ana xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔa anyi ɖaa nanɔ mia kple Mawu ƒe ame siwo wòyra dome.

MINYE XƆLƆ̃WO TEGBEE

Xɔlɔ̃dzedze vavãtɔ nye nunana nyui si tso Yehowa Mawu gbɔ. Eya ŋutɔ ƒe amenyenye kple nɔnɔme mee wòtso. Eƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ na wòtsɔ nuwɔwɔ nyanu siwo nàte ŋu adze xɔ̃e la yɔ anyigba dzi. De ha kple hati Kristotɔwo. De dzi ƒo na wo. Wɔ dɔ kpli wo le subɔsubɔdɔa me. Do gbe ɖa kpli wo eye nàdoe ɖe wo ta hã edziedzi. Àto esia wɔwɔ me asrɔ̃ Yehowa kple Via, Yesu Kristo.

Xɔlɔ̃wɔwɔ nye nusi amesiame ate ŋu ana eye woanɛ. Eteƒe madidi o, mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàgadze xɔlɔ̃ ame bubuwo akpee. Àte ŋu adze xɔlɔ̃ ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia, kple dzidzime siwo va yi me tɔ siwo le alɔ̃ dɔm le ku me hele mɔ kpɔm na tsitretsitsi le ɣeyiɣi si me “ku maganɔ anyi akpɔ o” la me. (Nyaɖeɖefia 21:4; Yohanes 5:28, 29) Dze agbagba fifia nàɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia, eye dze xɔ̃ amesiwo lɔ̃ Yehowa. Na xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mia kple Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dome to toɖoɖo Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Ne èwɔ esia la, màgatsi akogo akpɔ o ayi ɖe mavɔ me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22, 23]

Nu Ade Siwo Naa Xɔlɔ̃wɔwɔ Nɔa Anyi Ðaa

1. NYE XƆLƆ̃. Woyɔ Abraham be ‘Yehowa xɔlɔ̃’ le xɔse si meʋuʋuna o si nɔ esi ta. (Yakobo 2:23) Gake susu bubu aɖe hã tae. Biblia gblɔ be Abraham ɖe eƒe lɔlɔ̃ na Mawu fia. (Kronika II, 20:7) Edo ŋgɔ gblɔ eƒe seselelãmewo na Yehowa. (Mose I, 18:20-33) Ẽ, ebia be nàdo ŋgɔ aɖee afia be yedi be yeanye xɔlɔ̃. Yesu gblɔ be: “Mina, eye woana mi.” (Luka 6:38) Dzideƒonamenya aɖe gbɔgblɔ alo kpekpeɖeŋu nana ate ŋu anye nusi woatsɔ adze xɔlɔ̃wɔwɔ vevi aɖe si ava tsi ɖe edzi la gɔme. Amerikatɔ nuŋlɔla Ralph Waldo Emerson gblɔ kpɔ be: “Mɔ si dzi woato adze xɔ̃ koe nye be wò ŋutɔ nànye xɔlɔ̃.”

2. KPƆ VOVO ÐE XƆLƆ̃WƆWƆ ŊU. Viɖe siwo dona tsoa xɔlɔ̃wɔwɔ me dzroa ame akpa gãtɔ. Ke hã womekpɔa vovo ɖe eŋu alesi wòhiã o. Romatɔwo 12:15, 16 de dzi ƒo na mí be míakpɔ gome le ame bubuwo ƒe dzidzɔ kple dzidzedze kpɔkpɔ, nuxaxa kple dziɖeleameƒowo me. Egblɔ be: “Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la! Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo.” Togbɔ be vovo menɔ Yesu Kristo ŋu o hã la, ekpɔ ɣeyiɣi ɖe exɔlɔ̃wo ŋu ɣesiaɣi. (Marko 6:31-34) Ðo ŋku edzi be, abe seƒoƒo ene la, ehiã be woanɔ tsi dem xɔlɔ̃wɔwɔ ahalé be nɛ—eye esia bia ɣeyiɣi.

3. ÐO TO NE AME BUBUWO LE NU ƑOM. Enɔa bɔbɔe wu na amesiwo léa to ɖe nya ŋu nyuie be xɔlɔ̃wo nanɔ wo si. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yakobo 1:19) Ne èle dze ɖom kple ame bubuwo la, ɖee fia be yetsɔ ɖe le alesi wosena le wo ɖokui me la me. De dzi ƒo na wo be woaƒo nu tso wo ɖokui ŋu. Xɔ ŋgɔ le bubudede wo ŋu me. (Romatɔwo 12:10) Ekema woadi be yewoanɔ ŋuwò. Gake ne tɔwò koe wosena le dzeɖoɖo ɖesiaɖe me, alo ɖokuiwò ŋu koe nèƒoa nu tsonɛ ɣesiaɣi la, asesẽ be nàkpɔ amesi alɔ̃ aɖo to wò alo amesi tsɔa ɖe le wò seselelãme kple wò nuhiahiãwo me.

4. LƆ̃ TSƆTSƆKE. Yesu gblɔ na Petro ɣeaɖeɣi be wòatsɔ ake ‘vaseɖe zi blaadre vɔ adre.’ (Mateo 18:21, 22) Xɔlɔ̃ vavãtɔ ŋea aɖaba ƒua vodada suewo dzi kaba. Le kpɔɖeŋu me: Atikutsetse si woyɔna be raspberry menya ɖuna na ame aɖewo o le eƒe ku suesueawo ta. Gake amesiwo atikutsetse sia vivina na ya meléa ŋku ɖe eƒe kuawo ŋu o. Xɔlɔ̃ vavãwo ƒe nɔnɔme nyuiwo tae wolɔ̃a wo; woŋea aɖaba ƒua woƒe vodada suesuewo dzi. Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” (Kolosetɔwo 3:13) Amesiwo srɔ̃a tsɔtsɔke ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me megblẽna o.

5. DE BUBU AME BUBUWO ƑE VOVOƔI ŊU. Amesiame dina be yeaɖe ɖe vovo ɣeaɖewoɣi, eye nenema ke enye xɔ̃wòwo hã. Lododowo 25:17 gblɔe nunyatɔe be: “Meganɔ afɔ ƒom hawòvi ƒe me, ne wò nu nagati kɔ nɛ, eye wòalé fu wò o.” Eyata ele be nàda asɔ le xɔ̃wòwo gbɔ yiyi edziedzi kple ɣeyiɣi didi si nètsɔ nɔa wo gbɔe me. Mègaɖo tɔ ɖe wo dzi, si ate ŋu ahe ŋuʋaʋã vɛ o. Ðɔ ŋu ɖo ne èle nusiwo dzɔa dzi na wò kple alesi nèbuna le nyaawo ŋu gblɔm. Esia naa xɔlɔ̃ tuameɖowo nya wɔna eye wòvivina.

6. NYO DƆME. Dɔmenyowɔwɔe wotsɔ dzea xɔlɔ̃wɔwɔ gɔmee. Aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo enye be “woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede.” (Timoteo I, 6:18) Le kpɔɖeŋu me, gblɔ dzideƒonamenyawo na ame bubuwo. (Lododowo 11:25) Gblɔ kafukafunyawo kple nya tuameɖowo tso dzi me edziedzi. Ne èɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu la, ehea wo ɖe ŋuwò. Bu nusi nàte ŋu awɔ na wo ŋu tsɔ wu be nànɔ nusi woate ŋu awɔ na wò ŋu bum.