Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te

Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te

Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te

“[Yehowa] naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.”—YESAYA 40:29.

1. Wɔ ŋusẽ si gbegbe le nusiwo Mawu wɔ me ƒe kpɔɖeŋu.

SEÐOƑE meli na Yehowa ƒe ŋusẽ o. Eye ŋusẽ gbogbo ka gbegbee nye si le nusiwo wòwɔ me! Atɔm kakɛ—si wotsɔ wɔ nusianu—la le sue ale gbegbe be atɔm biliɔn teƒe alafa biliɔn ye le tsi gege toŋ ɖeka pɛ ko me. * Atɔm siwo le ɣe la me ƒe gododo kple wo nɔewo gbɔe nugbagbe siwo katã le míaƒe anyigbaa dzi xɔa ŋusẽ tsonɛ. Gake ɣea ƒe ŋusẽ agbɔsɔsɔme nenie hiã be wòalé agbe ɖe te le anyigba dzi? Anyigbaa xɔna ŋusẽ si tsoa ɣea me ƒe sue aɖe ko. Ke hã ɣe la ƒe ŋusẽ sue si ɖoa anyigbaa dzi la lolo wu ŋusẽ siwo katã wozãna le xexeame ƒe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo sasasã.

2. Nya ka tututue Yesaya 40:26 gblɔ le Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu?

2 Ne míebu tame le atɔm ŋu loo alo trɔ susu ɖe xexeame godoo ŋu la, Yehowa ƒe ŋusẽ gã la wɔa nuku na mí. Eyata mewɔ nuku o esi wògblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu”! (Yesaya 40:26) Ẽ, Yehowa ƒe “alɔkame sesẽ,” eye Eya gbɔe “ŋusẽ geɖe” tso wozã le xexe bliboa wɔwɔ me.

Ŋusẽ si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu Hiã

3, 4. (a) Nusiwo ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu dometɔ aɖewoe nye kawo? (b) Biabia ka ŋue wòle be míade ŋugble le?

3 Seɖoƒe meli na Mawu ƒe ŋusẽ o, gake ɖeɖi tea amegbetɔwo ya ŋu. Afisiafi si míayi la, míekpɔa amesiwo ŋu ɖeɖi te. Wofɔna kple ɖeɖiteameŋu, woyia dɔme alo suku kple ɖeɖiteameŋu, wogbɔna vaa aƒeme kple ɖeɖiteameŋu, eye menye ɖeɖi koe tea wo ŋu wotsɔ yia anyimlɔƒee o ke woƒe lãme gbãna gudugudu hã. Edzroa ame aɖewo vevie be yewoadi teƒe aɖe ayi aɖi ɖe eme vie gbɔ. Ðeɖi tea mí Yehowa subɔlawo hã ŋu, elabena mawusosroɖagbe si míele la bia ʋiʋli geɖe. (Marko 6:30, 31; Luka 13:24; Timoteo I, 4:8) Eye nu bubu geɖe gali siwo xɔa ŋusẽ le mía si.

4 Togbɔ be míenye Kristotɔwo hã la, míevo tso kuxi siwo amesiame doa goe me o. (Hiob 14:1) Dɔléle, ganyawo ƒe kemalimali, alo nɔnɔme sesẽ bubu siwo bɔ le agbe me ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo, ahaxɔ ŋusẽ le ame si. Azɔ dodokpɔ siwo amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta doa goe la kpe ɖe kuxi siawo ŋu. (Timoteo II, 3:12; Petro I, 3:14) Le nyaƒoɖeamenu siwo míedoa goe gbesiagbe le xexeame kple alesi wotsia tre ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna ŋu ta la, ɖeɖi ate ŋu ate mía dometɔ aɖewo ŋu ale gbegbe be awɔ na mí be míagbɔ dzi ɖi le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Gakpe ɖe eŋu la, esi Satana Abosam le agbagba dzem be yeagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me ta la, ele nusianu si wòate ŋui wɔm. Ekema aleke míawɔ akpɔ gbɔgbɔmeŋusẽ si hiã bene ɖeɖi nagate mía ŋu míana ta o?

5. Nukatae ŋusẽ si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu hiã na Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ?

5 Ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa, Wɔla ŋusẽkatãtɔ la, ŋu hafi ate ŋu asẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo gblɔ be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ abia ŋusẽ si gbɔ amegbetɔ madebliwo ƒe dzɔdzɔmeŋusẽ ŋu. Eŋlɔ be: ‘Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.’ (Korintotɔwo II, 4:7) Kristotɔ amesiaminawo le “avuléle ƒe subɔsubɔdɔ” wɔm eye wo hati siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la doa alɔ wo. (Korintotɔwo II, 5:18; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9) Esi mí amegbetɔ madebliwo míele Mawu ƒe dɔ wɔm evɔ wotia mía yome ta la, míate ŋu awɔe le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ dzro ko me o. Yehowa kpena ɖe mía ŋu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi, ale be míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ nana eƒe ŋusẽ dzena. Eye aleke gbegbe kakaɖedzinya si nye be “Yehowa léa ame dzɔdzɔewo ɖe te” la faa akɔ na míi enye si!—Psalmo 37:17.

‘Yehowae Nye Míaƒe Kalẽwɔŋusẽ’

6. Aleke Ŋɔŋlɔawo na kakaɖedzi míi be Yehowae nye míaƒe Ŋusẽtsoƒe?

6 “Ŋusẽ geɖe” le mía Fofo si le dziƒo si eye ate ŋu ado ŋusẽ mí. Le nyateƒe me la, wogblɔ na mí be: “[Yehowae] naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi; ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.” (Yesaya 40:29-31) Le alesi nyaƒoɖeamenuwo le dzidzim ɖe edzii ta la, ɣeaɖewoɣi míate ŋu ava nɔ abe duƒula si ŋu ɖeɖi te eye nu gloe eƒe afɔwo megate ŋu le ŋgɔ yim o ene. Gake agbedua ƒe katsoƒe le mía ŋgɔ tututu, eye mele be míana ta o. (Kronika II, 29:11) Míaƒe Adikãtɔ, Abosam, le tsatsam “abe dzata, si le gbe ɖem” ene, eye edi be yeatɔ te mí. (Petro I, 5:8) Mina míaɖo ŋku edzi be ‘Yehowae nye míaƒe ŋusẽ kple akpoxɔnu,’ eye ewɔ ɖoɖo gbogbo aɖewo be ‘wòado ŋusẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te.’—Psalmo 28:7.

7, 8. Kpeɖodzi kae li be Yehowa do ŋusẽ Dawid, Xabakuk, kple Paulo?

7 Yehowa do ŋusẽ si hiã la Dawid be wòte ŋu nɔ te ɖe mɔxenu gãwo nu. Eyatae xɔse blibo nɔ Dawid si wòŋlɔ kakaɖedzitɔe be: “Mawue míatsɔ awɔ kalẽe, eye eya anyã avuzi le míaƒe ketɔwo dzi.” (Psalmo 60:14) Yehowa do ŋusẽ Xabakuk hã be wòte ŋu wu eƒe nyagblɔɖidɔa nu. Xabakuk 3:19 gblɔ be: “Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ kɔkɔƒewo.” Anyo be míade dzesi Paulo ƒe kpɔɖeŋu hã, amesi ŋlɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le [Mawu], amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

8 Abe Dawid, Xabakuk, kple Paulo ene la, ele be míaxɔ ŋutete si le Mawu si be wòado ŋusẽ mí kple ŋusẽ si le esi be wòaxɔ na mí la dzi ase. Esi míekpɔe be Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae nye míaƒe ‘Ŋusẽtsoƒe’ ta la, azɔ mina míalé ŋku ɖe mɔ siwo dzi míato axɔ gbɔgbɔmeŋusẽ tso ɖoɖo gbogbo siwo Mawu wɔna me ŋu.

Gbɔgbɔmeɖoɖo Siwo Ado Ŋusẽ Mí

9. Akpa kae Kristotɔwo ƒe agbalẽwo wɔna le mía nyinyi me?

9 Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe to Kristotɔwo ƒe agbalẽwo dzi ate ŋu ado ŋusẽ mí ahalé mí ɖe te. Hakpala la dzi ha be: “[Dzidzɔtɔe nye amesi kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Psalmo 1:1-3) Abe alesi wòhiã be míaɖu nu be míanɔ lãmesẽ me ene la, nenemae wòhiã be míaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu si Mawu nana to eƒe Nya kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo dzi bene míakpɔtɔ asẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Eyata nusɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple ŋugbledede le vevie.

10. Ɣeyiɣi kae míate ŋu adi na nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede?

10 Ŋugbledede le “Mawu ƒe nu gogloawo” ŋu ɖea vi nyateƒe. (Korintotɔwo I, 2:10) Gake ɣeyiɣi kae wòle be míadi na ŋugbledede? Abraham vi Isak ‘yi gbe me le fiẽ, be yeade ŋugble.’ (Mose I, 24:63-67) Hakpala Dawid ‘dea ŋugble le Mawu ŋu le zãdzɔɣiwo.’ (Psalmo 63:7) Míate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe Nya ahade ŋugble le eŋu le ŋdi, fiẽ, alo zã—nyaa enye be ate ŋu anye ɣeyiɣi ɖesiaɖe faa. Nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede alea kplɔa ame yia Yehowa ƒe nunana siwo doa ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me la dometɔ bubu gbɔ—eyae nye gbedodoɖa.

11. Nukatae wòle be míabu gbedodoɖa edziedzi nu vevii?

11 Gbedodoɖa na Mawu edziedzi naa ŋusẽ ɖoa mía ŋu. Eyata mina “[míanɔ] gbedodoɖa dzi ɖaasi.” (Romatɔwo 12:12) Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míabia nunya kple ŋusẽ si tututu hiã be míatsɔ akpe akɔ kple dodokpɔ aɖe. (Yakobo 1:5-8) Azɔ hã mina míada akpe na Mawu ahakafui ne míekpɔe be eƒe tameɖoɖowo le eme vam alo ne míekpɔe be edo ŋusẽ mí míegakpɔtɔ le eƒe subɔsubɔdɔa dzi. (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne míeku ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa dzi la, magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. Dawid dzi ha be: “Kpɔ ɖa, Mawue nye xɔnametɔ.”—Psalmo 54:6.

12. Nukatae wòle be míabia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí?

12 Mía Fofo si le dziƒo toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽ, dzi dea agbe yeye mía me hedoa ŋusẽ mí. Paulo ŋlɔ be: “Medzea klo na mía . . . Fofo, . . . bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome.” (Efesotɔwo 3:14-16) Ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea, eye kakaɖedzi nanɔ mía si be Yehowa anae mí. Yesu gblɔ be: Ne ɖevi bia tɔmelã la, ɖe vifofo lɔ̃ame atsɔ da nɛa? Gbeɖe o. Eyata eƒo nya ta be: “Azɔ mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?” (Luka 11:11-13) Mina kakaɖedzi nanɔ míawo hã si nenema ke eye míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be Mawu ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ‘ado ŋusẽ’ esubɔla wɔnuteƒewo.

Hamea Nye Ŋusẽtsoƒe

13. Aleke wòle be míabu Kristotɔwo ƒe kpekpewoe?

13 Yehowa dea dzo yeye mía me to Kristo-hamea ƒe kpekpewo dzi. Yesu gblɔ be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.” (Mateo 18:20) Esime Yesu do ŋugbe ma la, nya siwo ŋu wòle be hamea kplɔlawo nalé ŋku ɖo ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. (Mateo 18:15-19) Gake gɔmeɖose si le nyaa me ku ɖe míaƒe kpekpewo, takpekpe sue kple takpekpe gã, siwo gɔme míedzena kple gbedodoɖa gawua wo nu nenema ke le eƒe ŋkɔ me la katã ŋu. (Yohanes 14:14) Eyata mɔnukpɔkpɔe wònye be míade Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo mawo, eɖanye ame ʋɛ aɖewo koe va loo alo ame akpe geɖe ye va o. Eyata mina míaɖe akpedada afia ɖe wɔna siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo be woado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me ahaʋã mí na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ la ŋu.—Hebritɔwo 10:24, 25.

14. Vi kawoe Kristotɔ hamemegãwo ƒe agbagbadzedzewo ɖena na mí?

14 Kristotɔ hamemegãwo naa gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname. (Petro I, 5:2, 3) Paulo kpe ɖe hame siwo wòsubɔ ŋu hede dzi ƒo na wo, abe alesi dzikpɔla mɔzɔlawo wɔnɛ egbea ene. Le nyateƒe me la, edzroe vevie be yeanɔ haxɔsetɔwo dome ale be yewoagblɔ dzideƒonamenya tuameɖowo na yewo nɔewo. (Dɔwɔwɔwo 14:19-22; Romatɔwo 1:11, 12) Mina míakpɔ ŋudzedze ɖe mía gbɔ hamemegãwo kple dzikpɔla Kristotɔ bubu siwo wɔa akpa gã aɖe le ŋusẽdodo mí le gbɔgbɔ me la ŋuti.

15. Aleke haxɔsetɔ siwo le míaƒe hamea me nyea ‘ŋusẽtsoƒe’ na míi?

15 Haxɔsetɔ siwo le míaƒe hamea me ate ŋu anye ‘ŋusẽtsoƒe’ na mí. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Esi wonye ‘xɔlɔ̃ vavãwo’ ta la, woate ŋu akpe ɖe mía ŋu le xaxaɣiwo me. (Lododowo 17:17) Le kpɔɖeŋu me esi woɖe asi le Mawu subɔla 220 ŋu le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ si ŋu Nazitɔwo dzɔna ŋuti le ƒe 1945 me la, afɔzɔzɔ kilometa 200 nɔ wo ŋgɔ. Wozɔ mɔa le ƒuƒoƒo me, eye amesiwo ŋu ŋusẽ le wu la te amesiwo gbɔdzɔ wu la le keke sue ʋɛ aɖewo me. Nukae va dzɔ? Le kuzɔli si me fuwɔamegakpɔ me nɔla 10,000 kple edzivɔ ku le me la, Yehowa Ðasefo ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ŋutinya siawo tɔgbe siwo dzena le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo abe Yearbook of Jehovah’s Witnesses kple Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom me ɖo kpe edzi be Mawu doa ŋusẽ eƒe amewo bene woagana ta o.—Galatiatɔwo 6:9. *

Míaƒe Gbeadzisubɔsubɔdɔa Doa Ŋusẽ Mí

16. Aleke gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me edziedzi doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ mee?

16 Gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Dɔ sia wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye míekpɔa mɔ na agbe tegbee kple yayra siwo kpe ɖe eŋu. (Yuda 20, 21) Ŋɔŋlɔawo me ŋugbedodo siwo ŋu míeƒoa nu tsoe le míaƒe subɔsubɔdɔa me naa mɔkpɔkpɔ mí eye ate ŋu ana míaɖo tame kplikpaa abe alesi nyagblɔɖila Mixa ɖoe ene, amesi gblɔ be: “Míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mixa 4:5.

17. Aɖaŋu kawoe woɖo le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu?

17 Ŋusẽ gaɖoa mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu zi alesi míele Ŋɔŋlɔawo zãm tsɔ le nu fiam ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, anyo be míaxlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeyɔ o ahadzro wo me. Nuwɔna sia kpena ɖe nusrɔ̃via ŋu eye wòdzia mía ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmenugɔmesese ɖe edzi. Ne Biblia ƒe nufiafia aɖe alo kpɔɖeŋu aɖe gɔme sese le sesẽm na nusrɔ̃vi aɖe la, míate ŋu asrɔ̃ Sidzedze-gbalẽa ƒe ta ɖeka ma kplii le nusɔsrɔ̃ si wu ɖeka me. Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na míi enye si ne míedzra ɖo nyuie hedze agbagba geɖe be míakpe ɖe amewo ŋu bene woate ɖe Mawu ŋu!

18. Gblɔ alesi wole Sidzedze-gbalẽa zãm wòle vi ɖem ƒe kpɔɖeŋu.

18 Ƒe sia ƒe la, míezãa Sidzedze-gbalẽa dzidzedzetɔe tsɔ kpena ɖe ame akpe geɖe ŋu wozua Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo, eye amesiawo dometɔ geɖe nye amesiwo menya Biblia tsã o. Le kpɔɖeŋu me, esime Hindu-ŋutsu aɖe si le Sri Lanka nɔ ɖevime la, esee Ðasefo aɖe nɔ nu ƒom tso Paradiso ŋu. Ete ɖe nyɔnu ɖasefoa ŋu le ƒe aɖewo megbe, eye nɔvinyɔnua srɔ̃ŋutsu va te Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplii. Le nyateƒe me la, ɖekakpuia vana wosrɔ̃a nu gbesiagbe, eye wowu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu le ɣeyiɣi kpui ŋutɔ aɖe me. Eva dze kpekpeawo katã dede gɔme, etso kadodo me kple ha si me wònɔ tsã, eye wòva zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Hafi wòava xɔ nyɔnyrɔ la, enɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple eƒe ame nyanyɛ aɖe xoxo.

19. Nuka dzie míate ŋu aka ɖo esi míele Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã?

19 Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã na míekpɔa dzidzɔ si doa ŋusẽ mí. (Mateo 6:33) Togbɔ be míedoa go dodokpɔ vovovo hã la, míeyia gbeƒãɖeɖe nyanyuia dzi kple dzidzɔ kpakple dzonɔameme. (Tito 2:14) Mía dometɔ geɖe te ŋu le ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa ƒe nudidiwo gbɔ ɖom, eye ame aɖewo le subɔsubɔm le teƒe siwo nyanyuigblɔlawo hiã le geɖe wu. Eɖanye míele asi kpem ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu le mɔ siawo alo bubuwo nu o, kakaɖedzi le mía si be Yehowa maŋlɔ míaƒe dɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia eƒe ŋkɔ be o.—Hebritɔwo 6:10-12.

Yi Edzi le Yehowa ƒe Ŋusẽ Me

20. Aleke míate ŋu aɖee afiae be míekpɔa Yehowa sinu be wòado ŋusẽ mí?

20 Mina míaɖee afia to mɔ sia mɔ nu be míekpɔa mɔ na Yehowa hekpɔa esinu be wòado ŋusẽ mí. Míate ŋu aɖee afia ne míewɔa gbɔgbɔ me ɖoɖo siwo wòwɔna toa ‘dɔla nuteƒewɔla’ la dzi ŋudɔ bliboe. (Mateo 24:45) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le ame ɖokui si kple le hamea me to Kristotɔwo ƒe agbalẽwo dzi, gbedodoɖa tso dzi me, hamemegãwo ƒe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nana, haxɔsetɔ wɔnuteƒewo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo, kpakple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi nye ɖoɖo siwo doa ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo hedoa ŋusẽ mí be míayi eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ dzi la dometɔ aɖewo.

21. Aleke apostolo Petro kple Paulo ɖe alesi Mawu ƒe ŋusẽ hiã fiae?

21 Togbɔ be míenye amegbetɔ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo hã la, Yehowa ado ŋusẽ mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ne míeɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe mía ŋu. Esi apostolo Petro nya be kpekpeɖeŋu sia hiã ta la, eŋlɔ be: “Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu [nana] la subɔ.” (Petro I, 4:11) Eye Paulo ɖe alesi wòɖoa ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana ŋu fia esi wògblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:10) Mina míaɖe nukpɔsusu ma ke afia wòanye ŋutikɔkɔe na Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, amesi doa ŋusẽ amesi ŋu ɖeɖi te.—Yesaya 12:2.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Le United States ƒe nuxexlẽ ƒe ɖoɖo nu la, xexlẽdzesi sia nye 1 si zero 20 kplɔ ɖo.

^ mm. 15 Wo talawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae Yehowa ƒe amewo hiã ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu?

• Kpeɖodzi kawoe le Ŋɔŋlɔawo me siwo fia be Mawu doa ŋusẽ esubɔlawo?

• Gbɔgbɔ me ɖoɖo kawoe Yehowa wɔ be woado ŋusẽ mí?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu be wòado ŋusẽ mí?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ŋusẽ gaɖoa mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu ne míele Biblia zãm tsɔ le nu fiam amewo