Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O”

“Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O”

Agbemeŋutinya

“Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O”

ABE ALESI HERBERT JENNINGS GBLƆE ENE

“Metrɔ tso Tema si nye melidzeƒe gbɔna Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea le Ghana eye metɔ be matsɔ ɖekakpui aɖe si nɔ ʋu dim ayi ɖe dua me. Mezã mɔnukpɔkpɔa be maɖi ɖase nɛ. Mesusu be menɔ ɖasea ɖim nyuie ale gbegbe! Gake esi míeɖo afisi yim ɖekakpui sia le la, eɖi le ʋua me kaba hede afɔ du me.”

NUDZƆDZƆ si le etame la na mede dzesii be nane nɔ dzɔdzɔm ɖe dzinye. Hafi magblɔ nusi dzɔ la, mina magblɔ alesi nye, amesi nye Canadatɔ, mewɔ va le Ghana na mi.

December 1949 ƒe domedome le Canada ƒe dziehe golɔgoe si nye Toronto mee. Ðeko míewu do si goglo meta ɖeka ɖeɖe nu to anyigba fafɛ me be woakpɔ tsi azã le aƒe yeye aɖe me koe nye ma. Le vuvɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, míaƒe dɔwɔlawo ƒo ƒu ɖe nakedzo aɖe ŋu henɔ ʋu lalam be wòava kɔ mí. Tete dɔwɔlawo dometɔ ɖeka, Arnold Lorton, te “aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo,” “xexe sia ƒe nuwuwu,” kple nya bubu siwo nyemese kpɔ o la gbɔgblɔ. Enumake amesiame zi ɖoɖoe, nyaa ɖe fu na wo, eye eƒe nu ve dɔme na ame aɖewo gɔ̃ hã. Meɖo ŋku edzi be mebui be, ‘Dzi le amesia ƒo ŋutɔ! Ame aɖeke mele afisia si di be yeaɖo toe o, ke hã eyi dzi.’ Gake nusi gblɔm wònɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye. Ƒe ʋɛ aɖewo le Xexemeʋa II megbe koe nye ma, eye nyemese nusiawo tɔgbe le Kristadelfia subɔsubɔha si me míaƒe ƒomea nɔ dzidzime geɖe enye ma me kpɔ o. Meke to nyuie eye eƒe numeɖeɖewo dze ŋunye.

Eteƒe medidi o mete ɖe Arnold ŋu be maxɔ nyatakaka bubuwo. Ne metrɔ kpɔ megbe la, meɖoa ŋku alesi eya kple srɔ̃a, Jean, gbɔ dzi ɖi henyo dɔme na nye ƒe 19 vi si si nuteƒekpɔkpɔ aɖeke menɔ o, la dzi. Zi geɖe la, nyemeklãna wo doa ŋgɔ o eye womekpeam hafi medona ɖe wo dzi le aƒeme be maɖo dze kpli wo o. Wodam ɖe mɔ nyuitɔ dzi hekpe ɖe ŋunye mede ŋugble le dzidzenuwo kple agbenyuinɔnɔ si nɔ aʋa wɔm le ɖevi ƒe susu si nɔ asinye me la ŋu. Ɣleti ewo le nusi dzɔ le dzo si míedo le mɔ to megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ le October 22, 1950, dzi, hezu Yehowa Ðasefo eye menɔ Willowdale Hame, si nɔ North York, si va nye Toronto ƒe akpa aɖe fifia la me.

Ŋgɔyiyi Kple Hati Tadeagulawo

Esi fofonye dze sii be meɖoe be malé nye xɔse yeye si su asinye me ɖe asi la, aƒemegbenɔnɔ me va he ɖe edzi. Ʋukula ahamula aɖe tsɔ eƒe ʋu va do go kple Papa tɔ do ŋgɔ si wɔe be eƒe nya me va nɔ sesẽm ale gbegbe. Agbenɔnɔ sesẽ na Dada, nɔvinyeŋutsu eve, kple nɔvinyenyɔnu eve. Nyahehe ɖe ŋunye ɖe Biblia ƒe nyateƒea ta nu va sẽ ɖe edzi. Eyata ewɔ nam be nunya anɔ eme be madzo le aƒeme be ŋutifafa nanɔ mía kple dzinyelawo dome eye mali ke ɖe “nyateƒemɔ la” dzi.—Petro II, 2:2.

Le ƒe 1951 ƒe dzomeŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, meva nɔ hame sue aɖe si le Coleman, Alberta, me. Ðekakpui eve, Ross Hunt kple Keith Robbins, nɔ afima eye wonɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa, si nye gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, wɔm moveviɖoɖotɔe. Wokpe ɖe ŋunye meminya lɔlɔ̃nu faa subɔsubɔdɔ ma. Le March 1, 1952, dzi la, mezu gbesiagbe mɔɖela.

Meɖoa ŋku dzi si wode ƒo nam dzi eye dzi dzɔam. Nu geɖe li si wòle be masrɔ̃, eye ɖe wòɖo edzi vɔ enye si. Emegbe le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le Lethbridge Hamea me, le Alberta, anɔ ƒe ɖeka megbe la, amekpekpe aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la va nam be manye dzikpɔla mɔzɔla. Ebia be masubɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo kaka ɖe Canada ƒe ɣedzeƒeƒuta tso Moncton, New Brunswick, vaseɖe Gaspé, Quebec.

Esi ƒe 24 koe mexɔ eye nyemetsi le nyateƒea me hã o ta la, mese le ɖokuinye me be nyemedze o, vevietɔ ne metsɔ ɖokuinye sɔ kple Ðasefo tsitsi siwo subɔ ge meyina. Medze agbagba vevie le ɣleti geɖe siwo kplɔe ɖo me. Emegbe nukunu bubu aɖe gadzɔ.

Gilead Suku Kple Gold Coast Yiyi

Le September 1955 me la, wokpem be makpe ɖe sukuvi bubu siwo ade alafa ɖeka ŋu ade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 26 lia le South Lansing, New York. Ɣleti atɔ̃ ƒe hehe kple nusɔsrɔ̃ si de to enye nusi tututu mehiã. Ƒuƒoƒo ʋãme sia me nɔnɔ do ŋusẽ nye dzonɔameme. Le ɣeyiɣi sia me la, nu bubu aɖe hã nɔ anyi si na nye agbe nyo ɖe edzi vaseɖe egbea.

Nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe, Aileen Stubbs, nɔ sukuviawo dome nɔ dzadzram ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ ŋu. Mekpɔ tenɔnɔ sesĩe aɖe ƒomevi, nuwɔwɔ moveviɖoɖotɔe, ɖokuibɔbɔ, kple dzidzɔ ƒe nɔnɔme aɖe le Aileen ŋu. Ewɔ nam be esi megblɔ nɛ ɖewoɖewoe be madi be maɖee la, aɖi vo ŋutɔ. Gake megbe o! Esi míelɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi ta la, Aileen ava wɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Costa Rica eye nye hã mava wɔ tɔnye le Gold Coast (si zu Ghana fifia), le Ɣetoɖoƒe Afrika.

Meyi ɖe Nɔviŋutsu Nathan Knorr ƒe ɔfis si le dzisasrã ewolia dzi le Brooklyn, New York, le May 1956 ƒe ŋdi aɖe. Eyae nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi. Enɔ dɔ dem asi nam be manye alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔla si akpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Gold Coast, Togoland (si nye Togo fifia), Ivory Coast (si nye Côte d’Ivoire fifia), Upper Volta (si nye Burkina Faso fifia), kple Gambia.

Meɖoa ŋku Nɔviŋutsu Knorr ƒe nyawo dzi abe etsɔ ɖeka koe wògblɔ wo ene. Egblɔ be: “Mehiã be nàdze dɔa gɔme enumake o. Gbɔ dzi ɖi; srɔ̃ nu tso nɔvi siwo si nuteƒekpɔkpɔ le le afima la gbɔ. Ne èbui be yele klalo la, ekema nàdze dɔ gɔme anye alɔdzedɔwɔƒea dzi kpɔla. . . . Lɛta si míetsɔ le ɖowòm enye si. Ne ènya ɖo le ŋkeke adre megbe la, nàdze dɔ gɔme.”

Megblɔ le susu me be, ‘Ŋkeke adre pɛ ko. Ke aɖaŋu si wòɖo be “gbɔ dzi ɖi” ya ɖe?’ Dzidzi ƒom esi medzo le xɔa me.

Ŋkeke ʋɛ siwo kpɔtɔ la va yi kaba ŋutɔ. Eteƒe medidi kura o, meɖo agbatsɔtɔdziʋu to East River si to Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒewo si le Brooklyn ŋkume hedze ŋkeke 21 ƒe tɔdzimɔzɔzɔ ɖo ta Gold Coast gɔme.

Mía kple Aileen míeŋlɔ agbalẽ geɖe na mía nɔewo. Míegado go ake le ƒe 1958 me eye míeɖe srɔ̃ le ƒe ma ƒe August 23 lia dzi. Nyemedzudzɔ akpedada na Yehowa le zɔhɛ nyui sia ta o.

Mekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ kple hati dutanyanyuigblɔlawo kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Afrikatɔ siwo nɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu ƒe 19 sɔŋ ŋutɔ. Betel-ƒomea dzi ɖe edzi tso ame ʋɛ aɖewo dzi va ɖo ame 25 lɔƒo ɣemaɣi. Ŋkeke mawo nye esiwo me sesẽ, siwo me nudzɔdzɔwo bɔ ɖo, eye míete ŋu wɔ dɔ geɖe le wo me. Ke hã magblɔe faa. Le gonyeme la, yame ƒe nɔnɔme xɔdzo, si wɔa fifia ame la me nɔnɔ sesẽ nam ŋutɔ. Edze abe medzea fifia ɣesiaɣi, ŋutinye wɔa kaɖikaɖi ɣesiaɣi, eye ɣeaɖewoɣi la, dzi kuam kabakaba ene. Ke hã enye dzidzɔ nam ŋutɔ be mesubɔ, eye míaƒe xexlẽme le Ghana dzi ɖe edzi tso Fiaɖuƒegbeƒãɖela 6,000 kple nu vi aɖe le ƒe 1956 me va ɖo 21,000 le ƒe 1975 me. Eye enye dzidzɔ sia ƒe teƒe eve nam be mase be Ðasefo siwo wu 60,000 ye le afima fifia.

“Etsɔ” aɖe si Míekpɔ Mɔ na O

Le ƒe 1970 me lɔƒo la, lãmesẽkuxi aɖe si womenya nusi gbɔ wòtso o la te fuɖeɖe nam. Wodom kpɔ bliboe, gake ɖeko wogblɔ nam be “naneke mele fu ɖem nam o.” Ekema nukatae nye lãme gblẽna, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsia dzi alea gbegbe? Nu eve na mekpɔ nusitae, eye wona nye nu ku. Le nyateƒe me la, abe alesi Yakobo ŋlɔe ene la: “Mienya nusi ava dzɔ etsɔ o.”—Yakobo 4:14.

Gbãtɔ enye nusi dzɔ esi menɔ gbeƒã ɖem na ɖekakpui si metsɔ ɖe ʋua me yina ɖe dua me. Nyemenya be menɔ nukpoloe ƒom fũ henɔ nu ƒom kabakaba kple moveviɖoɖo ŋutɔ madzudzɔmadzudzɔe o. Esi míeɖo afisi yim ɖekakpuia le la, ewɔ nuku nam be eɖi le ʋua me hede afɔ du me. Le dzɔdzɔme nu la, Ghanatɔ geɖe nɔa anyi kpoo, wofa tu, womedoa dziku kabakaba o. Eƒe nuwɔna mesɔ ɖe nɔnɔme sia nu o. Metɔ ɖe afima hede ŋugble. Mede dzesii be nane nɔ gbegblẽm le ŋunye. Nusi tututu wònye la, nyemenya o. Ke hã nane nɔ gbegblẽm kokoko.

Evelia, le ɖokuimedzodzro ƒe dzeɖoɖo aɖe koŋ megbe la, Aileen gblɔ be: “Ne kuxi sia menye ŋutilãmetɔ o la, ekema anye susumetɔe.” Eyata meŋlɔ alesi wòwɔam la katã ɖi heyi ɖe tagbɔdɔléleŋutinunyala aɖe gbɔ. Esi mexlẽ nusiwo meŋlɔ ɖi nɛ la, nya si wògblɔ enye be: “Esia le etɔxɛ. Blanuiléle si nu sẽ, si tsoa tagbɔdɔ gbɔ ye le fu ɖem na wò.”

Nye nu ku! Esi menɔ dagbadagbam le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, ɖeko nye lãmegbegblẽa nu ganɔ sesẽm ɖe edzi. Meyi edzi nɔ dɔyɔyɔ dim. Gake ame aɖeke menya nusi tututu wòawɔ o. Dagbadagba ɖedzileameƒo kae nye si wònye!

Enye míaƒe tameɖoɖo ɣesiaɣi be míalé ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa me ɖe asi wòanye míaƒe agbemedɔ, eye dɔ geɖe nɔ anyi si wòle be woawɔ. Medo gbe geɖe si tso dzime ɖa vevie be: “Yehowa, ne èlɔ̃ la, ‘manɔ agbe, eye mawɔ esia.’” (Yakobo 4:15) Gake esia meva eme o. Eyata eva hiã be míawɔ ɖoɖo adzo le Ghana, le mía xɔlɔ̃ kplikplikpli geɖeawo gbɔ ahatrɔ ayi Canada le June 1975 me.

Yehowa Naa Kpekpeɖeŋu To Eƒe Amewo Dzi

Eteƒe medidi o wona menya be wɔna mevɔ le ŋunye o, alo be nye kuxia menye esi tɔgbi womekpɔ kpɔ o. Meva se Petro I, 5:9 me nyawo gɔme nyuie wu be: “[Nyae] bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” Esi mekpɔ esia dze sii la, le nyateƒe me la, meva te alesi Yehowa kpe ɖe mía kple evea ŋu le nɔnɔme madeamedzi si me míege ɖo mee la gɔmesese. Aleke ‘nɔviwo ƒe habɔbɔa’ na kpekpeɖeŋu mí le mɔ vovovowo nu enye si!

Togbɔ be ŋutilãme nu geɖe menɔ mía si o hã la, Yehowa megblẽ mí ɖi o. Eʋã mía xɔlɔ̃ siwo le Ghana be wona kpekpeɖeŋuwo mí le ŋutilã me kple mɔ bubuwo nu. Míetsɔ seselelãme deto vovovowo dzo le amesiwo ƒe nu va lé dzi na mí gbɔ hetrɔ ɖe “etsɔ” sia si míekpɔ mɔ na o la gbɔ kpɔkpɔ ŋu.

Aileen nɔvinyɔnu tsitsitɔ Lenora, kple srɔ̃a Alvin Friesen, amesi kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ ɣleti geɖe la, xɔ mí ɖe wo ɖokui gbɔ dɔmenyotɔe. Tagbɔdɔléleŋutinunyala xɔŋkɔ aɖe gblɔ kple kakaɖedzi be: “Wò lãme ahaya le ɣleti ade megbe.” Ðewohĩ ɖeko wògblɔ esia tsɔ na kakaɖedzim, gake nya ma meva eme le ƒe ade gɔ̃ hã megbe o. Va ɖo egbea, dɔ si woyɔna ko be bipolar mood disorder (blanuiléle si tsoa tagbɔdɔ gbɔ) ye mele kame tem kplii. Enye ŋkɔ si le tsɛ ko ya, gake abe alesi amesiwo wòle fu ɖem na nyae ene la, ŋkɔ si le tsɛ tsɔtsɔ nɛ meɖea alesi dɔlélea le dzi kpɔtɔna le mɔ aɖeke nu o.

Ɣemaɣi la, Nɔviŋutsu Knorr nɔ dɔ si wui mlɔeba le June 1977 me la lém xoxo. Ke hã, edi ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ ŋlɔ lɛta didi, dedziƒoname si me akɔfanamenyawo kple aɖaŋuɖoɖo le ɖo ɖem. Megakpɔtɔ léa be na lɛta mawo. Eƒe nyawo ɖo asi kpododonu ƒe seselelãme si nɔa nyɔnyɔm ɖe menye la dzi.

Le ƒe 1975 ƒe nuwuwu la, eva hiã be míaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi si nɔ mía si la ŋu ahatrɔ ɖe nye lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu bliboe. Ŋkeke ƒe keklẽ dzaa hã vea ŋku nam. Gbe siwo ɖina le vo me gbugbɔ ɖina abe tu ƒe ɖiɖi ene. Amehawo ƒe howɔwɔ wua tsɔtsɔ nam. Ebia agbagbadzedze ŋutɔ hafi mate ŋu ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ke hã, menya asixɔxɔ si le gbɔgbɔmehadede ŋu la nyuie. Be mate ŋu anɔ te ɖe enu la, zi geɖe la, megena ɖe Fiaɖuƒe Akpata me ne amehaa nɔ anyi vɔ hedzona do ŋgɔ na zitɔtɔ le kpekpea ƒe nuwuwu teti ko.

Gomekpɔkpɔ le dutoƒosubɔsubɔdɔa me hã nye nu sesẽ bubu. Ɣeaɖewoɣi la, ne mete ŋu ɖo aƒe aɖe me la, dzi mete ŋu nɔa ƒonye be maƒo agbonuga la gɔ̃ hã o. Gake nyemadzudzɔ o elabena menyae be míaƒe subɔsubɔdɔae nye agbexɔxɔ na mía ŋutɔwo kple na amesiame si axɔe la. (Timoteo I, 4:16) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, mete ŋu ɖua nye seselelãmewo dzi, yina ɖe ʋɔtru bubu nu, hetenɛ kpɔna ake. To gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me me la, metu gbɔgbɔmelãmesẽ si sɔ ɖo eye ema dzi nye ŋutete be manɔ te ɖe nɔnɔmea nu ɖe edzi.

Le alesi blanuiléle si tsoa tagbɔdɔ gbɔ ɖea fu nam edziedzii ta la, meva kpɔe dze sii be dɔa mavɔ gbeɖe le nuɖoanyi sia me o. Le ƒe 1981 me la, nyati vevi aɖewo siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu dze le Nyɔ! * me. Wokpe ɖe ŋunye meva le dɔléle sia kple mɔ siwo dzi woato anɔ te ɖe enu la gɔme sem nyuie ɖe edzi.

Tenɔnɔ Ðe Enu

Esiawo katã mate ŋu adze edzi ne ɖe srɔ̃nye metsɔ nanewo sa vɔ hewɔ asitɔtrɔwo o. Ne ènye dɔnɔdzikpɔla le nɔnɔme siawo tɔgbe aɖe me la, ɖewohĩ eƒe nya siawo adze ŋuwò be:

“Ewɔ abe tagbɔdɔ si naa ame léa blanui trɔa ame ƒe nɔnɔme kpata ene. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me la, amesi wòle fu ɖem na si nye vividoɖeameŋula dzideƒonamela, si toa aɖaŋu kple susu yeyewo vɛ tsã ate ŋu atrɔ azu amesi ŋu ɖeɖi te, nugɔmemasela, kple dzikudola gɔ̃ hã. Ne womebui nɛ abe dɔléle ene o la, ate ŋu ana amesi le edzi kpɔm nado dziku ahatɔtɔ vevie. Le nyateƒe me la, ele be woatrɔ ɖoɖowo enumake, eye aʋawɔwɔ kple ame ŋutɔ ƒe seselelãme ku ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame alo nugbegbeleamegbɔ ŋu dzea egɔme.”

Le gonyeme la, ne mele lãmesẽ me nyuie la metsia dzi. Mesena le ɖokuinye me be le “mokɔkɔe” sia megbe kpuie la, “blanuiléle” agakplɔe ɖo. Le gonyeme la, enyo be ‘malé blanui’ wu be nye ‘mo nakɔ’ elabena zi geɖe la, blanuilélea naa wɔna vɔna le ŋunye ŋkeke geɖe, eye nyemate ŋu awɔ naneke si mesɔ o. Aileen na kpekpeɖeŋum ŋutɔ to nuxɔxlɔ̃m ku ɖe dzidzɔkpɔkpɔ fũ akpa ŋu eye wòfaa akɔ nam hedoa alɔm ne blanuilélea wu tsɔtsɔ nam.

Afɔku si le dɔ sia ŋu enye be ne eho la, ame megabua ame bubu aɖeke ŋu wu eɖokui ko o. Ne amea lé blanui la, magate ŋu ase ame bubu aɖeke ƒe nya gɔme alo ne dzi dzɔe akpa la, mate ŋu anya ame bubuwo ƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo o. Tsã la, esesẽna nam be maxɔ nye susume kple seselelãme kuxiwo ƒe kpeɖodziwo dzi ase. Ehiã be mate kame kple ebubu be gotagomenu aɖe, abe kpododonu alo ame bubu aɖe, gbɔe kuxia tso. Ehiã be maɖo ŋku edzi na ɖokuinye edziedzi be, ‘Naneke metrɔ le nusiwo ƒo xlãm gome o. Kuxia nye ememetɔ, menye gotagometɔ o.’ Ʋɛʋɛʋɛ la, nye tamebubu va trɔ.

Le ƒe siwo va yi me la, mí ame evea siaa míesrɔ̃ alesi míaƒo nu faa ahato nyateƒea na mía nɔewo kple ame bubuwo ku ɖe nye nɔnɔme ŋu. Míedze agbagba be míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi eye míaɖe mɔ dɔlélea naɖu mía dzi o.

“Etsɔ” Nyui Aɖe

Míeto gbedodoɖa vevie kple agbagbadzedze geɖe me kpɔ viɖe tso Yehowa ƒe yayra kple kpekpeɖeŋu me. Fifia mía kple evea siaa míezu ame tsitsiwo. Medea kɔdzi edziedzi va xɔa atike ʋɛ aɖewo edziedzi, eye nye lãmea ka ɖe eme vie. Míekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si su mía si la ŋu. Megakpɔtɔ nye hamemegã. Míedzea agbagba ɣesiaɣi be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu le xɔsea me.

Nyateƒee, abe alesi Yakobo 4:14 gblɔe ene la: “Mienya nusi ava dzɔ etsɔ o.” Esia anɔ alea zi alesi nuɖoanyi sia gakpɔtɔ li. Ke hã Yakobo 1:12 me nyawo nye nyateƒe be: “Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.” Neva eme be mí katã míanɔ te sesĩe egbea ahakpɔ yayra siwo Yehowa ahe vɛ etsɔ la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 35 Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! me nyati siwo nye “Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Agbe Nu,” si le August 8, 1981 ƒe tata me; “Alesi Nàte Ŋu Atsi Blanuiléle Nui,” le September 8, 1981 ƒe tata me; kple “Tsotso Ðe Blanuiléle Gãwo Ŋu,” le October 22, 1981 ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Didi be nye ɖeka manɔ nye aɖaŋudɔwɔƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Aileen

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Le “Nyanyui Mavɔ” Takpekpe si míewɔ le Tema, Ghana, le ƒe 1963 me