Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Naa Gbɔɖemeƒe Eƒe Amewo

Yehowa Naa Gbɔɖemeƒe Eƒe Amewo

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Yehowa Naa Gbɔɖemeƒe Eƒe Amewo

TODZIMƆ si dzi gbɔɖemeƒe fafɛ aɖe le nye teƒe si ado dzidzɔ na mɔzɔla si ŋu ɖeɖi te la ŋutɔ. Le Nepal la, woyɔa gbɔɖemeƒe siawo be chautara. Chautara sia tɔgbe nɔa agbafloti dama aɖe te, afisi vɔvɔli le woanɔ anyi ɖo ahaɖi ɖe eme le. Chautara ƒe gbɔɖemeƒe siawo tutu ɖe mɔ dzi nye dɔmenyonu wɔwɔ, eye ewɔla akpa gãtɔ medina be amewo nanya be yewoe wɔe o.

Nuteƒekpɔkpɔ siwo tso Nepal ɖe alesi Yehowa Mawu va zu dzidzɔ kple gbɔgbɔ me Dzidzemekpɔƒe na “mɔzɔla” siwo ŋu ɖeɖi te le nuɖoanyi sia me la fia.—Psalmo 23:2.

• Dugã dzeani si nye Pokhara, afisi Himalaya-to dzeani siwo dzi sno dzena le nyuie la mee Lil Kumari le. Gake le alesi Lil Kumari tsi dzi ɖe eƒe ƒomea ƒe ganyawo ŋu ta la, esusu be mɔkpɔkpɔ boo aɖeke meli na ye o. Esi Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka srãe kpɔ la, mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si le Biblia me wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòbia enumake be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye.

Togbɔ be nua sɔsrɔ̃ vivi Lil Kumari nu hã la, edziyiyi menɔ bɔbɔe o le ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu si nu sẽ ŋutɔ ta. Gake mena ta o. Edea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi hetsɔa nusiwo srɔ̃m wònɔ dea dɔwɔna me, vevietɔ esi ku ɖe srɔ̃nyɔnuwo ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu. Esia na be srɔ̃aŋutsua kple dadaa va dze sii be Biblia si srɔ̃m Lil Kumari le nɔ vi ɖem na ƒome bliboa.

Srɔ̃aŋutsua kple eƒe ƒometɔ geɖe le Mawu ƒe Nya srɔ̃m fifia. Le takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Pokhara me la, Lil Kumari kple eƒe ƒometɔ 15 ye se vivi na ɖoɖowɔɖia. Egblɔ be: “Aƒenyeme va zu gbɔɖemeƒe elabena míaƒe ƒomea wɔ ɖeka le nyateƒe tadedeagu me fifia, eye susume ƒe akɔdzeanyi vavãtɔ su asinye.”

• Togbɔ be vovototodedeameme nye sedzidada le Nepal hã la, egakpɔa ŋusẽ gã ɖe ameawo ƒe agbenɔnɔ dzi kokoko. Eyata ame geɖe tsɔ ɖe le nusi Biblia gblɔ tso tasɔsɔe kple ameŋkumemakpɔmakpɔ ŋu me. Esi Surya Maya srɔ̃e be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o” la, woa kple eƒe ƒomea ƒe agbenɔnɔ trɔ ale gbegbe.—Dɔwɔwɔwo 10:34.

Madzɔmadzɔnyenye si vovototodedeameme kple kɔnyinyi kpakple kɔnu siwo xɔ aƒe ɖi vevie he vɛ te nɔnɔ doa nuxaxa na Surya Maya vevie. Esi Surya Maya nye nyɔnu si doa vevie mawusubɔsubɔ ta la, ebia kpekpeɖeŋu tso eƒe legbawo gbɔ ƒe geɖe. Gake womeɖo eƒe gbedodoɖawo ŋu o. Gbeɖeka esi wònɔ koko ƒom nɔ kpekpeɖeŋu biam la, eƒe mamayɔvi si xɔ ƒe ade, Babita, te ɖe eŋu biae be: “Nukatae nèle koko ƒom le kpekpeɖeŋu biam legba siwo mate ŋu awɔ naneke o la?”

Eva nya be Yehowa Ðasefo aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kple Babita dada. Babita kpe mamaa dzidzɔtɔe be wòava Kristotɔwo ƒe kpekpe. Esi Surya Maya yi la, ewɔ nuku nɛ be ameƒomevi vovovowo nɔ ha dem kple wo nɔewo nazãbubuɖeameŋu aɖeke manɔmee. Enumake ebia be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye. Togbɔ be esia na eƒe aƒelikawo megadea ha kplii o hã la, dzi meɖe le eƒo o; eye nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ si menya tututu o hã mehe eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ ɖe megbe o.

Ƒe enyi va yi, eye eƒe ƒomea me tɔ ade, hekpe ɖe srɔ̃aŋutsua kple via etɔ̃ ŋu va zu Yehowa Ðasefowo. Fifia, Surya Maya nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, gbesiagbe mɔɖela, eye wòtsɔ dzidzɔ le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woadro agba kpekpe siwo le wo dzi la ɖe gbɔɖemeƒe vavãtɔ si Yehowa ɖeɖeko ate ŋu ana.