Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woazɔ Alesi Dze Yehowa

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woazɔ Alesi Dze Yehowa

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woazɔ Alesi Dze Yehowa

“Míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene . . . miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.”—KOLOSETƆWO 1:9, 10.

1, 2. Nuka koŋue ate ŋu anye dzidzɔ kple dzidzeme tsoƒe vevi aɖe?

“KEKEXƆ aɖe mee míele le agble dzi. Esi míenɔa agbe si le bɔbɔe wu ta la, ena ɣeyiɣi geɖe su mía si míetsɔa nyanyuia yina na amewo. Wotsɔ mɔnukpɔkpɔ si nye be míakpe ɖe ame geɖe ŋu woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbee na Yehowa yra míi ale gbegbe.”—Atsu kple asi aɖe siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le South Africa.

2 Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be kpekpe ɖe amewo ŋu naa wokpɔa dzidzɔ oa? Ame aɖewo dzea agbagba be yewoakpe ɖe dɔnɔwo, amesiwo dzi nu mede o, alo amesiwo tsi akogo ŋu—eye esia wɔwɔ naa woƒe dzi dzea eme. Kakaɖedzi le Kristotɔ vavãtɔwo si be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze ŋu nya gbɔgblɔ na amewo ye nye kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake si woate ŋu ana ame. Esia koe ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ Yesu ƒe tafe la, ƒomedodo nyui naɖo wo kple Mawu dome, eye woadze na agbe mavɔ kpɔkpɔ.—Dɔwɔwɔwo 3:19-21; 13:48.

3. Kpekpeɖeŋunana ka ƒomevi ŋue wòle be míabu?

3 Gake kpekpe ɖe amesiwo le Mawu subɔm xoxo, amesiwo le “Mɔ la” dzi zɔm, ŋu hã ɖe? (Dɔwɔwɔwo 19:9) Ðikekemanɔmee la, ètsɔ ɖe le eme na wo vevie ɣesiaɣi, gake ɖewohĩ mànya alesi nàwɔ agakpe ɖe wo ŋu ɖe edzi alo ayi edzi anɔ kpekpem ɖe wo ŋu o. Alo nɔnɔme si me nèle awɔe wòadze abe ɖe màte ŋu akpe ɖe wo ŋu boo o ene, eye esia ana wò dzi madze eme tututu o. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Míate ŋu asrɔ̃ nusi míawɔ tso nɔnɔme evea siaa ŋu le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa me.

4. (a) Nɔnɔme kawo mee Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo le? (b) Aleke esia ku ɖe Epafra ŋui?

4 Esime apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Kolose la, wosikae ɖe game le aƒeme le Roma, gake woɖe mɔ be amewo nava srãe kpɔ. Abe alesi nàkpɔ mɔ be adzɔe ene la, Paulo zã ablɔɖe sue si nɔ esi la tsɔ ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. (Dɔwɔwɔwo 28:16-31) Hati Kristotɔwo te ŋu srãa Paulo kpɔ, ɖewohĩ wode wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã game kplii ɣeaɖewoɣi. (Kolosetɔwo 1:7, 8; 4:10) Amesiawo dometɔ ɖekae nye Epafra, amesi nye nyanyuigblɔla si me dzo nɔ, eye wòtso dugã si nye Kolose si le Frigia me le tonyigba sɔsɔe si le Efeso ƒe ɣedzeƒekpa dzi le Asia Sue (egbegbe Turkey). Epafra wɔ akpa vevi aɖe le hame ɖoɖo ɖe Kolose me, eye edze agbagba wɔ dɔ geɖe na Laodikea kple Hierapoli hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ. (Kolosetɔwo 4:12, 13) Nukatae Epafra zɔ mɔ yi ɖakpɔ Paulo ɖa le Roma, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Paulo xɔe me?

Kpekpeɖeŋu Nyui aɖe na Kolosetɔwo

5. Nukatae Paulo ŋlɔ nya siwo le agbalẽa me la ɖo ɖe Kolosetɔwo?

5 Epafra zɔ mɔ aɖe si me fukpekpe geɖe nɔ yi Roma be yeakpɔ Paulo le alesi nuwo nɔ le Kolose-hamea me ŋu. Egblɔ Kristotɔ mawo ƒe xɔse, lɔlɔ̃, kple agbagba siwo dzem wonɔ le nyanyuia gbɔgblɔ me ŋu nya nɛ. (Kolosetɔwo 1:4-8) Ke hã anɔ eme be agblɔ alesi wòtsi dzi ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo nɔ nu gblẽm le Kolosetɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu hã ŋu nya nɛ. Paulo ŋlɔ lɛta si tso gbɔgbɔ me tsɔ tsi tre ɖe nufiafia siwo kakam alakpanufialawo nɔ dometɔ aɖewo ŋu. Akpa vevi si wòle be Yesu Kristo nanɔ dzi koŋue wòhe susu yii. * Gbetete ɖe Biblia me nyateƒe veviwo dzi ko dzie eƒe kpekpeɖeŋua sea? Mɔ ka nue wòagate ŋu akpe ɖe Kolosetɔwo ŋu le, eye nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eme le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me?

6. Nuka dzie Paulo te gbe ɖo le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo me?

6 Le Paulo ƒe lɛta la ƒe gɔmedzedze ko la, ehe míaƒe susu yi kpekpeɖeŋu ƒomevi aɖe si dzi ɖewohĩ míaƒe susu manɔ yiyim o dzii. Enye kpekpeɖeŋunana mɔnu si woate ŋu anɔ didiƒe ana, elabena Paulo kple Epafra wonɔ adzɔge ʋĩ tso Kolose gbɔ. Paulo ka ɖe edzi na wo be: “Míeda akpe na Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɖaasi le míaƒe gbedodoɖa [NW ƒe etenuŋɔŋlɔ, “míenɔa gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi”] ɖe mia ta la me.” Ẽ, gbe siawo nye esiwo wodo ɖa koŋ ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose la ta. Paulo gblɔ kpee be: “Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me.”—Kolosetɔwo 1:3, 9.

7, 8. Nya ka ŋue mía ŋutɔ míaƒe gbedodoɖawo kple hamea tɔ kuna ɖo zi geɖe?

7 Míenya be ‘Gbedodoɖa Sela’ ye Yehowa nye, eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ele klalo be yease gbe siwo wodona ɖa wòwɔa ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 65:3; 86:6; Lododowo 15:8, 29; Yohanes I, 5:14) Gake aleke míaƒe gbedodoɖawo ɖe ame bubuwo ta nɔna?

8 Zi geɖe míate ŋu abu ‘mía nɔvi siwo le xexeame ƒe habɔbɔ bliboa’ ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta. (Petro I, 5:9) Alo míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu atsɔ Kristotɔwo kple ame bubu siwo le nuto si me afɔku alo dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ le ade asi nɛ. Esi nusrɔ̃lawo se nu tso dɔ si to le Yudea ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me la, woado gbe gbogbo aɖe ɖa ɖe wo nɔviwo ta godoo hafi ava ɖo kpekpeɖeŋununanawo gɔ̃ hã ɖa. (Dɔwɔwɔwo 11:27-30) Le míaƒe ŋkekea me la, míesenɛ zi geɖe wodoa gbe ɖa ɖe nɔviwo ƒe habɔbɔa katã alo nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe ta le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, afisi wòhiãna le be ame geɖe nase eme ale be woate ŋu agblɔ “amen.”—Korintotɔwo I, 14:16.

Yɔ Amewo Ŋkɔ Tẽ le Gbedodoɖa Me

9, 10. (a) Kpɔɖeŋu kawoe fia be esɔ be woado gbe ɖa ɖe ame aɖewo koŋ ta? (b) Aleke Paulo nye amesi koŋ ta wodo gbe ɖa ɖo?

9 Gake gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta siwo me wotɔ asi ame aɖewo koŋ dzi le tẽ la ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me na mí. De ŋugble le Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Luka 22:31, 32 ŋu kpɔ. Eƒe apostolo wɔnuteƒe 11 la ƒo xlãe. Wo katã woahiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le ɣeyiɣi sesẽ siwo le ŋgɔ me, eye Yesu do gbe ɖa ɖe wo ta. (Yohanes 17:9-14) Ke hã Yesu ɖe Petro ɖeɖe ɖe vo le wo dome eye wòɖe kuku ɖe nusrɔ̃la ma koŋ ta. Eƒe kpɔɖeŋu bubuwoe nye si: Elisa do gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ame aɖe koŋ ŋu, ɖe yeƒe dɔla ŋu. (Fiawo II, 6:15-17) Apostolo Yohanes do gbe ɖa be Gayo ƒe lãme nanɔ nyuie eye wòanɔ sesĩe le gbɔgbɔ me. (Yohanes III, 1, 2) Eye gbedodoɖa bubuwo ku ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo koŋ ŋu.—Hiob 42:7, 8; Luka 6:28; Dɔwɔwɔwo 7:59; Timoteo I, 2:1, 2.

10 Paulo ƒe lɛtawo te gbe ɖe gbedodoɖa siwo le tẽ ƒe nya la dzi. Ebia be woado gbe ɖa ɖe ye ta alo ɖe ye kple yeƒe dɔwɔhatiwo ta. Kolosetɔwo 4:2, 3 xlẽ be: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada, eye mido gbe ɖa ɖe míawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã.” Bu kpɔɖeŋu bubu siawo hã ŋu kpɔ: Romatɔwo 15:30; Tesalonikatɔwo I, 5:25; Tesalonikatɔwo II, 3:1; Hebritɔwo 13:18.

11. Amekawo tae Epafra nɔ gbe dom ɖa ɖo esime wònɔ Roma?

11 Nenema ke wònɔ le Paulo ƒe dɔwɔhati si le Roma hã gome. “Epafra, amesi tso mia dome, . . . ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi.” (Kolosetɔwo 4:12) Nya si gɔme woɖe be “ta ʋlim” la ate ŋu afia alesi kamedefefewɔlawo “ʋlina sesĩe” le blemafefewɔƒewoe. Xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe haxɔsetɔwo ƒe habɔbɔa alo tadeagula vavã siwo nɔ Asia Suea katã ta koe Epafra nɔ gbe dom ɖa vevie ɖoa? Paulo ƒe nyawo fia be Kolosetɔwo koŋ tae Epafra nɔ gbe dom ɖa ɖo. Epafra nya nu tso nɔnɔme si me wole ŋu. Míenya woƒe ŋkɔ ɖekaɖekae ayɔ o, eye míenya kuxi siwo dze ŋgɔ wo hã o, gake bu nusiwo wòate ŋu anye dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Ðewohĩ ɖekakpui si nye Lino nɔ avu wɔm kple xexemenunyafiafia siwo bɔ ɣemaɣi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, eye ɖewohĩ Rufo hiã ŋusẽdodo be wòatsi tre ɖe nusiwo wòwɔna tsã le Yuda-subɔsubɔ me siwo aganɔ edzrom ake la ŋu. Esi Persis srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ ta la, ɖe wòahiã dzidodo kple nunya si wòatsɔ anyi viawo le Aƒetɔ la mea, eye ɖe Asinkrito si nɔ kuba dzi la ahiã akɔfafa geɖe wua? Ẽ, Epafra nya woƒe hamea me tɔwo, eye edo gbe ɖa ɖe wo ta elabena wo kple Paulo wodi be nɔviawo nazɔ alesi dze Yehowa.

12. Aleke míate ŋu anɔ tẽ wu le mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖawo mee?

12 Èkpɔ kpɔɖeŋu si woɖo ɖi na mí—si nye mɔ si dzi míato akpe ɖe ame bubuwo ŋua? Abe alesi míekpɔe va yi ene la, dutoƒogbe siwo wodona ɖa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nɔa gbadzaa wu, le esi wònye nyasela vovovowoe vana ta. Gake mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖawo kple míaƒe ƒomea tɔwo ate ŋu aku ɖe ame aɖe alo ame aɖewo koŋ ŋu. Togbɔ be míate ŋu abia Mawu be wòafia mɔ dzikpɔla mɔzɔlawo alo gbɔgbɔmelẽkplɔlawo katã eye wòayra wo hã la, ɖe míate ŋu atɔ asi wo dometɔ aɖewo koŋ dzia? Le kpɔɖeŋu me, nukata màdo gbe ɖa ayɔ nutome sue dzikpɔla si va srãa miaƒe hamea kpɔ alo miaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe ŋkɔ o? Filipitɔwo 2:25-28 kple Timoteo I, 5:23 fia be Paulo tsɔ ɖe le ame aɖewo koŋ, siwo nye Timoteo kple Epafrodito, ƒe lãmesẽ me. Ðe míate ŋu atsɔ ɖe le dɔnɔ siwo ŋkɔ míenya me nenema kea?

13. Nudzɔdzɔ kawo ƒomevie wòasɔ be míade míaƒe gbedodoɖawo me?

13 Nyateƒee, ele be míatsri nudede amewo ƒe nya siwo meka mí o me, gake esɔ be wòadze le míaƒe gbedodoɖawo me be míetsɔ ɖe le amesiwo míenya la ƒe nyonyo me anukwaretɔe. (Timoteo I, 5:13; Petro I, 4:15) Ðewohĩ dɔ gblẽ na nɔvi aɖe, eye míate ŋu akpɔ dɔ bubu nɛ o. Ke hã míate ŋu ayɔ eƒe ŋkɔ eye míaƒo nu tso eƒe kuxia ŋu le mía ŋutɔ míaƒe gbedodoɖawo me. (Psalmo 37:25; Lododowo 10:3) Ðe míenya nɔvinyɔnu tre aɖe si le tsitsim evɔ srɔ̃ kple vi mele esi o le esi wòɖoe kplikpaa be ‘Aƒetɔ la me koe’ yeaɖe srɔ̃ le taa? (Korintotɔwo I, 7:39) Le wò ŋutɔ wò gbedodoɖawo me la, nukata màbia Yehowa be wòayrae eye wòakpe ɖe eŋu be wòayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le subɔsubɔdɔa me o? Kpɔɖeŋu bubu ate ŋu anye be hamemegã eve ɖo aɖaŋu na nɔvi aɖe si wɔ vodada aɖe. Nukata ɣeaɖewoɣi wo dometɔ ɖesiaɖe mayɔ eŋkɔ le woawo ŋutɔ woƒe gbedodoɖawo me o?

14. Aleke gbedodoɖa siwo me woyɔ ame ƒe ŋkɔ le do ƒome kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋui?

14 Mɔnukpɔkpɔwo bɔ fũ be nàde ame vovovo siwo nènya be wohiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, akɔfafa, nunya, kple gbɔgbɔ kɔkɔe, alo ku siwo wònaa wotsena la wò ŋutɔ wò gbedodoɖawo me. Le alesi teƒea didi alo le nɔnɔme bubuwo ta la, àkpɔ be yemate ŋu ana nu ŋutɔŋutɔ aɖeke alo kpekpeɖeŋu tẽ o. Gake mègaŋlɔ gbedodoɖa ɖe nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo ta be o. Ènya be wodi be yewoazɔ alesi dze Yehowa, gake le nyateƒe me la, woahiã kpekpeɖeŋu be woayi edzi anɔ zɔzɔm nenema ɖaa. Nu vevi aɖe si nàwɔ atsɔ kpe ɖe wo ŋue nye wò gbedodoɖawo.—Psalmo 18:3; 20:2, 3; 34:16; 46:2; 121:1-3.

Dze Agbagba Nàdo Ŋusẽ Ame Bubuwo

15. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa ƒe nuwunyawo me?

15 Gake menye gbedodoɖa vevie siwo me woyɔ amewo ŋkɔ le koe nye mɔ si dzi nàto akpe ɖe ame bubuwo, vevietɔ amesiwo te ɖe ŋuwò, amesiwo nèlɔ̃na vevie, la ŋu o. Esia dze kɔte le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa me. Agbalẽnyala geɖe bunɛ be esi Paulo gblɔ mɔfiame siwo ku ɖe nufiafia ŋu heɖo aɖaŋu nyuiwo le agbalẽa me vɔ la, gbedonamewo ko wòtsɔ wu enui. (Kolosetɔwo 4:7-18) Gake míekpɔe boŋ va yi xoxo be nuxlɔ̃amenya vevi geɖe le agbalẽa ƒe nuwunya siawo me, eye nu geɖe gali míasrɔ̃ le akpa sia.

16, 17. Nya kae míate ŋu agblɔ tso nɔvi siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Kolosetɔwo 4:10, 11 la ŋu?

16 Paulo ŋlɔ be: “Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ du le la—ne eva mia gbɔ la, mixɔe—kple Yesu, si woyɔna be Yusto, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, ɖuɖɔ mi ƒã; amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu [kpekpeɖeŋu si doa ŋusẽ ame, NW] nam.”—Kolosetɔwo 4:10, 11.

17 Paulo yɔ nɔvi aɖewo siwo ɖe dzesi etɔxɛe le afima. Egblɔ be wonye amesiwo tso aʋatsotsotɔwo dome, alo wonye Yudatɔwo. Yudatɔ aʋatsotsotɔ geɖe nɔ Roma, eye wo dometɔ aɖewo zu Kristotɔwo fifia. Ke hã amesiwo ŋkɔ Paulo yɔ la va na kpekpeɖeŋui. Anɔ eme be womegbe hadede kple Kristotɔ siwo nye Dukɔwo me tɔwo o, eye wònye dzidzɔ na wo be yewoakpe ɖe Paulo ŋu le gbeƒãɖeɖe na Dukɔwo me tɔwo me.—Romatɔwo 11:13; Galatiatɔwo 1:16; 2:11-14.

18. Aleke Paulo kafu nɔvi siwo nɔ egbɔ dometɔ aɖewoe?

18 De dzesi nya si Paulo gblɔ: “Nenem me siawo zu kpekpeɖeŋu si doa ŋusẽ ame nam.” (NW) Helagbe me nya si wòzã la nye nya si dze le afisia ko le Biblia me. Gbegɔmeɖela geɖe ɖe afisia gɔme be “akɔfafa.” Gake Helagbe me nya bubu (pa·ra·ka·le’o) li si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe wu be “akɔfafa.” Nya siae Paulo zã le lɛta sia ke ƒe teƒe bubuwo gake mezãe le Kolosetɔwo 4:11 ya o.—Mateo 5:4; Dɔwɔwɔwo 4:36; 9:31; Korintotɔwo II, 1:4; Kolosetɔwo 2:2; 4:8.

19, 20. (a) Gɔmesese kae le nyagbɔgblɔ si Paulo zã na nɔvi s iwo kpe ɖe eŋu le Roma la ŋu? (b) Anye mɔ kawo nue nɔvi mawo kpe ɖe Paulo ŋu le?

19 Manye akɔfanyawo dzaa koe amesiwo ŋkɔ Paulo yɔ la gblɔ nɛ o. Wozãa Helagbe me nya si gɔme woɖe le Kolosetɔwo 4:11 be “kpekpeɖeŋu si doa ŋusẽ ame” la ɣeaɖewoɣi le xexemegbalẽwo me na vevesese alo nuteɖeamedzi nutsitike. New Life Version Biblia gɔmeɖeɖe xlẽ be: “Kpekpeɖeŋu kae nye si wonye nam!” Today’s English Version zã nyagbɔgblɔ si nye: “Wonye kpekpeɖeŋu gã aɖe nam.” Anye nukawoe nɔvi Kristotɔ mawo siwo te ɖe Paulo ŋu la wɔ tsɔ kpe ɖe eŋu?

20 Amewo ate ŋu ava srã Paulo kpɔ, gake nu geɖe nɔ anyi siwo eya ŋutɔ mate ŋu awɔ o, abe eya ŋutɔ ƒe nuhiahiã veviwo—nuɖuɖu kple vuvɔmewu—ƒeƒle ene. Aleke wòawɔ eƒe asi naka agbalẽxatsaxatsa siwo wòasrɔ̃ alo aƒle nusiwo dzi wòaŋlɔ nu ɖo? (Timoteo II, 4:13) Mèkpɔe le susu me be nɔvi mawo anɔ kpekpem ɖe Paulo ŋu le nusiwo hiãe me, anɔ nu suesuewo wɔm nɛ abe nuƒeƒle nɛ alo dɔtsɔtsɔ nɛ ene oa? Adi be yeanya alesi nuwo le le hame aɖe me eye be yeatu hame aɖe ɖo. Esi wosika Paulo ta la, mate ŋu awɔ nusiawo o, eyata ɖewohĩ nɔvi mawo awɔ sasrãkpɔdɔwo nɛ, axɔ du vɛ nɛ eye woaxɔ nyatakaka tso egbɔ yi na nɔviawo. Aleke gbegbe wòado ŋusẽe nye si!

21, 22. (a) Nukatae wòle be Kolosetɔwo 4:11 me nyawo naka mí? (b) Mɔ siwo dzi míate ŋu atsɔ amesiwo nɔ Paulo gbɔ ƒe kpɔɖeŋu awɔ dɔe le dometɔ aɖewo ɖe?

21 Nusi Paulo ŋlɔ tso “kpekpeɖeŋu si doa ŋusẽ ame” nyenye ŋu la na míekpɔ alesi míakpe ɖe amewo ŋui. Woanɔ zɔzɔm alesi dze Yehowa le eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me xoxo. Eyata edze be míagblɔ nya atsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia wo. Gake ɖe míagate ŋu awɔ geɖe wu, anye ‘kpekpeɖeŋunala siwo doa ŋusẽ ame’ na wo abe alesi amesiwo nɔ Paulo gbɔ nyee nɛ enea?

22 Ne ènya nɔvinyɔnu aɖe si tsɔ Korintotɔwo I, 7:37 me nyawo le dɔ wɔmee nunyatɔe gake eƒe ƒometɔ aɖeke mete ɖe eŋu o la, àte ŋu adee miaƒe ƒome nuwɔna aɖewo me, ɖewohĩ nàyɔe be wòava ɖu nu kpli mi alo be wòava xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ƒe kpekpe aɖea? Ke ne ède dzi ƒo nɛ be wòava wɔ ɖeka kple miaƒe ƒomea miayi takpekpe alo mɔkeke hã ɖe? Alo àte ŋu amia asii wòava kpe ɖe ŋuwò ne èyina nuɖuɖu ƒle ge. Míate ŋu ana kpekpeɖeŋu sia tɔgbe ke ahosiwo alo ahowo, alo ɖewohĩ amesiwo magate ŋu aku ʋu fifia o hã. Àkpɔ be woƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese avivi na wò alo ado dzidzɔ na wò be nàsrɔ̃ nu tso wo gbɔ le nu tsɛwo abe alesi nàwɔ atia atikutsetse nyuiwo, alo ɖeviwo ƒe awu, ene me. (Mose III, 19:32; Lododowo 16:31) Esia ate ŋu ana ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mia dome wu. Ana wòanɔ bɔbɔe na wo wu be woabia be nàkpe ɖe yewo ŋu ne ehiã be woaƒle atike aɖe le atikedzraƒe, alo le nusiawo tɔgbe me. Anye kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ si dze le nuwɔna mee nɔvi siwo nɔ Paulo gbɔ le Roma la nae, abe alesi tɔwò hã ate ŋu anyee ene. Le ɣemaɣi kple fifia siaa la, yayra bubu si gatsoa nusia wɔwɔ mee nye be enaa lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le mía dome la me gasẽna ɖe edzi eye wònaa míegaɖonɛ kplikpaa be míasubɔ Yehowa ɖekae le nuteƒewɔwɔ me.

23. Nukae wòanyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nadi ɣeyiɣi anɔ wɔwɔm?

23 Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abu nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu le le nyati sia me ŋu. Nusiwo míate ŋu awɔ ƒe kpɔɖeŋuwo ko wonye, gake woate ŋu ana míaɖo ŋku agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo me míate ŋu azu ‘kpekpeɖeŋunala siwo doa ŋusẽ ame’ na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo wu dzi na mí. Menye taɖodzinua ye nye be míazu hadomedɔmenyonuwɔlawo o. Menye nu mae nye nɔvi siwo woyɔ le Kolosetɔwo 4:10, 11 ƒe taɖodzinu o. ‘Mawu fiaɖuƒea ƒe hadɔwɔlawoe’ wonye. Ŋusẽdodo si wònye la do ƒome tẽ kple ema. Neva eme alea le míawo hã gome.

24. Nukae nye nu vevi si tae míedoa gbe ɖa ɖe amewo ta hedina be míakpe ɖe wo ŋu?

24 Míeyɔa mía nɔviwo ŋkɔ le mía ŋutɔ míaƒe gbedodoɖawo me eye míedzea agbagba be míado ŋusẽ wo le susu sia ta: Míexɔ edzi se be mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnuwo di be ‘yewoazɔ alesi dze Yehowa bene woadze eŋu bliboe.’ (Kolosetɔwo 1:10) Nya ma do ƒome kple nu bubu aɖe si ŋu Paulo ƒo nu le esime wònɔ nu ŋlɔm tso Epafra ƒe gbedodoɖawo ɖe Kolosetɔwo ta ŋu, bene woanɔ “tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.” (Kolosetɔwo 4:12) Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ aɖo taɖodzinu ma gbɔ? Mina míkpɔe ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, ƒe axa 490-1, kple “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” ƒe axa 226-8, siwo Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

Ède Dzesiia?

• Aleke míawɔ akpe ɖe amewo ŋu wu le míaƒe ɖokuisi gbedodoɖawo me?

• Gɔmesese ka nue Kristotɔ aɖewo nye ‘kpekpeɖeŋunala siwo doa ŋusẽ ame’ na Paulo le?

• Nɔnɔme kawo mee míate ŋu anye ‘kpekpeɖeŋunala siwo doa ŋusẽ ame’ le?

• Taɖodzinu ka tae míedoa gbe ɖa eye míedina be míado ŋusẽ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Àte ŋu ade Kristotɔ bubu miaƒe ƒomea ƒe gododowo mea?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Green Chimney’s Farm