Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia—Asixɔxɔ Dede Eŋu Kple Mɔxexe Ðe Enu

Biblia—Asixɔxɔ Dede Eŋu Kple Mɔxexe Ðe Enu

Biblia—Asixɔxɔ Dede Eŋu Kple Mɔxexe Ðe Enu

Desiderius Erasmus, si nye Netherlandstɔ agbalẽnyala si wokafu ŋutɔ le ƒe alafa 16 lia me ŋlɔ bena: “Madi be woaɖe agbalẽ kɔkɔeawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔwo katã me.”

NUSI Erasmus kpɔ mɔ na vevie ŋutɔ enye be amesiame nate ŋu axlẽ Ŋɔŋlɔawo ase wo gɔme. Gake Biblia ƒe tsitretsiɖeŋulawo tsi tre ɖe susu ma ŋu vevie. Le nyateƒe me la, afɔku nɔ Europa ŋutɔ ɣemaɣi na amesiame si adi be yeanya Biblia me nya sue aɖe teti gɔ̃ hã. Wode se aɖe le sewɔtakpekpe me le England, si gblɔ be “ele be woaxɔ anyigba, aƒe, nunɔamesiwo, le amesiame si axlẽ Ŋɔŋlɔawo le Eŋlisigbe me si, eye wòabu eƒe agbe . . . eye ne wotsɔe ke wo vɔ wogayi edzi lé woƒe nukpɔsusua me ɖe asi, alo xlẽe la, ke ele be woade ka ve na wo gbã, ɖe agɔdzedze le fia dzi ta, eye emegbe woatɔ dzo wo ɖe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ta.”

Le Europa-nyigba dzi la, Katolikotɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ na woti kɔmama siwo “dze aglã,” abe Franse Waldotɔwo ene, yome vevie nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wotɔ ŋku wo heti wo yome le alesi woɖea gbeƒã “tso nyanyuigbalẽwo kple lɛta siwo tso gbɔgbɔ me kple ŋɔŋlɔ kɔkɔe bubuwo me, . . . esi womeɖe mɔ na amesiwo menye osɔfowo o be woaɖe gbeƒã eye woaɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me [ɣemaɣi] o ta.” Wowɔ funyafunya ŋutsu kple nyɔnu gbogbo aɖewo vevie hewu wo le lɔlɔ̃ si le wo si na Biblia ta. Ne wolé wo wole Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa alo Se Ewoawo gblɔm hele wo fiam wo viwo gɔ̃ hã la, woahe to na wo vevie.

Kuku ɖe Mawu ƒe Nya ŋu alea kpɔtɔ nɔ amesiwo zɔ ƒu dzi yi ɖanɔ Dziehe Amerika la ƒe dzi me. Agbalẽ si nye A History of Private Life—Passions of the Renaissance gblɔ be, tsã le Amerika la, “nuxexlẽ kple mawusubɔsubɔ zɔna aduadu, eye Biblia nyanya koŋ dzie wonɔa te ɖo te ŋu kua nu me le dekɔnu aɖe ŋu.” Le nyateƒe me mawunyagbɔgblɔ aɖe si wota le Boston le ƒe 1767 me kafui be: “Mègawɔ kuvia le ŋɔŋlɔ kɔkɔea xexlẽ ŋu o. Ele be nàxlẽ wò Biblia ƒe ta ɖeka ŋdi kple fiẽ ɖesiaɖe”

Barna Numekuha si le Ventura, California, gblɔ be le mama dedie nu la, Biblia etɔ̃ le Amerikatɔ siwo wu 90 le alafa me si. Gake numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be, togbɔ be wogadea bubu Biblia ŋu vevie le afima hã la, “ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe exexlẽ ŋu, esɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe enu . . . zu tsigãdzinu.” Ame akpa gãtɔ menya nu boo aɖeke tso emenyawo ŋu o. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ƒã hafi wògavaa ame ƒe susu me be woagate ŋu azã [Biblia] enumake atsɔ akpɔ egbegbe kuxiwo kple nyawo gbɔe.”

Amewo ƒe Nukpɔsusu

Nukpɔsusu si le ame geɖe sie nye be tamebubuŋutete kple ame nɔewo dome ɖekawɔwɔ dzi koŋue míate ŋu anɔ te ɖo akpɔ dzidzedze le agbe me. Wobua Biblia abe mawusubɔsubɔ ŋuti nukpɔsusuwo kple ame ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋuti gbalẽ gbogbo siwo li la dometɔ ɖeka ko ene, ke menye nyateƒe gbalẽ si me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo le la o.

Ekema aleke ame akpa gãtɔ wɔna kpɔa agbemenya sesẽ ɖefuname siwo le dzidzim ɖe edzi la gbɔe? Gbɔgbɔ me gbadzaƒe aɖe si me agbenyuinɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me mɔfiame kple nuxlɔ̃ame sẽŋu aɖeke mele o mee wole le nyawo lém kpɔ. Wova le abe tɔdziʋu siwo ŋu kuɖɔ mele o ene, siwo “nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu.”—Efesotɔwo 4:14.

Ekema ele be míabia be mawusubɔsubɔgbalẽ bubu dzro aɖe koe Biblia nyea? Alo Mawu ƒe Nya, si me nyatakaka vevi wɔdɔwo le ye wònye nyateƒea? (Timoteo II, 3:16, 17) Ðe Biblia nye agbalẽ si dze be míadzro emea? Nyati si gbɔna aɖo biabia siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Desiderius Erasmus

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the book Deutsche Kulturgeschichte

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Wotɔ ŋku Waldotɔwo heti wo yome le esi wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe gbeƒãe ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Stichting Atlas van Stolk, Rotterdam