Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia—Enye Agbenɔnɔ Ŋuti Mɔfiagbalẽ

Biblia—Enye Agbenɔnɔ Ŋuti Mɔfiagbalẽ

Biblia—Enye Agbenɔnɔ Ŋuti Mɔfiagbalẽ

“MAWU ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Nusi Mawu ƒe Nya ate ŋu awɔ ŋuti nuɖɔɖɔ sia ɖo kpe edzi nyateƒe be menye agbalẽ dzro aɖe koe Biblia nye o.

Mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔe wòsɔ nyuie be: “Eƒe gbedasia le vevie na míaƒe agbe abe ya si míegbɔna ene.” Egblɔ kpee be: “Ne ède ŋugble le míaƒe nudzodzrowo kple alesi míehiã dɔyɔyɔ egbeae ŋu eye nètsɔ nukpɔsusu ma xlẽ Biblia la, emetsonuwo wɔa nuku ŋutɔ.” Abe akaɖi si klẽna nyuie ene la, Biblia naa egbeŋkekea me gbenɔnɔ ŋuti biabia ɖefuname geɖe kple kuxiwo ŋu numekɔkɔ.—Psalmo 119:105.

Vavãe ŋusẽ le nunya si dze le Biblia me la ŋu be wòatrɔ asi le míaƒe nuŋububu ŋu, wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ, ahatrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu wòanyo ɖe edzi, eye wòana míasu te akpe akɔ kple nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o. Vevietɔ wu la, Biblia kpena ɖe mía ŋu be míanya Mawu ahalɔ̃e.

Agbalẽ si Naa Taɖodzinu Ame

Yehowa Mawu, amesi nye Biblia Ŋlɔla la ‘nya míaƒe mɔwo katã.’ Enya nu geɖe tso míaƒe ŋutilãme, seselelãme, kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo ŋu wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. (Psalmo 139:1-3) Ameŋububutɔe la, ena alesi amegbetɔ anɔ agbee ŋuti sededewo wo me kɔ nyuie. (Mixa 6:8) Nunya le eme be míadze agbagba ase se kple mɔfiame mawo gɔme ahasrɔ̃ alesi míanɔ agbe ɖe wo nui. Hakpala la gblɔ be dzidzɔtɔe nye amesi ‘kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu. Nusianu si wòwɔna la dzea edzi nɛ.’ (Psalmo 1:1-3) Le nyateƒe me la, ehiã be míalé ŋku ɖe nukpɔsusu sia ŋu.

Maurice, si nye sukunufiala si xɔ dzudzɔ le dɔme xɔe se tso ɣeaɖeɣi ke be asixɔxɔ aɖe le Biblia ŋu le ŋutinya kple agbalẽsɔsrɔ̃ gome. Ke hã ekea ɖi be etso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Le nusita Mawu tsɔ eƒe Nya si wòŋlɔ la na amegbetɔwo ŋuti numekɔkɔ si Maurice ɖo to se vɔ megbe la, edzro Biblia me nyagblɔɖi vovovowo me. Esrɔ̃ blemaŋutinya, blemanuŋɔŋlɔwo, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple anyigbaŋutinunya le eƒe ɖekakpui me. Elɔ̃ ɖe edzi be yewɔ ye ɖokui nunyalae akpa si na be yemete ŋu kpɔ kpɔɖeŋu gbogbo siwo ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi dze sii o. “Dzidzeme, kesinɔnu, kple agbe me dzidzɔdonamenuwo yomenɔnɔ gɔmesesemanɔŋutɔe ɖem abe mɔ̃ ene. Nublanuitɔe la, nyemenya naneke tso alesi agbalẽ vevitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ nyoe eye wònye nyateƒee la ŋu o.”

Esi Maurice, si le eƒe ƒe 70-awo me fifia, nɔ nya gblɔm ku ɖe nuŋlɔɖi si ƒo nu tso Yesu ƒe eɖokui ɖeɖefia Toma ŋu la, egblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Wolé nye asi de ‘abiteƒe’ la me, si ɖe ɖikeke ɖesiaɖe ɖa le nye susu me si na mexɔ edzi se bliboe be Biblia nye nyateƒegbalẽ.” (Yohanes 20:24-29) Abe alesi apostolo Paulo gblɔe wòsɔ nyuie ene la, Biblia ɖea dzimedidiwo ɖe go, eye wònaa gɔmesese nɔa agbe ŋu. Enye agbenɔnɔ ŋuti mɔfiagbalẽ nyateƒe.

Edoa Ŋusẽ Ame Hena Tenɔnɔ Ðe Agbemekuxiwo Nu

Azɔ hã Biblia naa aɖaŋuɖoɖo si kpena ɖe amewo ŋu woɖea asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu. Daniel te ŋu ɖu nuwɔna makɔmakɔ siwo nye atamanono, agbeblibaɖuɖu kple ahamumu siaa dzi. (Romatɔwo 13:13; Korintotɔwo II, 7:1; Galatiatɔwo 5:19-21) Le nyateƒe me la, asiɖeɖe le nuwɔna mawo ŋu keŋkeŋ ahado ‘amenyenye yeyea’ bia agbagbadzedze blibo. (Efesotɔwo 4:22-24) Daniel gblɔ be: “Enye nu sesẽ, elabena míede blibo kura o.” Ke hã ekpɔ dzidzedze. Fifia la, Daniel xlẽa Mawu ƒe Nyaa gbesiagbe, eye ena woa kple Yehowa dome le kplikplikpli.

Esi Daniel nɔ tsitsim le ƒe me la, edea bubu deto Biblia ŋu ɣesiaɣi—togbɔ be mexlẽe kpɔ o hã—eye edoa gbe ɖa na Mawu zã sia zã. Gake nane bu ɖee. Dzi menɔ edzɔm o. Nusi na wòtrɔe nye Mawu ƒe ŋkɔ si wòkpɔ le Biblia me zi gbãtɔ. (Mose II, 6:3; Psalmo 83:19) Tso ɣemaɣi dzi la, ezãa Yehowa ƒe ŋkɔ ne ele gbe dom ɖa, eye eƒe gbedodoɖawo va nye eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔwo. “Mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli ŋutɔ, eye vaseɖe fifia la, míenye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.”

Hafi Daniel nava srɔ̃ nu tso Biblia ŋu la, menya alesi etsɔme ava nɔ o. Egblɔ be: “Mebia agbalẽnyanya geɖe hafi ame nakpɔ nusi le dzɔdzɔm le xexeame la adze sii o. Vɔvɔ̃ ɖom, eye meƒo ɖokuinye ɖe dɔ geɖe wɔwɔ me ale be ɣeyiɣi manɔ ŋunye matsɔ yi eŋu bu gee o.” Emegbe eva srɔ̃e be Mawu aɖo dzɔdzɔenyenye anyi na amesiame le anyigba si dzi wodzra ɖo dzi, afisi amegbetɔ toɖolawo anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ mavɔ me ɖaa le. (Psalmo 37:10, 11; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Fifia mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le su Daniel si. Biblia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi like sia wɔe be wòlé agbe ŋuti nukpɔsusu nyui me ɖe asi.

Kpekpeɖeŋu Hena Seselelãmekuxiwo Dzi Ðuɖu

Ƒe adree George xɔ esime dadaa ku. Anyimɔmlɔ le zã me ɖia vɔvɔ̃ nɛ, le esi wòsusuna be yeate ŋu atsi alɔ̃me aku ta. Emegbe exlẽ nusi Yesu gblɔ tso ku kple tsitretsitsi ŋu be: ‘Gaƒoƒo gbɔna, le esime amesiwo katã le yɔdowo me ase Yesu ƒe gbe, eye woado go.’ Azɔ hã Yesu ƒe nya siawo wɔ dɔ ɖe edzi be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 5:28, 29; 11:25) Nunya dze le susu mawo me, wo me kɔ, eye wofaa akɔ na ame. George gblɔ be: “Menye ɖeko nyateƒe sia dzroa ame ƒe susu o, ke ewɔa dɔ ɖe dzia hã dzi.”

Vɔvɔ̃ aɖewo nɔ Daniel, si míeyɔ va yi, hã me. Dadaa ŋutɔ mete ŋu kpɔ edzi o, eyata wona wòyi ɖanɔ ame vovovowo gbɔ. Ese le eɖokui me ɣesiaɣi be yemenye ƒomeawo me tɔ o eye wòdzronɛ vevie be yeanɔ ƒome aɖe si me lɔlɔ̃ le ahanɔ dedie. Mlɔeba eva ke ɖe nusi dim wònɔ ŋu to Biblia si wòsrɔ̃ me. Daniel va de ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea heva zu gbɔgbɔmeƒome aɖe, afisi wòse le eɖokui me be amewo xɔ ye helɔ̃ ye la me tɔ. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ eye wòkpɔa seselelãmekuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe.

Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔa nusi le míaƒe dzi me eye wònyaa nusi dim míele. Mawu ‘daa dziwo kpɔna eye wòaɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ nu.’—Lododowo 21:2; Yeremya 17:10.

Ƒomegbenɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Wɔa Dɔ

Biblia naa ame nɔewo dome ƒomedodowo ŋuti ɖaŋuɖoɖo si wɔa dɔ. George gblɔ be: “Ame nɔewo dome kuxiwo alo masɔmasɔwo nye nɔnɔme siwo doa nuxaxa na ame le agbe me la dometɔ aɖewo.” Aleke wòkpɔa wo gbɔe? “Ne mesusu be nya aɖe le ame aɖe si ɖe ŋunye la, mewɔa Mateo 5:23, 24 me ɖaŋuɖoɖo si le tẽ la ŋudɔ be: ‘Dzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbã.’ Nyateƒenya si wònye be mate ŋu aƒo nu tso kuxia ŋu ɖeɖe dzaa ɖea vi. Mete ŋu sea Mawu ƒe ŋutifafa si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la le ɖokuinye me. Ewɔa dɔ. Eɖea vi ŋutɔ.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ne masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome la, ehiã be wo ame evea siaa “naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Aɖaŋuɖoɖo sia naa kadodo me nyona. George gblɔ kpee be: “Ne metsɔ aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be malɔ̃ srɔ̃nye ahawɔ nu ɖe eŋu abe alesi mawɔ na ɖokuinye ene wɔ dɔe la, mekpɔa emetsonuwo enumake. Enɔa bɔbɔe nɛ be wòade bubu ŋunye.” (Efesotɔwo 5:28-33) Ẽ, Biblia fiaa mí alesi míalɔ̃ ɖe mía ŋutɔwo ƒe blibomademadewo dzi ahatrɔ asi le wo ŋu kple alesi míate ŋu anɔ te ɖe ame bubuwo tɔ nu dzidzedzetɔe.

Aɖaŋuɖoɖo si Wɔa Dɔ Ɣesiaɣi

Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Aleke gbegbe nya mawo me kɔ hede toe nye si!

Biblia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. Ekpena ɖe mawulɔ̃lawo ŋu be woanɔ agbe wòasɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu ahana woakpɔ dzidzɔ le ‘zɔzɔ le Yehowa ƒe se la me.’ (Psalmo 119:1) Nɔnɔme ka mee míeɖale o, mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo si míehiã la le Biblia me. (Yesaya 48:17, 18) Xlẽe gbesiagbe, de ŋugble le nusi nèxlẽ ŋu, eye nàtsɔe wɔ dɔe. Ana wò susu me nakɔ ahanɔ nusiwo le kɔkɔe henyo la ŋu. (Filipitɔwo 4:8, 9) Menye alesi nànɔ agbe ahase vivi nɛ koe nàsrɔ̃ o, ke àsrɔ̃ alesi nàlɔ̃ Agbenala la hã.

Le aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ me la, Biblia axɔ asi na wò ŋutɔ—abe alesi wòxɔ asi na ame miliɔn bubu geɖewoe ene—eye manye agbalẽ nyui aɖe ko na wò o. Àkpɔe be enye agbenɔnɔ ŋuti mɔfiagbalẽ nyateƒe!

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Biblia ate ŋu ado ŋusẽ wò nàwɔ ɖe tame si nèɖo be yeatsri nuwɔna gbegblẽwo la dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia fiaa alesi nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wò